Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Dzikudodo Ŋu?
Ale si Biblia ɖo eŋui
Biblia na míenya be dziku si dzi womeɖu o la gblẽa nu vevie; egblẽa nu le ame si le dzikua dom kple ame siwo dome wòle la siaa ŋu. (Lododowo 29:22) Togbɔ be asɔ be ame nado dziku ɣeaɖewoɣi hã la, Biblia gblɔ be ame siwo yia edzi nɔa ‘dɔmedzoe dom’ la makpɔ ɖeɖe o. (Galatiatɔwo 5:19-21) Mɔfiame veviwo le Biblia me siwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòaɖu dziku dzi.
Ɣesiaɣie wònye nu gbegblẽ be ame nado dzikua?
Ao. Asɔ be ame nado dziku le go aɖewo me. Le kpɔɖeŋu me, esi nuteƒewɔla Nehemiya se be wonɔ ye hati tadeagulawo tem ɖe anyi la, ‘dɔme vee ŋutɔ.’—Nehemiya 5:6.
Mawu doa dziku ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, esi eƒe ame siwo nɔ anyi le blema la tu nu, si wobla be yewoasubɔ eya ɖeka ko eye wova te alakpamawuwo subɔsubɔ la, “Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe” wo ŋu. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:13, 14) Ke hã, dziku mele Yehowa Mawu ƒe nɔnɔme veviawo dome o. Ɣesiaɣi si wòdo dziku la, etɔ dzɔna eye eléa enu hã.—2 Mose 34:6; Yesaya 48:9.
Dziku ka ƒomevie menyo o?
Dziku si ƒomevi menyo o ye nye ne ame do dziku madzemadzee alo melé eƒe dzikua nu o, eye dziku sia ƒomevie amegbetɔ madeblibowo ɖena fiana zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me:
Kain “do dɔmedzoe helĩhelĩ” esi Mawu gbe eƒe vɔsaa. Kain ɖe mɔ eƒe dzikua nu va sẽ ale gbegbe be wòwu nɔvia.—1 Mose 4:3-8.
‘Dzi ku’ nyagblɔɖila Yona “vevie” esi Mawu kpɔ nublanui na Niniwetɔwo. Mawu ɖɔ Yona ɖo hena wònya be ‘mesɔ be wòado dɔmedzoe nenema gbegbe’ o, eye be ɖe wòle be eƒe dɔme natrɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla mawo siwo trɔ dzi me la ŋu hafi.—Yona 3:10–4:1, 4, 11. a
Kpɔɖeŋu siawo ɖee fia be amegbetɔ madeblibowo ƒe “dziku mewɔa nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o.”—Yakobo 1:20.
Aleke nàwɔ aɖu dziku dzi?
De dzesi nu si dziku si dzi womeɖu o gblẽna. Ame aɖewo asusu be ne yewona yewoƒe dziku fla la, ke efia be yewosẽ ŋu. Gake ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, gbɔdzɔgbɔdzɔ gã aɖe le ame si metea ŋu ɖua eƒe dziku dzi o la ŋu. Biblia gblɔ be: “Ame si meɖua eƒe dziku dzi o la le abe du si ŋu wogbã gli le wòtsi nuvo ene.” (Lododowo 25:28; 29:11) Gake ne míetea ŋu ɖua míaƒe dziku dzi la, míeɖenɛ fiana be míesẽ ŋu vavã eye míesea nu gɔme. (Lododowo 14:29) Biblia gblɔ be: “Ame si gbɔa dzi ɖi blewu la nyo wu kalẽtɔ.”—Lododowo 16:32.
Ðu wò dzikua dzi hafi wòana nàwɔ nu si ava ve wò emegbe. Psalmo 37:8 gblɔ be: “Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nàdzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò ne nàtrɔ ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu o.” De dzesii be ne míedo dziku la, míate ŋu atiae be míaɖe asi le dzikua ŋu ale be wòagana míatrɔ ɖe “vɔ̃wɔwɔ” ŋu o. Efesotɔwo 4:26 gblɔ be, “mibi dzi, ke migawɔ nu vɔ̃ o.”
Ne anya wɔ la, dzo le teƒea hafi dzikua nado gã ɖe edzi. Biblia gblɔ be: “Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔʋui ene; eya ta dzudzɔ hafi wòava zu dzre.” (Lododowo 17:14) Togbɔ be nunya le eme be nàkpɔ masɔmasɔ siwo ɖo wò kple ame bubuwo dome gbɔ kaba hã la, ɖewohĩ ahiã be wò kple ame kemɛa ƒe dzi nafa hafi miate ŋu adzro nyaa me tufafatɔe.
Nya nya bliboa. Lododowo 19:11 gblɔ be: “Ame si sea nu gɔme nyuie la, medoa dziku kabakaba o.” Nunya anɔ eme be míanya nya bliboa hafi aƒo nya ta. Ne míeɖo to se nyaa ƒe akpa sia akpa nyuie la, anɔ bɔbɔe be míaƒo asa na dzikudodo madzemadzee.—Yakobo 1:19.
Do gbe ɖa nàbia susu ƒe akɔdzeanyi. Gbedodoɖa ate ŋu ana be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” nasu asiwò. (Filipitɔwo 4:7) Gbedodoɖa nye mɔ vevi aɖe si dzi míetona xɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eye gbɔgbɔ kɔkɔea wɔnɛ be míeɖea nɔnɔme nyuiwo abe dzigbɔɖi, ŋutifafa kple ɖokuidziɖuɖu ene fiana.—Luka 11:13; Galatiatɔwo 5:22, 23.
Tia wò zɔhɛwo le nunya me. Wogblɔna be akpatɔ gbɔnɔla mesẽa akpa dzena o. (Lododowo 13:20; 1 Korintotɔwo 15:33) Eya ta esɔ nyuie be Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Mègade ha kple dɔmedzoetɔ o, eye mègado ka kple dzikutɔ o.” Nu ka tae? Ale be nàgava “srɔ̃ eƒe mɔwo eye wòazu mɔ̃ aɖe wò o.”—Lododowo 22:24, 25.
a Anɔ eme be Yona lɔ̃ Mawu ɖɔe ɖo eye wòɖe asi le eƒe dzikua ŋu, elabe Mawu zãe wòŋlɔ Biblia-gbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le.