Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  January 2015

Na Yehowa Nali Ke Wò Srɔ̃ɖeɖea Eye Wòakpɔ Eta

Na Yehowa Nali Ke Wò Srɔ̃ɖeɖea Eye Wòakpɔ Eta

“Ne Yehowa medzɔ dua ŋu o la, dzodzroe dzɔla le ŋudzɔ.”PSALMO 127:1b.

1, 2. (a) Nu ka tae Israel-vi 24,000 sɔŋ ƒe asi mete ŋu su woƒe domenyinu nyui la dzi o? (b) Nu ka tae ŋutinya sia le vevie na mí?

ESI wòsusɔ vie ne Israel-viwo nayi ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, wo dome ŋutsu akpe geɖewo de asi “ahasiwɔwɔ me kple Moab-nyɔnuwo.” Israel-vi 24,000 sɔŋ ku le esia ta. Ɣeyiɣi didi aɖee nye ema wonɔ mɔ kpɔm na woƒe domenyinua eye wòsusɔ vie ko ne woƒe asi nasu edzi! Gake nublanuitɔe la, teƒeɖoɖo nyui ma tsi wo ŋu, elabena woɖe mɔ gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe tetekpɔ ɖu wo dzi.4 Mose 25:1-5, 9.

2 Woŋlɔ nudzɔdzɔ wɔnublanui ma ŋu nyawo ɖi “be woanye nuxɔxlɔ̃ na mí ame siwo dzi nuɖoanyi siawo ƒe nuwuwuwo va ɖo la.” (1 Korintotɔwo 10:6-11) Míele “ŋkeke mamlɛawo” ƒe yɔyrɔea nu eye esusɔ vie ko míage ɖe xexe yeyea me. (2 Timoteo 3:1; 2 Petro 3:13) Gake nublanuitɔe la, Yehowa subɔla aɖewo megava le ŋudzɔ le agbe nyui nɔnɔ gome o, si wɔe be wonɔ agbe gbegblẽ. Wole woƒe nuwɔnawo me tsonu wɔnublanuiwo teƒe  kpɔm, eye ne wometrɔ dzi me o la, agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔnukpɔkpɔa hã atsi wo ŋu.

3. Nu ka tae srɔ̃tɔwo hiã Yehowa ƒe mɔfiame kple ametakpɔkpɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

3 Srɔ̃tɔwo hiã Yehowa ƒe mɔfiame kple eƒe ametakpɔkpɔ be woƒe srɔ̃ɖeɖea nanɔ dedie, elabena gbɔdɔnyawo xɔ amewo ƒe susu le xexea me. (Xlẽ Psalmo 127:1.) Le nyati sia me la, míadzro ale si srɔ̃tɔwo ate ŋu akpɔ woƒe srɔ̃ɖeɖea ta me. Ehiã be woadzɔ woƒe dziwo ŋu, ate ɖe Mawu ŋu, ado amenyenye yeyea, aƒo nu na wo nɔewo nyuie, eye woana srɔ̃nua wo nɔewo hã.

DZƆ WÒ DZI ŊU

4. Aleke wòdzɔe be agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔ ɖu Kristotɔ aɖewo dzi?

4 Aleke wòate ŋu adzɔe be agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe tetekpɔ naɖu Kristotɔ dzi? Zi geɖe la, edzea egɔme tso nu si míaƒe ŋku kpɔ la dzi. Yesu gblɔ be: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:27, 28; 2 Petro 2:14) Ame siwo nɔ agbe gbegblẽ la dometɔ geɖe menɔ ŋudzɔ le agbe nyui nɔnɔ gome o, le esi wokpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo, woxlẽ agbalẽ siwo nyɔa gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro ɖe ame me, alo wokpɔ gbɔdɔdɔ me ŋutasẽnuwɔwɔ tɔŋkuwo le Internet dzi ta. Ame aɖewo kpɔ videowo, fefewo, alo television dzi wɔna siwo me wowɔa gbɔdɔnuwo le. Eye ame bubuwo hã de zãmodzakaɖeƒewo kple teƒe siwo ɣeɖulawo ɖea ama le, alo be woyi lãmeheƒe siwo amewo nɔa agbe gbegblẽ le.

