‘Mido Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui.ROM. 12:2.

1. Nu kae Katolikotɔwo kple Protestantɔwo ƒe nunɔlawo wɔ le aʋawɔɣiwo?

ÐE WÒNYE Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be Kristotɔwo nawɔ aʋa kple dukɔ bubu me tɔwo ahawu woa? Le ƒe 100 siwo va yi me la, ame geɖe siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la wu wo nɔewo le aʋawɔwɔ me. Katolikotɔwo wu Katolikotɔwo, eye Protestantɔwo wu Protestantɔwo. Katolikotɔwo kple Protestantɔwo ƒe nunɔlawo siaa yra asrafowo kple woƒe aʋawɔnuwo. Le Xexemeʋa II me la, ame siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la sẽ ŋuta le wo nɔewo ŋu eteƒe mekɔ o.

2, 3. Nu kae Yehowa Ðasefowo wɔ le Xexemeʋa II me kple emegbe, eye nu ka tae?

2 Nu kae Yehowa Ðasefowo ya wɔ le Xexemeʋa II me? Womede akpa aɖeke dzi o. Womeƒo wo ɖokuiwo ɖe dukɔwo ƒe aʋawɔwɔ kple woƒe ʋunyaʋunyawɔwɔwo me o. Nu ka tae? Elabena wodi be yewoawɔ ɖe Yesu ƒe nufiafiawo dzi eye yewoasrɔ̃ ale si wòlɔ̃ amewoe. Yesu gblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:35) Azɔ hã Ðasefoawo ɖo ŋku gɔmeɖose siwo le Paulo ƒe nya siwo wòŋlɔ na Korintotɔwo dzi eye wowɔ wo dzi le nɔnɔme ma me.—Mixlẽ 2 Korintotɔwo 10:3, 4.

 3 Kristotɔ vavãwo zãa Biblia tsɔ fiaa mɔ wo ɖokuiwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu, eya ta woƒe dzitsinya meɖea mɔ na wo be woawɔ aʋa loo alo asrɔ̃ aʋawɔwɔ o. Esi wònye be Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoanɔ agbe abe Kristotɔ vavãwo ene ta la, woti wo dometɔ akpe geɖe yome. Ðeviwo kple tsitsiawo, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa kpe fu le gaxɔwo me eye wozi wo dzi wowɔ dɔ sesẽwo; wowu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Esiawo dzɔ le xexemeʋa evelia me esime Nazitɔwo nɔ Germany dzi ɖum. Togbɔ be woti Yehowa Ðasefowo yome vevie le Europa hã la, womeŋlɔ agba si le wo dzi be woaɖe gbe ƒã Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia la be gbeɖe o. Woyi edzi ɖe gbeƒã ɣesiaɣi si wòanya wɔ le gaxɔwo kple fuwɔamesaɖawo me, kpakple anyigba didi siwo dzi woɖe aboyo wo yii gɔ̃ hã. * Ƒe aɖewo megbe le ƒe 1994 me la, Ðasefowo mekpɔ gome le dukɔmeviʋa si dzɔ le Rwanda si me Rwandatɔwo tsrɔ̃ wo nɔewo le la me o. Womede akpa aɖeke dzi le aʋa si wowɔ le afi si woyɔna tsã be Yugoslavia si wɔe be dukɔa ma la me o.

4. Ne amewo kpɔe be Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le aʋawɔwɔ me o la, nya kae wogblɔna zi geɖe?

4 Esi Yehowa Ðasefowo medea akpa aɖeke dzi le aʋawɔwɔ me o ta la, ame geɖe le xexea me godoo gblɔna be Ðasefowo lɔ̃ Mawu kple wo haviwo eye be woawoe nye Kristotɔ vavãwo. Susu bubu kawo tae amewo xɔe se be Yehowa Ðasefowoe nye Kristotɔ vavãwo?

NUFIAFIADƆ GÃTƆ KEKEAKE LE ŊUTINYA ME

5. Tɔtrɔ kawoe dze ŋgɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo?

5 Yesu na eme kɔ nyuie na amewo be gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ wu le anyigba dzi. Esi wòdze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme teti ko la, etia nusrɔ̃la 12 wodze dɔ sia si woava wɔ le xexea me katã emegbe la gɔme. Eyome la, Yesu gana hehe nusrɔ̃la 70 bubuwo. (Luka 6:13; 10:1) Yesu dzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe nya nyui gbɔgblɔdɔa ŋu. Gbã la, egblɔ na wo be woafia nu Yudatɔ bubuwo, gake emegbe la, egblɔ na wo be woagblɔ nya nyuia na dukɔ bubu me tɔwo hã. Le nusrɔ̃la siwo nye Yudatɔwo gome la, gbeƒãɖeɖe na ame siwo menye Yudatɔwo o la nye tɔtrɔ gã aɖe!—Dɔw. 1:8.

