Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Yesu Ku?

Nu Ka Tae Yesu Ku?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Yesu ku ale be woate ŋu atsɔ amegbetɔwo ƒe nu vɔ̃wo ake wo eye woakpɔ agbe mavɔ. (Romatɔwo 6:23; Efesotɔwo 1:7) Yesu ƒe kua ɖo kpe edzi hã be amegbetɔwo ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le tetekpɔ sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me.​—Hebritɔwo 4:15.

Kpɔ viɖe siwo gbegbe ate ŋu ado tso ame ɖeka ƒe ku me la ɖa.

  1. Yesu ku hena “míaƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.”​—Kolosetɔwo 1:14.

    Wowɔ amegbetɔ gbãtɔ, Adam, wòde blibo, nu vɔ̃ menɔ eŋu o. Ke hã egbe toɖoɖo Mawu. Adam ƒe tomaɖomaɖoa, alo nu vɔ̃a, gblẽ nu le eƒe dzidzimeviwo katã ŋu. Biblia gblɔ be: “Ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo.”​—Romatɔwo 5:19.

    Ame debliboe Yesu hã nye, gake mewɔ nu vɔ̃ kpɔ o. Eya ta ate ŋu anye “avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta.” (1 Yohanes 2:2) Abe ale si ko Adam ƒe tomaɖomaɖoa kplɔ amegbetɔƒomea de nu vɔ̃ me ene la, nenema kee Yesu ƒe kua ɖe ame siwo katã xɔ eya amea dzi se la tso nu vɔ̃ me.

    Le nyaa nu la, Adam dzra ameƒome bliboa na nu vɔ̃. Gake esi Yesu lɔ̃ faa va ku ɖe mía ta la, egbugbɔ ameƒome bliboa ƒle wòzu etɔ. Esia wɔe be “ne edzɔ be ame aɖe wɔ nu vɔ̃ aɖe la, kpeɖeŋutɔ le mía si le Fofo la gbɔ, si nye ame dzɔdzɔe Yesu Kristo.”​—1 Yohanes 2:1.

  2. Yesu ku “bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”​—Yohanes 3:16.

    Togbɔ be ɖe wowɔ Adam be wòanɔ agbe tegbee hã la, nu vɔ̃ si wòwɔ la he ku vɛ nɛ. To Adam “dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti.”​—Romatɔwo 5:12.

    To vovo na ema la, Yesu ƒe kua ɖe nu vɔ̃ ƒe ɖiƒoƒo ɖe sia ɖe ɖa le ame siwo katã xɔ edzi se la ŋu, eye wògate fli ɖe kufia si wotso na wo le nu vɔ̃ ta la hã me. Biblia ƒo nya sia ta kpokploe be: “Ale si ko nu vɔ̃ kple ku ɖu fiae la, amenuveve la hã naɖu fia nenema ke to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ kpɔkpɔ, to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.”​—Romatɔwo 5:21.

    Enye nyateƒe be amegbetɔwo ƒe agbenɔƒe le kpuie. Ke hã, Mawu do ŋugbe be yeana agbe mavɔ ame dzɔdzɔewo eye yeafɔ ame siwo ku la ɖe tsitre ale be Yesu ƒe vɔsakua naɖe vi na woawo hã.​—Psalmo 37:29; 1 Korintotɔwo 15:22.

  3. Yesu ‘ɖo to yi ɖa se keke ku me ke’ tsɔ ɖee fia be amegbetɔwo ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔ alo nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe me.​—Filipitɔwo 2:8.

    Togbɔ be Adam de blibo le susu kple ŋutilã me hã la, egbe toɖoɖo Mawu, elabe edi eɖokui tɔ esi wòna nu si menye etɔ o la dzroe. (1 Mose 2:16, 17; 3:6) Emegbe Mawu ƒe futɔ gãtɔ, Satana, gblɔ be ame aɖeke mate ŋu aɖo to Mawu ne menye viɖe aɖeke tae o, vevietɔ ne elɔ eƒe agbe ɖe eme. (Hiob 2:4) Ke hã, ame deblibo Yesu ya ɖo to Mawu eye wòyi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi esime wòdze ŋgɔ vlodoame, vevesese helĩhelĩ kple ku gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 7:26) Esia kpɔ nyaa gbɔ bliboe: Amegbetɔ ate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔ kple tetekpɔ ɖe sia ɖe si ava edzi la me.

