Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  March 2015

Srɔ̃ Nu Tso Talentowo Ŋuti Lododoa Me

Srɔ̃ Nu Tso Talentowo Ŋuti Lododoa Me

‘Etsɔ talento atɔ̃ na ame ɖeka, eve na ame bubu, eye wòtsɔ ɖeka na ame bubu hã.’—MATEO 25:15.

1, 2. Nu ka tae Yesu do lo ku ɖe talentowo ŋu?

YESU do lo ku ɖe talentowo ŋu be yeana dɔ si wòle be ye yomedzela amesiaminawo nawɔ la me nakɔ na wo. Gake lododo ma ka Yesu ƒe nusrɔ̃lawo katã. Eya ta míeɖale mɔ kpɔm be míanɔ agbe le dziƒo alo anyigba dzi o, ele vevie be míase lododo sia gɔme.

2 Ɣekaɣie Yesu do lo sia? Ewɔ esia esime wònɔ dzesi siwo aɖo kpe edzi be ezu Fia eye be nuwuɣia dze egɔme gblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 24:3) Eya ta talentowo ŋuti lododoa kpe ɖe dzesi siwo le eme vam le míaƒe ɣeyiɣiawo me ŋu.

3. Nufiame kawoe le lododo siwo le Mateo ta 24 kple 25 me na mí?

3 Esi Yesu do lo ku ɖe talentowo ŋu la, edo lo etɔ̃ bubu siwo hã nye nuwuɣia ƒe dzesi la ƒe akpa aɖe. Lododoawo katã ɖe nɔnɔme vevi aɖewo siwo wòle be wòanɔ eyomedzelawo si la fia. Míate ŋu axlẽ nu tso lododo siawo ŋu le Mateo 24:45 va se ɖe 25:46. Lododo gbãtɔ ku ɖe kluvi nuteƒewɔla, si nye nɔviŋutsu  amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue si ƒe agbanɔamedzie nye be woafia nu Yehowa ƒe amewo, la ŋuti. Ehiã be woanye nuteƒewɔlawo kple aɖaŋudzelawo. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Esi kplɔe ɖoe nye ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa. Yesu xlɔ̃ nu amesiaminawo katã le lododo ma me be woanɔ dzadzraɖoɖi eye woanɔ ŋudzɔ elabena womenya ŋkeke alo gaƒoƒo si dzi wòava o. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Eyome Yesu do lo ku ɖe talentowo ŋuti be yeafia amesiaminawo katã be ehiã be woado vevie nu le Kristotɔwo ƒe dɔ si wode asi na wo me. Ema yome la, Yesu do lo le alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti, eye esia ku ɖe ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la ŋu. Ete gbe ɖe edzi be, ele be woawɔ nuteƒe eye woawɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe akpe ɖe ye nɔvi amesiaminawo ŋu. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Nyati sia adzro gɔmesese si le talentoawo ŋuti lododoa ŋu me.

AƑETƆ AÐE TSƆ GA GBOGBO AÐE DE ASI NA EƑE KLUVIWO

4, 5. Ame kae aƒetɔ si le lododoa me la tsi tre ɖi na, eye ga home kae nye talento ɖeka?

4 Xlẽ Mateo 25:14-30. Le talentowo ŋuti lododoa me la, Yesu ƒo nu tso aƒetɔ aɖe si zɔ mɔ didi aɖe ŋu. Le lododo bubu si sɔ kple esia me la, Yesu ƒo nu tso bubume aɖe si zɔ mɔ yi dukɔ didi aɖe me be woaɖo ye fia ŋu. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) (Luka 19:12) Ƒe geɖee nye esia míegblɔna le míaƒe agbalẽwo me be aƒetɔ alo bubume siae nye Yesu, si yi dziƒo le ƒe 33 me. Gake Yesu mezu Fia enumake esime wòyi dziƒo o. Elala va se ɖe ƒe 1914 me esime wotsɔ eƒe futɔwo ‘wɔ eƒe afɔɖodzinui.’—Hebritɔwo 10:12, 13.

5 Le lododoa me la, Yesu gblɔ be talento enyi ye le aƒetɔ la si. Ga gbogbo aɖee nye ema. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Hafi aƒetɔa nayi nugbe la, etsɔ ga sia de asi na eƒe kluviwo. Egblɔ na wo be woatsa asi kplii akpɔ viɖe ɖe edzi. Ale si ko ga ma nye nu xɔasi na aƒetɔa la, nenema kee nane hã nye nu xɔasi na Yesu. Eyae nye nu ka? Eyae nye dɔ si wòva wɔ le anyigba dzi.

“Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe”

6, 7. Nu kae talentoawo tsi tre ɖi na?

