Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  November 2015

Mla Viwò Be Wòasubɔ Yehowa

Mla Viwò Be Wòasubɔ Yehowa

“Na Mawu vavã la ƒe ame . . . la nagava mía gbɔ ake, ne wòafia nu si míawɔ na ɖevi si woadzi la mí.”—ƲƆNUDRƆ̃LAWO 13:8.

HADZIDZI: 88, 120

1. Nu kae Manoa wɔ esi wòse be srɔ̃a gbɔna vi dzi ge nɛ?

MANOA kple srɔ̃a nyae nyuie be yewomagate ŋu adzi vi o. Gake gbe ɖeka la, Yehowa ƒe dɔla aɖe gblɔ na Manoa srɔ̃ be adzi ŋutsuvi. Nya sia wɔ nuku nɛ ale gbegbe! Esi nyɔnua gblɔ nyaa na srɔ̃a la, dzi dzɔe ŋutɔ. Gake ŋutsua bu nu si Yehowa adi tso esi abe vifofo ene hã ŋu vevie. Aleke eya kple srɔ̃a awɔ ahe wo via be wòalɔ̃ Yehowa ahasubɔe esime Israel-vi akpa gãtɔ nɔ nu baɖabaɖawo wɔm? Eya ta Manoa ɖe kuku na Yehowa be wòagadɔ eƒe dɔlaa ɖa ake, egblɔ be: “Taflatsɛ na Mawu vavã la ƒe ame si nèdɔ ɖa fifi laa la nagava mía gbɔ ake, ne wòafia nu si míawɔ na ɖevi si woadzi la mí.”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:1-8.

2. Nu kae wòle be nàfia viwò, eye aleke nàte ŋu awɔ esia? (Kpɔ aɖaka si nye “ Viwòe Nye Wò Biblia Nusrɔ̃vi Vevitɔ” hã.)

2 Ne dzilae nènye la, anɔ eme be àse Manoa ƒe seselelãmea gɔme. Agba le wò hã dziwò be nàkpe ɖe viwò ŋu be wòanya Yehowa ahalɔ̃e. (Lododowo 1:8) Àte ŋu akpe ɖe viwòa ŋu le miaƒe ƒometadedeagu me be wòayi edzi asrɔ̃  nu tso Yehowa kple eƒe Nya Biblia la ŋu. Ke hã ehiã be nàwɔ geɖe wu Biblia sɔsrɔ̃ kple viwòa kwasiɖa sia kwasiɖa ko. (Xlẽ 5 Mose 6:6-9.) Nu bubu kawo hãe nàgate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ɖevia ŋu be wòalɔ̃ Yehowa ahasubɔe? Le nyati sia me la, míadzro kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi me. Togbɔ be medzi vi kpɔ o hã la, àte ŋu asrɔ̃ nu tso ale si wòfia nu eƒe nusrɔ̃lawo hena hehe woe me. Yesu lɔ̃ wo eye wòbɔbɔ eɖokui. Gɔmesese deto nɔ esi, si fia be ese woƒe nɔnɔmewo gɔme nyuie henya ale si wòakpe ɖe wo ŋu. Azɔ na míakpɔ ale si míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋua.

LƆ̃ VIWÒA

3. Aleke nusrɔ̃lawo wɔ nya be Yesu lɔ̃ yewo?

3 Yesu gblɔna na eƒe nusrɔ̃lawo enuenu be yelɔ̃ wo. (Xlẽ Yohanes 15:9.) Ekpɔa vovo hã ɖe wo ŋu. (Marko 6:31, 32; Yohanes 2:2; 21:12, 13) Menye woƒe nufiala koe wònye o, ke enye wo xɔlɔ̃ hã. Eya ta nusrɔ̃laawo ka ɖe edzi bliboe be Yesu lɔ̃ yewo vevie. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Yesu gbɔ?

4. Aleke nàɖee afia viwòa be yelɔ̃e? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Gblɔ na viwòa be yelɔ̃e, eye nàɖee afiae be ele vevie na ye. (Lododowo 4:3; Tito 2:4) Samuel, si le Australia, gblɔ be: “Esi menye ɖevi dzaa ko la, Papa xlẽa Nye Agbalẽ si Nye Biblia Ŋutinyawo nam fiẽ sia fiẽ. Eɖoa nye biabiawo ŋu, wɔa atuu nam, eye wògbugbɔa nu nam hafi memlɔa anyi. Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi meva nyae emegbe be menye ƒome si me dzilawo wɔa atuu na wo viwo hegbugbɔa nu na wo mee Papa nɔ tsi o! Gake edze agbagba ɖe sia ɖe be yeaɖe lɔlɔ̃ afiam. Esia wɔe be tsi metoa nye kplii dome o, nye dzi dzea eme  eye mesena le ɖokuinye me be mele dedie.” Eya ta wò hã gblɔ na viwò edziedzi be, “Melɔ̃ wò,” ale be eya hã nase le eɖokui me nenema. Wɔ atuu nɛ nàgbugbɔ nu nɛ. Kpɔ vovo ɖe eŋu nàɖo dze kplii, ɖu nu kplii, eye nàfe fe kplii.

