Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Ka Tae Amegbetɔwo Mete Ŋu He Ŋutifafa Va Xexea Me O?

Nu Ka Tae Amegbetɔwo Mete Ŋu He Ŋutifafa Va Xexea Me O?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Agbagba siwo katã amegbetɔwo dze be yewoahe ŋutifafa va anyigba dzi la do kpo nu eye woayi edzi ado kpo nu le susu geɖewo ta:

  •   “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” (Yeremiya 10:23) Womewɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woaɖu wo ɖokuiwo dzi o, eye ema ƒe gome hã mele wo si o, eya ta womate ŋu ahe ŋutifafa si anɔ anyi ɖaa vɛ gbeɖe o.

  •   “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o. Ne eƒe gbɔgbɔ nu tso la, egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbe ma gbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” (Psalmo 146:3, 4) Amegbetɔwo ƒe dziɖulawo, wo dometɔ siwo nye anukwaretɔwo gɔ̃ hã, mate ŋu aɖe nu siwo gbɔ aʋawɔwɔwo tsona la ɖa ɖaa o.

  •   “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava. Elabena amewo anye . . . ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo.” (2 Timoteo 3:1-4) Xexe gblẽku sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” mee míele, enye ɣeyiɣi si me ame akpa gãtɔ ƒe nɔnɔme na wòsesẽ be ŋutifafa nanɔ anyi.

  •   “Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Wotsɔ Abosam, ame si nye Mawu ƒe futɔ la, ƒu gbe ɖe anyigbanutowo me, eye wòle ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi hena wole eƒe nɔnɔme vɔ̃ɖiawo ɖem fia. Zi ale si Abosam kpɔtɔ nye “xexe sia dzi ɖula la,” míate ŋu anɔ ŋutifafa me gbeɖe o.—Yohanes 12:31.

  •   “[Mawu Fiaɖuƒea] agbã fiaɖuƒe [siwo tsi tsitre ɖe Mawu ŋu la] katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Mawu Fiaɖuƒea ana míaƒe didi si nye be míanɔ ŋutifafa me tegbee la nava eme na mí, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke mate ŋu awɔ esia o.—Psalmo 145:16.