6. Nu kae na Petro de dzesii be Yehowa mekpɔa ame ŋkume o?

6 Dukɔwo me tɔ aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ si va zu Kristotɔ lae nye Kornelio. Yehowa dɔ apostolo Petro ɖa be wòayi aɖaɖe gbeƒã na Kornelio le eƒe aƒe me. Petro gakpɔtɔ nɔ wo gbɔ esi Yehowa kɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Kornelio kple eƒe ƒomea dzi. Petro kpɔe be Mawu mebua dukɔ aɖe me tɔwo be wonyo wu bubuawo o. Yehowa ƒe lɔlɔ̃nue nye be dukɔwo katã me tɔwo nase nyateƒea eye woava subɔ ye. Eya ta Petro gblɔ be woanyrɔ Kornelio kple eƒe ƒomea. (Dɔw. 10:9-48) Tso ɣemaɣi dzi yina la, Petro kple Yesu ƒe nusrɔ̃la mamlɛawo ɖe gbeƒã na dukɔwo katã me tɔwo.

7, 8. Nu kawoe Yehowa Ðasefowo le wɔwɔm tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋu be woase nya nyuia? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

7 Le míaƒe ŋkekea me la, ame siwo xɔa ŋgɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me doa vevie nu le gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa wɔwɔ me, eye wowɔa ɖoɖo ɖe eŋu. Yehowa Ðasefo siwo ade miliɔn enyi ye le anyigba dzi fifia. Woɖea gbeƒã dzonɔamemetɔe le gbegbɔgblɔ siwo wu 600 me, eye dzidzim koe wole ɖe edzi. Woɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me kple ablɔwo dzi. Ne wole ɖase ɖim la, wozãa kplɔ̃ kple kekevi siwo dzi woɖo agbalẽ siwo le gbegbɔgblɔ vovovowo  me ɖo la ɣeaɖewoɣi. Amewo tea ŋu dzea si Yehowa Ðasefowo bɔbɔe, elabena woawo koe ɖea gbeƒã to mɔnu vovovo siawo dzi.

8 Yehowa ƒe habɔbɔa na hehe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo wu 2,900 be woanɔ Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem. Woɖea agbalẽawo gɔme ɖe gbe siwo ŋu ame geɖe menya nu tsoe o la gɔ̃ hã me. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefo siwo le Spain la le Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖem ɖe Kataloniagbe me fifia. Ɣeyiɣi aɖee nye esia la, ame geɖe va le Kataloniagbea zãm le dugã siwo nye Valencia kple Alicante, siwo le Baleares Ƒukpowo dzi, eye wodonɛ le dukɔ si nye Andorra hã me. Egbea, ame miliɔn geɖe doa Kataloniagbea. Le gbegɔmeɖeɖedɔ si Yehowa Ðasefowo wɔna ta la, Kataloniatɔwo tea ŋu xlẽa agbalẽwo hewɔa kpekpewo le woawo ŋutɔwo degbe me.

9, 10. Gblɔ kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Yehowa ƒe habɔbɔa di be amewo katã nasrɔ̃ nyateƒea.

9 Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖeɖe kple nufiafia amewo le woawo ŋutɔwo degbe me ƒe dɔ sia le edzi yim le xexea me godoo. Le kpɔɖeŋu me, Mexicotɔ akpa gãtɔ doa Spaingbe, gake ame geɖe doa gbe bubuwo hã le aƒe me. Gbegbɔgblɔ siawo dometɔ ɖekae nye Mayagbe. Woɖo Maya gbegɔmeɖelawo ɖa be woanɔ dukɔa ƒe akpa si wodoa Mayagbea le. Esi gbegɔmeɖelawo sea Mayagbea hedonɛ gbe sia gbe ta la, ewɔe be ale si woɖea gbea gɔmee la na wòle bɔbɔe na Mayatɔwo be woase egɔme. Kpɔɖeŋu bubue nye Nepal. Wodoa gbegbɔgblɔ siwo wu 120 le dukɔ ma me. Ame siwo le dukɔa me sɔ gbɔ wu miliɔn 29. Ame miliɔn ewo kple edzivɔ nye Nepalgbedolawo, eye gbe bubu dola geɖewo hã se Nepalgbea. Mía nɔviwo ɖea Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe Nepalgbe me.

