Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 Exlẽlawo Bia Be . . .

Srɔ̃ɖeɖee Ana Ame Nakpɔ Dzidzɔ Le Agbe Mea?

Srɔ̃ɖeɖee Ana Ame Nakpɔ Dzidzɔ Le Agbe Mea?

Le Biblia ƒe nufiafia nu la, ɖe wòle be nàɖe srɔ̃ kokoko hafi akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe mea? Gbã la, adze abe ɖe Mawu ƒe Nya la da asi ɖe susu ma dzi ene. Le mɔ ka nu?

Wogblɔ le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me be Mawu kpɔe be “menyo” be ame gbãtɔ Adam natsi akogo o. Eya ta Mawu wɔ Xawa be wòanye kpeɖeŋutɔ si “asɔ ɖe eŋu” na Adam. (1 Mose 2:18) Nyagbe ‘sɔ ɖe eŋu’ fia nu si ana nane nanɔ blibo. Le esia ta, ame aɖe ate ŋu aƒo nya ta be ele be ame naɖe srɔ̃ kokoko hafi wòanɔ blibo. Gawu la, Biblia me ŋutinya aɖewo na wòdze kɔtɛ be srɔ̃ɖeɖe tea ŋu hea yayra kple dzidzɔ vanɛ. Ŋutinya si ku ɖe Rut ŋu la nye esia ƒe kpɔɖeŋu.

Ke hã, ɖe ŋutinya mawo le mía fiam be egbea la, ele be Kristotɔwo naɖe srɔ̃ ahadzi viwo kokoko hafi akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme, alo anɔ bliboa? Ao, mate ŋu afia nenema o. Ame si nɔ blibo, eye wòkpɔ dzidzeme le agbe me wu lae nye Yesu Kristo. Ke hã, enye tre va de asi na eƒe kugbe. Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ,” eye nɔnɔme sia ɖe dzesi le Yesu, si nye nunyala gãtɔ si nɔ anyigba dzi kpɔ la ŋu. (1 Timoteo 1:11; Yohanes 14:9) Yesu gblɔ nu siwo ana ame nakpɔ dzidzɔ, alo yayra le xexe sia me. (Mateo 5:1-12) Meyɔ srɔ̃ɖeɖe kpe ɖe nu siwo ana ame nakpɔ dzidzɔ la ŋu o.

Ekema ɖe wòfia be Biblia me nya aɖewo tsi tre ɖe bubuwo ŋu le nya sia gomea? Ao. Ele be míade ŋugble le tameɖoɖo si tae Yehowa ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi ɖo la ŋu. Tsɔ kpe ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ kplikplikpli, dzidzɔ kple dzidzeme si Mawu ɖo be wòanɔ srɔ̃ɖeɖe me ŋuti la, srɔ̃ɖeɖe gawɔ akpa vevi aɖe hã le Mawu ƒe tameɖoɖo aɖewo me vava me. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ƒe tameɖoɖoe nye be Adam kple Xawa ‘nadzi, ne woasɔ gbɔ, eye woayɔ anyigba la dzi.’ (1 Mose 1:28) Adam alo Xawa ɖeɖe dzaa mate ŋu ana Mawu ƒe tameɖoɖo sia nava eme nɔvia manɔmee o. Ke boŋ wo ame evea siaa hiã na wo nɔewo, eye wosɔ na wo nɔewo le go vevi sia me.

Nenema kee tameɖoɖo tɔxɛ aɖewo nɔ Yehowa si ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple ƒome ɖoɖo anyi ŋu le eƒe nuwɔwɔ kple anyigba dzi dukɔ si nye Israel me. Edi be yeƒe dukɔ la me tɔwo nasɔ gbɔ, ale be futɔwo nagakpe wo dzi o. Eɖoe hã be Mesia la, si ava ɖe nuteƒewɔlawo tso nu vɔ̃ kple ku si me la, nado tso Yuda-toa me. (1 Mose 49:10) Eya ta Israel nyɔnu nuteƒewɔlawo bua srɔ̃ɖeɖe kple vidzidzi be enye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ, eye wònyea ŋukpe kple nuxaxa na wo ne srɔ̃ kple viwo mele wo si o.

Ke egbea ya ɖe? Ðe se si Mawu de le gɔmedzedzea me be ‘woadzi ayɔ anyigba dzi’ la fia be wobia tso Kristotɔ siwo li fifia le anyigba sia si dzi amegbetɔwo sɔ gbɔ ɖo kpaŋkpaŋ la si be woaɖe srɔ̃ adzi viwoa? Ao. (Mateo 19:10-12) Eye megahiã hã be Mawu nakpɔ dzidzime si me Mesia la ado tso alo dukɔ si me woadzi Xɔla ma le la ta o. Ekema aleke wòle be Kristotɔwo nabu srɔ̃ɖeɖe kple trenyenye?

Le nyateƒe me la, míate ŋu agblɔ tso srɔ̃ɖeɖe kple trenyenye ŋu be wonye nunana tso Mawu gbɔ. Abe ale si nènyae ene la, nunana si sɔ nyuie na ame aɖe la masɔ na ame bubu o. Srɔ̃ɖeɖe nye ɖoɖo kɔkɔe si me atsu kple asi tea ŋu ɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo henɔa kplikplikpli le, eye wòsɔ nyuie na ƒome ɖoɖo anyi. Azɔ hã, Biblia na míenya be ame siwo aɖe srɔ̃ le nuɖoanyi madeblibo sia me la “akpɔ xaxa le ŋutilã me,” si fia be woado go kuxiwo. Ku ɖe trenyenye ŋu la, Yehowa mebunɛ be enye ŋukpe alo nu si ta woaxa nu ɖo o. Ke boŋ eƒe Nyaa gblɔ be viɖe aɖewo koŋ le trenyenye me siwo mele srɔ̃ɖeɖe me o.—1 Korintotɔwo 7:28, 32-35.

Eya ta Biblia da sɔ le nu si wògblɔ tso srɔ̃ɖeɖe kple trenyenye ŋu la me. Yehowa, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe kple ƒome gɔme anyi la, di be ye subɔlawo katã nakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme, woɖanye trewo alo srɔ̃tɔwo o.