“Mitsi tre miadzɔ kã, eye miafɔ ta dzi, elabena miaƒe ɖeɖe gogo.”—LUKA 21:28.

HADZIDZI: 133, 43

1. Nu kawoe dzɔ le ƒe 66 K.Ŋ.? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

TSƆE BE ènye Kristotɔ le Yerusalem le ƒe 66 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.). Nu geɖe nɔ dzɔdzɔm. Roma dziɖuɖumegã si ŋkɔe nye Florus yi ɖafi talento 17, si nye ga gbogbo aɖe ŋutɔ le gbedoxɔa ƒe nudzraɖoƒe. Nuwɔna sia do dziku na Yudatɔwo enumake. Eya ta wotso ɖe Roma-srafowo ŋu hewu wo dometɔ geɖe, eye wogblɔ be yewomegale Roma dziɖuɖua te o. Gake Roma dziɖuɖua hã ɖe afɔ enumake. Le dzinu etɔ̃ ko me la, aʋafia Cestius Gallus kplɔ asrafo 30,000 wova ɖe to ɖe Yerusalem. Yudatɔ dzeaglãwo si yi ɖabe ɖe gbedoxɔa me, gake Roma-srafoawo va ɖo gbedoxɔa ƒe gliwo gbɔ mlɔeba, eye wote glia te kuku be yewoage ɖe eme. Esia wɔe be vɔvɔ̃ ɖo ame sia ame le dua me. Ne ɖe nènɔ afi ma la, aleke nàse le ɖokuiwò me?

2. Nu kae wòle be Kristotɔwo nawɔ esi wokpɔ be Roma-srafowo va ɖe to ɖe woƒe dua, eye nu kae ʋu mɔ na wo wowɔ esia?

2 Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo ƒe aɖewo do ŋgɔ na nudzɔdzɔ sia esi wògblɔ na wo be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to  ɖe Yerusalem la, ekema minyae be eƒe aƒedozuɣi gogo. Ekema ame siwo le Yudea la nasi ayi towo dzi, eye ame siwo le Yerusalem la nadzo, eye ame siwo le agbletawo la nagatrɔ ayi eme o.” (Luka 21:20, 21) Esi wònye be asrafowo ɖe to ɖe Yerusalem ɖe, aleke wòanya wɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi ahado le dua me? Gake nu wɔnuku aɖe dzɔ. Roma-ʋakɔa trɔ dzo le Yerusalem kpata! ‘Wotso’ amedzidzedzea ‘dzi,’ abe ale si Yesu gblɔe ene. (Mateo 24:22) Esi aʋakɔa nya dzo ko la, mɔnukpɔkpɔ su Kristotɔ wɔnuteƒewo katã si azɔ be woaɖo to Yesu ahasi ayi towo dzi enumake. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Emegbe la, Roma-ʋakɔ bubu trɔ va Yerusalem le ƒe 70 K.Ŋ. Fifia ya, wotsrɔ̃ dua gbidigbidi. Gake ame siwo katã wɔ ɖe Yesu ƒe mɔfiameawo dzi ya tsi agbe.

3. Nu kawo mee Kristotɔwo hã ava to kpuie, eye nu ka mee míadzro le nyati sia me?

3 Yesu ƒe nuxlɔ̃ame kple mɔfiame siawo yi na míawo hã egbea. Eteƒe madidi o, nu siawo tɔgbi agadzɔ. Yesu zã nu siwo dzɔ le ƒe alafa gbãtɔa me la tsɔ ɖe nu siwo adzɔ ne “xaxa gã” la fe ati la me. (Mateo 24:3, 21, 29) Gake “ameha gã” aɖe atsi agbe le xexea me katã ƒe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la me, abe ale si ko Kristotɔ wɔnuteƒewo tsi agbe le Yerusalem tsrɔ̃ɣi ene. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 7:9, 13, 14.) Ele vevie ŋutɔ be míase nya siwo Biblia gblɔ tso nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge ŋu la gɔme nyuie. Nu ka tae? Elabena esia akpɔ míaƒe agbe ta. Eya ta na míadzro ale si nudzɔdzɔ siawo ka mía dometɔ ɖe sia ɖe la me.

