Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  February 2015

Wona Nu Dodzidzɔname Aɖe Japantɔwo

Wona Nu Dodzidzɔname Aɖe Japantɔwo

LE KPEKPE tɔxɛ aɖe si wowɔ le Nagoya, Japan, le April 28, 2013 dzi me la, Anthony Morris si nye Dɔdzikpɔha la me tɔ ɖe gbeƒã dodzidzɔname aɖe: woɖe agbalẽ yeye aɖe ɖe go le Japangbe me, si ƒe tanyae nye, Biblia La—Nya Nyui La Abe Ale Si Mateo Ŋlɔe Ene. Ame siwo wu 210,000 ye de kpekpe sia; wo dometɔ aɖewo nɔ afi si wonɔ nuƒoawo ƒom le, eye wotsiã ka na ame bubuwo hã wonɔ eƒe video kpɔm. Esi vavalawo se gbeƒãɖeɖea la, dzi dzɔ wo ŋutɔ eye wosi akpe ɣeyiɣi didi aɖe.

Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe la mee woɖe Mateo ƒe Nyanyuigbalẽ sia tsoe hegbugbɔe ta. Gake axa 128-gbalẽ sia le etɔxɛ. Nɔviŋutsu Morris ɖe eme be wotrɔ asi le eŋu be wòakpe ɖe Japangbe dolawo ŋu. Nu kae na agbalẽ sia le etɔxɛ? Nu ka tae wòhiã be woatae? Aleke amewo xɔe?

NU KAE NA AGBALẼ SIA LE ETƆXƐ?

Ale si wotrɔ asi le Mateo ƒe Nyanyuigbalẽ sia ŋu la do dzidzɔ na ame geɖe. Wotea ŋu ŋlɔa Japantɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo tso dzi va anyi alo ŋlɔnɛ tso miame yia ɖusime. Le agbalẽ geɖe siwo wotana me la, woŋlɔnɛ tso miame yia ɖusime abe ale si wòle le míaƒe agbalẽwo hã gome ene. Gake nuŋɔŋlɔ siwo le agbalẽ yeye sia me la, tso dzi va anyi, abe ale si Japantɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ geɖe kple agbalẽ aɖewo nɔna ene. Nuŋɔŋlɔ ƒe atsyã sia nya xlẽna na Japantɔwo wu. Azɔ hã, woɖe nuŋɔŋlɔ siwo nɔa axa la tame va de memamawo dome wonye tanya suewo be wòana nuxlẽlaa nakpɔ nyati veviawo adze sii bɔbɔe.

Japan nɔviwo dze Nyanyuigbalẽa xexlẽ gɔme enumake. Nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 80 kple edzivɔ gblɔ be: “Mexlẽ Mateo ƒe agbalẽa zi geɖe kpɔ, gake nuŋɔŋlɔ siwo tso dzi va anyi kple tanya sueawo kpe ɖe ŋunye mese Todzimawunya la gɔme nyuie wu.” Nɔvinyɔnuvi aɖe hã gblɔ be: “Menɔ anyi ɖe Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa ŋu hexlẽe tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu zi ɖeka. Nuŋɔŋlɔ siwo tso miame yi ɖusime ye mam, gake esi woŋlɔ tso dzi va anyi ye doa dzidzɔ na Japantɔ geɖe.”

WOTRƆ ASI LE EŊU NA JAPANTƆWO KOŊ

Nu ka tae Biblia-gbalẽ ɖeka sia sɔ na Japantɔwo? Togbɔ be Japantɔ geɖe menya nu boo tso Biblia ŋu o hã la, wolɔ̃na be yewoaxlẽe. Mɔnukpɔkpɔa su wo dometɔ geɖe siwo mekpɔ Biblia kpɔ o la si be woawo ŋutɔ naxɔe axlẽe.

Nu ka tae wònye Mateo ƒe agbalẽae wotia? Ne woyɔ “Biblia” le Japantɔ geɖe gbɔ la, Yesu Kristo ye vaa susu me na wo. Wotia Mateo ƒe agbalẽa, elabena Yesu ƒe dzidzi kple dzidzimegbalẽ, eƒe Todzimawunya xɔŋkɔ la kpakple eƒe nyagblɔɖi ɖedzesi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la le eme. Nyati siawo doa dzidzɔ na Japantɔ geɖe.

 Gbeƒãɖela siwo le Japan tsɔ dzonɔameme le agbalẽ sia nam tso aƒe me yi aƒe me kple le tɔtrɔyiwo wɔwɔ me. Nɔvinyɔnu aɖe ŋlɔ bena: “Fifia mɔnukpɔkpɔ geɖe wu su asinye be matsɔ Mawu ƒe Nya la ana ame geɖe le míaƒe anyigbamama me. Gbe si gbe míewɔ kpekpe tɔxɛa la, gbe ma gbe ke ƒe ŋdɔ mee mena Mateo ƒe agbalẽa ɖeka!”

ALEKE AMEWO XƆE?

Nya kawoe gbeƒãɖela geɖewo gblɔna hafi naa agbalẽa? Japantɔ geɖe nya nyawo abe “agbo bii la,” ‘atsɔ dzonu xɔasiwo aƒu gbe ɖe hawo ŋkume’ kple “migatsi dzimaɖi gbeɖe le etsɔ si gbɔna la ŋu o” ene nyuie. (Mateo 6:34; 7:6, 13) Ewɔa nuku na wo ne wova nya be Yesu Kristo ye gblɔ nya siawo. Ne wokpɔ nya siawo le Mateo ƒe agbalẽa me la, wo dometɔ geɖe gblɔna be: “Enye nye didi vevie be maxlẽ Biblia zi ɖeka ya teti.”

Ne gbeƒãɖelawo trɔ yi ame siwo xɔ Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa gbɔ la, aƒemenɔlaawo gblɔna zi geɖe be yewoxlẽ eƒe akpa aɖe alo xlẽ agbalẽ bliboa enumake. Ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 60 kple edzivɔ la gblɔ na gbeƒãɖela aɖe be: “Mexlẽe zi gbɔ zi geɖe eye efa akɔ nam ale gbegbe. Meɖe kuku, miva fia nu geɖem tso Biblia ŋu.”

Wonaa Mateo ƒe Nyanyuigbalẽa le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa hã me. Esi Ðasefo aɖe nɔ gbeƒã ɖem la, ena eƒe e-mail adrɛs ɖetugbui aɖe si xɔ agbalẽa. Le gaƒoƒo ɖeka megbe la, ɖetugbuia ŋlɔ nu ɖo ɖe nɔvinyɔnua be yedze agbalẽa xexlẽ gɔme eye yedi be yeaganya nu geɖe akpee. Kwasiɖa ɖeka megbe la, wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple ɖetugbui sia eye eteƒe medidi o edze kpekpeawo dede gɔme.

Wota Mateo ƒe Nyanyuigbalẽ siwo wu 1,600,000 heɖoe ɖe hame siwo le Japan. Ɣleti sia ɣleti la, Ðasefowo naa agbalẽa ɖekaɖeka akpe geɖewo amewo. Agbalẽa ƒe ŋgɔdonya ɖe etalawo ƒe seselelãme fia ale: “Míele mɔ kpɔm vevie be Biblia ƒe akpa sia xexlẽ ana nàgakpɔ dzidzɔ ɖe Biblia la ŋu geɖe wu.”