10 Yehowa ƒe habɔbɔa bua gbeƒãɖeɖedɔ si wòle be woawɔ le xexea me godoo la nu vevii, eye gbegɔmeɖeɖedɔ si wɔm wole le gbegbɔgblɔ vovovowo me egbea la ɖoa kpe esia dzi. Yehowa Ðasefowo maa trakt, agbalẽ gbadza kple magazine miliɔn geɖe, gake womedzraa wo o. Ke boŋ, Ðasefowo toa woƒe lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo dzi doa alɔ dɔ sia. Wowɔa Yesu ƒe mɔfiame sia dzi be: “Faa miexɔe, faa minae.”Mat. 10:8

Gbegɔmeɖela siwo le agbalẽwo gɔme ɖem ɖe Low Germangbe me (Kpɔ memama 10)

Low Germangbe me gbalẽwo ɖea vi na Paraguaytɔwo (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze hã)

11, 12. Esi míeɖea gbeƒã hefiaa nu amewo le xexea me godoo ta la, nya kae ame geɖe gblɔna?

11 Kakaɖedzi sẽŋu le Yehowa Ðasefowo si be yewoke ɖe nyateƒea ŋu, eya ta  wotsɔa nu geɖe saa vɔe ale be woate ŋu aɖe gbeƒã na amewo le dukɔ kple gbegbɔgblɔ vovovowo me. Ðasefo geɖewo le agbe tsɛ nɔm, wosrɔ̃ gbe bubuwo, eye wotrɔ ɖe agbea ŋu le dukɔ bubuwo me. Gbeƒãɖeɖe kple nufiafiadɔ si míewɔna le xexea me godoo la wɔe be ame geɖe gblɔna be Yehowa Ðasefowoe nye Yesu Kristo yomedzela vavãwo.

12 Esi Ðasefowo ka ɖe edzi be yewoke ɖe nyateƒea ŋu tae wowɔa esiawo katã ɖo. Gake nu kawo koŋue na mía nɔvi aɖewo ka ɖe edzi be nyateƒea ye nye esia?—Mixlẽ Romatɔwo 14:17, 18.

NU SI TAE WOKA ÐE EDZI BE YEWOKE ÐE NYATEƑEA ŊU

13. Aleke Ðasefowo nana habɔbɔa nɔa dzadzɛ?

13 Mía nɔviwo gblɔa susu vovovo siwo tae woka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia. Nɔviŋutsu aɖe si le Yehowa subɔm ƒe geɖewoe nye esia la gblɔ be: “Wodzea agbagba ɖe sia ɖe be woana Yehowa ƒe habɔbɔa nanɔ dzadzɛ le agbe nyui nɔnɔ gome, eye woxlɔ̃a nu hehea to na ame sia ame si dze nɛ la ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe.” Nu ka gbɔe wòtso be Yehowa ƒe amewo nɔa agbe nyui alea? Wo dometɔ ɖe sia ɖe wɔa etɔ si nua wɔna ɖe nu si Mawu gblɔ le Biblia me dzi eye wosrɔ̃a Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe kpɔɖeŋu. Ðasefo ʋɛ aɖewo koe gbe be yewomawɔ ɖe Mawu ƒe nudidi dzɔdzɔeawo dzi o, si ta wòva hiãna be woaɖe wo le hamea me. Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ nɔa agbe dzadzɛ le Yehowa ŋkume. Ame geɖe siwo nɔ agbe si medzea Mawu ŋu o tsã la wɔ tɔtrɔwo heva le agbe nɔm ɖe Mawu ƒe nudidiwo nu.Mixlẽ 1 Korintotɔwo 6:9-11.

14. Tɔtrɔ kae ame geɖe wɔ esi woɖe wo le hamea me vɔ megbe? Nu kae do tso esia me?

14 Biblia na Kristotɔwo nya be ele be woaɖe ame siwo gbe toɖoɖo Mawu la le hamea me. Dzidzɔtɔe la, ame akpe geɖe se veve ɖe nu siwo wowɔ va yi ta hetrɔ dzi me eye wotrɔ gbɔ va hamea me. (Mixlẽ 2 Korintotɔwo 2:6-8.) Esi Ðasefowo nana Biblia fiaa mɔ wo ɣesiaɣi ta la, hameawo nɔa dzadzɛ. Esia na woka ɖe edzi be habɔbɔ sia ŋue Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo. Togbɔ be sɔlemeha geɖe ɖea mɔ na woƒe hameviwo be woawɔ nu sia nu si dze wo ŋu hã la, Ðasefowo ya nɔa agbe ɖe Yehowa ƒe nudidiwo nu. Esia na ame geɖe ka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowo sie nyateƒea le.