Nyabiase siwo ku ɖe Yesu ƒe ku ŋu

  • Nu ka tae wòle be Yesu nakpe fu ahaku hafi aɖe amegbetɔwo? Nu ka tae Mawu mete fli ɖe kufia la me ko evɔ o?

    Mawu ƒe se gblɔ be “nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Mawu meɣla se sia ɖe Adam o, ke boŋ egblɔ nɛ be ne egbe toɖoɖo la aku. (1 Mose 3:3) Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, “Mawu, ame si mate ŋu aka aʋatso o la” wɔ ɖe eƒe nyaa dzi. (Tito 1:2) Menye nu vɔ̃ ɖeɖe koe Adam gblẽ ɖi na eƒe dzidzimeviwo o, ke egblẽ nu vɔ̃ ƒe fetu si nye ku hã ɖi na wo.

    Togbɔ be amegbetɔ nuvɔ̃mewo dze na ku hã la, Mawu na “eƒe amenuveve geɖe” la wo. (Efesotɔwo 1:7) Ðoɖo si wòwɔ dɔ ame deblibo Yesu ɖa wòva ku ɖe mía ta be yeatsɔ aɖe mí la nye eƒe dzɔdzɔenyenye deŋgɔ kple nublanuikpɔkpɔ deto la ɖeɖefia.

  • Ɣekaɣie Yesu ku?

    Yesu ku le ŋkekea ƒe “gaƒoƒo asiekelia” dzi, alo abe ŋdɔ ga etɔ̃ lɔƒo le Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖugbe. (Marko 15:33-37) Ŋkeke ma sɔ kple Fiɖa, April 1, 33 K.Ŋ. le egbegbe ɣletigbalẽwo dzi.

  • Afi kae Yesu ku le?

    Wowu Yesu le “teƒe si woyɔna be Ametakoliƒe. Woyɔa teƒe sia le Hebrigbe me be Golgata.” (Yohanes 19:17, 18) Le Yesu ƒe ŋkekea me la, teƒe sia nɔ Yerusalem “dua ƒe agbo la godo.” (Hebritɔwo 13:12) Teƒe sia anya nɔ togbɛ dzi, elabe Biblia gblɔ be esime wonɔ Yesu wum la, ame aɖewo nɔ “adzɔge” nɔ nu kpɔm. (Marko 15:40) Ke hã, ame aɖeke meganya afi si tututu Golgota le egbea o.

  • Atitsoga ŋue Yesu ko ɖoa?

    Togbɔ be ame geɖe xɔe se be atitsoga ŋue Yesu ku ɖo hã la, Biblia gblɔ be: “Eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖo eƒe ŋutilã dzi le ati la ŋu.” (1 Petro 2:24) Biblia ŋlɔlawo zã Helagbe me nya eve siwo nye stau·rosʹ kple xyʹlon tsɔ ɖɔ ati si ƒomevi ŋu Yesu ku ɖo. Agbalẽnyala geɖewo ƒo nya ta be nya siawo fia ati dzɔdzɔe alo ati tsrala.

  • Aleke wòle be woaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzie?

    Le Yudatɔwo ƒe ƒe sia ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe zã me la, Yesu na mɔfiame bɔbɔe aɖe eƒe nusrɔ̃lawo hede se na wo be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (1 Korintotɔwo 11:24) Gaƒoƒo aɖewo le ema megbe la, wowu Yesu.

    Biblia ŋlɔlawo tsɔ Yesu sɔ kple alẽvi si wotsɔ sa vɔe le Ŋutitotoa dzi. (1 Korintotɔwo 5:7) Abe ale si ko Ŋutitotoŋkekenyuia ɖoa ŋku edzi na Israel viwo be wona ablɔɖe wo tso kluvinyenye me ene la, nenema kee Yesu ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia hã ɖoa ŋku edzi na Kristotɔwo be wona ablɔɖe wo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Ŋutitotoŋkekenyui si woɖuna le Nisan 14 lia dzi le Biblia ƒe ɣletigbalẽ nu la nye ƒe sia ƒe wɔna, nenema kee Kristotɔ gbãtɔwo hã ɖua Ŋkuɖodzia zi ɖeka le ƒe me.

    Ƒe sia ƒe, le ŋkeke si dze Nisan 14 lia dzi la, ame miliɔn geɖe le xexea me godoo ɖoa ŋku Yesu ƒe kua dzi.