Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ale Si Nàɖɔ Ŋu Ðo Le Elektrɔnikmɔ̃wo Zazã Me

Ale Si Nàɖɔ Ŋu Ðo Le Elektrɔnikmɔ̃wo Zazã Me

 Elektrɔnikmɔ̃wo zazã ate ŋu aɖe vi na wò srɔ̃ɖeɖea alo agblẽ nu le eŋu. Ŋusẽ kae elektrɔnikmɔ̃wo zazã le kpɔkpɔm ɖe wò srɔ̃ɖeɖe dzi?

 Nu si wòle be nànya

  •   Ne wò kple srɔ̃wò miezãa elektrɔnikmɔ̃wo nyuiea, ate ŋu aɖe vi na miaƒe srɔ̃ɖeɖea. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ aɖewo toa edzi doa ka kple wo nɔewo le ŋkekea me ne edzɔ be wo ame evea mele teƒe ɖeka o.

     “Text message kpui aɖe ɖoɖo ɖe srɔ̃wò agblɔ nɛ be ‘melɔ̃ wò’ alo ‘mele wò susum’ ate ŋu ana mia dome naganɔ kplikplikpli wu.”—Jonathan.

  •   Ne wò kple srɔ̃wò miezãna elektrɔnikmɔ̃wo nyuie oa, esia ate ŋu agblẽ nu le miaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le ame aɖewo gomea, woƒe mɔ̃wo ŋu koe wovuna ɖo, esia wɔnɛ be womekpɔa ɣeyiɣi vona ɖe wo srɔ̃wo ŋu o.

     “Meka ɖe edzi be ɣeaɖewoɣia, srɔ̃nye dina vevie be yeaɖo dze kplim hafi ne ɖee nyemele nye fon zãm o.”—Julissa.

  •   Ame aɖewo gblɔ be yewoate ŋu anɔ yewoƒe elektrɔnikmɔ̃wo zãm aganɔ dze veviwo ɖom kple yewo srɔ̃ le ɣeyiɣi ma ke me. Gake Aƒenɔ Sherry Turkle, si nye hadomegbenɔnɔŋutinunyala gblɔ be, “alakpae nya ma nye.” Togbɔ be amewo susuna be edea ame dzi ne wole nu geɖe wɔm le ɣeyiɣi ɖeka me hã la, esia menye nɔnɔme nyui ɖeɖe fia o. Aƒenɔ Sherry gblɔ be le nya ŋutɔŋutɔ nua, “ɖeko nu geɖe wɔwɔ le ɣeyiɣi ɖeka me nana be mímetea ŋu wɔa ɖeke memie o.” a

     “Ne mele dze ɖom kple srɔ̃nyea, edzɔa dzi nam, gake menye be wòanɔ eƒe elektrɔnik-mɔ̃ zãm hafi aganɔ dze ɖom kplim o. Ne èle dze ɖom kplii evɔ wògale eƒe elektrɔnik-mɔ̃ zãma, ɖeko wòwɔna nam be mɔ̃a zazã le vevie nɛ wu.”—Sarah.

 Nya vevitɔ: Ale si nèzãa elektrɔnikmɔ̃wo ate ŋu aɖe vi na wò srɔ̃ɖeɖea alo agblẽ nu le eŋu.

 Nu si nàte ŋu awɔ

 Nya nu si le vevie wu. Bibla gblɔ be: “Miakpɔ nu siwo le vevie wu la adze sii.” (Filipitɔwo 1:10) Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe ale si nye kple srɔ̃nye míevuna ɖe míaƒe mɔ̃wo ŋu wɔnɛ be míegakpɔa vovo ɖe mía nɔewo ŋu oa?’

 “Ewɔ nublanui ŋutɔ be nàkpɔ atsu kple asi aɖe siwo le nu ɖum ɖekae le nuɖuɖudzraƒe gake wovu ɖe woƒe fonwo ŋu. Mímedi be míazu kluvi na elektrɔnikmɔ̃wo eye míaŋlɔ mía srɔ̃ si le vevie na mí la be o.”—Matthew.

 Ðo seɖoƒe ɖe elektrɔnikmɔ̃wo zãza ŋu. Biblia gblɔ be: “Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mate ŋu aɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi na text message siwo mehiã tututu oa xexlẽ tsɔ wu be manɔ ɖe sia ɖe si nya va ko xlẽma?’

 “Mekpɔe be eɖea vi ŋutɔ ne metrɔ asi le nye fon ŋu be ne message aɖe vaa, maɖi mase o, ale be mava xlẽe le ɣeyiɣi si meɖoa dzi. Medzɔna edziedzi be text message, e-mail alo yɔyɔ siwo mexɔ la nye nu kpata siwo ŋu wòle be maɖo enumake o.”—Jonathan.

 Ne anya wɔ la, mègana dɔa naxɔ ɣeyiɣi si nàzãna ɖe ƒomea ŋu o. “Ɣeyiɣi li na nu sia nu.” (Nyagblɔla 3:1) Bia nya siwo gbɔna la ɖokuiwò: ‘Ne nyemele dɔ me o hã, ɖe megazãa nye fon tsɔ nɔa dɔ wɔm, si wɔe be dɔwɔɖuia va le xɔxɔm ɖe ɣeyiɣi siwo mazãna ɖe nye ƒomea ŋu teƒea? Ne nenemae, ŋusẽ ka kpɔm esia le ɖe nye srɔ̃ɖeɖea dzi? Nya kae srɔ̃nye agblɔ?’

 “Mɔ̃ɖaŋunuwo va wɔe be fifia, míate ŋu awɔ dɔ ɣesiaɣi le afi sia afi. Medzea agbagba etɔxɛe be madzudzɔ nye fon dzi kpɔkpɔ kakakaba, ale be maƒo asa na message siwo ku ɖe dɔ ŋu la ŋu ɖoɖo ne nye kple srɔ̃nye míeli.”—Matthew.

 Wò kple srɔ̃wò miɖo dze tso mɔ̃ɖaŋunuwo zazã ŋu. Biblia gblɔ be: “Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.” (1 Korintotɔwo 10:24) Miɖo dze tso ale si mi ame evea miezãa elektrɔnikmɔ̃woe la ŋu, eye miakpɔe ɖa be tɔtrɔ kawoe miate ŋu awɔ hã. Wò kple srɔ̃wò mizã akpa si nye biabia siwo me miate ŋu adzro si le nyati sia me miatsɔ aɖo dze tso nya sia ŋu.

 “Nye kple srɔ̃nye míetoa nyateƒe na mía nɔewo ne míekpɔe be ame ɖeka le eƒe fon alo tablɛt zãm fũu akpa. Mí ame evea míede dzesii be esia ate ŋu anye kuxi, eya ta míetsɔa nya siwo mía dometɔ ɖe sia ɖe gblɔna vevie.”—Danielle.

 Nya vevitɔ: Kpɔ egbɔ be nàganye kluvi na mɔ̃ɖaŋunuwo o.

a Etso agbalẽ si nye Reclaiming Conversation—The Power of Talk in a Digital Age me.