Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ  |  No. 2 2017

Wokpɔ ga geɖe le kluvisitsatsa si yi edzi le Afrika kple Amerika dukɔwo dome la me

Wokpɔ Ablɔɖe Tso Kluvinyenye Me—Le Blema Kple Egbea Siaa

Wokpɔ Ablɔɖe Tso Kluvinyenye Me—Le Blema Kple Egbea Siaa

Wokplɔ Blessing * yi Europa eye wodo ŋugbe nɛ be ava nye ɖawɔla le afi ma. Gake le afi ma la, wozi edzi wòzu gbolo le esi woƒoe atraɖii ŋkeke ewo hedo ŋɔdzi nɛ be yewoatu nu kple eƒe ƒomea le wo de ta.

Ale si woléa kluviwo le Egipte la ƒe nɔnɔmetata

Wodi tso Blessing si be wòakpɔ ga home si nye euro 200 va ɖo 300 zã sia zã atsɔ axe fe si nye euro 40,000 si wogblẽ ɖe eŋu hafi wòva ɖo yevuwo de. * Blessing gblɔ be: “Zi geɖe la mebua ale si mawɔ asi ŋu gake mevɔ̃na na nu si woava tu kple nye ƒomea. Mexaxa ŋutɔ.” Menye Blessing ɖeka koe le nɔnɔme sia me o, ame siwo ade miliɔn ene ye nye ame siwo wowɔ gbolowoe le xexea me godoo.

Anɔ ƒe 4,000 aɖewoe nye esia la, ɖekakpui si ŋkɔe nye Yosef nɔviwo lée dzra. Eva zu kluvi le Egiptetɔwo ƒe amegã aɖe ƒe me. Womewɔ fu Yosef ya le gɔmedzedzea me abe Blessing ene o. Gake esi wògbe eƒe aƒetɔ srɔ̃ ƒe ahiãnyawo ta la, etso enu madzemadzee be edi be yeadɔ ye gbɔ sesẽe. Wode ga Yosef eye wodee gaxɔ me.—1 Mose 39:1-20; Psalmo 105:17, 18.

Yosef zu kluvi le blema; Blessing ya zu kluvi le míaƒe ɣeyiɣia me. Yosef kple Blessing siaa nye ame siwo wowɔ kluviwoe to kluvisitsatsa si me amegbetɔwo va zua adzɔnu si me wokpɔa ga tsoe me.

AƲAWƆWƆ NANA WOLÉA AMEWO KLUVII

Aʋawɔwɔ koŋ ye nye mɔ bɔbɔetɔ si dzi dukɔwo tona léa kluviwo. Wogblɔ be Egipte Fia Thutmose III lé ame 90,000 kluvii le aʋa aɖe si wòho ɖe Kanaan ŋu la me. Egiptetɔwo na kluvi siawo wɔ dɔ le woƒe tomenukuƒewo, wona wotu trɔ̃xɔwo eye woɖe tsimɔwo.

 Le Roma Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɣi la, aʋawɔwɔe nana wokpɔa kluvi geɖe eye ne wodi be kluviwo nasu yewo si la, wohoa aʋa ɖe dukɔ bubuwo ŋu. Wobu akɔnta be le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame siwo nɔ Roma du bliboa me ƒe afã nye kluviwo. Egiptetɔwo kple Romatɔwo wɔ fu woƒe kluvi geɖewo vevie ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, kluvi siwo wɔa dɔ le Romatɔwo ƒe tomenukuƒewo menɔa agbe wòdea ƒe 30 o.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nuwo va gblẽ ɖe edzi boŋ. Tso ƒe alafa 16 va ɖo 19 lia me la, kluvisitsatsa si yi edzi le Afrika kple Amerika dukɔwo domee nye nu si me wokpɔ ga geɖe le wu. Le akɔnta aɖe si habɔbɔ aɖe (UNESCO) bu nu la, ‘wolé ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖevi siwo ade miliɔn 25 va se ɖe miliɔn 30 la dzra.’ Wogblɔ be ame akpe geɖe ku esime wokplɔ wo to Atlantik-ƒua dzi yina. Olaudah Equiano si nye agbetsilawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nyɔnuwo ƒe ɣli kple ame siwo nɔ kukum ƒe ŋeŋe la nye nu ɖivɔvɔ̃ ale gbegbe be wowu gbɔgblɔ.”

Nublanuitɔe la, menye ɣeyiɣi siwo va yi me koe wowɔ amewo kluviwo le o. Dukɔwo Dome Dɔwɔlawo ƒe Habɔbɔ gblɔ be, ŋutsuwo, nyɔnuwo kple ɖevi siwo ade miliɔn 21 lae wɔa dɔ abe kluvi siwo woxea fe sue aɖe ko na alo womexea fe aɖeke na o ene. Ame siwo nye kluviwo egbea wɔa dɔ le tomenukuƒewo, avɔlɔ̃ƒewo, kpetsoƒewo, bubuwo nye gbolowo le gbolowɔƒewo eye ɖewo wɔa dɔ na amewo le woƒe aƒewo me. Togbɔ be se meɖe mɔ ɖe eŋu o hã la, edze abe dzidzim ɖe edzi koe wòle ene.

Ame miliɔn gbogbo aɖewo ganye kluviwo

WOKPƆ ABLƆÐE

Tagbɔsesẽ le kluviwo ŋu wɔe be wo dometɔ geɖe wɔa avu be woana ablɔɖe yewo. Le ƒe alafa gbãtɔ Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, yivuwɔla si ŋkɔe nye Spartacus kple kluvi 100,000 mekpɔ dzidzedze le aglã si wodze ɖe Roma ŋu la me o. Le ƒe alafa 18 lia me la, kluvi siwo nɔ Karib-ƒukpo si nye Hispaniola dzi la dze aglã ɖe woƒe aƒetɔwo ŋu. Ŋuta si wosẽ le kluviwo ŋu le foŋfoŋgblewo me kutɔkutɔe la wɔe be dukɔmeviʋa si xɔ ƒe 13 la dzɔ si na dukɔ si nye Haiti xɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1804 me.

Israel-viwo ƒe ʋuʋu le Egipte tso kluvinyenye me lae nye esi dze edzi wu le ŋutinya me. Anɔ eme be ame miliɔn etɔ̃ si nye dukɔ blibo lae wona ablɔɖee le Egipte. Wodze na ablɔɖe sia. Biblia ɖɔ nɔnɔme si me wonɔ le Egipte be: “Wokpe fu le nɔnɔme sesẽwo me le kluvidɔ ɖe sia ɖe ƒomevi wɔwɔ me.” (2 Mose 1:11-14) Farao aɖe gɔ̃ hã de se be woawu  vidzĩwo ale be woaɖe Israel-viwo ƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ.—2 Mose 1:8-22.

Asiɖeɖe le Israel-viwo ŋu be woadzo le Egiptetɔ siwo wɔ ŋlɔmi le wo ŋu ƒe anyigba dzi la le etɔxɛ elabena Mawu ŋutɔe xɔ na wo. Mawu gblɔ na Mose be: “Menya fu siwo kpem wole la nyuie. Eya ta maɖi ayi aɖaɖe wo.” (2 Mose 3:7, 8) Va se ɖe egbea la, Yudatɔwo ɖua Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe sia ƒe tsɔ ɖoa ŋku nudzɔdzɔ ma dzi.—2 Mose 12:14.

KLUVINYENYE NU AYI MLƆEBA

Biblia gblɔ be: “Le Yehowa mía Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ, . . . aɖeke meli o” eye wòka ɖe edzi na mí be Mawu metrɔ o. (2 Kronika 19:7; Malaki 3:6) Mawu dɔ Yesu be, wòaɖe “gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe” ne wòana “ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi.” (Luka 4:18) Ðe esia fia be woana ablɔɖe kluvi ɖe sia ɖea? Menye nenemae o. Wodɔ Yesu ɖa be wòana ablɔɖe amewo tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me. Yesu gblɔ emegbe be: “Nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yohanes 8:32) Egbea gɔ̃ hã, nyateƒe si Yesu fia amewo la na ablɔɖe ame geɖe le mɔ geɖe nu.—Kpɔ aɖaka si nye “ Ekpɔ Ablɔɖe Tso Kluvinyenye Ƒomevi Bubu Aɖe Me.”

Le nyateƒe me la, Mawu kpe ɖe Yosef kple Blessing ŋu wodo le kluvinyenye me le mɔ vovovowo nu. Àkpɔ Yosef ƒe ŋutinya wɔdɔɖeamedzia le Biblia me le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ta 39 va ɖo 41. Mɔ si nu Blessing hã kpɔ ablɔɖe le la le etɔxɛ.

Esi wonya Blessing le Europa dukɔ aɖe me la, eyi Spain. Edo go Yehowa Ðasefowo le afi ma eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ kplii. Esi wòdi be yeaɖɔ nuwo ɖo ta la, edi dɔ eye wòɖe kuku na aƒenɔ si gbɔ wònɔ va yi la be wòaɖe ga si yexena nɛ ɣleti sia ɣleti la dzi akpɔtɔ na ye. Gbe ɖeka Blessing ƒe aƒenɔ ƒo ka nɛ. Egblɔ nɛ be yedi be yeatsɔ fe si wònyi le ye ŋu la akee ne wòatsɔ yeƒe nu vɔ̃wo ake ye. Nu ka gbɔe esia tso? Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple eya hã! Blessing gblɔ be: “Nyateƒea naa ablɔɖe ame le mɔ wɔnukuwo nu.”

Tagbɔsesẽnu siwo wowɔ ɖe Israel-viwo ŋu le Egipte la ɖu dzi na Yehowa Mawu ale gbegbe; nenemae kee wògasena le eɖokui me tso nu madzɔmadzɔ siwo wɔm wole egbea ŋu. Nyateƒeae nye be hafi woate ŋu aɖe kluvinyenye ɖe sia ɖe ƒomevi ɖa la, ebia be woawɔ tɔtrɔ gã aɖewo le amegbetɔwo dome. Ke hã Mawu do ŋugbe be yeawɔ tɔtrɔ mawo. “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.”—2 Petro 3:13.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔa.

^ mm. 3 Ɣemaɣi la euro la kple Amerikatɔwo ƒe dɔlar de sɔsɔ ge.