Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ  |  December 2014

Timgad—Blemadu Aɖe Si Ŋu Woke Ðo La Ŋuti Nya Ɣaɣlawo

Timgad—Blemadu Aɖe Si Ŋu Woke Ðo La Ŋuti Nya Ɣaɣlawo

SCOTLANDTƆ James Bruce mexɔ nu si kpɔm wòle la dzi se o. Duyeyedila dzinɔameƒotɔ sia ke ɖe Romatɔwo ƒe dziɖuɖuŋkuɖodzikpe si ɖi ɖe to me, gake eƒe akpa aɖe nɔ dzedzem la ŋu le Algeria-gbedadaƒo. Esi ŋutsu sia ke ɖe ŋkuɖodzikpe sia ŋu le ƒe 1765 me la, menya kura be blemadu Thamugadi, si nye du gãtɔ kekeake si Romatɔwo tso kpɔ le Dziehe Afrika la ƒe glikpowo dzie ma yele tsitre ɖo o. Woyɔa du sia fifia be Timgad.

Le ƒe 1881 si nye ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ megbe la, Franseawo ƒe blemadudowo kulawo dze Timgad ƒe glikpo siwo tsi anyi la kuku gɔme. Woƒo nya ta be togbɔ be afi sia nye gbedadaƒo, eye agbenɔnɔ le nuto sia me sesẽ hã la, ame siwo nɔ afi sia kpɔ la nɔ dzidzemegbe kple agbe kɔkɔ. Gake nu kae na Romatɔwo va tso du si me nuwo de ame dzi le alea gbegbe la ɖe nuto sia me? Eye nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso blemadu sia kple emenɔlawo ŋu?

DUNYAHEHE ƑE SUSUE LE MEGBE NƐ

Esi Romatɔwo keke woƒe dziɖuƒewo ɖe enu va ɖo Dziehe Afrika le ƒe alafa gbãtɔwo me Do Ŋgɔ Na Yesu la, nutoa me tɔ aɖewo siwo ʋuna tso teƒe yi teƒe la tso ɖe wo ŋu ŋkubiãtɔe. Aleke Romatɔwo awɔ be ŋutifafa nanɔ wo kple ame siawo dome? Gbã la, Augustan Ƒe Aʋalɔgo Etɔ̃lia tso asrafonɔƒewo kple dzɔlawonɔƒe sesẽ geɖewo ɖe tonuto gã si woyɔna fifia be dziehe Algeria la me. Emegbe wova tso Timgad-dua, gake taɖodzinu bubu kurae le megbe na du sia tsotso.

Susu si Romatɔwo de agbalẽ me ɖe du sia tsotso ŋue nye be wòanye asrafo siwo xɔ dzudzɔ le dɔme la nɔƒe, gake susu si nɔ megbe nɛ ŋutɔŋutɔe nye be woato edzi atsi nutoa me tɔwo ƒe tsitretsiɖeŋua nu. Woƒe tameɖoɖoa dze edzi. Eteƒe medidi kura o Timgad ƒe agbe kɔkɔ nɔnɔa va nɔ nutoa me tɔ siwo va nɔ woƒe adzɔnuwo dzram le dua me la dzrom. Esi wo dometɔ geɖewo di be woaɖe mɔ na yewo yewoanɔ Timgad-dua me ta la, wolɔ̃ be yewoage ɖe Romatɔwo ƒe asrafodɔ me ahanɔ eme ƒe 25 ale be woabu yewo Roma-dukɔmeviwoe, elabena Romatɔwo koe ate ŋu anɔ Timgad-dua me.

Esi dumevinyenye ƒe gomenɔamesi sia mesu na wo o ta la, Afrikatɔ siawo dometɔ aɖewo va nɔ ɖoƒe gãwo le Timgad alo le Romatɔwo ƒe dziɖuƒe bubuawo me mlɔeba. Romatɔwo ƒe agbagbadzedze be nutoa me tɔwo nanɔ ŋutifafa me kpli yewo la kpɔ dzidzedze ale gbegbe be le ƒe 50 pɛ ko me la, Timgad-dua me nɔlawo ƒe akpa gãtɔ va nye Dziehe Afrikatɔwo.