6 Gbeƒãɖeɖedɔa nɔ vevie na Yesu ale gbegbe. To eƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi la, ame geɖe va zu eƒe nusrɔ̃lawo. (Xlẽ Luka 4:43.) Gake enya be dɔ geɖe gali woawɔ, eye be ame geɖe  axɔ nya nyuia. Le nyateƒe me la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mifɔ mo dzi, eye miakpɔ agbleawo dzi ɖa, be woƒu hena ŋeŋe.” (Yohanes 4:35-38) Agbledela nyui magblẽ eƒe agble ɖi le nuŋeɣi o. Nɔnɔme ma tututue le Yesu si. Eya ta hafi wòatrɔ ayi dziƒo la, ede se na eyomedzelawo be: “Miheyi ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:18-20) To se sia dzi la, Yesu tsɔ nu xɔasi aɖe de asi na wo—eyae nye gbeƒãɖeɖedɔ vevi la.—2 Korintotɔwo 4:7.

7 Abe aƒetɔ si tsɔ eƒe ga de asi na eƒe kluviwo ene la, Yesu hã tsɔ nusrɔ̃lawɔwɔdɔa de asi na eyomedzela amesiaminawo. (Mateo 25:14) Eya ta talentoawo tsi tre ɖi na gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔ la.

8. Togbɔ be ga home vovovowoe kluviawo xɔ hã la, nu kae aƒetɔa le mɔ kpɔm na?

8 Yesu gblɔ be, aƒetɔa tsɔ talento atɔ̃ na kluvi gbãtɔ, etsɔ talento eve na kluvi evelia, eye wòtsɔ talento ɖeka na kluvi etɔ̃lia. (Mateo 25:15) Ga home vovovowoe aƒetɔa tsɔ na kluviawo, gake ele mɔ kpɔm be wo dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe akpɔ viɖe ɖe edzi. Nenema kee Yesu le mɔ kpɔm be ye yomedzela amesiaminawo nawɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mateo 22:37; Kolosetɔwo 3:23) Le ƒe 33  ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Yesu yomedzelawo dze dukɔwo katã me tɔwo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe gɔme. Eye ne míexlẽ Biblia-gbalẽ si nye Dɔwɔwɔwo la, míakpɔ ale si gbegbe wodo vevie nu le dɔa wɔwɔ me. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)—Dɔwɔwɔwo 6:7; 12:24; 19:20.

KLUVIAWO WƆ TALENTOAWO ŊUTI DƆ LE NUWUƔIA

9. (a) Nu kae kluvi wɔnuteƒe eveawo tsɔ ga si woxɔ la wɔe, eye nu kae míesrɔ̃ tso eme? (b) Nu kae wòle be ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe le anyigba dzi nawɔ?

9 Kluvi eve gbãtɔ siwo zã woƒe aƒetɔ ƒe ga la nyuie la tsi tre ɖi na nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu amesiamina wɔnuteƒe siwo li le nuwuɣi sia me. Wole woƒe ŋutete ɖe sia ɖe wɔm le gbeƒãɖeɖedɔa me, vevietɔ tso ƒe 1919 me. Le lododoa me la, ga home vovovowoe kluvi eve gbãtɔawo xɔ, gake esia mefia be amesiamina wɔnuteƒewo ƒe ha vovovo eve ye anɔ anyi o. Kluvi eve gbãtɔawo wɔ dɔ sesĩe hekpɔ ga si woxɔ la ƒe teƒe eve. Gake amesiaminawo koe wòle be woado vevie nu le gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔa mea? Kura o! Míesrɔ̃e le Yesu ƒe lododo si ku ɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋu me be, ele be ame siwo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la nakpe ɖe amesiaminawo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me eye woawɔ nuteƒe na wo. Ame siawo kpɔnɛ be bubu gãe wònye na yewo be yewoakpe ɖe wo ŋu. Vavãe, “alẽha ɖeka” ye Yehowa ƒe amewo nye, eye wo katã le kutri kum le gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me.—Yohanes 10:16.