ALE SI XAXA GÃ LA ADZE EGƆME

4. Aleke xaxa gã la adze egɔmee?

4 Aleke xaxa gã la adze egɔmee? Adze egɔme kple alakpasubɔsubɔhawo katã tsɔtsrɔ̃. Biblia yɔ alakpasubɔsubɔhawo katã be “Babilon Gã la,” eye wòtsɔe sɔ kple gbolo. (Nyaɖeɖefia 17:5-7) Nu ka tae woyɔ alakpasubɔsubɔhawo be gbolo ɖo? Elabena woƒe hakplɔlawo mewɔa nuteƒe na Mawu o. Wodaa megbe na amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo le esi teƒe be woada megbe na Yesu kple eƒe Fiaɖuƒea nuteƒewɔwɔtɔe, eye woŋe aɖaba ƒu Biblia ƒe nufiafiawo dzi ale be woate ŋu akpɔ ŋusẽ geɖe ɖe dziɖuɖuwo dzi. Woƒe subɔsubɔ mele abe Kristotɔ amesiaminawo ƒe subɔsubɔ dzadzɛ la ene o. (2 Korintotɔwo 11:2; Yakobo 1:27; Nyaɖeɖefia 14:4) Gake ame kae atsrɔ̃ Babilon Gã la? Yehowa ana ‘lã wɔadã si biã helĩhelĩ’ la ƒe ‘dzo ewoawo’ nawɔ ‘nu si wòɖo ɖe tame la dzi’ be woatsrɔ̃e. ‘Lã wɔadã si biã helĩhelĩ’ la le tsitre ɖi na Dukɔ Ƒoƒuawo, eye ‘dzo ewoawo’ le tsitre ɖi na dunyaheŋusẽ siwo katã le megbe nɛ.—Xlẽ Nyaɖeɖefia 17:3, 16-18.

5, 6. Nu ka tae míagblɔ be Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ mefia be eƒe hameviwo katã aku ɣemaɣi o?

5 Ke ɖe woawu alakpasubɔsubɔhawo me tɔwo katã le ɣeyiɣi si me woatsrɔ̃ Babilon Gã la? Ao. Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Zakariya wòŋlɔ nu si adzɔ la ɖi. Ɣemaɣi la, ame aɖewo siwo nɔ alakpasubɔsubɔha me la agblɔ be: “‘Menye nyagblɔɖila menye o. Agbledelae  menye, elabena ame aɖee ƒlem kluvii tso nye ɖevime ke.’ Eye ne ame aɖe biae be, ‘Ke abi kawoe nye esiawo le wò medome?’ hã la, aɖo eŋu be, ‘Esiwo wode ŋunye le xɔ̃nyewo ƒe aƒe mee.’” (Zakariya 13:4-6) Esia fia be hakplɔlawo gɔ̃ hã awɔ abe ɖe yewomele alakpasubɔsubɔha mawo me o ene ahagbe nu le woawo ŋutɔwo ƒe subɔsubɔhawo gbɔ.

6 Ke aleke nuwo anɔ na Mawu ƒe amewo ɣemaɣi? Yesu ɖe eme be: “Le nyateƒe me la, ne wometso ŋkeke mawo dzi o la, ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woatso ŋkeke mawo dzi.” (Mateo 24:22) Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ‘wotso’ xaxa si va Yerusalem dzi la ‘dzi.’ Esia ʋu mɔ na “ame tiatiawo,” alo Kristotɔ amesiaminawo, wosi. Nenema kee ‘woatso’ xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ ‘dzi’ le “ame tiatiawo” ta. Womaɖe mɔ na dunyaheŋusẽ siwo nye ‘dzo ewoawo’ be woatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo o. Ke boŋ gbɔɖemeɣi kpui aɖe akplɔ Babilon Gã la ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖo.

DODOKPƆ KPLE ƲƆNUDƆDRƆ̃ ƑE ƔEYIƔI

7, 8. Mɔnukpɔkpɔ kae aʋu ɖi le alakpasubɔsubɔhawo tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe, eye aleke Mawu ƒe amewo ato vovo na ame bubu ɖe sia ɖe ɣemaɣi?

