Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  November 2014

“Azɔ La, Mienye Mawu Ƒe Dukɔ”

“Azɔ La, Mienye Mawu Ƒe Dukɔ”

“Mienye dukɔ tsã o, gake azɔ la, mienye Mawu ƒe dukɔ.”—1 PETRO 2:10.

1, 2. Tɔtrɔ kae Yehowa he vɛ le ƒe 33 K.Ŋ. me? Ame kawoe va zu Yehowa ƒe dukɔ yeyea me tɔwo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

LE ƑE 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, Yehowa wɔ tɔtrɔ vevi aɖe le eƒe amewo ƒe ŋutinya me. Eɖo dukɔ yeye, si nye “Mawu ƒe Israel,” alo gbɔgbɔ me Israel la anyi. (Galatiatɔwo 6:16) Yehowa zã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea tsɔ tia ame siwo anye dukɔ sia me tɔwo. Paulo ŋlɔ bena mehiã be woatso aʋa na dukɔ yeye sia me tɔwo, abe ale si wònɔ le Abraham ƒe dzidzimeviwo gome ene o. Elabena woƒe “aʋatsotso la nye esi woto gbɔgbɔ me tso na [woƒe] dzi.”—Romatɔwo 2:29.

2 Mawu ƒe dukɔ yeyea me tɔwo ƒe gbãtɔwoe nye Kristo ƒe apostoloawo kpakple nusrɔ̃la alafa ɖeka kple edzivɔ siwo kpe ta le dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 1:12-15) Mawu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo dzi eye wova zu viawo. (Romatɔwo 8:15, 16; 2 Korintotɔwo 1:21) Esia ɖo kpe edzi be Yehowa xɔ Kristo ƒe vɔsa la, eye wòtsɔ nubabla yeyea ɖo Se ƒe nubablaa teƒe. (Luka 22:20; mixlẽ Hebritɔwo 9:15.) Nusrɔ̃la siawo siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la va zu Yehowa ƒe dukɔ yeyea me tɔwo.  Gbɔgbɔ kɔkɔea wɔe be wote ŋu se gbegbɔgblɔ vovovowo hefia nu amewo tso “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” ŋu.—Dɔwɔwɔwo 2:1-11.

MAWU ƑE DUKƆ YEYE LA

3-5. (a) Nya kae Petro gblɔ na Yudatɔwo le Pentekoste-ŋkekea dzi? (b) Aleke dukɔ yeye la dzi ɖe edzi esime woɖoe anyi teti?

3 Yehowa to apostolo Petro dzi mia asi Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo be woava zu yeƒe dukɔ yeyea, si nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la me tɔwo. Le Pentekoste-ŋkekea dzi la, Petro gblɔe na Yudatɔwo dzinɔameƒotɔe be woawoe wu Yesu, ke azɔ la ehiã be woaxɔe ase be eyae nye yewoƒe “Aƒetɔ kple Kristo.” Esi ameha la bia be nu kae yewoawɔ hã la, Petro gblɔ na wo be: “Mitrɔ dzi me, eye mina woanyrɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke, eye miaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana faa la.” (Dɔwɔwɔwo 2:22, 23, 36-38) Gbe ma gbe la, ame siwo ade 3,000 va zu dukɔ yeye, si nye gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo. (Dɔwɔwɔwo 2:41) Eyome apostoloawo yi edzi ɖe gbeƒã dzonɔamemetɔe, eye ame geɖe va xɔ nyateƒea. (Dɔwɔwɔwo 6:7) Ale dukɔ yeye la me tɔwo nɔ dzidzim ɖe edzi.

4 Emegbe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo te gbeƒãɖeɖe na Samariatɔwo. Wo dometɔ geɖe xɔ nyateƒea eye wonyrɔ wo, gake womexɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la o. Dɔdzikpɔha si le Yerusalem la dɔ Petro kple Yohanes ɖo ɖe nɔvi yeyeawo gbɔ le Samaria. Apostolo eve siawo da woƒe asiwo ɖe wo dzi, “eye wote gbɔgbɔ kɔkɔe  xɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 8:5, 6, 14-17) To esia dzi la, Samariatɔwo hã va zu amesiaminawo hezu gbɔgbɔ me Israel dukɔ la me tɔwo.

