Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Tututue Yesu Ƒe Dzedzeme Le?

Aleke Tututue Yesu Ƒe Dzedzeme Le?

Yesu ƒe foto mele ame aɖeke si o. Ame aɖeke meɖe fotoe kpɔ alo kpɔ eƒe foto dzi wɔ eƒe kpetata ŋutɔŋutɔ o. Ke hã Yesu ƒe nɔnɔmetata dze le nutala gbogbo aɖewo ƒe nutatawo me ƒe alafa geɖe.

Le nyateƒe me la, nutala mawo menya ale si tututu Yesu ƒe dzedzeme le o. Dekɔnuwo, subɔsubɔdzixɔsewo kple ame siwo biana be woata nuawo alo amè eƒe kpetatawo ƒe didie kpɔa ŋusẽ ɖe ale si nua talawo taa Yesui dzi. Ke hã, woƒe nutatawo kple kpetatawo ate ŋu awɔe be amewo makpɔ ale si tututu Yesu le kple ale si eƒe nufiafiawo nɔ o.

Nutala aɖewo taa Yesu wòdzena ame beli si ƒe ɖa le legbee, eɖo ge vie eye wòlé blanui. Le nutata bubuwo me la, wonana Yesu dzena ame si ƒe ŋusẽ gbɔ amegbetɔwo tɔ ŋu eye keklẽ aɖe ƒo xlã eƒe ta alo wònyea ame si to vovo na ame bubuwo. Ðe nɔnɔme siawo na míekpɔ ale si tututu Yesu lea? Aleke míawɔ anya? Mɔ ɖekae nye be míalé ŋku ɖe nya si Biblia gblɔ ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ ale si tututu Yesu ƒe dzedzeme anya nɔ. Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míatsɔ susu nyui akpɔ Yesui.

“ÈDZRA ŊUTILÃ ÐO ÐI NAM”

Yesu anya gblɔ nya mawo le gbedodoɖa me esime wonyrɔe ɖe tsi me. (Hebritɔwo 10:5; Mateo 3:13-17) Aleke ŋutilã ma nɔ? Anɔ ƒe 30 do ŋgɔ la, mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria be: “Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, . . . Mawu ƒe Vi.” (Luka 1:31, 35) Eya ta Yesu de blibo abe ale si Adam nɔ esime wowɔe ene. (Luka 3:38; 1 Korintotɔwo 15:45) Yesu nye ame si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o, eye anya ɖi dadaa Maria, si nye Yudatɔ.

Yesu ɖo ge, abe ale si Yudatɔ geɖewo wɔna ene si to vovo na Romatɔwo. Ge ma tɔgbi ɖoɖo fia be bubu le ame ŋu; ge mawo menyea esi wogblẽna ɖi ʋlayaa bemalémalé nɛ o. Ðikeke mele eme o be Yesu léa be na eƒe ge eye wòfɔa eƒe gea kple taɖa dzi nyuie. Ame siwo woɖe ɖe vovo wonye Naziritɔwo abe Simson ene koe melũa ta o.—4 Mose 6:5; Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:5.

Le Yesu ƒe agbenɔnɔ le anyigba dzi ƒe 30 ƒe akpa si wònye atikpala me la, mezã egbegbedɔwɔnu deŋgɔwo o. (Marko 6:3) Eya ta anya nye ame si ŋu ŋusẽ nɔ. Esime wòdze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme teti la, eya ɖeka ‘nya ame siwo katã le alẽwo kple nyiwo dzram la do goe le gbedoxɔa me, etrɔ gaɖɔlilawo ƒe gakuwo kɔ ɖe anyi, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo.’ (Yohanes 2:14-17) Ame sesẽ si ƒo dzi le koe ate ŋu aɖe afɔ sia. Yesu zã ŋutilã si Mawu dzra ɖo ɖi nɛ la tsɔ wɔ dɔ si Mawu de esi: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Ebia be ŋusẽ nanɔ Yesu ŋu ŋutɔ hafi wòate ŋu azɔ afɔ atsa le Palestina nutoa me aɖe gbeƒã na amewo.

“MIVA GBƆNYE, . . . EYE NYE LA, MANA GBƆDZƆE MI”

Ale si Yesu ɖoa moe kple ale si wòwɔa nu ɖe ame ŋu la ana amekpekpe sia nadzro ame siwo katã “le dagbadagbam, eye agba le [wo] wum la.” (Mateo 11:28-30) Eƒe vividoɖeameŋu kple dɔmenyonyo ɖo kpe edzi be ame siwo lɔ̃ be yewoasrɔ̃ nu tso egbɔ la kpɔ gbɔdzɔe. Ðeviwo kura gɔ̃ hã dina be yewoate  ɖe Yesu ŋu, elabena Biblia gblɔ be: “Exɔ ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu.”—Marko 10:13-16.

