Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mianye “Nunɔlawo Ƒe Fiaɖuƒe”

Mianye “Nunɔlawo Ƒe Fiaɖuƒe”

“Mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam!”2 MOSE 19:6.

1, 2. Ametakpɔkpɔ kae nyɔnua ƒe dzidzimevia hiã na, eye nu ka tae?

BIBLIA me nyagblɔɖi gbãtɔa wɔa akpa vevi aɖe be míase ale si Mawu ƒe tameɖoɖo ava emee la gɔme. Mawu gblɔ le Eden-bɔa me ŋugbedodoa me be: “Made adikã [wò, Satana] kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome.” Aleke gbegbee adikã, alo fuléle, sia nu asẽe? Yehowa gblɔ be: “Eya [nyɔnu la ƒe dzidzime] agbã ta na wò [Satana], eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (1 Mose 3:15) Fuléle si anɔ Satana kple nyɔnua dome nu asẽ ale gbegbe be Abosam awɔ eƒe ŋutete ɖe sia ɖe be yeatsrɔ̃ dzidzimevia.

2 Eya ta mewɔ nuku o be hakpalaa do gbe ɖa tso Mawu ƒe amewo ŋu be: “Kpɔ ɖa, wò futɔwo nyrã, eye wò ketɔwo kɔ ta dzi. Wole tame ɖom le aye me ɖe wò dukɔ ŋu, eye wole adaŋu dem ɖe wò ame siwo nèɣla la ŋu. Wole gbɔgblɔm be: ‘Miva, míatsrɔ̃ wo, ne womaganye dukɔ o.’” (Psalmo 83:3-5) Satana ƒe taɖodzinue nye be yeagblẽ ƒome si me dzidzimevia ado tso la dome ahatsrɔ̃e. Be Yehowa nakpɔ dzidzimevia  ta ahakpɔ egbɔ be Mesia Fiaɖuƒea kpɔ dzidzedze la, ewɔ nubabla bubuwo.

NUBABLA SI KPƆ DZIDZIMEVIA TA

3, 4. (a) Ɣekaɣie Se ƒe nubablaa te dɔwɔwɔ, eye nu ka dzie Israel-dukɔa lɔ̃ ɖo be yewoawɔ? (b) Nu kae Se ƒe nubabla la nye takpɔnu na?

3 Esi Abraham, Isak kple Yakob ƒe dzidzimeviwo dzi ɖe edzi va zu ame miliɔn geɖe la, Yehowa wɔ wo wonye dukɔ ɖeka, si nye Israel-dukɔa.Mawu wɔ nubabla tɔxɛ aɖe kple dukɔ sia, eye Mose ye nye domenɔlaa. Yehowa tsɔ Sea na Israel-viwo, eye wolɔ̃ be yewoawɔ edzi. Biblia gblɔ be Mose tsɔ “agbalẽ, si me nubablanyawo le, hexlẽ sesĩe ɖe dukɔ la ƒe to me. Tete wogblɔ bena: ‘Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe, eye míalé eme ɖe asi!’ Eyome Mose tsɔ [nyitsu siwo wotsɔ sa vɔe la ƒe] ʋu la wu ɖe dukɔ la dome gblɔ bena: ‘Esia enye nu si Yehowa bla kpli mi, ɖe nya siawo katã dzi la, ƒe ʋu.’”2 Mose 24:3-8.

Sea kpɔ dzidzimevi si ado tso Abraham ƒe ƒomea me la ta

4 Se ƒe nubabla la te dɔwɔwɔ tso ƒe 1513 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. To nubabla ma dzi la, Yehowa tia blema Israel-dukɔa hena tameɖoɖo tɔxɛ aɖe. Mawu anye woƒe Ʋɔnudrɔ̃la, Senala kple Fia. (Yesaya 33:22) Israel-viwo ƒe ŋutinya na míekpɔ nu si dzɔna ne amewo wɔ Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi alo gbe wo dzi wɔwɔ. Toɖoɖo Mawu ƒe Sea bia be Israel-viwo nagaɖe trɔ̃subɔlawo o, eye mele be woasubɔ mawu bubu aɖeke hã o. Sea ƒe taɖodzinue nye be wòakpɔ Abraham ƒe ƒomea, si me dzidzimevia ado tso la ta.2 Mose 20:4-6; 34:12-16.

5. (a) Mɔnukpɔkpɔ kae ʋu ɖi na Israel-dukɔa to Se ƒe nubablaa dzi? (b) Nu ka tae Mawu gbe Israel-dukɔa?