5. Nu ka tae wòhiã be míadzɔ míaƒe dzi madeblibo la ŋu?

5 Tetekpɔ ɖua ame aɖewo dzi le esi wova nɔa ka dom kple ame si menye wo srɔ̃ o ta. Míele xexe si me ame geɖe meɖua wo ɖokui dzi o, eye wokpɔa dzidzɔ ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒomevi ɖe sia ɖe ŋu. Azɔ hã, esi míaƒe dzi madebliboa nye alakpatɔ kple nu gbegblẽ ta la, ele bɔbɔe be ame si menye mía srɔ̃ o ƒe nu nalé dzi na mí. (Xlẽ Yeremiya 17:9, 10.) Yesu gblɔ be: “Dzi mee susu vɔ̃wo bubu, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo [kple] agbe gbegblẽ nɔnɔwo” doa go tsona.Mateo 15:19.

6, 7. (a) Nu kae ate ŋu adzɔ ne dzodzro vɔ̃wo ge ɖe dzi me na mí? (b) Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagawɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu o?

6 Ne dzodzro vɔ̃wo nya ƒo ke ɖe dzi me na ame eve siwo ƒe nu lé dzi na wo nɔewo ko la, wova nɔa dze ɖom tso nya siwo ŋu mele be woaƒo nu tsoe kple ame bubu aɖeke tsɔ wu woawo ŋutɔwo srɔ̃ o. Kasiaa, wotsɔa nanewo nɔa taflatsɛ dom ale be woanɔ go dom wo nɔewo. Wodoa go kple wo nɔewo edziedzi henana wòdzena abe nudogoɖenunu ene. Ne woƒe seselelãmewo nu va le sesẽm ɖe edzi la, ɖokuidziɖuɖu va sesẽna na wo. Zi ale si woƒe kadodoa me va le sesẽm ɖe edzi la, zi nenemae wòsesẽna be woatso kadodoa me, togbɔ be wonyae be nu si wɔm yewole la mesɔ o hã.Lododowo 7:21, 22.

7 Woŋlɔa Yehowa ƒe mɔfiame siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu la be keŋkeŋ  ne dzodzro vɔ̃wo kple dzeɖoɖowo va kplɔ wo de asiléle na ame nɔewo, nugbugbɔgbugbɔ, asikaka ame nɔewo ŋu, kple teƒeteƒewo léle na wo nɔewo me. Nublanuitɔe la, ame kple srɔ̃a dome koe wòle be nu siawo nayi edzi le hafi. Alea wòdzɔnae be woawo ŋutɔwo ƒe ‘nudzodzrowo hea wo eye wòblea wo.’ Mlɔeba, ne nudzodzroa va ɖo eƒe sesẽaƒe la, wonɔa agbe gbegblẽ. (Yakobo 1:14, 15) Ewɔ nublanui, elabena ne ɖe ame evea siaa ɖe mɔ Yehowa do ŋusẽ bubu si le wo si na srɔ̃ɖeɖe ƒe ɖoɖoa la, anye ne womawɔ nu vɔ̃ ɖe eŋu o. Gake nu kae ana woade bubu srɔ̃ɖeɖoɖoa ŋu?

NƆ MAWU ŊU KPLIKPLIKPLI

8. Aleke ƒomedodo me nɔnɔ kple Yehowa kpɔa mía ta be míaganɔ agbe gbegblẽ o?

8 Xlẽ Psalmo 97:10. Ƒomedodo me nɔnɔ kple Yehowa ate ŋu akpɔ mía ta be míaganɔ agbe gbegblẽ o. Ne míesrɔ̃ nu tso Mawu ƒe nɔnɔme nyuiawo ŋu la, míedzea agbagba zua eyama ‘srɔ̃lawo, abe lɔlɔ̃viwo ene, eye míeyia edzi zɔna le lɔlɔ̃ me.’ Esia doa ŋusẽ mí be míaƒo asa na “agbe gbegblẽ nɔnɔ kple makɔmakɔnyenye ƒomevi” ɖe sia ɖe. (Efesotɔwo 5:1-4) Srɔ̃tɔ siwo nyae be “Mawu adrɔ̃ ʋɔnu agbe gbegblẽ nɔlawo kple ahasiwɔlawo” la dzea agbagba vevie be yewoawɔ nuteƒe na yewo nɔewo.Hebritɔwo 13:4.