7 Nu kae adzɔ le alakpasubɔsubɔhawo tsɔtsrɔ̃ megbe? Anye ɣeyiɣi si me míaɖe nu si tututu le míaƒe dzi me afia. Ɣemaɣi la, ame akpa gãtɔ anɔ takpɔkpɔ kple kpekpeɖeŋu dim tso amegbetɔwo ƒe habɔbɔ siwo woyɔ be “towo ƒe agakpewo” gbɔ. (Nyaɖeɖefia 6:15-17) Gake Yehowa ƒe amewo ya ayi edzi akpɔ eyama sinu hena takpɔkpɔ. Esime ‘wotso’ amedzidzedzea dzi le ƒe alafa gbãtɔ me la, menye ɖe wona ɣeyiɣi vi aɖe Yudatɔwo katã be woatrɔ dzi me azu Kristotɔwo o. Ke boŋ mɔnukpɔkpɔe wònye wona ame siwo nye Kristotɔwo xoxo be woasi dzo le Yerusalem abe ale si Yesu xlɔ̃ nu woe ene. Nenema ke le etsɔme ne ‘wotso’ Babilon Gã la dzi dzedze dzi la, mele be míakpɔ mɔ be ame gbogbowo atrɔ dzi me enumake ava zu Kristotɔ vavãwo o. Ke boŋ anye mɔnukpɔkpɔ na Yehowa subɔla vavãwo be woaɖo kpe lɔlɔ̃ si le wo si na eyama dzi ahakpe asi ɖe amesiaminawo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. —Mateo 25:34-40.

Mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míaɖo kpe lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa dzi ahakpe asi ɖe amesiaminawo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe

8 Míenya nu siwo tututu adzɔ le dodokpɔɣi mawo me ya o. Gake míenya nyuie be agbea manɔ bɔbɔe kura o, eye ahiã be míatsɔ nu geɖe asa vɔe. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, eva hiã be Kristotɔwo nadzo le woƒe aƒewo me ahado dzi le nɔnɔme sesẽwo me be woatsi agbe. (Marko 13:15-18) Ele be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe mele klalo be magblẽ nye nunɔamesiwo ɖia? Ðe melɔ̃na faa be mawɔ nu sia nu si hiã be mayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?’ Wò ya bu eŋu kpɔ ko! Ɣemaɣi la, míawo koe  anye ame siwo le mía Mawu la subɔm le nɔnɔme ɖe sia ɖe me, abe ale si wònɔ le nyagblɔɖila Daniel gome ene.—Daniel 6:10, 11.

Ɣemaɣi ko la, “nuwuwu la” va!

9, 10. (a) Gbedeasi kae Mawu ƒe amewo aɖe gbeƒãe le xaxa gã la me? (b) Aleke Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo awɔ nui?

9 Menye xaxa gã lae nye ɣeyiɣi si me míanɔ gbeƒã ɖem “Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la le o. Ɣemaɣi la, gbedeasi ma gblɔɣi va yi. Elabena ɣemaɣi ko la, “nuwuwu la” va. (Mateo 24:14) Ʋɔnudrɔ̃gbedeasi sesẽ aɖe si ka amewo katãe Mawu ƒe amewo aɖe gbeƒãe. Gbedeasia ate ŋu anye be ɣeyiɣia de be woatsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia keŋkeŋ. Biblia tsɔ gbedeasi sia sɔ kple kpetsi esi wògblɔ be: “Kpetsi gã siwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme anɔ talento ɖeka la, dza tso dziƒo ɖe ameawo dzi, eye ameawo gblɔ busunya ɖe Mawu ŋu le fu si kpetsi la wɔ wo la ta, elabena eƒe fuwɔame la nu sẽ wu gbɔgblɔ.”—Nyaɖeɖefia 16:21.