5, 6. (a) Nu kae Yesu wɔ le esi wòlɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo ta? (b) Aleke wòle be nàhe to na viwò?

5 Yesu gblɔ be: “Ame siwo katã gbɔ nyemelɔ̃a nu le o la, mekaa mo na wo, eye mehea to na wo.” * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Nyaɖeɖefia 3:19) Le kpɔɖeŋu me, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nɔa nya ʋlim kple wo nɔewo enuenu le ame si nye gãtɔ ŋu. Yesu meŋe aɖaba ƒu kuxi sia dzi o. Ke boŋ egbɔ dzi ɖi ƒo nu na wo zi geɖe. Gake efa tu eye wòdia ɣeyiɣi kple teƒe si sɔ hafi gbea nya na wo.—Marko 9:33-37.

Di ɣeyiɣi kple teƒe si sɔ ne èdi be yeagbe nya na ye via, eye nàwɔe tufafatɔe

6 Esi nèlɔ̃ viwòa ta la, ènyae be ele be yeanɔ eɖɔm ɖo. Ɣeaɖewoɣi nu si tae nane menyo o gbɔgblɔ nɛ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Tsɔe be ègbe nu ma nɛ gake esẽ to, nu kae nàwɔ? (Lododowo 22:15) Srɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu. Gbɔ dzi ɖi nàmlae, nàfia mɔe, nàɖɔe ɖo, eye nàhe to nɛ. Di ɣeyiɣi kple teƒe si sɔ ne èdi be yeagbe nya na ye via, eye nàwɔe tufafatɔe. Nɔvinyɔnu Elaine si le Anyiehe Afrika ɖo ŋku ale si edzilawo ɖɔnɛ ɖo dzi. Woɖea nu si tututu wodi be wòawɔ la me nɛ ɣesiaɣi. Ne wogblɔ nɛ be yewoaƒoe ne etri to la, nenema tututue wowɔnɛ. Gake egblɔ be: “Womeƒoam le dziku me gbeɖe o.” Egblɔ hã be hafi ye dzilawo nahe to na ye la, woɖea nu gbegblẽ si tututu yewɔ la me na ye gbã. Le esia ta eka ɖe edzi be ye dzilawo lɔ̃ ye.

BƆBƆ ÐOKUIWÒ

7, 8. (a) Nu kae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃ tso eƒe gbedodoɖawo me? (b) Aleke nàdo gbe ɖae be viwò nasrɔ̃ ale si wòaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu?

7 Hafi woalé Yesu awui la, eƒo koko na Fofoa be: “Abba, Fofo, ètea ŋu wɔa nuwo katã; na kplu sia nato ŋunye. Gake menye nu si medi o, ke boŋ nu si nèdi.” * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Marko 14:36) Wò ya bu ale si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo anya se le wo ɖokui me esi wose eƒe gbedodoɖaa, alo va se eŋunya emegbe, ŋu kpɔ! Wokpɔe be togbɔ be ede blibo hã la, eɖe kuku na Fofoa be wòakpe ɖe ye ŋu. Eya ta wosrɔ̃e be ele be yewo hã yewoabɔbɔ yewo ɖokui ahaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.

Ne viwò senɛ nèdoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu la, eya hã asrɔ̃ ale si wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu

8 Viwò ate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso wò gbedodoɖawo me. Ele eme baa be menye nufiafia ɖevia ko tae nèdoa gbe ɖa o. Gake ne ese nya siwo gblɔm nèle  na Yehowa le gbedodoɖa me la, ate ŋu asrɔ̃ ale si wòaɖo ŋu ɖe eŋu. Ne èle gbe dom ɖa la, mègabia Yehowa be nekpe ɖe ɖevia ŋu ko o, ke biae be wòakpe ɖe wò hã ŋuwò. Nɔvinyɔnu Ana si le Brazil gblɔ be: “Ne míele kuxiwo me tom, abe ne tɔgbuinye kple mamanye dze dɔ ene la, dzinyelawo doa gbe ɖa biaa Yehowa be wòado ŋusẽ wo woado dzi ahana nunya wo be woatso nya me nyuie. Ne nuwo te ɖe dzinyelawo dzi vevie hã la, wogblẽa nu sia nu ɖe Yehowa si me. Esia na nye hã mesrɔ̃ ale si maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.” Ne viwò senɛ nèdoa gbe ɖa na Yehowa be wòana dzideƒo ye be yeaɖi ɖase na aƒelikawo alo abia mɔ le dɔmemegã gbɔ be yeade takpekpe la, ava kpɔe be nèɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, eye eya hã awɔe nenema ke.