9. (a) Nu kae na Yosef te ŋu wɔ nuteƒe togbɔ be eƒe aƒetɔ srɔ̃ tee kpɔ hã? (b) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Yosef ƒe kpɔɖeŋua me?

9 Kristotɔ aɖewo de megbe le agbe nyui nɔnɔ gome esi wova nɔ ha dem kple dɔwɔhati siwo menye Ðasefowo o le kpakpã le dɔme vɔ megbe. Wote ame aɖewo hã kpɔ le dɔwɔɣiwo. Nu siae dzɔ ɖe ɖekakpui aɖe si ŋkɔe nye Yosef dzi. Le dɔme la, ede dzesii be yeƒe nu lé dzi na yeƒe aƒetɔ srɔ̃ vevie. Nyɔnua nɔa agbagba dzem gbe sia gbe be yeable enu ne wòadɔ kpli ye. Mlɔeba la, “elé eƒe avɔ, eye wògblɔ bena: ‘Va mlɔ anyi kplim!’” Ke Yosef gbe, eye wòsi dzo. Nu kae na Yosef te ŋu ɖu eɖokui dzi hewɔ nuteƒe? Eɖoe kplikpaa be yeakpɔ wo kple Mawu dome ƒomedodoa ta. Ele eme be dɔ ge le Yosef si eye wolée de gaxɔ me ya, gake Yehowa yrae. (1 Mose 39:1-12; 41:38-43) Míeɖale dɔme alo teƒe bubu aɖe o, ele be míaƒo asa na nu siwo ate ŋu akplɔ mí ade tetekpɔ me.

MIDO AMENYENYE YEYE LA

10. Aleke amenyenye yeyea kpɔa srɔ̃ɖeɖe tae?

10 Amenyenye yeye “si wowɔ le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu le dzɔdzɔenyenye kple nuteƒewɔwɔ vavãtɔ me la” akpɔ srɔ̃tɔwo ta be woaganɔ agbe gbegblẽ o. (Efesotɔwo 4:24) Ne míedo amenyenye yeyea la, ‘míawu’ míaƒe ŋutinuwo eye míaƒo asa na “agbe gbegblẽ nɔnɔ, makɔmakɔnyenye, gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro, dzodzro vɔ̃, kple ŋubiabiã.” (Xlẽ Kolosetɔwo 3:5, 6.) Le afi sia la, nya “miwu” fia be míawɔ nu sia nu si hiã be míate ŋu aɖu dzodzro vɔ̃wo dzi. Míatsri nu sia nu si ate ŋu anyɔ gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si mesɔ o ɖe mía me. (Hiob 31:1) Ne míenɔa agbe ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu la, míasrɔ̃ ale si míanyɔ ŋu “nu vɔ̃ɖi” eye míaku ɖe “nu si nyo” la ŋu goŋgoŋ.Romatɔwo 12:2, 9.

Be srɔ̃ɖeɖe nali ke la, ele be srɔ̃tɔwo naƒo nu na wo nɔewo le ameŋububu, lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ me

11. Aleke amenyenye yeyea ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nali ke?

 11 Ne míedo amenyenye yeyea la, míasrɔ̃ Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo. (Kolosetɔwo 3:10) Ne srɔ̃tɔwo ɖea nɔnɔme siwo nye “veveseɖeamenu, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu” fiana la, woƒe srɔ̃ɖeɖea ali ke eye Yehowa ayra wo. (Kolosetɔwo 3:12) Azɔ hã woƒe ɖekawɔwɔa me agasẽ ɖe edzi ne ‘wona Kristo la ƒe ŋutifafa kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe dziwo dzi.’ (Kolosetɔwo 3:15) Ne srɔ̃tɔwo ‘lɔ̃ wo nɔewo vevie’ la, woatre wo nɔewo bubu, eye woakpɔ vovo ɖe wo nɔewo ŋu hã.Romatɔwo 12:10.