10 Míaƒe futɔwo ase gbedeasi sesẽ sia. Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Ezekiel wògblɔ nu si dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo si Biblia yɔ be Gog si tso Magog awɔ la ale: “Ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: ‘Gbe ma gbe la, susu aɖewo ava dzi me na wò, eye àɖo tame vɔ̃. Àgblɔ be: “Maho ɖe du siwo le nuvo la ŋu. Maƒo ɖe ame siwo li bɔkɔɔ, siwo naneke mele fu ɖem na o, la dzi; wo katã woli, gli mele wo ŋu o, gameti kple agbo hã mele wo nu o.” Awɔ na wò be yeakpɔ aboyonu kple nu geɖe aha, awɔ na wò be yeadze teƒe siwo zu gbegbe tsã si zu amenɔƒe fifia, kple ame siwo nu woƒo ƒu tso dukɔwo dome la dzi, dukɔ siwo le kesinɔnuwo kple nunɔamesiwo nu ƒom ƒu, eye wole anyigba titina.’” (Ezekiel 38:10-12) Mawu ƒe amewo ato vovo tso ame bubu ɖe sia ɖe gbɔ, eye wòawɔ abe ɖe “wole anyigba titina” ene. Dukɔwo magate ŋu alé wo ɖokuiwo o. Woatso be yewoadze Yehowa ƒe amesiaminawo kple ame siwo wɔ ɖeka kpli wo la dzi.

11. (a) Nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí ku ɖe ɖoɖo si nu nuwo adzɔ le ŋu? (b) Aleke amewo awɔ nui ne wokpɔ dzesiawo?

11 Nu kae adzɔ ɖe eyome? Biblia megblɔ ɖoɖo si nu pɛpɛpɛ nuwo adzɔ ɖo na mí o, gake anɔ eme be nu vovovo aɖewo adzɔ le ɣeyiɣi ɖeka me. Yesu gblɔ le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi ŋu me be: “Dzesiwo ado ɖe ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo me, eye ŋɔdzi alé dukɔwo vevie le anyigba dzi, eye woatɔtɔ le atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe kple eƒe agbodzedze ta. Amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le anyigba bliboa dzi la ta, elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo. Ɣemaɣi la, woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã.” (Luka 21:25-27; xlẽ Marko 13:24-26.) Ðe nyagblɔɖi sia me vava fia be amewo akpɔ dzesi ɖivɔvɔ̃wo le dziŋgɔli me ŋutɔŋutɔa?  Ðeko míalala akpɔ ale si nuwo ava yii. Gake míenya be ne Mawu ƒe futɔwo kpɔ dzesiawo la, dzidzi aƒo wo eye ŋɔdzi alé wo.

Dzi anɔ mía ƒo le esi míeka ɖe edzi bliboe be míakpɔ ɖeɖe ta! (Kpɔ memama 12, 13)

12, 13. (a) Nu kae adzɔ ne Yesu va le “ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã” me? (b) Aleke Mawu subɔlawo awɔ nui?

12 Nu kae adzɔ ne Yesu va le “ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã” me? Aɖo eteƒe na nuteƒewɔlawo, eye wòahe to na nuteƒemawɔlawo. (Mateo 24:46, 47, 50, 51; 25:19, 28-30) Yesu wɔ kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖe esia me nyuie. Egblɔ be: “Ne Amegbetɔvi la va ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye mawudɔlawo katã le eŋuti la, ekema abɔbɔ nɔ eƒe ŋutikɔkɔefiazikpui la dzi. Eye woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eŋkume, eye wòama amewo me tso wo nɔewo gbɔ, abe ale si alẽkplɔla maa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe ene. Eye wòatsɔ alẽawo aɖo eƒe ɖusime, ke atsɔ gbɔ̃awo ya aɖo eƒe miame.” (Mateo 25:31-33) Nu kae woawɔ na alẽawo kple gbɔ̃awo? Woadrɔ̃ ʋɔnu wo. Ame mawɔnuteƒe siwo woyɔ be gbɔ̃wo “ayi ɖe tsɔtsrɔ̃ mavɔ me.” Gake nuteƒewɔla siwo woyɔ be alẽwo akpɔ agbe mavɔ.—Mateo 25:46.

