Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae woŋea nu vlo wɔla siwo woklã ɖe ati ŋu la ƒe afɔwo?

Nyanyuigbalẽawo gblɔ tso Yesu kple nu vlo wɔla eve siwo woklã ɖe ati ŋu la ŋu be: “Yudatɔwo bia Pilato be wòana woaŋe woƒe afɔwo, eye woaɖe woƒe kukuawo adzoe.”Yohanes 19:31.

Le se si Mawu de na Yudatɔwo nu la, ne wowu nu vlo wɔla aɖe eye wohe eƒe ŋutilã kukua ɖe ati ŋu la, ‘mele be woagblẽ eƒe kukua ɖi ŋu nake ɖe edzi o.’ (5 Mose 21:22, 23) Edze abe Yudatɔwo wɔ se sia ke ŋu dɔ le ame siwo Romatɔwo klã ɖe ati ŋu la gome ene. Eya ta le go sia me la, afɔŋeŋe na wo ana woaku kaba ale be woaɖi wo hafi Sabat la nadze egɔme le ɣeɖoto.

Ne wole ame si wotso kufia na la wu ge alea la, zi geɖe la, wotsɔa gatagbadzɛwo klãa eƒe asiwo kple afɔwo ɖe atia ŋu. Ne wofɔ atia ɖe tsitrenu la, amea ƒe kpekpeme katã nɔa gatagbadzɛawo dzi eye wòsea veve helĩhelĩ. Hafi amea nate ŋu agbɔ le nɔnɔme ma me la, ele be wòahe eƒe afɔkawo me ate ɖe gatagbadzɛ siwo woƒo ɖe eƒe afɔwo me la dzi. Gake ne woŋe eƒe afɔwo la, ekema asesẽ nɛ be wòagbɔ. Esia wɔnɛ be amea kuna kaba, le gbɔgbɔtsixe si tsi eƒo ta loo alo le nu vevi si wowɔe la ta.

Aleke wozã akafo le aʋawɔwɔ me le blema?

Aʋawɔnu si David zã tsɔ wu ame dzɔtsu Goliat lae woyɔna be akafo. Edze abe ƒe siwo me David nye alẽkplɔvi la mee wòsrɔ̃ aʋawɔnu sia zazã ene.1 Samuel 17:40-50.

Asiriatɔwo ƒe akafodala siwo le Yudatɔwo ƒe du sesẽ aɖe dzi dzem ƒe nɔnɔmetata si woɖe ɖe gli ŋu

Akafo dze le Egiptetɔwo kple Asiriatɔ siwo nɔ anyi le Biblia ŋlɔɣiwo la ƒe nutatawo me. Aʋawɔnu sia nye avɔ alo lãgbalẽ sue aɖe si ƒe go eveawo dzi wotsi ka ɖo. Akafodalaa tsɔa kpe zɔzrɔ̃e alo kpe goɖoe si ƒe lolome anɔ abe aŋuti sue ene, si ƒe kpekpeme ade gram 250 la dea akafoa ƒe avɔa alo lãgbalẽa me. Emegbe atro akafoa le yame sesĩe ahaɖe asi le kaawo dometɔ ɖeka ŋu, eye kpea ado kple ŋusẽ ahaɖo ta nu si dzi wòdzidzee ɖo la gbɔ tututu.

Esi woku blema duwo nɔƒewo le Titina Ɣedzeƒe nutowo me la, woke ɖe akafokpe gbogbo aɖewo siwo wozã le aʋawɔwɔ me le blema la ŋu. Aʋawɔla bibiwo ate ŋu ada akafokpe wòalũ ʋɔ sesĩe abe kilometa 160 va ɖo 240 le gaƒoƒo ɖeka me ene. Numekulawo ƒe nu mesɔ nenye be akafokpe tea ŋu dea didiƒe abe dati ene o, ke hã akafokpe hã tea ŋu wua ame abe dati ke ene.Ʋɔnudrɔ̃lawo 20:16.