Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yesu yi ɖasrã Petro lɔ̃xo kpɔ eye woda dɔ nɛ.—Mateo 8:14, 15; Marko 1:29-31

Ðe Wobia Tso Kristotɔwo Si Be Woagaɖe Srɔ̃ Oa?

Ðe Wobia Tso Kristotɔwo Si Be Woagaɖe Srɔ̃ Oa?

LE XEXEA me godoo la, subɔsubɔhawo abe Roma Katolikoha, Ortodɔks hawo, Budha subɔsubɔha kple subɔsubɔha bubuwo biana tso woƒe ŋgɔnɔlawo kple woƒe nunɔlawo si be woagaɖe srɔ̃ o. Ke hã ame geɖe susu be nu sia gbɔe wòtso be subɔsubɔha vovovowo ƒe ŋgɔnɔlawo va le gbɔdɔdɔ ƒe ŋukpenanu geɖe wɔm le ɣeyiɣi siawo me.

Eya ta susu le eme be míabia be, ɖe Ŋɔŋlɔawo de se be sɔlemehawo ƒe ŋgɔnɔlawo kple woƒe nunɔlawo nagaɖe srɔ̃ oa? Hafi míaɖo nya ma ŋu la, na míade ŋugble tso afi si nuwɔna sia dzɔ tso kple ale si Mawu bunɛ ŋu.

ALE SI SRƆ̃MAÐEMAÐE WƆ VA ÐO SƆLEMEHAWO ME

Numekugbalẽ aɖe (Encyclopædia Britannica) ɖe srɔ̃maɖemaɖe gɔme be, “enye trenɔnɔ, eya ta mele be ame nadɔ kple ame aɖeke o, vevietɔ ne amea nye nunɔla alo ame si tsɔ eɖokui na be yeawɔ mawusubɔsubɔdɔ.” Le Papa Benedict XVI ƒe nuƒo si wòƒo na Roma Katolikoha ƒe dɔwɔƒe si dzi wòkpɔna me tɔwo le ƒe 2006 me la, egblɔ be “nunɔlawo ƒe srɔ̃maɖemaɖe nɔ anyi tso Apostoloawo ƒe ku megbe teti.”

Ke hã, womexe mɔ na ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be woagaɖe srɔ̃ o. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me xlɔ̃ nu xɔsetɔwo tso “beblegbɔgbɔwo ƒe nyawo” kple ame siwo “dea se ɖe srɔ̃ɖeɖe nu” la ŋu.—1 Timoteo 4:1-3.

Ƒe alafa evelia mee nunɔlawo ƒe srɔ̃maɖemaɖe ƒe nyaa va ge ɖe “Kristotɔwo” ƒe sɔlemeha siwo va zu Roma Katolikohaa me. Le agbalẽ si nye Srɔ̃maɖemaɖe Kple Subɔsubɔhawo Ƒe Kɔnuwo (si le Eŋlisigbe me) ƒe nya nu la, “esia wɔ ɖeka kple se yeye  si fɔ ɖe te ku ɖe srɔ̃maɖemaɖe ŋu le Roma Fiaɖuƒea me.”

Le ƒe alafa siwo kplɔe ɖo me la, sɔlemehawo ƒe aɖaŋuɖotakpekpewo kple yeaɖi Sɔlemeha Fofowo ye do nunɔlawo ƒe srɔ̃maɖemaɖe ɖe ŋgɔ. Wosusu be gbɔdɔdɔ ƒoa ɖi ame eye mele be nunɔla nawɔ naneke si aƒo ɖii o. Ke hã, numekugbalẽa (Encyclopædia Britannica) gblɔ be, “tso keke ƒe alafa 10 lia me ke la, srɔ̃ nɔ nunɔla geɖe kple bisiɔp aɖewo gɔ̃ hã si.”

Wode se be nunɔlawo nagaɖe srɔ̃ o le Lateran aɖaŋuɖotakpekpe si wowɔ le ƒe 1123 kple ƒe 1139 me le Roma, eye wòva zu nu si me Roma Katolikohaa lé ɖe asi va se ɖe egbe. Se sia wɔe be sɔlemehaa ƒo asa na eƒe ŋusẽ kple nunɔamesi siwo va zua nunɔla siwo ɖe srɔ̃ ƒe viwo tɔ la.