ALE SI ROMATƆWO FI NUTOA ME TƆWO ƑE DZI

Asixɔ siwo ŋu wotu agbadɔ legbe kple sue dzeaniwo ɖo

Aleke Romatɔwo wɔ fi nutoa me tɔwo ƒe dzi kaba nenema gbegbe? Gbã la, dziɖuɖumegã  Cicero wɔ ɖoɖo be woama nuwo sɔsɔminasɔe le dua me nɔlawo katã dome. Woma anyigbawo sɔsɔe na Roma-srafo siwo xɔ dzudzɔ kple Afrikatɔ siwo le dua me. Wotso dua ɖe ɖoɖo nyuie nu, aƒewo ƒe lolome nye meta 20 le akpa sia akpa, eye woɖe mɔ to wo dome nyuie. Ðikeke mele eme o be ale si wotso dua ɖe ɖoɖo nu kple sɔsɔminasɔe ƒe ɖoɖoa dze dua me tɔwo ŋu ale gbegbe.

Dua me tɔwo tea ŋu ƒoa ƒu ɖe takpeƒewo le asigbewo be yewoase nyadzɔdzɔ yeyewo alo awɔ fefewo. Tonuto siwo me xɔa dzo siwo te ɖe wo ŋu me nɔlawo mesusui kpɔ gbeɖe be gbe ɖeka xɔŋugbadɔwo ava xɔ na yewo tso ŋdɔkutsu dzatsɛ si me o. Alo be yewoava ɖi ɖe eme ahale tsi le tsiƒuƒe gbogbo siwo wotu ɖe dua ƒe teƒeteƒewo ahanɔ tsia ƒe sisi ŋkɔ sem o. Womexɔa ga ɖe tsiƒuƒe siawo ta o. Wotea ŋu nɔa anyi ɖe tsidzidziwo to nɔa dze ɖom kple wo xɔlɔ̃wo. Nu siawo katã nɔ ko abe drɔ̃eƒe nya aɖe na wo ene.

Yɔdodzikpewo aɖe si woɖo atsyɔ̃ na kple Romatɔwo ƒe mawuɖekaetɔ̃ kple nutoa me tɔwo ƒe mawuwo ƒe nɔnɔmetatawo

Dogbadzifefewɔƒe hã nye mɔnu aɖe si dzi woto fi dukɔa ƒe dzi. Ame 3,500 kple edzivɔwoe ate ŋu anɔ teƒea zi ɖeka. Amehawo lɔna bibibi tso Timgad-dua kple du siwo ƒo xlãe me vaa fefewɔƒea. Fefewɔlawo wɔa fefe dzakaɖa siwo doa dzidzɔ na Romatɔwo; esiwo me wowɔa agbe gbegblẽ kple ŋutasẽ nuwɔnawo le.

Woto Roma-subɔsubɔ hã dzi ble dukɔa nu. Wotsɔ kpe suesuewo alo atukpa siwo le amadede vovovowo me wɔ trɔ̃subɔlawo ƒe xotutu ŋuti nɔnɔmetatawo ɖe tsiƒuƒewo ƒe anyigba kple gliwo ŋu. Esi wònye be ame geɖewo yia tsiƒuƒeawo gbe sia gbe ta la, dua me nɔlawo va nɔ Roma-mawuwo dzi xɔm se eye wonɔ wo ɖokuiwo ƒom ɖe woƒe subɔsubɔwo me vivivi. Esi wodi be Romatɔwo kple Afrikatɔwo nawɔ nu ɖekae ta la, woƒe tameɖoɖoa dze edzi ale gbegbe be nutoa me tɔwo va ɖoa atsyɔ̃e na woƒe yɔdodzikpewo kple mawuɖekaetɔ̃ ƒe nɔnɔmetata siwo nyea nutoa me tɔwo kple Roma-mawuwo ƒe nɔnɔmetatawo.

DU DZEANI LA NU YI KEŊKEŊ

Esi Fiagã Trajan tso du sia le ƒe 100 Kristotɔwo Ŋɔli me la, Romatɔwo de dzi ƒo na Dziehe Afrikatɔwo be woade nukugblewo, woaɖa amititsetsemi eye woafia wain. Eteƒe medidi o, Dziehe Afrika va zu nukuƒleƒe eye afi siae Romatɔwo kpɔa nuɖuɖu le na woƒe fiaɖuƒe bliboa. Nu dze edzi na Timgad-dua me nɔlawo le Roma ƒe dziɖuɖua te abe woƒe dziɖuƒe bubuawo ke ene. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, amewo nɔ agbɔ sɔm ɖe Timgad-dua me, ale du la va lolo gbɔ eƒe liƒo siwo ŋu woɖo gli sesẽwo ɖo la dzi.