5 Woɖo nunɔlawo be woasubɔ le Israel le Se ƒe nubablaa te. Nunɔla mawo nye vɔvɔli na nunɔlawo ƒe hatsotso bubu si ava kpe ɖe ameƒomea ŋu le mɔ si nyo wu nu le etsɔme. (Hebritɔwo 7:11; 10:1) Le nyateƒe me la, Se ƒe nubablaa na mɔnukpɔkpɔ Israel-dukɔa be wòava nye “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe.” Hafi mɔnukpɔkpɔ ma nasu Israel-viwo si la, ele be woawɔ Yehowa ƒe sewo dzi. (Mixlẽ 2 Mose 19:5, 6.) Ke hã wogbe edziwɔwɔ. Israel-dukɔa gbe Mesia la, si nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa vevitɔ. Esi wogbe Yesu alea ta la, Mawu hã gbe wo.

Israel-viwo ƒe nuteƒemawɔmawɔ mefia be Se ƒe nubablaa do kpo nu o (Kpɔ memama 3-6)

6. Taɖodzinu kae nɔ Sea ŋu?

6 Esi Israel-dukɔa melé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu o ta la, womeva zu nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe o. Gake esia mefia be Sea do kpo nu o. Sea kpɔ dzidzimevia ta eye wòna wokpɔ Mesia la dze sii. Esi Kristo la va anyigba dzi eye amewo kpɔe dze sii ta la, efia be Sea kpɔ dzidzedze. Biblia gblɔ be: “Kristoe  nye Se la ƒe nuwuwu.” (Romatɔwo 10:4) Ekema ame kawo sie mɔnukpɔkpɔa asu be woava nye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe? Yehowa gawɔ nubabla bubu si dzi woanɔ te ɖo aɖo dukɔ yeye anyi.

WOÐO DUKƆ YEYE ANYI

7. Nya kae Yehowa gblɔ ɖi to Yeremiya dzi?

7 Ɣeyiɣi didi aɖe hafi Se ƒe nubablaa nadzudzɔ dɔwɔwɔ la, Yehowa gblɔe ɖi to nyagblɔɖila Yeremiya dzi be yeabla “nu yeye” kple Israel-dukɔa. (Mixlẽ Yeremiya 31:31-33.) Nubabla ma ato vovo na Se ƒe nubablaa, elabena magahiã be woatsɔ lãwo asa vɔe hena nu vɔ̃ ƒe tsɔtsɔke o. Aleke esia anya wɔe?

8, 9. (a) Nu nyui kawoe do tso Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la me? (b) Mɔnukpɔkpɔ kae va ʋu ɖi na ame siwo le nubabla yeyea me? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Le ƒe alafa geɖe megbe, le Nisan 14 lia ƒe 33 Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la, Yesu ɖo wɔna yeye aɖe, si nye Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la anyi. Esi Yesu tsɔ kplu si me wain le la, egblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo be: “Kplu sia tsi tsitre ɖi na nubabla yeye si wowɔ to nye ʋu, si woakɔ ɖe anyi ɖe mia ta dzi la.” (Luka 22:20) Le Mateo ƒe nuŋlɔɖia nu la, Yesu gblɔ be: “Esia tsi tsitre ɖi na nye ‘nubabla ƒe ʋu,’ si woakɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta hena nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke.”Mateo 26:27, 28.

9 Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la ɖo kpe nubabla yeyea ƒe nuvãnyenye dzi. Azɔ hã, ewɔe be woate ŋu atsɔ nu vɔ̃wo ake zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu. Yesu mele nubabla yeyea me o. Nu vɔ̃ mele eŋu o, eya ta mehiã na nu vɔ̃ ƒe tsɔtsɔke o. Gake Mawu ate ŋu awɔ Yesu ƒe vɔsaa ŋu dɔ atsɔ ayra ameƒomea. Ate ŋu azã eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea hã atsɔ asi ami na amegbetɔ wɔnuteƒewo be woava ‘zu viawo.’ (Mixlẽ Romatɔwo 8:14-17.) Ewɔe be Yehowa ate ŋu abu wo abe ale si wòbua Via, Yesu, ame si ŋu nu vɔ̃ mele o la ene. Amesiamina siawo ava zu “Kristo ƒe hati domenyilawo.” Azɔ hã, mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi be Israel-dukɔa nava zu “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” hafi la asu wo si. Apostolo Petro gblɔ tso wo ŋu be: “Mienye ‘dzidzime tiatia, nunɔla siwo nye fiawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu tɔ koŋ, bene miaɖe gbeƒã’ ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe kekeli wɔnukua  me la ‘ƒe nɔnɔme nyuiwo.’” (1 Petro 2:9) Eme kɔ ƒãa be nubabla yeyea le vevie ŋutɔ! Eʋu mɔ ɖi na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woava nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia.