Togbɔ be Yesu to vevesese helĩhelĩ me hafi ku hã la, menye ame si léa blanui o. Le kpɔɖeŋu me, ekpe asi ɖe srɔ̃ɖezã aɖe si woɖu le Kana la ŋu, esi wòtrɔ tsi wòzu wain nyui aɖe. (Yohanes 2:1-11) Ɣebubuɣiwo la, efia nu amewo eye womaŋlɔ eƒe nufiafia mawo be gbeɖe o.—Mateo 9:9-13; Yohanes 12:1-8.

Ƒo wo katã ta la, Yesu ƒe gbeƒãɖeɖe na wòle bɔbɔe na ame siwo ɖo toe la be agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si me dzidzɔ le nasu wo si. (Yohanes 11:25, 26; 17:3) Esi eƒe nusrɔ̃la 70 gbɔ tso gbeƒãɖeƒe eye wova ka nu siwo dzɔ ta nɛ la, ‘etso aseye’ eye wògblɔ be: “Mikpɔ dzidzɔ le esi woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo ta.”—Luka 10:20, 21.

“KE MIAWO YA MIGANƆ NENEMA O”

Subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la, to mɔ aɖewo dzi he susu va wo ɖokuiwo dzi be yewoatsɔ aɖee afia be yewole ŋusẽnɔƒe. (4 Mose 15:38-40; Mateo 23:5-7) To vovo na ema la, Yesu fia eƒe apostolowo be ‘woagaɖu aƒetɔ’ ɖe amewo dzi o. (Luka 22:25, 26) Yesu xlɔ̃ nu amewo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le agbalẽfiala siwo nɔa awu ʋlayawo me nɔa tsatsam, eye wodina be amewo nado gbe na yewo le ablɔwo me” la ŋu.—Marko 12:38.

Gake Yesu ya meto vovo le amewo dome o, eye ɣeaɖewoɣi esesẽna be woakpɔe adze sii. (Yohanes 7:10, 11) Meɖe dzesi le eƒe apostolo 11 wɔnuteƒeawo gɔ̃ hã dome o. Eya ta nugbugbɔname ye nye “dzesi” si Yuda ɖo ɖi na amehawo be woato edzi ade dzesi Yesu.—Marko 14:44, 45.

Eya ta togbɔ be womegblɔ nu geɖe o hã la, edze ƒãa be Yesu ƒe dzedzeme mele abe ale si wòdzena le nutatawo alo kpetatawo dzi zi geɖe ene o. Mele be míatsi dzi ɖe ale si tututu Yesu ƒe dzedzeme le ŋu o, nu si le vevie boŋue nye ale si míebunɛ fifia.

“ESUSƆ VIE KO XEXEA MAGAKPƆM O”

Gbe si gbe Yesu gblɔ nya mawo la, gbe ma gbe kee wowui eye woɖii. (Yohanes 14:19) Etsɔ eƒe agbe na be “wòanye tafe na ame geɖewo.” (Mateo 20:28) Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu fɔe ɖe tsitre “le gbɔgbɔ me,” eye wòna “wòɖe eɖokui fia” eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo. (1 Petro 3:18; Dɔwɔwɔwo 10:40) Aleke Yesu ƒe dzedzeme nɔ esi wòɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo ɣemaɣi? Anɔ eme be eto vovo tso ale si eƒe dzedzeme nɔ tsã la gbɔ, elabena exɔlɔ̃ siwo nɔ eŋu kplikplikpli gɔ̃ hã mekpɔe dze si enumake o. Esi Maria Magdalatɔ la kpɔe la, esusu be abɔdzikpɔlae, eye esi nusrɔ̃la eve siwo nɔ mɔ dzi yina Emaus kpɔe la, wosusu be amedzro aɖee.—Luka 24:13-18; Yohanes 20:1, 14, 15.

Aleke wòle be míabu Yesu egbea? Le Yesu ƒe ku ƒe 60 kple edzivɔ megbe la, apostolo Yohanes si gbɔ Yesu melɔ̃a nu le o la, kpɔ ŋutega aɖewo siwo ku ɖe Yesu ŋu. Menye Yesu si wohe ɖe atitsoga ŋue Yohanes kpɔ o. Ke boŋ ekpɔ “fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ,” ame si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, si ava tsrɔ̃ Mawu ƒe futɔ siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo kple amegbetɔwo siaa, eye wòahe yayra siwo anɔ anyi tegbee la vɛ.—Nyaɖeɖefia 19:16; 21:3, 4.