9. (a) Aleke Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woanye ɖokuibɔbɔlawo kple ɖokuitɔmadilawo? (b) Ne èbɔbɔa ɖokuiwò eye mèdia ɖokuiwò tɔ o la, nu kae viwòa asrɔ̃?

9 Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woanye ɖokuibɔbɔlawo kple ɖokuitɔmadilawo, eye eya ŋutɔ ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi na wo. (Xlẽ Luka 22:27.) Eƒe apostoloawo kpɔe be etsɔ nu geɖewo sa vɔ be yeasubɔ Yehowa ahakpe ɖe amewo ŋu, eye woawo hã wosrɔ̃ nu tso eme. Wò hã àte ŋu aɖo kpɔɖeŋu ɖi na viwò atsɔ afia nui. Nɔvinyɔnu Debbie, si si vi eve le gblɔ be: “Srɔ̃nye nye hamemetsitsi, eye metena ɖe dzinye nenye be ezã ɣeyiɣi aɖe ɖe nɔviwo ŋu o. Menyae be srɔ̃nye kpɔa vovo ɖe ƒomea ŋu ɣesiaɣi si míehiã nɛ.” (1 Timoteo 3:4, 5) Ŋusẽ kae Debbie kple srɔ̃a Pranas ƒe kpɔɖeŋua  kpɔ ɖe woƒe ƒomea dzi? Egblɔ be ye viwo lɔ̃na faa kpea asi ɖe takpekpe me dɔwo ŋu. Dzi dzɔa wo, wodzea xɔlɔ̃ nyuiwo, eye wodina be yewoanɔ nɔviwo dome. Ƒome sia me tɔwo katã le Yehowa subɔm ɣeyiɣiawo katã fifia. Ne èbɔbɔa ɖokuiwò eye mèdia ɖokuiwò tɔ o la, viwòa asrɔ̃ ale si wòalɔ̃ faa akpe ɖe ame bubuwo ŋu.

SE NU GƆME NA VIWÒ

10. Aleke Yesu wɔ gɔmesese deto ŋu dɔ esime Galileatɔ aɖewo nɔ edim?

10 Gɔmesese deto nɔ Yesu si. Metsɔa susu ɖoa nu si amewo wɔ ko ŋu o, ke ebua nu si na wowɔe ɖo hã ŋu. Enya nu si le amewo ƒe dzi me. Le kpɔɖeŋu me, gbe ɖeka la, Galileatɔ aɖewo nɔ edim kple ŋkubiã. (Yohanes 6:22-24) Yesu nya be nuɖuɖu koŋ tae wole ye dim ɖo, ke menye be yewoase yeƒe nufiafiawo o. (Yohanes 2:25) Yesu nya nu si le dzi me na wo. Eya ta egbɔ dzi ɖi ɖɔ wo ɖo eye wòɖe tɔtrɔ siwo wòhiã be woawɔ la me na wo.—Xlẽ Yohanes 6:25-27.

Na viwòa nase vivi na gbeƒãɖeɖedɔa (Kpɔ memama 11)

11. (a) Aleke nàwɔ anya ale si viwò bua gbeƒãɖeɖedɔae? (b) Aleke nàkpe ɖe viwò ŋu be wòase vivi na gbeƒãɖeɖedɔa?

11 Togbɔ be wò ya màte ŋu anya nu si le dzi me na amewo o hã la, àte ŋu awɔ gɔmesese ŋu dɔ. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu adze agbagba anya ale si viwòa bua gbeƒãɖeɖedɔae. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe wòanye be esi ɖevia le mɔ kpɔm be maƒle nane na ye yeaɖu le mɔ dzi ɖeɖe ko tae wòkplɔam ɖo yia gbeadzia?’ Ne èkpɔe be gbeadziyiyi medzɔa dzi nɛ tututu o la, dze agbagba nàwɔ nu si ana wòavivi enu. Fia nane koŋui wòawɔ le gbeadzi ne wòakpɔe be yele akpa aɖe wɔm.

12. (a) Nu ka ŋue Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo le? (b) Nu ka tae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hiã nuxlɔ̃ame ma?