NUBABLA YEYEA DZEDƆWƆWƆ GƆME

10. Ɣekaɣie nubabla yeyea dze dɔwɔwɔ gɔme, eye nu ka tae mete dɔwɔwɔ do ŋgɔ na ɣemaɣi o?

10 Nubabla yeyea medze dɔwɔwɔ gɔme esi woɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la o. Nu ka tae? Hafi nubablaa nate dɔwɔwɔ la, ele be Yesu natrɔ ayi dziƒo aɖatsɔ asixɔxɔ si le eƒe vɔsaa ŋu la ayi na Mawu. Azɔ hã, ele be woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe asi ami na ame siwo ava nye “Kristo ƒe hati domenyilawo.” Eya ta nubabla yeyea te dɔwɔwɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo.

Nubabla yeyea te dɔwɔwɔ le ƒe 33 K.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo

11. Aleke nubabla yeyea ʋu mɔ ɖi na Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o siaa be woava nye gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo, eye ame nenie anɔ nubabla yeyea me?

11 Esi Yehowa to Yeremiya dzi na amewo nya be yeabla nu yeye kple Israel la, eto esia dzi ɖee fia be ɣeyiɣi li gbɔna si Se ƒe nubablaa magahiã o. Se la wu enu esi nubabla yeyea te dɔwɔwɔ. (Hebritɔwo 8:13) To nubabla yeyea dzi la, mɔnukpɔkpɔ aʋu ɖi na Yudatɔwo kple Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔwo siaa be woanye domenyilawo le Mawu Fiaɖuƒea me, elabena woƒe “aʋatsotso la nye esi woto gbɔgbɔ me tso na [woƒe] dzi, ke menye to se si woŋlɔ ɖi me o.” (Romatɔwo 2:29) Mawu ade eƒe seawo woƒe susu kple dziwo me. (Hebritɔwo 8:10) Amesiamina 144,000 ye anɔ nubabla yeyea me. Wonye dukɔ yeye si woyɔ be “Mawu  ƒe Israel,” alo gbɔgbɔ me Israel.Galatiatɔwo 6:16; Nyaɖeɖefia 14:1, 4.

12. Vovototo kawoe le Se ƒe nubablaa kple nubabla yeyea dome?

12 Vovototo kawoe le Se ƒe nubablaa kple nubabla yeyea dome? Se ƒe nubabla la nɔ Yehowa kple Israel-dukɔa dome, gake nubabla yeyea ya nɔ Yehowa kple gbɔgbɔ me Israel dome. Mose ye nye domenɔla na Se ƒe nubablaa, gake Yesu ye nye Domenɔla na nubabla yeyea. Lãwo ƒe ʋu ye wotsɔ ɖo kpe Se ƒe nubabla la dzi, gake Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi lae wotsɔ ɖo kpe nubabla yeyea dzi. Mose ye nye ŋgɔnɔla na Israel-dukɔa le Se ƒe nubablaa te. Gake Yesu, si nye hamea ƒe Ta, lae nye Ŋgɔnɔla na ame siwo le nubabla yeyea te.Efesotɔwo 1:22.

13, 14. (a) Aleke nubabla yeyea do ƒome kple Fiaɖuƒeae? (b) Nu kae aʋu mɔ ɖi na gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo?

13 Aleke nubabla yeyea do ƒome kple Fiaɖuƒeae? Wonɔ te ɖe edzi ɖo dukɔ kɔkɔe si me tɔwo si mɔnukpɔkpɔ asu be woanye fiawo kple nunɔlawo le Dziƒofiaɖuƒea me la anyi. Dukɔ mae nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia. (Galatiatɔwo 3:29) Eya ta nubabla yeyea ɖoa kpe edzi be nu si Mawu bla kple Abraham la ava eme.