12. Nɔnɔme kawoe nèsusu be wohiã ale be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me?

12 Esi wobia atsu kple asi aɖe be nɔnɔme kawoe wɔe be dzidzɔ le woƒe ƒomea me hã la, ŋutsua, si ŋkɔe nye Sid, gblɔ be “Lɔlɔ̃e nye nɔnɔme vevitɔ si míetuna ɖo ɣesiaɣi. Eye míekpɔe be tufafa hã le vevie ŋutɔ.” Srɔ̃a Sonja, hã lɔ̃ ɖe edzi, eye wògblɔ be: “Dɔmenyonyo hã le vevie ale gbegbe. Eye míedzea agbagba be míabɔbɔ mía ɖokui, togbɔ be menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe o hã.”

MIƑO NU NA MIA NƆEWO NYUIE

13. Nu vevi kae ana srɔ̃ɖeɖe nali ke, eye nu ka tae?

13 Ne míedi be míaƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke la, ke ele vevie ŋutɔ be míaƒo nu na mía srɔ̃ nyuie. Nublanuitɔe la, srɔ̃tɔ aɖewo ƒoa nu na amedzrowo kple aƒemelã siwo womlã la gɔ̃ hã bubutɔe wu wo srɔ̃wo! Ne “ameléleɖedɔme kaɖikaɖi kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kpakple dzugbewo” le srɔ̃ɖeɖe me la, egblẽa atsu kple asia dome ƒomedodoa me vivivi. (Efesotɔwo 4:31) Nyahehe ɖe ame ŋu kple nya veamewo gbɔgblɔ ate ŋu agblẽ nu le srɔ̃ɖeɖe ŋu. Eya ta be srɔ̃ɖeɖe nali ke la, ele be srɔ̃tɔwo naƒo nu na wo nɔewo le ameŋububu, lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ me.Efesotɔwo 4:32.

14. Nu ka wɔwɔe wòle be míaƒo asa na?

14 Biblia gblɔ be “ɖoɖoeziɣi li.” (Nyagblɔla 3:7) Ke hã esia mefia be míate ŋu agbe nuƒoƒo na mía srɔ̃ o, elabena nuƒoƒo na ame nɔewo le vevie be srɔ̃ɖeɖe nadze edzi. Srɔ̃nyɔnu aɖe si le Germany gblɔ be: “Ne ègbe nuƒoƒo na srɔ̃wò la, ate ŋu ate ɖe edzi vevie.” Egblɔ kpee be: “Togbɔ be menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be ame nafa tu ne wodze agɔ le edzi o hã la, menyo be ame nado dɔmedzoe o. Ðeko esia wɔwɔ ana nya nage le nuwò si aɖu dzi na srɔ̃wò eye wòagagblẽ nyaa ɖe edzi.” Menye ɣlidodo ɖe ame ta kple  numaƒomaƒo na ame nɔewo dzie srɔ̃tɔwo ato akpɔ woƒe kuxiwo gbɔ o. Nu si ana srɔ̃ɖeɖea nali ke boŋue nye be woakpɔ masɔmasɔwo gbɔ kaba eye womagana wòado gã ɖe edzi ava zu dzre o.

15. Aleke nuƒoƒo na ame nɔewo nyuie ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nali ke?

15 Srɔ̃ɖekadodoa me agasẽ ɖe edzi wu ne miedia ɣeyiɣi gblɔa miaƒe susuwo kple dzimenyawo na mia nɔewo. Menye nya si nàgblɔ la koe le vevie o, ke ale si nàgblɔe hã le vevie. Eya ta ne masɔmasɔwo do mo ɖa gɔ̃ hã la, dze agbagba nàwɔ nu ameŋububutɔe le nya siwo nàgblɔ kple ale si nàgblɔ woe siaa me. Esia ana wòanɔ bɔbɔe be srɔ̃wò naɖo to wò. (Xlẽ Kolosetɔwo 4:6.) Srɔ̃tɔwo ate ŋu aƒo nu na wo nɔewo nyuie to dzideƒonamenyawo kple nya tuameɖowo gbɔgblɔ me, eye esia ana srɔ̃ɖeɖea nali ke.Efesotɔwo 4:29.

Ne srɔ̃tɔwo ƒoa nu na wo nɔewo nyuie la, ate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖea nali ke (Kpɔ memama 15)

TSƆ NU SI SRƆ̃WÒ DZE NA LA NƐ

16, 17. Nu ka tae wòle vevie be srɔ̃tɔwo nadi be yewoakpɔ yewo nɔewo ƒe hiahiãwo gbɔ le seselelãme kple srɔ̃nua nana me?