10. Dzesia ƒe akpa kae ɖee fia be míele nuwuɣia me?

10 Yesu le mɔ kpɔm be ye yomedzelawo katã nado vevie dɔ ahawɔ nusrɔ̃la geɖewo. Ema tututue eƒe nusrɔ̃lawo  wɔ le ƒe alafa gbãtɔ me. Le nuwuɣi sia, si me Yesu ƒe lododo si ku ɖe talentoawo ŋu me nyawo le eme vam la, ɖe eyomedzelawo kpɔtɔ le dɔ sia dzia? Ɛ̃, wole edzi vevie, elabena ame geɖe se nya nyuia heva zu nusrɔ̃lawo fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe! Yesu yomedzelawo katã ƒe kutrikuku alea wɔe be ame akpe alafa geɖe xɔa nyɔnyrɔ ƒe sia ƒe. Eye woawo hã va le gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. Dɔ sia kple nu nyui siwo le dodom tso eme ɖee fia kɔtɛ be gbeƒãɖeɖedɔa nye dzesi siwo Yesu na ku ɖe nuwuɣia ŋu la ƒe akpa vevi aɖe. Eya ta ɖikeke mele eme o be, Yesu le dzidzɔ kpɔm ɖe dɔwɔlaawo ŋu ale gbegbe!

Yesu tsɔ nu xɔasi aɖe de asi na esubɔlawo, si nye gbeƒãɖeɖedɔ vevi la (Kpɔ memama 10)

ƔEKAƔIE AƑETƆ LA AGBƆ?

11. Aleke míewɔ nya be xaxa gã la mee Yesu ava le?

11 Yesu gblɔ be: “Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, kluvi mawo ƒe aƒetɔ gbɔ, eye wòwɔ akɔnta kpli wo.” (Mateo 25:19) Xaxa gã la ƒe nuwuwu lɔƒoe Aƒetɔ Yesu awɔ esia. Aleke míewɔ nya? Le Yesu ƒe nyagblɔɖi siwo le Mateo ta 24 kple 25 me la, eƒo nu tso eƒe tɔtrɔgbɔ alo vava ŋu zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ be amewo akpɔ “Amegbetɔvi la le dziƒolilikpowo dzi gbɔna.” Esia ku ɖe ɣeyiɣi si Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo le xaxa gã la me ŋu. Exlɔ̃ nu eyomedzela siwo anɔ anyi le nuwuɣia me be woanɔ ŋudzɔ. Egblɔ be: “Mienya ŋkeke si dzi miaƒe Aƒetɔ la ava o,” eye be “Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.” (Mateo 24:30, 42, 44) Eya ta le talentoawo ŋuti lododoa me la, ɣeyiɣi si Yesu ava drɔ̃ ʋɔnu amewo ahatsrɔ̃ Satana ƒe xexea la ke ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. *—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

12, 13. (a) Nya kae aƒetɔ la gblɔ na kluvi eve gbãtɔawo, eye nu ka tae? (b) Ɣekaɣie woatre amesiaminawo nu zi mamlɛtɔ? (Kpɔ aɖaka si nye, “ Wotsoa Afia Na Wo Le Woƒe Kuɣi Be Wodze.”) (d) Aleke woaɖo eteƒe na ame siwo kpe asi ɖe amesiaminawo ŋu?

12 Esi aƒetɔa trɔ gbɔ tso mɔ dzi la, ekpɔe be kluvi si yetsɔ talento atɔ̃ na la gakpɔ talento atɔ̃ ɖe edzi, eye kluvi si yetsɔ talento eve na la hã gakpɔ eve ɖe edzi. Aƒetɔ la gblɔ na kluvi eveawo dometɔ ɖe sia ɖe be: ‘Kluvi  nyui kple nuteƒewɔla, wòe wɔ dɔ kakaka! Èwɔ nuteƒe le nu ʋɛwo me. Matsɔ wò aɖo nu geɖewo nu.’ (Mateo 25:21, 23) Ne Aƒetɔ Yesu va le etsɔme la, nu kae wòawɔ?

13 Do ŋgɔ teti na xaxa gãa la, Mawu aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe amesiamina veviedola siwo kpɔtɔ le anyigba dzi ɣemaɣi la ŋu. Esiae anye wo nu tetre mamlɛtɔ. (Nyaɖeɖefia 7:1-3) Eye hafi Harmagedon-ʋa nadze egɔme la, Yesu aɖo eteƒe na wo ne ekplɔ wo yi dziƒo. Ke ame siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, siwo kpe ɖe amesiaminawo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me ya ɖe? Ɣemaɣi la, woadrɔ̃ ʋɔnu wo be wonye alẽwo. Eye woatsɔ agbenɔnɔ le anyigba dzi le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te ayra woe.—Mateo 25:34.

KLUVI VƆ̃ÐI KUVIATƆ LA

14, 15. Ðe Yesu le gbɔgblɔm be amesiaminawo dometɔ geɖe ava zu kluvi vɔ̃ɖi kuviatɔwoa? Ðe eme.