Petro ɖe gbeƒã na Kornelio kple eƒe ƒometɔwo kpakple exɔlɔ̃wo (Kpɔ memama 5)

5 Le ƒe 36 K.Ŋ. me la, Mawu zã Petro wòmia asi ƒuƒoƒo bubu aɖe be woava zu dukɔ yeye, si nye gbɔgbɔ me Israel, la me tɔwo. Esia dzɔ esi Petro ɖe gbeƒã na Roma asrafomegã Kornelio kple eƒe ƒometɔwo kpakple exɔlɔ̃wo. (Dɔwɔwɔwo 10:22, 24, 34, 35) Biblia gblɔ be esime Petro nɔ nu ƒom la, wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe ame siwo katã menye Yudatɔwo o siwo nɔ to ɖom la dzi. “[Xɔsetɔ] siwo kplɔ Petro ɖo va, siwo tso aʋatsotsotɔwo dome la ƒe nu ku, elabena wonɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana faa la kɔm ɖe dukɔwo me tɔwo hã dzi.” (Dɔwɔwɔwo 10:44, 45) Tso ekema dzi la, mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na ame siwo menye Yudatɔwo o la be woava nye gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo.

‘DUKƆ HENA EƑE ŊKƆ’

6, 7. Nu kae dukɔ yeye si Yehowa ɖo anyi na eƒe ŋkɔ la me tɔwo wɔ?

6 Le kpekpe aɖe si dɔdzikpɔhaa wɔ le ƒe 49 K.Ŋ. me la, nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Simeon [Petro] gblɔe eme kɔ nyuie, ale si Mawu trɔ susu ɖe dukɔwo ŋu zi gbãtɔ, be yeaɖe dukɔ aɖe tso wo dome hena yeƒe ŋkɔ la.” (Dɔwɔwɔwo 15:14) Kristotɔ siwo nye Yudatɔwo kple esiwo menye Yudatɔwo o siaa le dukɔ yeye sia si Mawu ɖo anyi ‘hena eƒe ŋkɔ’ la me. (Romatɔwo 11:25, 26a) Petro ŋlɔ emegbe be: “Mienye dukɔ tsã o, gake azɔ la, mienye Mawu ƒe dukɔ.” Petro ɖe taɖodzinu si tae woɖo dukɔ ma anyi la me ale: “Mienye ‘dzidzime tiatia, nunɔla siwo nye fiawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu tɔ koŋ, bene miaɖe gbeƒã’ ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua me la ‘ƒe nɔnɔme nyuiwo.’” (1 Petro 2:9, 10) Ele be woanye Yehowa ƒe ɖasefo siwo ƒo dzi le be woakafu Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã la.

7 Yehowa nɔ gbɔgbɔ me Israel dukɔ yeyea zãm azɔ, eya ta eyɔ wo be ‘dukɔ, si mewɔ na ɖokuinye be woaxlẽ nya afia le nye kafukafu ŋu.’ (Yesaya 43:21) Woɖe gbeƒã dzideƒotɔe be Yehowa ye nye Mawu vavã la eye mawu bubuwo katã nye alakpamawuwo. (1 Tesalonikatɔwo 1:9) Woɖi ɖase le Yehowa kple Yesu ŋu “le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, . . . va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8; Kolosetɔwo 1:23.

‘Fiaɖuƒe la ƒe vi’ amesiaminawo nye Yehowa ƒe ɖasefowo, abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gome ene

8. Nya kae apostolo Paulo gblɔ tsɔ xlɔ̃ nu Mawu ƒe amewo le ƒe alafa gbãtɔ me?

8 Paulo nye Yehowa ƒe ɖasefo si ƒo dzi nɔ, eye eʋli Mawu ƒe dziɖulagãnyenye ta esime wònɔ nu ƒom na trɔ̃subɔla siwo nye xexemenunyalawo gɔ̃ hã. Eɖe nu me na wo be Yehowa ye “wɔ xexea kple nu siwo katã le eme,” eye wònye “dziƒo kple anyigba ƒe Aƒetɔ.” (Dɔwɔwɔwo 17:18, 23-25) Emegbe Paulo xlɔ̃ nu hame la be: “Menya be le nye dzodzo megbe la, amegãxi nyanyrawo age ɖe mia dome, eye womawɔ nu ɖe alẽha la ŋu le lɔlɔ̃ me o, eye le mia ŋutɔwo dome la, ame aɖewo atsi tsitre, eye woagblɔ nya totrowo, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokuiwo ŋu.” (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Kaka ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu naɖo la, xɔsegbela geɖewo do xoxo.—1 Yohanes 2:18, 19.

