Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI | ÀTE ŊU ASE BIBLIA GƆME

Afi Si Nàkpɔ Kpekpeɖeŋu Le Be Nàse Biblia Gɔme

Afi Si Nàkpɔ Kpekpeɖeŋu Le Be Nàse Biblia Gɔme

Tsɔe be zi gbãtɔe nye ema nèyi dukɔ aɖe me. Èdo do go amewo eye èkpɔe be woƒe dekɔnuwo, nuɖuɖuwo kple ga si woɖuna siaa to vovo na miaƒe dukɔa me tɔwo. Ðewohĩ àtɔtɔ vie. Eye gɔmesese le eŋu.

Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me nenema ke ne èxlẽ Biblia zi gbãtɔ. Awɔ na wò abe xexe si nɔ anyi le blema, si to vovo kura la mee nèyi ene. Le afi ma la, èdo go ame aɖewo siwo woyɔna be Filistitɔwo, eye èkpɔ dekɔnu siwo wɔ moyaa na wò. Le kpɔɖeŋu me, èkpɔe be amewo tea ŋu ‘dzea awu’ si le wo ŋu, èkpɔ nuɖuɖu aɖe si woyɔna be mana, eye èkpɔe hã be woyɔa woƒe gaku aɖe be drakma. (2 Mose 16:31; Yosua 13:2; 2 Samuel 3:31; Luka 15:9) Nu siawo katã ate ŋu ana nàtɔtɔ. Azɔ tsɔe be dukɔ aɖe mee wò ŋutɔ nèɖi tsa yi egbea; ɖe mado dzidzɔ na wò ŋutɔ ne ame aɖe kpe ɖe ŋuwò heɖe nuwo me na wò nyuie oa?

ALE SI WOKPE ÐE AMEWO ŊU LE BLEMA

Tso esime wodze Mawu ƒe Nya kɔkɔeawo ŋɔŋlɔ gɔme le ƒe alafa 16 lia Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, wokpe ɖe amewo ŋu wose nuŋlɔɖiawo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, Mose si nye Israel dukɔa ƒe kplɔla gbãtɔ la ‘de asi nyawo me ɖeɖe me’ na dukɔa.—5 Mose 1:5.

Le ƒe alafa ewo siwo kplɔe ɖo me la, nufiala bibiwo gakpɔtɔ nɔ Ŋɔŋlɔawo fiam amewo. Le ƒe 455 D.Y. me la, Yudatɔwo ƒe ha gã aɖe, siwo dome ɖevi gbogbo aɖewo hã nɔ la, va kpe ta le Yerusalem-dua ƒe ablɔ me. Biblia-fialawo nɔ eteƒe eye ‘woxlẽ agbalẽ kɔkɔe la sesĩe’ na dukɔa. Ke hã nufialaawo wɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. “Wona ameawo se nu si xlẽm wole la gɔme.”—Nehemiya 8:1-8.

Ƒe alafa atɔ̃ megbe la, Yesu Kristo hã va fia nu amewo nenema ke. Le nyateƒe me la, dukɔa nyae koŋ be nufialae wònye. (Yohanes 13:13) Efia nu amehawo kple ame ɖekaɖekawo siaa. Ɣeaɖeɣi la, efia nu ameha gã aɖe esime wògblɔ eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa, eye “amehawo ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta.” (Mateo 5:1, 2; 7:28) Le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe adame la, Yesu ƒo nu na eƒe nusrɔ̃la eve aɖewo esime wonɔ mɔ dzi yina kɔƒe aɖe si te ɖe Yerusalem ŋu la me eye wònɔ “Ŋɔŋlɔawo me ɖem na [wo] tsitotsito.”—Luka 24:13-15, 27, 32.

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã nye Mawu ƒe Nya fialawo. Gbe ɖeka, Etiopiatɔwo ƒe amegã aɖe nɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe xlẽm, eye nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Filipo te ɖe eŋu hebiae be: ‘Èle nu si xlẽm nèle la gɔme sema?’ Eɖo eŋu be: “Aleke mawɔ ase egɔme, ne ame aɖeke mefiam o?” Eya ta Filipo ɖe ŋɔŋlɔawo ƒe akpa si xlẽm wòle la me nɛ.—Dɔwɔwɔwo 8:27-35.

ALE SI WOLE KPEKPEM ÐE AMEWO ŊU EGBEA

Abe Biblia-fiala siwo nɔ anyi le blema ene la, Yehowa Ðasefowo le Biblia-fiafiadɔ aɖe wɔm egbea le dukɔ 239 me le xexea me godoo. (Mateo 28:19, 20) Wokpena ɖe ame ɖekaɖeka siwo wu miliɔn asieke ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa be woase Biblia gɔme. Ame siwo le Biblia srɔ̃m la dometɔ geɖe menye Kristotɔwo o. Míetea ŋu srɔ̃a Biblia kpli wo le woawo ŋutɔwo ƒeme alo teƒe bubu aɖe si sɔ na wo. Ame aɖewo gɔ̃ hã dina be míasrɔ̃e kpli yewo le telefon dzi, alo míato kɔmpiuta alo tablɛt dzi asrɔ̃e kpli yewo to videokadodo dzi.

Eya ta míeɖe kuku, bia Yehowa Ðasefo ɖe sia ɖe faa ne wòaɖe ale si nàwɔ be ɖoɖo sia naɖe vi na wò la me na wò. Àkpɔe be Biblia menye agbalẽ si gɔme womate ŋu ase kura o, ke boŋ “[enyo] na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me,” ale be ‘nàdze bliboe, eye nànɔ dzadzraɖoɖi keŋkeŋ na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’—2 Timoteo 3:16, 17.