14 Woƒo nu tso kluvi si si wotsɔ talento ɖeka dee hã ŋu le lododoa me. Metsa asi kplii hekpɔ viɖe ɖe edzi o, eye meda gaa ɖe gadzraɖoƒe ne wòadzi ɖe edzi hã o. Ke boŋ eku do heɖii ɖe eme. Aƒetɔa gblɔ be kluvia vɔ̃ɖi eye wònye kuviatɔ. Exɔ talentoa le kluvi vɔ̃ɖia si hetsɔe na kluvi gbãtɔa. Eye wòna wotsɔ kluvi vɔ̃ɖia “ƒu gbe ɖe viviti me,” afi si wòfa avi heɖu aɖukli le.—Mateo 25:24-30; Luka 19:22, 23.

15 Esi Yesu gblɔ be kluvi etɔ̃awo dometɔ ɖeka vɔ̃ɖi henye kuviatɔ la, menye ɖe wòle fiafiam be amesiaminawo  ƒe akpa ɖeka le etɔ̃ me anɔ abe kluvi ma ene o. Míate ŋu aƒo nya ta alea ne míetsɔ lododo sia sɔ kple eve bubuwo. Le kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ŋuti lododoa me la, Yesu ƒo nu tso kluvi vɔ̃ɖi aɖe si wɔ fu kluvi bubuawo la ŋu. Ema mefia be ele mɔ kpɔm be ame siwo ƒo ƒu nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela la dometɔ aɖewo ava zu kluvi vɔ̃ɖiwo o. Ke boŋ ɖe wònɔ nu xlɔ̃m amesiamina siawo be woagava nɔ abe kluvi vɔ̃ɖi la ene o. Eye le ɖetugbui ewoawo ŋuti lododoa me la, Yesu gblɔ be wo dometɔ atɔ̃ nye bometsilawo. Menye ɖe wòle gbɔgblɔm be amesiaminawo ƒe afã anye bometsilawo o. Ke boŋ Yesu nɔ nu xlɔ̃m wo tso nu si adzɔ ɖe wo dzi ne womele dzadzraɖoɖi hele ŋudzɔ o ŋu. * (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.) Nenema kee le talentowo ŋuti lododoa me la, menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm be amesiaminawo dometɔ geɖe ava zu kluvi vɔ̃ɖi kuviatɔwo le ŋkeke mamlɛawo me o. Ao, ke boŋ enɔ nu xlɔ̃m amesiaminawo be woaganɔ abe kluvi vɔ̃ɖi la ene o, ke boŋ woayi edzi atsɔ dzo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu.—Mateo 25:16.

Yesu aɖo eteƒe na eƒe nusrɔ̃la siwo katã do vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me

16. (a) Nu vevi eve kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso talentowo ŋuti lododoa me? (b) Aleke nyati sia kpe ɖe mía ŋu míegase talentowo ŋuti lododoa gɔme ɖe edzi? (Kpɔ aɖaka si nye “ Aleke Wòle Be Míase Talentoawo Ŋuti Lododoa Gɔme?”)

16 Nu vevi eve kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso talentowo ŋuti lododoa me? Gbãtɔae nye be, Yesu tsɔ nu xɔasi aɖe de asi na eyomedzela amesiaminawo, si nye gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔ vevi la. Evelia, Yesu le mɔ kpɔm be mí katã míado vevie nu le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ne míedo dzi hewɔ dɔ sia veviedodotɔe eye míeɖo to Yesu hewɔ nuteƒe nɛ la, míate ŋu aka ɖe edzi be aɖo eteƒe na mí.—Mateo 25:21, 23, 34.

^ mm. 3 Woɖe ame si kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela nye la me le July 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 21-22, memama 8-10 me.

^ mm. 3 Nyati si do ŋgɔ na esia ɖe ame siwo ɖetugbuiawo tsi tre ɖi na me.

^ mm. 3 Woɖe alẽwo kple gbɔ̃wo ŋuti lododoa me le  October 15, 1995 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 23-28, kple nyati si kplɔ esia ɖo le magazine sia me la me.

^ mm. 5 Le Yesu ŋɔli la, ele be apaɖila nawɔ dɔ abe ƒe 20 sɔŋ ene hafi akpɔ talento ɖeka.

^ mm. 8 Le apostoloawo ƒe ku megbe teti la, xɔsegbegbe kaka ɖe hameawo katã me. Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, gbeƒãɖeɖedɔa metsɔ afɔ kura o. Gake le ‘nuŋeɣia’ alo nuwuɣia la, wogade dzo gbeƒãɖeɖedɔa me ake. (Mateo 13:24-30, 36-43) Kpɔ July 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 9-12.

^ mm. 15 Kpɔ nyati si nye, “Àyi Edzi ‘Anɔ Ŋudzɔa’?” si le Gbetakpɔxɔ sia me la ƒe memama 13 lia.