Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 TE ÐE MAWU ŊU

Yehowa “Mekpɔa Ame Ŋkume O”

Yehowa “Mekpɔa Ame Ŋkume O”

Ðe wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe ŋuwò le ameŋkumekpɔkpɔ ta kpɔa? Ðe wogbe dɔ alo nane si nèbia la wɔwɔ na wò alo do vlo wò le mɔ bubu aɖe nu le wò ŋutigbalẽ ƒe vovototo, to si me tɔ nènye, alo ɖoƒe si nèle ta kpɔa? Ne nenemae la, ke menye wò ɖekae o. Gake nya nyui aɖee nye esi: Bubumademade ame ŋu ƒe nuwɔna mawo bɔ le anyigba dzi gake nu mawo ƒe ɖeke mele dziƒo o. Kristotɔ apostolo Petro gblɔ kple kakaɖedzi blibo be “Mawu mekpɔa ame ŋkume o.”—Xlẽ Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Afi si womakpɔ mɔ kura be Petro nagblɔ nya ma le o lae wògblɔe le—egblɔe le Kornelio, si menye Yudatɔ o la, ƒeme. Petro, si nye Yuda vidzidzi, la nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Yudatɔwo bua ame siwo menye Yudatɔwo o la ame makɔmakɔwo eye be mesɔ be woade ha kpli wo le mɔ aɖeke nu o la me. Ke nu ka tae Petro yi Kornelio ƒeme ɖo? Kpuie ko la, Yehowa Mawue wɔ ɖoɖo ɖe woƒe gododoa ŋu. Mawu na Petro kpɔ ŋutega aɖe si me wògblɔ nɛ le be: “Dzudzɔ nu siwo ŋuti Mawu kɔ la yɔyɔ be nu makɔmakɔ.” Le Petro ƒe manyamanya me la, le ŋkeke si do ŋgɔ dzi la, Kornelio hã kpɔ ŋutega aɖe si me mawudɔla aɖe gblɔ nɛ le be wòadɔ woaɖayɔ Petro vɛ. (Dɔwɔwɔwo 10:1-15) Esi Petro kpɔe dze sii be Yehowa ƒe asi le nyaa me ta la, mete ŋu gbe nu si wòkpɔ la gbɔgblɔ o.

Petro gblɔ be: “Vavãe, mekpɔe dze sii be Mawu mekpɔa ame ŋkume o.” (Dɔwɔwɔwo 10:34) Agbalẽnyala aɖe ɖe nya sia me be: “Nya la fia ʋɔnudrɔ̃la aɖe si kpɔa ame ŋkume ko tsoa afia si menɔa te ɖe ame si tɔ dzɔ la dzi o, ke boŋ ɖe ale si amea ƒe nu nyo eŋu alo menyo eŋu o la dzi.” Mawu mekpɔa ame ŋkume alo dea ame dzi le ŋutigbalẽ ƒe vovototo, dukɔ si me amea tso, ɖoƒe si wòle, alo gotagomenu bubu aɖeke ta o.

Nu si le míaƒe dzi me boŋue Yehowa kpɔna. (1 Samuel 16:7; Lododowo 21:2) Eyome Petro gblɔ be: “Le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eyae dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:35) Mawu vɔvɔ̃ fia be woade bubu eŋu, aka ɖe edzi, eye woaƒo asa na nu sia nu si ado dziku nɛ la wɔwɔ. Nu dzɔdzɔe wɔwɔ bia be woalɔ̃ faa anɔ nu si le eteƒe le Mawu ŋkume la wɔm. Ne ame aɖe vɔ̃a Yehowa tso dzi me ke eye esia ʋãnɛ wòwɔa nu dzɔdzɔe la, Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu.—5 Mose 10:12, 13.

Ne Yehowa kpɔ anyigba tso enɔƒe le dziƒo la, ƒome ɖeka, si nye amegbetɔƒome bliboa, ko wòkpɔna

Ne wowɔ nu madzɔmadzɔ alo bu nazã ɖe ŋuwò kpɔ la, ke susu nyui aɖe li si tae wòle be nya si Petro gblɔ tso Mawu ŋu la nade dzi ƒo na wò ɖo. Yehowa le dukɔwo katã me tɔwo hem va tadedeagu vavãtɔ me. (Yohanes 6:44; Dɔwɔwɔwo 17:26, 27) Yehowa sea esubɔlawo ƒe gbedodoɖawo, eɖanye ŋutigbalẽ ka kee le wo ŋu, dukɔ ka ke mee wotso alo ɖoƒe ka kee woɖale o, eye wòwɔa woƒe biabiawo dzi na wo. (1 Fiawo 8:41-43) Míate ŋu aka ɖe edzi be ne Yehowa kpɔ anyigba tso enɔƒe le dziƒo la, ƒome ɖeka, si nye amegbetɔƒome bliboa, ko wòkpɔna. Ðe nya sia gɔme sese meʋã wò nèdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu sia si mekpɔa ame ŋkume o la ŋu oa?

Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le June me

Yohanes 17-21–Dɔwɔwɔwo1-10