9. Nu kae dzɔ le Mawu ƒe amewo dome le apostoloawo ƒe ku megbe?

 9 Esi apostoloawo ku la, xɔsegbelawo kaka ɖe hameawo me eye woɖo Kristodukɔa ƒe sɔlemewo anyi. Le esi teƒe be woanye dukɔ hena Yehowa ƒe ŋkɔ la, aʋatso Kristotɔ siawo ɖe Mawu ƒe ŋkɔ ɖa le woƒe Biblia gɔmeɖeɖe geɖewo me. Wodo vlo Mawu ƒe ŋkɔ le mɔ bubu geɖewo hã nu. Wodze trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo yome eye wofia dzixɔse siwo metso Biblia me o. Wowɔ aʋa siwo woawo ŋutɔwo tsɔ ŋkɔ na be aʋa kɔkɔewo hegblɔ be yewole aʋa wɔm na Mawu. Wonye nu baɖa wɔlawo kple agbe gbegblẽ nɔlawo hã. Ƒe alafawo megbe tso esime xɔsegbelawo do la, Yehowa subɔla ʋɛ aɖewo koe va le anyigba dzi, eye habɔbɔ aɖeke menɔ anyi si nye ‘dukɔ hena eƒe ŋkɔ’ o.

WOGBUGBƆ DZI MAWU ƑE AMEWO

10, 11. (a) Nya kae Yesu gblɔ ɖi tso “lu” kple “gbe vɔ̃ɖiawo” ŋu? (b) Aleke Yesu ƒe lododoa va eme le ƒe 1914 me?

10 Le Yesu ƒe lododo si ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiwo ŋu me la, egblɔe ɖi be xɔsegbegbe la ana wòasesẽ ŋutɔ be woade dzesi subɔsubɔha vavãtɔ. Egblɔ be “esi amewo dɔ alɔ̃ la,” Abosam va wu gbe vɔ̃ɖiwo ɖe agble si me Amegbetɔvi la wu luwo ɖo la me. Lu kple gbe vɔ̃ɖiawo siaa atsi ɖekae va de asi na ‘nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi.’ Eɖe eme be “nuku nyui” lae nye “Fiaɖuƒe la ƒe viwo,” eye “gbe vɔ̃ɖiawoe nye vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo.” Le nuwuɣia me la, Amegbetɔvi la adɔ mawudɔlawo ɖa be woaho gbe wuwluiawo ahaɖe wo ɖe vovo tso luawo gbɔ. Eyome mawudɔlawo aƒo Fiaɖuƒe la ƒe viwo nu ƒu. (Mateo 13:24-30, 36-43) Aleke esia va emee? Aleke esia wɔe be habɔbɔ si me tɔwo dea ta agu na Mawu la gava le esi le anyigba dzi?

11 ‘Nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi’ la dze egɔme le ƒe 1914 me. Ɣemaɣi la, Kristotɔ amesiamina akpe ʋɛ aɖewo koe nɔ anyigba dzi. Esi aʋa si fe ati le ƒe ma me nɔ edzi yim la, ‘Fiaɖuƒe la ƒe vi’ amesiaminawo gakpɔtɔ nɔ aboyo me le Babilon Gã la me. Gake le ƒe 1919 me la, Yehowa na ablɔɖe wo eye vovototo si le Kristotɔ vavãwo kple aʋatso Kristotɔwo dome la va dze kɔtɛ. Yehowa ƒo “Fiaɖuƒe la ƒe viwo” nu ƒu wozu habɔbɔ, abe ale si ko Yesaya gblɔe ɖi ene be: “Ðe anyigba aɖe adzɔ gbe ɖeka, eye ɖe woadzi dukɔ aɖe zi ɖeka? Hafi Zion ya lé ku, eye wòdzi viawo zi ɖeka.” (Yesaya 66:8) Le mawunyakpukpui sia me la, Zion nye Yehowa ƒe habɔbɔ si me mawudɔlawo le. Zion ‘dzi’ vi esime  woɖo amesiaminawo ƒe dukɔ la anyi le anyigba dzi.

12. Aleke amesiaminawo nye dukɔ hena Yehowa ƒe ŋkɔ?

12 Egbea, ‘Fiaɖuƒe la ƒe vi’ amesiaminawo nye Yehowa ƒe ɖasefowo, abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gome ene. (Mixlẽ Yesaya 43:1, 10, 11.) Amewo kpɔnɛ be woto vovo, elabena wonɔa agbe nyui si dze Kristotɔwo eye woɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia “be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mateo 24:14; Filipitɔwo 2:15) Esia wɔe be wote ŋu kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu be woawo hã wova le ƒomedodo nyui me kple Yehowa.—Mixlẽ Daniel 12:3.

“MÍAYI KPLI MI”

13, 14. Nu kae wòle be ame siwo menye amesiaminawo o la nawɔ be woƒe tadedeagu nadze Yehowa ŋu? Aleke wogblɔ esia ɖi le Biblia me?