13 Aleke ame siwo le abe gbɔ̃wo ene awɔ nui ne wokpɔe be yewogbɔna tsɔtsrɔ̃ ge? ‘Woafa konyi vevie.’ (Mateo 24:30) Ke aleke amesiaminawo kple ame siwo wɔ ɖeka kpli wo ya awɔ nui? Woawɔ abe ale si Yesu gblɔ ene be: “Ne nu siawo de asi dzɔdzɔ me la, mitsi tre miadzɔ kã, eye miafɔ ta dzi, elabena miaƒe ɖeɖe gogo.”—Luka 21:28.

 WOAKLẼ ABE ƔE ENE LE FIAÐUƑE LA ME

14, 15. Amewo nu ƒoƒo ƒu kae ayi edzi ne Gog si tso Magog dze Mawu ƒe amewo dzi teti, eye aleke woawɔ esiae?

14 Nu kae adzɔ ne Gog si tso Magog dze Mawu ƒe amewo dzi teti? Biblia gblɔ be Amegbetɔvi la adɔ “mawudɔlawo ɖa [eye] wòaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, tso anyigba ƒe seƒe va se ɖe dziƒo ƒe seƒe ke.” (Marko 13:27; Mateo 24:31) Amewo nu ƒoƒo ƒu sia to vovo na ɣeyiɣi si me wotia Kristotɔ amesiaminawo zi gbãtɔ. Eye menye amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la nu tetre mamlɛtɔa hã ye o. (Mateo 13:37, 38) Woatre wo nu zi mamlɛtɔ do ŋgɔ teti na xaxa gã la ƒe gɔmedzedze. (Nyaɖeɖefia 7:1-4) Ekema amewo nu ƒoƒo ƒu kae esia nye? Anye ɣeyiɣi si me amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la axɔ woƒe fetua eye woayi dziƒo. (1 Tesalonikatɔwo 4:15-17; Nyaɖeɖefia 14:1) Esia adzɔ ɣeyiɣi aɖe le Gog si tso Magog ƒe amedzidzedzea me. (Ezekiel 38:11) Ekema abe ale si Yesu gblɔe ene la, “ame dzɔdzɔewo aklẽ abe ɣe ene le wo Fofo ƒe Fiaɖuƒe la me.”Mateo 13:43. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

15 Ðe esia fia be woakplɔ amesiaminawo ayi dziƒo le woƒe amegbetɔŋutilã mea? Sɔlemedela akpa gãtɔ xɔe se be woakɔ xɔsetɔwo ayi dziƒo le ŋutilã me. Woxɔe se hã be yewoakpɔ Yesu kple ŋku ŋutɔŋutɔ ne etrɔ gbɔna be yeava ɖu anyigba dzi. Gake Biblia na eme kɔ be mímakpɔ Yesu kple ŋku ŋutɔŋutɔ ne etrɔ gbɔ o, esi wògblɔ be “Amegbetɔvi la ƒe dzesi adze le dziƒo” eye Yesu ava “le dziƒolilikpowo dzi.” (Mateo 24:30) Biblia gblɔ hã be “ŋutilã kple ʋu mate ŋu anyi Mawu Fiaɖuƒe la dome o.” Eya ta ame siwo woakplɔ ayi dziƒo la, ahiã be ‘woatrɔ wo katã ƒe nɔnɔme’ “enumake, le aɖabaƒoƒo ɖeka me, le kpẽkuku mamlɛa me.” * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:50-53.) Womakɔ amesiamina siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la ayi dziƒo kple woƒe amegbetɔŋutilã abe ale si hakplɔlawo fiaa woƒe sɔlemeviwo ene o. Ke boŋ woaƒo amesiamina wɔnuteƒe siwo kpɔtɔ le anyigba dzi la nu ƒu ɖe dziƒo enumake.

16, 17. Nu kae adzɔ do ŋgɔ na Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea?

