Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU

Ne Miaƒe Susu To Vovo

Ne Miaƒe Susu To Vovo

Ne nu siwo dzɔa dzi na atsu kple asi aɖe, nu siwo wolɔ̃a wɔwɔ kple woƒe amenyenyewo to vovo la, esia tea ŋu hea kuxiwo vanɛ. Gake nya aɖewo, abe esiwo gbɔna ene, ya gatea ŋu hea kuxi siwo sesẽ wu vanɛ:

  • Ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si woazã ɖe ƒometɔwo ŋu

  • Ale si woazã gae

  • Ne woadzi vi alo womadzi vi o

Nu kae nàte ŋu awɔ ne wò kple srɔ̃wò ƒe susu to vovo le nya mawo tɔgbi ŋu?

 Nu si wòle be nànya

Ne miesɔ na mia nɔewo la, mefia be miaƒe susu awɔ ɖeka le nu sia nu me o. Ne atsu kple asi aɖe sɔ na wo nɔewo ʋuu keke hã la, woƒe susu ate ŋu ato vovo le nya veviwo gɔ̃ hã me.

“Míedea ha kple mía nɔewo kplikplikpli le ƒome si me metsi le la me. Le kwasiɖanuwuwuwo la, míedea ha kple míaƒe ƒometɔwo hewɔa nu kpli wo ɖekae. Gake mele alea le ƒome si me srɔ̃nye ya tsi le o. Eya ta míaƒe susuwo mewɔ ɖeka le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míatsɔ ade ha kple míaƒe ƒometɔwo alo atsɔ aɖo dze kple wo dometɔ siwo le adzɔge tso mía gbɔ la ŋu o.”—Tamara.

“Esi wònye be ale si wohe nye kple srɔ̃nye to vovo ta la, míaƒe susuwo mewɔ ɖeka le nu siwo ŋu wòle be míazã míaƒe ga ɖo o. Míehe nya tso nya sia ŋu enuenu le míaƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe ɣleti gbãtɔawo me. Míelé nya sia kpɔ ʋuu hafi va kpɔ ta nɛ mlɔeba.”—Tyler.

Ame eve ate ŋu anɔ teƒe ɖeka kpɔm, gake teƒea ƒe afi si kpɔm wole ya nanɔ vovo. Nenema kee atsu kple asi aɖe ƒe susu ate ŋu ato vovo le nya ɖeka aɖe ŋu

Menye asiɖeɖe le nya ŋu koe ate ŋu akpɔ kuxi aɖewo gbɔ o. Le kpɔɖeŋu me, nu kae miawɔ ne towò alo lɔ̃xowò dze dɔ eye wòhiã be woakpɔ edzi? Ke ne mia dometɔ ɖeka di be miadzi vi, gake ame kemɛa ya medii o ɖe? *

“Nye kple srɔ̃nye ƒe susu to vovo le vidzidzi ŋu, eye míeƒo nu tso nya sia ŋu zi geɖe. Nya sia va le susu xɔm nɛ geɖe wu, eye miaƒe susuwo mele ɖeka wɔm kura le nya sia ŋu. Nyemenya ale si wòanya wɔ be míaƒe susu nawɔ ɖeka o.”—Alex.

Ne miaƒe susuwo to vovo hã la, mele be esia nagblẽ miaƒe srɔ̃ɖeɖe me o. Numekula aɖewo gblɔ be ne wò kple srɔ̃wò miele nya hem le nya vevi aɖe ŋu eye miele ta kpɔm nɛ o la, ele be nàwɔ nu sia nu si nàte ŋui be wò asi nasu nu si dim nèle la dzi, ne esia bia be nàgbe srɔ̃wòa gɔ̃ hã. Gake ne èwɔ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, ɖeko wòafia be wò seselelãmewo le vevie na wò wu atam si nèka le Mawu ŋkume be yeaku ɖe ye srɔ̃ ŋu, nu ka kee ɖadzɔ o.

 Nu si nàte ŋu awɔ

Ðoe kplikpaa nàwɔ ɖe wò srɔ̃ɖetamkakaa dzi. Tameɖoɖo kplikpaa sia akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu aduadu kple srɔ̃wò abe xɔ̃wò ene, ke menye abe wò futɔ ene o.