14 Nubabla yeyea dzie woto ɖo gbɔgbɔ me Israel-dukɔa anyi, eye wòna gome su amesiaminawo si be woanye “Kristo ƒe hati domenyilawo.” Gake aleke wòanya wɔ be amesiaminawo nanye fiawo kple nunɔlawo aɖu fia kple Yesu le dziƒo? Nubabla bubue aʋu esia ƒe mɔ ɖi.

NUBABLA SI ANA AMEWO NAÐU FIA KPLE KRISTO

15. Nubabla kae Yesu ŋutɔ wɔ kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo?

15 Esi Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi la, ebla nu kple eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒeawo; nubabla mae nye Fiaɖuƒe ƒe nubabla la. (Mixlẽ Luka 22:28-30.) Yehowa mele nubabla sia ya me abe ale si wònɔ le nubabla bubuawo gome ene o. Enye nubabla si le Yesu ŋutɔ kple amesiaminawo ɖeɖe dzaa dome. Esi Yesu gblɔ be “abe ale si Fofonye hã bla nu kplim ene” la, anɔ eme be nubabla si Yehowa wɔ kplii be wòanye nunɔla “abe Melxizedek ene yi mavɔmavɔ me” lae wòwɔnɛ.Hebritɔwo 5:5, 6.

16. Gome kae su Kristotɔ amesiaminawo si to Fiaɖuƒe ƒe nubabla la dzi?

16 Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒe 11-awo nɔ Yesu ŋu le eƒe tetekpɔwo me. Fiaɖuƒe ƒe nubabla la ɖo kpe edzi be apostoloawo anɔ fiazikpuiwo dzi eye woanye fiawo kple nunɔlawo aɖu fia kple Yesu le dziƒo. Gake menye ame 11 mawo ko sie mɔnukpɔkpɔ ma asu o. Le ŋutega aɖe si me Yesu ɖe eɖokui fia apostolo Yohanes le me la, egblɔ be: “Ame si ɖu dzi la, maɖe mɔ nɛ wòabɔbɔ anɔ nye fiazikpui la dzi kplim, abe ale si nye hã meɖu dzi, eye mebɔbɔ nɔ anyi ɖe Fofonye ƒe fiazikpui dzi kplii ene.” (Nyaɖeɖefia 3:21) Eya ta Kristotɔ amesiamina 144,000 ye le Fiaɖuƒe ƒe nubabla la me. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 7:4) Nubabla sia ye na gome amesiaminawo be woaɖu fia kple Yesu le dziƒo. Le kpɔɖeŋu me, ne wotia nyɔnu aɖe tso fiaƒome  me be wòazu fia aɖe ƒe ŋugbetɔ la, gome ate ŋu asu fiasrɔ̃a hã si be wòaɖu dzi kple fia la. Le nyateƒe me la, Biblia yɔ amesiaminawo be Kristo la ƒe “ŋugbetɔ,” si nye “ɖetugbui dzadzɛ” si ŋugbe wodo na Kristo.Nyaɖeɖefia 19:7, 8; 21:9; 2 Korintotɔwo 11:2.

XƆSE SẼŊU NENƆ ASIWÒ ÐE MAWU FIAÐUƑEA ŊU

17, 18. (a) Ƒo nu tso nubabla ade siwo me míedzro siwo do ƒome kple Fiaɖuƒea ŋu. (b) Nu ka tae wòle be xɔse sẽŋu nanɔ mía si ɖe Fiaɖuƒea ŋu?

17 Nubabla siwo katã me míedzro le nyati eve siawo me la do ƒome kple Fiaɖuƒea ƒe akpa vevi vovovowo. (Kpɔ aɖaka si nye “Ale Si Mawu Ana Eƒe Tameɖoɖo Nava Eme” le nyati si do ŋgɔ me.) Eme kɔ ƒãa be nubabla siawo ɖoa kpe edzi be Fiaɖuƒea akpɔ dzidzedze godoo. Míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ato Mesia Fiaɖuƒea dzi ana eƒe tameɖoɖo na ameƒomea kple anyigba la nava eme.Nyaɖeɖefia 11:15.

Yehowa ato Mesia Fiaɖuƒea dzi ana eƒe tameɖoɖo na anyigba la nava eme (Kpɔ memama 15-18)

18 Ðikeke mele eme o be, Fiaɖuƒea koe akpɔ amegbetɔwo ƒe kuxiwo gbɔ. Míeka ɖe edzi bliboe be ahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea. Eya ta mina míatsɔ dzonɔameme aɖe gbeƒã nyateƒenya sia na amewo!Mateo 24:14.