16 Ne amesiamina 144,000 la katã yi dziƒo vɔ ko la, woawɔ dzadzraɖo mamlɛawo hena Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea. (Nyaɖeɖefia 19:9) Gake nu vevi aɖe adzɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe ma. Ðo ŋku edzi be Gog adze Mawu ƒe amewo dzi esime amesiamina susɔeawo kpɔtɔ le anyigba dzi. (Ezekiel 38:16) Nu kae Mawu ƒe amewo awɔ? Woawɔ ɖe mɔfiame sia dzi be: “Miele asi de ge aʋa la me o. Mitɔ ɖe mia nɔƒewo keŋ ne miakpɔ ale si Yehowa le xɔxɔ ge na mii. . . . Migavɔ̃ o, eye ŋɔ megadzi mi o.” (2 Kronika 20:17) Ne Gog dze Mawu ƒe amewo dzi megbe kpuie la, woakplɔ amesiamina susɔe siwo katã le anyigba dzi la ayi dziƒo. Nyaɖeɖefia 17:14 gblɔ nu si dziƒotɔwo awɔ ne Gog dze Mawu ƒe  amewo dzi. Míaƒe futɔwo awɔ “aʋa kple Alẽvi la, gake esi wònye aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ kple fiawo ƒe Fiae Alẽvi la nye ta la, aɖu wo dzi. Eye ame siwo kpe ɖe eŋu, siwo nye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kple nuteƒewɔlawo la hã aɖu wo dzi.” Esia fia be Yesu kple fia siwo wosi ami na, ame 144,000 la, siwo le dziƒo axɔ na Mawu ƒe amewo le anyigba dzi.

17 Esia ahe Armagedon-ʋa si akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu la vɛ. (Nyaɖeɖefia 16:16) Ame siwo katã wodrɔ̃ ʋɔnui be wonye gbɔ̃wo, alo nuteƒemawɔlawo, atsrɔ̃. Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ nu ayi le anyigba dzi, eye “ameha gã” la atsi agbe le Armagedon me. Mlɔeba nudzɔdzɔ dodzidzɔname si wotsɔ ƒo Nyaɖeɖefia gbalẽa tae la ava eme, eyae nye Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖea! (Nyaɖeɖefia 21:1-4) * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe ame siwo katã akpɔ ɖeɖe le anyigba dzi ŋu, woakpɔ dzidzɔ geɖe, eye woakpɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã kple eƒe dɔmenyonyo geɖe la teƒe. Míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi ma vevie. Srɔ̃ɖezã gã kae nye esi wòanye!—Xlẽ 2 Petro 3:13.

18. Esi nu dodzidzɔnamewo adzɔ kpuie ta la, nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa anɔ wɔwɔm?

18 Esi nu dodzidzɔname siawo adzɔ kpuie ta la, nu kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nanɔ wɔwɔm fifia? Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wòŋlɔ bena: “Esi woalólo nu siawo katã alea ta la, mibu ame siwo ƒomevi wòle be mianye le agbe kɔkɔe nɔnɔ kple ɖokuitsɔtsɔ na Mawu me ŋu, esi miele lalam eye miaƒe susu le Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava ŋu vevie. . . . Eya ta lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nu siawo lalam ŋuti la, miwɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be wòakpɔ mi mlɔeba ɖimaƒomaƒoe, mokakamanɔŋui, le ŋutifafa me.” (2 Petro 3:11, 12, 14) Ekema mina míaɖoe kplikpaa be míaƒe subɔsubɔ nanɔ dzadzɛ, kadodo aɖeke naganɔ mía kple alakpasubɔsubɔhawo dome o, eye míanɔ Ŋutifafafia, Yesu Kristo, ƒe akpa dzi bliboe.

^ mm. 2 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, April 15, 2012, axa 25-26.

^ mm. 15 Amesiamina siwo le agbe ɣemaɣi la mayi dziƒo kple woƒe amegbetɔŋutilã o. (1 Korintotɔwo 15:48, 49) Anɔ eme be Mawu adzra woƒe ŋutilã ɖo abe ale si wòdzra Yesu ƒe ŋutilã ɖoe ene.

^ mm. 17 Psalmo 45 lia hã gblɔ ɖoɖo si nu nuwo adzɔ ɖo. Gbã la, Fia la awɔ aʋa la, eye emegbe woawɔ srɔ̃ɖeɖea.