Nu dze edzi na dua me nɔlawo kple anyigbatɔwo le esi wotsaa asi kple Romatɔwo ta, gake viɖe sue aɖe ko nutoa me gbledelawo ya kpɔna. Le ƒe alafa etɔ̃lia le Kristotɔwo Ŋɔli la, wova nɔ nu madzɔmadzɔ wɔm ɖe amewo ŋu eye woxɔa adzɔ gãwo le agbledela suesuewo si, esia wɔe be wodze aglã. Wo dometɔ siwo va zu Katolikotɔwo gɔ̃ hã va ge ɖe Donatustɔwo dome. Donatustɔwo nye ƒuƒoƒo aɖe si gblɔna be Kristotɔwoe yewonye, eye wotso ɖe nu fitifiti wɔwɔ si nɔ edzi yim le Katolikohaa me ŋu.—Kpɔ aɖaka si nye “ Donatustɔwo Menye Sɔlemeha ‘Vavã O.’

Le ƒe alafa aɖewo megbe la, mawusubɔsubɔ me dzrewo, dukɔmeviʋa kple ŋutasẽnuwɔlawo ƒe amedzidzedze wɔe be Roma megava kpɔ ŋusẽ ɖe  Dziehe Afrikatɔwo dzi o. Le ƒe alafa adelia le Kristotɔwo Ŋɔli la, Arabtɔ siwo nɔ nutoa me la tɔ dzo Timgad ale du blibo la fiã eye enu yi keŋkeŋ hena ƒe 1,000 sɔŋ.

“AGBEA KATÃ KOE NYE ESIA!”

Latingbe me nuŋɔŋlɔ si wokpɔ le takpeƒe aɖe xlẽ be: “Adedada, tsilele, fefe, nukokoe—Agbea katã koe nye esia!”

Latingbe me nuŋɔŋlɔ aɖe si ŋu blemadudowo kulawo ke ɖo le Timgad ƒe takpeƒe la ɖi kokoe na wo. Nuŋɔŋlɔa xlẽ be: “Adedada, tsilele, fefe, nukokoe—Agbea katã koe nye esia!” Franseawo ƒe blemaŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ be nya mawo “he susu yi agbenɔnɔ aɖe si me nu gãgãwo yome titi fũu medze le o dzi, gake ame aɖewo abui be nya ɣaɣla aɖe le nya mawo me godoo.”

Le nyateƒe me la, alea Romatɔ nɔ agbeae hena ɣeyiɣi aɖe. Kristotɔ apostolo Paul si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ƒo nu tso ale si ame aɖewo nɔa agbeae ŋu ale, “Mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.” Togbɔ be mawusubɔlawoe Romatɔwo nye hã la, wonɔa agbe ɖe egbe ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ko ŋu, eye womebua tame tso taɖodzinu si ta wowɔ amegbetɔ ɖo kple susu si ta míele agbe ɖo ŋu boo o. Paul xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be woakpɔ wo ɖokuiwo dzi le ame mawo ŋu esi wògblɔ be: “Migana woakplɔ mi atrae o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 Korintotɔwo 15:32, 33.

Togbɔ be Timgad nɔlawo nɔ agbe ƒe 1,500 aɖewoe nye esi va yi hã la, amewo ƒe susu le agbenɔnɔ ŋu egbea metrɔ boo tso wo tɔ gbɔ o. Egbekpɔ-egbeneɖu ƒe agbe koe amewo ganɔna egbea. Le woƒe susu nu la, ale si Romatɔwo nɔa agbeae nye nyuitɔ eye womebua nu si ado tso eme la ŋu o. Gake Biblia ya gblɔe eme kɔ ƒãa eye wòsɔ nyuie be: “Xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.” Eya ta exlɔ̃ nu mí be míaganɔ “eŋuti dɔ wɔm bliboe o.”1 Korintotɔwo 7:31.

Timgad ƒe glikpo nye kpeɖodzi na mí be dzidzɔkpɔkpɔ kple agbe vavãtɔ menɔ te ɖe wɔwɔ ɖe nuŋɔŋlɔ ma si ŋu woke ɖo le Timgad ƒe takpeƒea la me nyawo dzi o. Nuŋɔŋlɔ siawo bu ɖe Dziehe Afrika ƒe kewo me ƒe geɖewoe nye esia. Ke boŋ agbe vavãtɔ nɔ te ɖe toɖoɖo nya si Biblia gblɔ be, “Xexea nu va yina, nenema kee nye eƒe nudzodzro la hã, ke ame si wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la nɔa anyi yi mavɔmavɔ me,”la dzi.1 Yohanes 2:17.