16 Srɔ̃tɔwo agate ŋu ana woƒe srɔ̃ɖeɖea nali ke ne wotsɔa wo srɔ̃ ƒe hiahiãwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ na woawo ŋutɔwo tɔ. (Filipitɔwo 2:3, 4) Ele be srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo siaa nakpɔ wo nɔewo ƒe hiahiãwo gbɔ le seselelãme kple srɔ̃nua nana siaa gome.Xlẽ 1 Korintotɔwo 7:3, 4.

17 Nublanuitɔe la, srɔ̃tɔ aɖewo meɖea lɔlɔ̃ fiaa wo srɔ̃ alo naa srɔ̃nua o. Eye ŋutsu aɖewo hã susuna be ne yewoɖe ameŋububu fia yewo srɔ̃wo la, mefia ŋutsunyenye o. Gake Biblia gblɔ be: “Mi srɔ̃ŋutsuwo hã, midze agbagba miase nu gɔme na mia srɔ̃wo.” (1 Petro 3:7, Phillips) Ele be srɔ̃ŋutsu nase egɔme be srɔ̃nua bia nu geɖe wu gbɔdɔdɔ dzro ko. Ele be wòawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu le lɔlɔ̃ me ɣeawokatãɣi. Ekema anɔ bɔbɔe na srɔ̃a hã be wòase vivi na srɔ̃nua. Ne wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu lɔlɔ̃tɔe la, enɔa bɔbɔe be woakpɔ wo nɔewo ƒe seselelãme kple ŋutilãme hiahiãwo gbɔ.

18. Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu ado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖekadodoa?

18 Togbɔ be womate ŋu atsɔ naneke ado taflatsɛ ɖe nuteƒemawɔmawɔ na ame srɔ̃ ta o hã la, lɔlɔ̃maɖemaɖefia ame srɔ̃ ate ŋu ana srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu natrɔ ɖe ame bubu ŋu hena lɔlɔ̃ɖeɖefia. (Lododowo 5:18; Nyagblɔla 9:9) Esia tae Biblia ɖo aɖaŋu na srɔ̃tɔwo be woaganɔ “nu sia tem” wo nɔewo o, negbe ɖe wo ame evea siaa wolɔ̃ ɖe edzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe. Nu ka tae? “Bene Satana nagayi edzi anɔ mia tem kpɔ le miaƒe ɖokuidzimaɖumaɖu ta o.” (1 Korintotɔwo 7:5) Anye nublanuinya ŋutɔ be srɔ̃tɔwo naɖe mɔ na Satana wòazã woƒe “ɖokuidzimaɖumaɖu” atsɔ ate wo kpɔ woawɔ ahasi! Ne srɔ̃tɔ ɖe sia ɖe wɔa nu si srɔ̃a dze na la nɛ la, ekema womele ‘woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo dim o, ke ame kemɛa tɔ boŋ.’ Wowɔa esia le lɔlɔ̃ na wo nɔewo ta, ke menye le esi wòhiã be woawɔe ta ko o. Lɔlɔ̃ɖeɖefia ame nɔewo ameŋububutɔe doa ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖekadodoa.1 Korintotɔwo 10:24.

YI EDZI NÀNƆ ŊUSẼ DOM WÒ SRƆ̃ÐEÐEA

19. Nu kae wòle be míaɖoe kplikpaa be míawɔ, eye nu ka tae?

19 Esusɔ vie ko míage ɖe xexe yeyea me! Afɔku gã ka gbegbee nye esi wòanye ne míeɖe mɔ dzodzro vɔ̃wo ɖu mía dzi abe ale si wòdzɔ ɖe Israel-vi 24,000-awo dzi le Moab-tagba ene. Esi Biblia ƒo nu tso nu si dzɔ ŋu vɔ la, exlɔ̃ nu mí be: “Ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o.” (1 Korintotɔwo 10:12) Be míaƒe srɔ̃ɖeɖe nali ke la, ele be míawɔ nuteƒe na Yehowa kple mía srɔ̃. (Mateo 19:5, 6) Ehiã fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe be ‘míawɔ míaƒe ŋutete katã be wòakpɔ mí mlɔeba ɖimaƒomaƒoe kple mokaka manɔŋui le ŋutifafa me.’2 Petro 3:13, 14.