• ƑE SI ME WODZII: 1974

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: LATVIA

  • AME SI WÒNYE TSÃ: DZOKEKEDODO ƑE DUÐIMEKELA

NYE ŊUTINYA:

Wodzim le Riga, si nye Latvia ƒe fiadu la me. Mía dada ɖeka koe kpɔ mía kple nɔvinyenyɔnu dzi míetsi. Togbɔ be Dada nye Katolikotɔ hã la, ŋkekenyuiwo dzi koe míedea sɔleme. Tso nye ɖevime ke la, mexɔe se be ŋusẽtɔ aɖe si tri akɔ wu mí la li, gake susuhenu geɖewo wɔe be nyemekpɔ vovo ɖe mawusubɔsubɔ ŋu o.

Esi menɔ tsitsim la, danye de dzesii be melɔ̃a aɖaŋunuwo ƒe ŋutinuwo ɖeɖe ɖekaɖeka hegbugbɔa wo tsyana. Esi aɖaŋunu geɖe siwo mate ŋu akaka la nɔ aƒea me ta la, evɔ̃na be yeagblẽ nye ɖeka ɖe aƒea me. Eya ta eƒle gafefenu aɖe si wotea ŋu kakana ɖekaɖeka gatsyana la nam, eye fefenu ma doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Dzokekedodo hã doa dzidzɔ nam nenema ke. Danye va ŋlɔ nye ŋkɔ ɖe dzokeke ƒe duɖimekelawo ƒe ha aɖe si woyɔna be Zelta Mopēds (Sikadzokeke) la me. Meva te gomekpɔkpɔ le dzokeke suewo dodo ƒe duɖimekeke me, eye emegbe la, meva doa dzokeke gãwo tsɔ kea duɖime.

Mesrɔ̃a nu yeyewo kaba, eye eteƒe medidi hafi meva bi ɖe duɖimekeke sia si me afɔku le la me o. Meɖu dzi zi etɔ̃ le Latvia ƒe dzokekedodo ƒe duɖimekeke vovovowo me, eye meɖu dzi zi eve le Baltik Dukɔwo Ƒe Dzokekedodo Ƒe Duɖimekekea hã me.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Ɣeyiɣi si me menɔ dzidzedze kpɔm nyuie le nye agbemedɔ sia mee nye ahiãvi Evija (si va zu srɔ̃nye emegbe la) do go Yehowa Ðasefowo.Eke ɖe woƒe agbalẽwo dometɔ aɖewo ŋu, eye agbalẽvi si amewo kpena ɖo tsɔ biana be woava srɔ̃ Biblia kpli yewo la le wo me. Ekpe agbalẽvia ɖo, eye wòɖoe ɖa to posu dzi. Eteƒe medidi o, Ðasefo eve va srãe kpɔ, eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii. Ema meɖe fu nam o, gake ɣemaɣi la, nyemetsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me ale o.

Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Ðasefoawo kpem be nye hã mate ŋu ava nɔ anyi asrɔ̃ Biblia ɖekae kple Evija. Melɔ̃ ɖe edzi, eye  nya siwo mese la do dzidzɔ nam ŋutɔ. Nya si wɔ dɔ ɖe dzinye vevie lae nye anyigba dzi paradiso ƒe ŋugbedodo si le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, wona mexlẽ nya si le Psalmo 37:10, 11; afi ma gblɔ be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Ŋugbedodo ma do dzidzɔ nam ale gbegbe.

Didi si nɔ menye ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu la nɔ dzidzim ɖe edzi. Meva de dzesi subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafia geɖewo. Gake Biblia ƒe nufiafiawo ya wɔ dɔ ɖe dzinye, elabena susu le wo me eye wo me kɔ hã.

Esi meyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi la, meva kpɔ ale si gbegbe Yehowa dea asixɔxɔ agbe ŋui kple ale si gbegbe wòle vevie nɛ. (Psalmo 36:10) Esia wɔe be nyemedi be magakpɔ gome le dzokekedodo ƒe duɖimekekea me azɔ o. Le esia teƒe la, medi be mazã nye agbe atsɔ awɔ nu si ahe ŋutikɔkɔe avɛ na Yehowa. Eya ta ŋkɔxɔxɔ, kafukafu kple vivisese si mekpɔna tso dzokekedodo ƒe duɖimekekea me la megaɖi naneke nam o.

Mekpɔe be mabu akɔnta na Yehowa, Agbenala la, ɖe ale si mezã nye agbee ta

Le ƒe 1996 me la, mede Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe aɖe le Tallinn, Estonia, afi si medidi tso fefewɔƒe si menɔa hoa ʋlim le edziedzi tsã la gbɔ o. Le takpekpea me la, mekpɔ ame siwo tso dukɔ vovovowo me wole ha dem kple wo nɔewo le ŋutifafa me. Le kpɔɖeŋu me, esi Ðasefoawo dometɔ ɖeka ƒe gakotoku bu la, mesusu be megale ekpɔ ge gbeɖe o. Gake eteƒe medidi o, Ðasefo aɖe ke ɖe gakotokua ŋu hegbugbɔe vɛ nɛ eye naneke hã mebu le eme o. Ewɔ nuku nam ŋutɔ! Esia na mekpɔe be Ðasefowo nɔa agbe ɖe Biblia me dzidzenu kɔkɔwo nu vavã. Mía kple Evija míeyi míaƒe Biblia sɔsrɔ̃a dzi, eye le ƒe 1997 me la, míexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Xɔ̃nye aɖewo ku le dzokeke ƒe duɖimekeke sesĩ la me. Biblia sɔsrɔ̃ na mekpɔe be mabu akɔnta na Yehowa, Agbenala la, ɖe ale si mezã nye agbee ta. Anɔ eme be esia nyanyae na megale agbe egbea.

Mɔnukpɔkpɔ su mía kple Evija si míetsɔ mía ɖokui na faa hewɔ subɔsubɔdɔ ƒe ene le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Riga. Fifia, míele dzidzɔ kpɔm le mía vinyɔnuvi Alise dzi kpɔkpɔ me, eye míele kpekpem ɖe eŋu be wòatsi ava lɔ̃ Yehowa. Mɔnukpɔkpɔ su asinye hã be meyia gbegɔmeɖedɔwɔƒea zi ɖeka le kwasiɖa me ɖadzraa ʋuwo kple nu bubu siwo gblẽ la ɖo. Edoa dzidzɔ nam ŋutɔ be mele aɖaŋu siwo mesrɔ̃ tso nye ɖevime ke la ŋu dɔ wɔm nyuie! Ɛ̃, megaɖea nuwo ƒe ŋutinuwo ɖekaɖeka hegbugbɔ gatsyaa wo kokoko.

Nu siwo mesrɔ̃ le Biblia me la wɔe be mía kple nye ƒomea míetea ŋu ɖia ɖase tso Mawu vavã ɖeka kolia la ŋu ɖekae, eye mekpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ sia ŋu ŋutɔ. Vavãe, anyigba dzi paradiso ƒe ŋugbedodoa trɔ nye agbenɔnɔ!