ALE SI MAWU BUA NUNƆLAWO ƑE SRƆ̃MAÐEMAÐEE

Mawu ƒe susu le nya sia ŋu dze eme kɔ nyuie le eƒe Nya Biblia me. Míakpɔ ale si Yesu si hã meɖe srɔ̃ o le “Dziƒofiaɖuƒe la ta” gblɔ tso nya sia ŋu le Biblia me. (Mateo 19:12) Apostolo Paulo hã ƒo nu tso Kristotɔ siwo tiae be yewoasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu anɔ tre le ‘nya nyuia ta’ ŋu.—1 Korintotɔwo 7:37, 38; 9:23.

Ke hã, Yesu loo alo Paulo mede se ɖe srɔ̃ɖeɖe nu o. Yesu gblɔ be menye ye yomedzelawo katã sie trenɔnɔ ƒe “nunana” la le o. Esi Paulo nɔ nu ƒom tso “ɖekakpui kple ɖetugbui siwo meɖe srɔ̃ o” ŋu la, egblɔ be: “Nyemexɔ sedede aɖeke tso Aƒetɔ la gbɔ na wo o, gake mele nye susu dom ɖa.”—Mateo 19:11; 1 Korintotɔwo 7:25.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ɖee fia be srɔ̃ nɔ Kristotɔ geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la si, ame siawo dometɔ ɖekae nye apostolo Petro. (Mateo 8:14; Marko 1:29-31; 1 Korintotɔwo 9:5) Le gbɔdɔdɔ manɔsenu si bɔ le Romatɔwo ƒe ɣeyiɣia me ta la, Paulo gblɔ be ne dzikpɔla aɖe ɖe srɔ̃ la, ele be, ‘wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃,’ ‘eye viawo nabɔbɔ wo ɖokui.’—1 Timoteo 3:2, 4.

Menye ame siwo ɖe srɔ̃ evɔ womekpɔa gome le gbɔdɔdɔ me ƒe nya gblɔm wole o, elabe Biblia gblɔe eme kɔ be “srɔ̃ŋutsu netsɔ nu si srɔ̃a dze na la nɛ,” eye srɔ̃tɔwo ‘megate gbɔdɔdɔ wo nɔewo o.’ (1 Korintotɔwo 7:3-5) Edze ƒãa be Mawu mede se ɖe srɔ̃ɖeɖe nu o eye menye dzizizi na Kristotɔwo be woagaɖe srɔ̃ o.

LE NYA NYUI LA TA

Ne menye dzizizie srɔ̃maɖemaɖe nye na Kristotɔwo o ɖe, ke nu ka tae Yesu kple Paulo kafu trenɔnɔ? Elabena ame siwo nye trewo la kpɔa ɣeyiɣi geɖe ɖe nya nyuia gbɔgblɔ na ame bubuwo ŋu. Trewo ate ŋu awɔ geɖe elabe woawo ya wometoa kuxi siwo me srɔ̃tɔwo tona la me o.—1 Korintotɔwo 7:32-35.

Bu David si ɖe asi le eƒe dɔ si me wòkpɔa ga geɖe le le Mexico City, eye wòʋu yi Costa Rica ƒe kɔƒenuto aɖe me be yeafia Biblia amewo ŋu kpɔ. Ðe David kpɔe be esi yenye tre tae yete ŋu wɔ esia? Egblɔ be: “Nenemae.” Eyi edzi be, “esesẽ be matrɔ ɖe dukɔ bubu me tɔwo ƒe nuwɔnawo kple agbenɔnɔ ŋu ya, gake esi wònye nye ɖeka koe ta la, tɔtrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu mesesẽ boo o.”

Kristotɔ aɖe si meɖe srɔ̃ o, si ŋkɔe nye Claudia, ame si ʋu yi afi si gbeƒãɖelawo hiã le la gblɔ be: “Mese vivi le Mawu subɔsubɔ me. Nye xɔse kple ƒomedodo si le nye kple Mawu dome la me sẽna ɖe edzi ne mekpɔ ale si wòléa be nam.”

“Èɖanye tre alo srɔ̃tɔ o, àkpɔ dzidzɔ ne èwɔ wò ŋutetewo katã le Yehowa Mawu subɔsubɔ me.”—Claudia

Mele be trenɔnɔ nanye agba o. Claudia gblɔ kpee be: “Èɖanye tre alo srɔ̃tɔ o, àkpɔ dzidzɔ ne èwɔ wò ŋutetewo katã le Yehowa Mawu subɔsubɔ me.”—Psalmo 119:1, 2.