Ame miliɔn geɖe siwo le xexea me la xɔe se be Kristmas kɔnuwo nye Yesu Kristo ƒe dzigbezãɖuɖu. Ke hã, èbia ɖokuiwò kpɔ be ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, ame siwo nɔ Yesu ŋu kplikplikpli la hã ɖu Kristmas kpɔa? Eye ènya nu si Biblia gblɔ tso dzigbezãwo ɖuɖu ŋua? Ne míekpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo la, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya ne Kristmas nye Kristotɔwo ƒe azã.

Gbã la, Biblia megblɔ nya aɖeke tso Yesu alo mawusubɔla wɔnuteƒe bubu aɖeke ƒe dzigbezãɖuɖu ŋu o. Ame eve aɖewo koe Biblia gblɔ be woɖu woƒe dzigbezã. Eye ame eve siawo menye Yehowa Mawu si ƒe nyawo le Biblia me la subɔlawo o, eye Biblia megblɔ nya nyui aɖeke hã tso woƒe dzigbezãwo ɖuɖu ŋu o. (1 Mose 40:20; Marko 6:21) Le numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) ƒe nya nu la, Kristotɔ gbãtɔwo tsi tsitre ɖe “dzigbezãɖuɖu si nye trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnu” la ŋu.

Ŋkeke ka dzie wodzi Yesu?

Biblia megblɔ ŋkeke si tututu dzi wodzi Yesu o. Numekugbalẽ aɖe (McClintock kple Strong ƒe Cyclopedia) gblɔ be: “Nubabla Yeyea loo alo agbalẽ bubu aɖeke mate ŋu ayɔ ŋkeke aɖe koŋ be eya dzie wodzi Kristo o.” Le nyateƒe me la, ne ɖe Yesu di be ye yomedzelawo naɖu yeƒe dzigbezã la, anye ne ena wonya eƒe dzigbeŋkeke.

Susu eveliae nye be nuŋlɔɖi aɖeke mele Biblia me si gblɔ be Yesu loo alo eƒe nusrɔ̃la aɖe ɖu Kristmas o. Le New Catholic Encyclopedia ƒe nya nu la, woƒo nu tso Kristmasɖuɖu ŋu zi gbãtɔ le Romatɔwo ƒe agbalẽŋlɔla Philocalus “ƒe Chronograph si nɔ anyi le ƒe 336 Kristotɔwo Ŋɔli la me.” Edze ƒã be wowu Biblia la ŋɔŋlɔ nu xoxoxo, eye ƒe alafa geɖe le Yesu ƒe anyigbadzinɔnɔ megbe hafi wowɔ ŋuŋlɔɖi sia. Esia tae McClintock kple  Strong gblɔ be “Kristmasɖuɖu metso Mawu gbɔ loo alo le Nubabla Yeyea me o.” *

Azã ka dzie Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ ŋku ɖomee?

Esi Yesu nye Nufiala Gã la ta la, ena mɔfiame siwo me kɔ ku ɖe nu siwo wòdi be ye yomedzelawo nawɔ ŋu, eye woŋlɔ mɔfiame siawo ɖe Biblia me. Gake Kristmasɖuɖu mekpe ɖe mɔfiame siawo ŋu o. Abe ale si ko nufiala aɖeke madi be yeƒe nusrɔ̃viwo nawɔ nu wòato vovo na mɔfiame si yena wo o la, nenema tututue Yesu medi be ye yomedzelawo ‘nagbɔ nu siwo woŋlɔ ɖi’ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me la ŋu o.—1 Korintotɔwo 4:6.

To vovo na ema la, wɔna vevi aɖe nɔ anyi si Kristotɔ gbãtɔawo nya nyuie, eyae nye Ŋkuɖodzia si nye ŋkuɖoɖo Yesu ƒe kua dzi. Yesu ŋutɔ gblɔ ɣeyiɣi si eƒe nusrɔ̃lawo aɖo ŋku wɔna vevi sia dzi la na wo eye wòfia wo ale si woawɔe. Woŋlɔ mɔfiame siawo kple ŋkeke si tututu woaɖo ŋku eƒe kua dzi la ɖe Biblia me.—Luka 22:19; 1 Korintotɔwo 11:25.

Abe ale si míekpɔe ene la, Kristmas nye dzigbezãɖuɖu, eye Kristotɔ gbãtɔwo meɖu trɔ̃subɔlawo ƒe azã sia o. Gawu la, Biblia megblɔ be Yesu loo alo ame bubu aɖe ɖu Kristmas o. Nyateƒenya siawo wɔe be Kristotɔ geɖe siwo le xexea me godoo ƒo nya ta be Kristmas menye Kristotɔwo ƒe azã o.

^ mm. 6 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso afi si Kristmas kɔnu geɖe dzɔ tso ŋu le nyati si nye “Exlẽlawo Bia Be . . . Nu Kae Wòle Be Míanya Ku Ðe Kristmasɖuɖu Ŋu?” le December 1, 2014 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee.