Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alakpanuwɔwɔ! Ðe Enu Ava Yia?

Alakpanuwɔwɔ! Ðe Enu Ava Yia?

PANAYIOTA tsi le Mediterranea ƒukpoawo dometɔ ɖeka dzi. Eƒo eɖokui ɖe dunyahehe me vevie le eƒe ɖetugbuime. Emegbe eva zu dunyaheha aɖe ƒe agbalẽŋlɔla le kɔƒe si me wònɔ me. Eyia amewo gbɔ tso aƒe me yi aƒe me ɖadea dzi ƒo na wo be woadzɔ ga atsɔ ado alɔ dunyahehaa. Gake emegbe dzi va ɖe le Panayiota ƒo. Nu si tae nye be ƒometɔwo dzi dede, nɔƒe gã didi, dzrehehe kple ŋuʋaʋã xɔ aƒe ɖe dunyahehaa me togbɔ be woyɔa wo nɔewo be zɔhɛ hã.

Ƒome aɖe si me tɔwo doa vevie mawusubɔsubɔ mee wodzi Daniel ɖo le Ireland. Gake ewɔ nublanui ŋutɔ be alakpanu sɔŋ koe nunɔlawo wɔna; eɖo ŋku edzi be wonoa aha geɖe, wodaa tsatsa eye wofia ga si hameviwo dzɔna, evɔ wonɔa gbɔgblɔm nɛ be ne ewɔ nu vɔ̃ la, ayi dzo mavɔ me.

Jeffery zã ƒe geɖe tsɔ do boblo dukɔwo dome melisitsala siwo le United Kingdom (Royaume-Uni) kple Amerika ƒe adzɔnuwo eye wòdzraa wo na wo. Eɖo ŋku edzi be ɣeaɖewoɣi la, asisiwo kple asitsala siwo hã wɔa dɔ ma ke la wɔa nu fitifitiwo le nuwɔwɔ kple dziɖuɖumegãwo me. Wodaa alakpa hetoa mɔ ɖe sia ɖe dzi vivia nu me na dziɖuɖumegãwo ale be yewoƒe asi nasu asitsatsa ƒe mɔnukpɔkpɔwo dzi.

Nublanuitɔe la, nuwɔna siawo bɔ egbea ŋutɔ. Alakpanuwɔwɔ bɔ ɖe amegbetɔwo ƒe nuwɔna ɖe sia ɖe kloe me egbea, eɖanye dunyahehe, mawusubɔsubɔ alo asitsanyawo me o. Eya ta esɔ ŋutɔ be Eŋlisigbe me nya si gɔme woɖe be “alakpanuwɔla” la tso Helagbe me nya si fia dutoƒonuƒola alo fefewɔla si ɖɔa amemo la me. Emegbe la, wova zãa nya sia na ame sia ame si wɔa ayemenu kple susu be yeaflu amewo alo adi eya ŋutɔ ƒe viɖe.

Menye ɖeko alakpanuwɔwɔ tea ŋu dea abi amewo ƒe seselelãme ŋu ko evɔ o, ke enana woxaa nu, wodoa dziku eye wonɔa vevesese dzi. Nuxaxa si gbegbe wòdona na wo la wɔnɛ be wobiana be: “Ðe alakpanuwɔwɔ nu ava yia?” Dzidzɔtɔe la, Mawu ƒe Nyaa na míeka ɖe edzi be enu ava yi.

ALE SI MAWU KPLE VIA WOBUA ALAKPANUWƆWƆE

Biblia na míenya be menye amegbetɔwo domee alakpanuwɔwɔ dzɔ tso o, ke boŋ gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖee zu alakpanuwɔla gbãtɔ. Le ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze la, Satana Abosam to da aɖe dzi ayetɔe ƒo nu na nyɔnu gbãtɔ, Xawa, abe ɖe wòle nyui dim nɛ ene heflui. (1 Mose 3:1-5) Tso ɣemaɣi la, amegbetɔ geɖewo hã toa ayemɔwo dzi wɔa wo ɖokuiwo ame nyuiwo evɔ wohenye alakpanuwɔlawo, eye wowɔa esia kple susu be yewoaflu amewo alo adi woawo ŋutɔwo ƒe viɖe.

Esime alakpasubɔsubɔ ƒe mɔ̃ ɖe blema Israel dukɔa eye wova nɔ alakpanu wɔm le mawusubɔsubɔ me la,  Mawu xlɔ̃ nu wo tso emetsonua ŋu zi geɖe. Yehowa Mawu to nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ be: “Dukɔ sia vaa gbɔnye kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe nuyiwo dea bubu ŋunye, ke woƒe dzi te ɖa xaa tso gbɔnye.” (Yesaya 29:13) Esi wogbe be yewomatrɔ le yewoƒe mɔ vɔ̃wo dzi o la, Mawu ɖe mɔ dukɔ sesẽwo va tsrɔ̃ Israel-viwo ƒe du kɔkɔe Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa; ewɔ esia zi gbãtɔ to Babilontɔwo dzi, le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me, eye zi evelia, eto Roma-srafowo dzi tsrɔ̃e gbidii le ƒe 70 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me. Eme kɔ ƒãa be Mawu meɖea mɔ ɖe alakpanuwɔwɔ ŋu ɖaa o.

Gake Mawu kple Via, Yesu, siaa dea asixɔxɔ gã aɖe amegbetɔ siwo wɔa nuteƒe heɖia anukware la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme teti la, ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Nataniel te ɖe eŋu. Esi Yesu kpɔe la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Israel-vi akuakua, si me alakpa aɖeke mele o ye nye esi.” (Yohanes 1:47) Nataniel sia si wogayɔna be Bartolomeo la va zu Yesu ƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka.—Luka 6:13-16.

Yesu kpɔ vovo ɖe eyomedzelawo ŋu eye wòna wonya ale si Mawu bua nuwo ŋui. Ena wokpɔe be mele be woanye alakpanuwɔlawo o. Yesu bu fɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi ɣemaɣi la vevie le woƒe alakpanuwɔnawo ta tsɔ xlɔ̃ nu wo. Bu woƒe nuwɔnawo dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Woɖea woƒe “dzɔdzɔenyenye” fiana le amewo ŋkume. Yesu gblɔ na eƒe nyaselawo be: ‘Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie be miagaɖe miaƒe dzɔdzɔenyenye afia le amewo ŋkume be woakpɔ . . . abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o.’ Egblɔ na wo hã be woƒe dɔmenyonunanawo “nanɔ ɣaɣla,” si fia be woagawɔe be amewo nakpɔ o. Ele be woado gbe ɖa le ɣaɣlaƒe, ke menye le amewo ŋkume be woakpɔ o. Esia awɔe be woƒe mawusubɔsubɔ nanye vavãtɔ eye ye Fofo hã akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Mateo 6:1-6.

Wolɔ̃a vodadadidi le amewo ŋu. Yesu gblɔ be: “Alakpanuwɔla! Ðe atikpo la ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie aɖe ati fefee si le nɔviwò ƒe ŋku dzi.” (Mateo 7:5) Ne ame aɖe hea susu yia amewo ƒe vodada dzi evɔ eya ŋutɔ ƒe vodadawo lolo wu la, efia be ele eɖokui wɔm ame dzɔdzɔe wu ale si wòle ŋutɔŋutɔ. Elabena nyateƒeae nye be, amegbetɔwo “katã wɔ nu vɔ̃, eye wometea ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.”—Romatɔwo 3:23.

Woɖoa tame vɔ̃ ɖe ame ŋu. Gbe ɖeka, Farisitɔwo ƒe nusrɔ̃lawo kple Herodes habɔbɔ me nɔlawo te ɖe Yesu ŋu hebia nyae tso adzɔxexe ŋu. Wogblɔ numevivinyawo na Yesu ale: “Nufiala, míenyae be ètoa nyateƒe, èfiaa Mawu ƒe mɔ la le nyateƒe me.” Eyome wotre mɔ̃ nɛ esi wobiae be: “Ðe se ɖe mɔ be míaxe adzɔ na Kaisaro loo alo se meɖe mɔ o?” Yesu ɖo eŋu be: “Alakpanuwɔlawo, nu ka tae miele mɔ̃ trem nam?” Esɔ nyuie be Yesu yɔ wo be alakpanuwɔlawo, elabena menye ɖe wole ŋuɖoɖo dim na woƒe nyabiasea o, ke boŋ agbagba dzem wonɔ be yewoatsɔ “eya ŋutɔ ƒe nyagbɔgblɔ atre mɔ̃ nɛ alée.”—Mateo 22:15-22.

‘Lɔlɔ̃ si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse si me alakpa mele o me’ la nɔa Kristotɔ vavãwo si na wo nɔewo.—1 TIMOTEO 1:5

Esi woɖo Kristo hamea anyi le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la, Kristotɔwo wɔ nu le nyateƒetoto kple anukwareɖiɖi me. Kristotɔ vavãwo ku kutri vevie be yewoaɖe asi le alakpanuwɔwɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Petro si nye apostolo 12-awo dometɔ ɖeka la de dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be ‘woaɖo to nyateƒea, ale be nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o nanɔ wo dome.’ (1 Petro 1:22) Apostolo Paulo hã de dzi ƒo na eƒe dɔwɔhatiwo be, ‘lɔlɔ̃ si tso dzi dzadzɛ kple dzitsinya nyui kpakple xɔse si me alakpa mele o me’ la nanɔ wo si na wo nɔewo.—1 Timoteo 1:5.

ŊUSẼ SI LE MAWU ƑE NYAA ŊU

Ŋusẽ le Yesu kple apostoloawo ƒe nufiafia siwo le Biblia me la ŋu egbea abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene. Apostolo Paulo ŋlɔ tso esia ŋu be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ kple gbɔgbɔ me, kpakple ƒunukpeƒewo kple ƒutomemi me, eye wòtea ŋu dzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo.” (Hebritɔwo 4:12) Esi ame geɖe va srɔ̃ Biblia eye wodze agbagba be yewoanɔ agbe ɖe eƒe nufiafiawo nu la, esia kpe ɖe wo ŋu  woɖe asi le alakpanuwɔwɔ ŋu eye wotoa nyateƒe heɖia anukware. Bu ale si esia nye nyateƒe le ame etɔ̃ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea gome la ŋu kpɔ.

“Mekpɔe be amewo lɔ̃ wo nɔewo tso dzi me eye wotsɔ ɖe le eme na wo nɔewo vavã.”—PANAYIOTA

Nuwo va trɔ le Panayiota ƒe agbe me esi wokpee be wòade Biblia-nusrɔ̃ƒe le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me, eye wòlɔ̃ yi. Esi wòyi la, ekpɔe be ame aɖeke meɖe eƒe dzɔdzɔenyenye fia le amewo ŋkume be woakpɔ o. Eya ta egblɔ be: “Le afi ma la, mekpɔe be amewo lɔ̃ wo nɔewo tso dzi me eye wotsɔ ɖe le eme na wo nɔewo vavã. Le ƒe gbogbo siwo metsɔ nɔ dunyahehaa me la, nyemekpɔ esia tɔgbi kpɔ o.”

Panayiota dze Biblia-sɔsrɔ̃ gɔme eye wòyi edzi va xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo. Ƒe 30 ye nye esi va yi. Azɔ egblɔ be: “Tso esime mete gbeƒãɖeɖe tso Mawu Fiaɖuƒea, si ɖeɖe ko ate ŋu ana dzɔdzɔenyenye naxɔ aƒe ɖe xexea me ŋu la, taɖodzinu vavã va le nye agbe ŋu, gake menɔ alea esime meyina amewo gbɔ tso aƒe me yi aƒe me henɔ dunyahehaa dom ɖe ŋgɔ o.”

“Mekpɔe be masɔ be manɔ alakpanu wɔm le hati Kristotɔwo ŋkume o.”—DANIEL

Daniel yi ŋgɔ le Kristo hamea me eye wova de dɔ aɖewo esi le hamea me. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, eɖe afɔ gbegblẽ aɖe eye eƒe dzitsinya va nɔ fu ɖem nɛ. Egblɔ be: “Ne meɖo ŋku alakpanuwɔwɔ siwo teƒe mekpɔ le sɔlemeha si me menɔ tsã dzi la, mekpɔe be nu bubu aɖeke meli mawɔ tsɔ wu be maɖe asi le dɔ siwo wode asi nam le hamea me la ŋu o. Mekpɔe be masɔ be manɔ alakpanu wɔm le hati Kristotɔwo ŋkume o.”

Dzidzɔtɔe la, esi Daniel ɖɔ afɔ gbegblẽ si wòɖe la ɖo vɔ la, ekpɔe be yesu te azɔ be yeagate ŋu awɔ hamea me dɔ siwo yewɔna tsã la kple dzitsinya nyui, eye esi wogatsɔ dɔawo de esi la, elɔ̃ faa xɔ wo. Ame siwo subɔa Mawu alakpanuwɔwɔ manɔmee dome koe woate ŋu akpɔ nyateƒetoto ƒe kpɔɖeŋu wɔdɔɖeamedzi sia le. Wosrɔ̃ ale si ‘woaɖe atikpo ɖa’ le woawo ŋutɔwo ƒe ŋku dzi gbã, hafi agblɔ na wo havi be nena ‘yewoaɖe ati fefee’ si le eƒe ŋku dzi la nɛ.

‘Mekpɔe be nyemagate ŋu anye asitsala nukpoloeƒola kple ameflula o. Biblia ƒe nufiafiawo wɔ dɔ ɖe dzinye vevie, eye woʋãm mewɔ tɔtrɔ.’—JEFFERY

Jeffery si wɔ asitsadɔ ƒe geɖe la gblɔ be: “Esi meva se Biblia ƒe nufiafiawo gɔme nyuie la, mekpɔe be nyemagate ŋu anye asitsala nukpoloeƒola kple ameflula si toa mɔ ɖe sia ɖe dzi xɔa asitsadɔ o. Biblia ƒe nufiafia siwo wɔ dɔ ɖe dzinye vevie, siwo ʋãm mewɔ tɔtrɔ la dometɔ ɖekae nye nya si Lododowo 11:1 gblɔ na mí be, ‘nudanu amebatɔ nye ŋunyɔ na Yehowa.’” Ɛ̃, to vovo na ame siwo ɖo tame vɔ̃ ɖe Yesu ŋu hafi bia nyae la, Jeffery va srɔ̃e be ele be yeawɔ nu kple hati Kristotɔwo kpakple ame bubuwo alakpanuwɔwɔ manɔmee.

Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe siwo le xexea me godoo la dzea agbagba be yewoawɔ nu siwo yewosrɔ̃ le Biblia me la dzi. Wokua kutri vevie be yewoado “amenyenye yeye si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la.” (Efesotɔwo 4:24) Míele dzi dem ƒo na wò be nàku nu me le Yehowa Ðasefowo ŋu ne nànya ame si ƒomevi wonye, woƒe dzixɔsewo kple ale si woate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu tso xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la ŋu. “Dzɔdzɔenyenye anɔ” xexe ma me, eye alakpanuwɔwɔ nu ayi tegbee.—2 Petro 3:13.