12 Mɔ bubu ka hã nue Yesu wɔ gɔmesese ŋu dɔ le? Enyae be vodada ɖeka ate ŋu akplɔ ame ade bubu me eye wòahee ade nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã wɔwɔ me, eya ta exlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo tso eŋu. Le kpɔɖeŋu me, nusrɔ̃lawo nya be matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ nye nu vɔ̃. Ke hã Yesu xlɔ̃ nu wo ku ɖe nu si ate ŋu akplɔ ame ade agbe siawo nɔnɔ me la ŋu. Egblɔ be: “Ame sia ame si le ŋku lém ɖe nyɔnu ŋu, eye wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me. Eya ta ne wò ɖusimeŋku hea wò dea nu vɔ̃ me la, hoe ɖa nàtsɔ aƒu gbe.” (Mateo 5:27-29) Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nɔ Romatɔ agbe gbegblẽ nɔla siwo doa vivi ɖe fefe siwo me gbɔdɔnuwɔnawo kple nya ƒaƒãwo yɔ fũu ŋu la dome. Eya ta Yesu xlɔ̃ nu wo lɔlɔ̃tɔe be woaƒo asa na nu sia nu si ate ŋu ana nu nyui wɔwɔ nasesẽ na wo.

13, 14. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ŋu be wòatsri modzakaɖeɖe siwo me nuwɔna gbegblẽwo le?

13 Dzilawo, miate ŋu akpɔ mia viwo ta be woatsri nu siwo medzea Yehowa ŋu o, ne miewɔa gɔmesese ŋu dɔ. Ewɔ nublanui be egbea ele bɔbɔe be ɖevi suesuewo gɔ̃ hã nakpɔ amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo. Enyo be nàgblɔ na viwòa be nu gbegblẽ mawo kpɔkpɔ menyo o. Ke hã nu bubu geɖe li nàte ŋu awɔ atsɔ akpɔ eta. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe vinyea nya afɔku si gbegbe  le amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ mea? Nu kae ana nu siawo kpɔkpɔ nadzroe? Ðe mena wòle bɔbɔe nɛ be wòaɖo dze kplim tso nu sia nu ŋu, ale be wòagblɔe nam nenye be ame aɖe di be wòakpɔ amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawoa?’ Ne ɖevia metsi o kura gɔ̃ hã la, àte ŋu agblɔ nɛ be: “Ne èkpɔ foto aɖe le Internet alo asitelefon dzi si na nèdi be yeanya nu si gbɔdɔdɔ nye eye wòdzro wò be yeakpɔ nu si le afi ma la, meɖe kuku va gblɔe nam gbã. Mègavɔ̃ o eye mègakpe ŋu hã o, va gblɔe nam ko. Medi be makpe ɖe ŋuwò.”

14 ‘Tababla aƒee wòtsona,’ eya ta tia nu siwo nètsɔ ɖea modzakae la ŋuɖɔɖotɔe be wòanye kpɔɖeŋu na viwò. Nɔviŋutsu Pranas si míeyɔ va yi gblɔ be: “Àte ŋu afia nu geɖe viwò tso nu vovovowo ŋu, gake wò nuwɔnawoe ɖevia akpɔ asrɔ̃.” Ne ètiaa haƒoƒo, agbalẽ kple film siwo le dzadzɛ tsɔ ɖea modzakae la, viwòa hã atia modzakaɖeɖe siwo sɔ.—Romatɔwo 2:21-24.

YEHOWA AKPE ÐE ŊUWÒ

15, 16. (a) Nu ka tae nàte ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ŋuwò nàmla viwò nyuie? (b) Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔ esia ɖo me?

15 Nu kae Yehowa wɔ esi Manoa biae be wòakpe ɖe ye ŋu be yeanye dzila nyui? “Mawu vavã la ɖo to Manoa.” (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:9) Dzilawo, Yehowa aɖo to miawo hã. Akpe ɖe mia ŋu miamla mia viwo nyuie. Eye ana be miate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia wo, miabɔbɔ mia ɖokui, eye miase nu gɔme na wo.

16 Ale si Yehowa do alɔ wò nèmla viwòa tso eƒe ɖevime ke la, nenema kee wòakpe ɖe ŋuwò nàyi edzi ahee le eƒe ƒewuiwo me hã. Le nyati si kplɔ esia ɖo me la, míadzro ale si lɔlɔ̃, ɖokuibɔbɔ kple gɔmesese deto ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo ɖi la sɔsrɔ̃ akpe ɖe ŋuwò nàmla viwò ƒewuivi be wòasubɔ Yehowa la me.

^ mm. 5 Nya si gɔme woɖe be tohehe le Biblia me fia be woafia mɔ ame, woamla ame, woaɖɔ ame ɖo, eye ɣeaɖewoɣi la, woahe to na ame. Ele be dzilawo nahe to na wo viwo le tufafa me ɣesiaɣi ke menye le dziku me gbeɖe o.

^ mm. 7 Le Yesu ƒe ɣeyiɣiawo me la, nya si ɖeviwo zãna na Papa ye nye Abba. Lɔlɔ̃ kple bubudeameŋu siaa dze le nya sia me.—The International Standard Bible Encyclopedia.