Biblia ƒe mɔfiame: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.”—Mateo 19:6.

Bu nuwo ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be mia dometɔ ɖeka di be miadzi vi evɔ ame evelia ya medii o. Nu geɖe li siwo ŋu wòle be mialé ŋku ɖo, le kpɔɖeŋu me:

  • Ale si gbegbe miaƒe srɔ̃ɖeɖea li kee.

    Ðe agba kpekpe si vidzidzi ada ɖe mia dzi la anya tsɔ na mia?

  • Dzilanyenye ƒe agbanɔamedziwo.

    Esia bia nu geɖe wu nuɖuɖu, nudodo kple mlɔƒe didi na wò ƒomea.

  • Ale si miaƒe ganyawo le.

    Ðe nàte ŋu akpɔ wò dɔwɔɖuia, wò ƒomea kple agbanɔamedzi bubuwo katã gbɔ le ɣeyiɣi ɖeka mea?

Biblia ƒe mɔfiame: “Mia dometɔ kae li ne edi be yeatu xɔ la, manɔ anyi abu eŋu kɔnta gbã ahakpɔ ɖa be nu sɔ gbɔ ɖe ye si yeate ŋu awu enu o mahã?”—Luka 14:28.

Bu nyaa ƒe akpa sia akpa ŋu. Miate ŋu akpɔ nya aɖewo siwo ŋu miaƒe susu mewɔ ɖeka le o la gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne vidzidzi ŋue nyaa ku ɖo la, srɔ̃tɔ si medi be yewoadzi vi o la ate ŋu abia eɖokui be:

  • ‘Esi mebe nyemedi be madzi vi o la, ɖe wòfia be nyemedi be madzii kura o loo alo nyemedi be madzii fifia o?’

  • ‘Esi mele vɔvɔ̃m be nyemate ŋu anye dzila nyui o tae nyemedi be madzi vi oa?’

  • ‘Ðe mele vɔvɔ̃m be srɔ̃nye magakpɔ vovo ɖe ŋunye o alo be malé be nam oa?’

Azɔ hã, srɔ̃tɔ si di be yewonedzi vi la ate ŋu abu nyabiasewo abe esiawo ene ŋu:

  • ‘Ðe míesu te na dzilanyenye ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔa?’

  • ‘Ðe míaƒe ganyawo de mía dzi be míate ŋu akpɔ vi dzia?’

Biblia ƒe mɔfiame: “Nunya si tso dziƒo la . . . esea nu gɔme.”—Yakobo 3:17.

De dzesi nu siwo nyo le srɔ̃wò ƒe susua ŋu. Ame eve ate ŋu anɔ teƒe ɖeka kpɔm, gake teƒea ƒe afi si kpɔm wole ya nanɔ vovo. Le mɔ ma ke nu la, atsu kple asi aɖe ate ŋu anɔ nya ɖeka aɖe ŋu bum gake woƒe susu ato vovo le nyaa ŋu—le kpɔɖeŋu me, woƒe susu ate ŋu ato vovo le ale si woazã gae ŋu. Ne miedi be yewoaɖo dze tso nya aɖe si ŋu miaƒe susu mewɔ ɖeka le o ŋu la, midze egɔme kple nu siwo me miaƒe susu wɔ ɖeka le.

  • Nu kawo dzie mi katã mielɔ̃ ɖo?

  • Nu kae nyo le susuawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu?

  • Be miakpɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea ta la, ɖe mi katã, alo mia dometɔ ɖeka, ate ŋu atrɔ asi le eƒe susua ŋu be wòade ame kemɛa dzia?

Biblia ƒe mɔfiame: “Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.”—1 Korintotɔwo 10:24.

^ mm. 14 Ele be ame eve siwo di be yewoaɖe srɔ̃ la naɖo dze tso nya veviwo ŋu hafi aƒo ta ɖe eme. Ke hã nu siwo womele mɔ kpɔm na o la ate nu ado mo ɖa, alo ame ɖeka ƒe susu ate ŋu ava trɔ.—Nyagblɔla 9:11.