13 Míekpɔe le nyati si do ŋgɔ me be le blema Israel la, hafi Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe ame siwo menye Israel viwo o ƒe subɔsubɔ ŋu la, ele be woawɔ ɖeka kple eƒe amewo le tadedeagu nɛ me. (1 Fiawo 8:41-43) Egbea, ele be ame siwo menye amesiaminawo o la nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe Ðasefo amesiaminawo le tadedeagu me.

14 Tso blema ke la, nyagblɔɖilawo gblɔe ɖi be le nuwuɣia me la, ame geɖe ava wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo ade ta agu nɛ. Yesaya gblɔe ɖi be: “Dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: ‘Mina míayi Yehowa ƒe to la, Yakob ƒe Mawu ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔwo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.’ Elabena nufiame atso Zion, eye Yehowa ƒe nya atso Yerusalem.” (Yesaya 2:2, 3) Zaxariya gblɔe ɖi be “dukɔ geɖewo kple anyigba dzi dukɔ gãwo ava di Yehowa Zebaot le Yerusalem, eye woaƒo koko le Yehowa ŋku me.” Ame siawo atso “dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me.” Woawɔ ɖeka kple gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo asubɔ Mawu, eye woagblɔ be: “Míayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.”—Zaxarya 8:20-23.

15. Dɔ ka wɔwɔ mee ‘alẽ bubuawo’ ‘yina kple’ gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo le?

15 ‘Alẽ bubuawo’ ‘yina kple’ gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo to gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me. (Marko 13:10) Wova zua Mawu ƒe dukɔ la me tɔwo. Woawo kple amesiaminawo siaa va zua “alẽha ɖeka” le “alẽkplɔla ɖeka,” si nye Kristo Yesu te.—Mixlẽ Yohanes 10:14-16.

DI SITSOƑE LE YEHOWA ƑE AMEWO DOME

16. Nu kae Yehowa awɔ si ahe Harmagedon-ʋa la vɛ?

16 Le Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ vɔ megbe la, woadze Mawu ƒe amewo dzi ŋkubiãtɔe. Míahiã na Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ be míatsi agbe. Le Yehowa ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, ade asi nyawo me le anyigba dzi, si awɔe be woadze eƒe amewo dzi. Esiae ahe  Harmagedon-ʋa, si nye “xaxa gã” la ƒe akpa mamlɛtɔ vɛ. (Mateo 24:21; Xezekiel 38:2-4) Ɣemaɣi la, Gog adze “dukɔ, si woƒo ƒu tso dukɔwo dome” la dzi. (Xezekiel 38:10-12) Ne esia dzɔ la, Yehowa atso axɔ na eƒe amewo eye wòawɔ aʋa kple Gog kpakple eƒe aʋakɔwo. Yehowa aɖee afia be yee nye xexea me katã ƒe dziɖulagã eye wòakɔ eƒe ŋkɔa ŋu. Egblɔ be: “Mado gã ɖokuinye, makɔ ɖokuinye ŋu, eye maɖe ɖokuinye afia le dukɔ geɖewo ŋkume, ne woadze sii be, nyee nye Yehowa.”—Xezekiel 38:18-23.

Le “xaxa gã” la me la, ele be míaku ɖe míaƒe hamewo ŋu goŋgoŋ (Kpɔ memama 16-18)

17, 18. (a) Ne Gog dze Yehowa ƒe amewo dzi la, mɔfiame kawoe Yehowa ana wo? (b) Ne míedi be Yehowa nakpɔ mía ta la, nu kae wòle be míawɔ?

17 Ne Gog dze Mawu ƒe amewo dzi la, Yehowa agblɔ na esubɔlawo be: “Nye dukɔ, yi ɖe wò xɔgã me, eye nàdo ʋɔ ɖe ɖokuiwò nu, ɣla ɖokuiwò vie, va se ɖe esime dziku la nu nava yi.” (Yesaya 26:20) Ɣemaɣi la, Yehowa ana mɔfiame siwo dzi míazɔ ɖo be míanɔ dedie la mí. Anɔ eme be “xɔgã” la ku ɖe hame siwo me míele la ŋu.

18 Ne míedi be woakpɔ mía ta le xaxa gã la me la, ele be míase egɔme be amewo le Mawu si le anyigba dzi egbea, eye eƒo wo nu ƒu ɖe hamewo me. Ele be míawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amewo, eye míaku ɖe míaƒe hamewo ŋu goŋgoŋ. Míawo hã míate ŋu agblɔ tso dzi me abe ale si hakpalaa gblɔ ene be: “Yehowa si me xɔname le. Wò yayra neva wò dukɔ dzi!”—Psalmo 3:9.