15. Nu kae na nɔviŋutsu aɖe ka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia?

15 Nu ka tae Ðasefo bubuwo hã ka ɖe edzi be yewoke ɖe nyateƒea ŋu? Nɔviŋutsu aɖe si xɔ ƒe 54, si le Yehowa subɔm tso eƒe ƒewuiwo me la gblɔ be sɔti, alo nu vevi etɔ̃ aɖewo dzie yetu yeƒe xɔse ɖo; woawoe nye: (1) Mawu li, (2) Mawu gbɔe Biblia tso, eye (3) Yehowa Ðasefowo koe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi egbea. Egblɔ be: “Meyi edzi le nu srɔ̃m ƒe geɖewoe nye esia, eye tso ɣeaɖeɣi ke la, medzea agbagba be mado sɔti mawo kpɔ ahabia ɖokuinye be woli ke nyuie vavã hã. Ƒe sia ƒe la, mekpɔa kakaɖedzi sẽŋu  be nu siwo dzi metu nye xɔsea ɖo la le eme vavã, eye esia doa ŋusẽm henana mekana ɖe edzi be nyateƒeae nye esia.”

16. Nu ka tae nɔvinyɔnu aɖe ka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia?

16 Nɔvinyɔnu srɔ̃tɔ aɖe si wɔa dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le New York la gblɔ nu si na wòka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia. Egblɔ be Yehowa ƒe habɔbɔa koe nye habɔbɔ si ƒoa nu tso Yehowa ƒe ŋkɔa, si dze le Biblia me anɔ abe zi 7,000 ene la ŋu na amewo. Nya si dze le 2 Kronika 16:9 hã dea dzi ƒo nɛ; afi ma gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” Egblɔ be: “Nyateƒea fiam ale si maku ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo ale be wòado ŋusẽ nye hã. Mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ye nye nu vevitɔ nam le agbe me. Eye medea asixɔxɔ akpa si Yesu wɔ be Mawu ŋuti sidzedze deto si léam ɖe te su asinye la ŋu.”

17. Nu ka dzie nɔviŋutsu aɖe si nye mawudzimaxɔsela tsã la va ka ɖo, eye nu ka tae?

17 Nɔviŋutsu aɖe si nye mawudzimaxɔsela tsã la gblɔ be: “Mawu ƒe nuwɔwɔwo na meka ɖe edzi be edi be ameƒomea nase vivi na agbea, eya ta maɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu tegbee o. Azɔ hã, togbɔ be ame siwo le xexea me ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo le gã dom ɖe edzi hã la, Yehowa ƒe amewo ya ƒe xɔse, dzonɔameme kple lɔlɔ̃ le dzidzim ɖe edzi. Yehowa ƒe gbɔgbɔa koe ate ŋu ana egbegbe nukunu sia nava eme.”Mixlẽ 1 Petro 4:1-4.

18. Nu ka tae nɔviŋutsu eve aɖewo ka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia? Aleke nèse le ɖokuiwò me tso woƒe nyawo ŋu?

18 Nɔviŋutsu bubu aɖe si le nyateƒea me ƒe geɖewoe nye esia la gblɔ susu siwo tae wòka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia ale: “Nu siwo mesrɔ̃ le ƒe siwo va yi me la na meka ɖe edzi be Ðasefowo dzea agbagba etɔxɛe be yewoanɔ agbe abe ale si ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo nɔ agbee ene. Dukɔ geɖe siwo me mezɔ mɔ yi la na nye ŋutɔ mekpɔ ɖekawɔwɔ si le Yehowa Ðasefowo dome le xexea me godoo. Biblia me nyateƒea na mekpɔ dzidzɔ kple dzidzeme le agbe me.” Nɔviŋutsu bubu aɖe si xɔ ƒe 60 kple edzivɔ la gblɔ be Yehowa Ðasefowo xɔ Yesu dzi se vavã. Egblɔ be: “Míesrɔ̃ nu geɖe tso Yesu ƒe agbe kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu eye míesrɔ̃a eƒe kpɔɖeŋu. Míewɔ tɔtrɔwo le míaƒe agbe me si wɔe be míete ɖe Mawu ŋu to Kristo Yesu dzi. Míeka ɖe edzi be Kristo ƒe tafevɔsaa dzie woato ana ɖeɖe mí. Eye míenya hã be wofɔe ɖe tsitre tso kukuawo dome. Nudzɔdzɔ sia teƒekpɔla siwo dzi míate ŋu aka ɖo la ɖi ɖase tso nyateƒenya sia ŋu.”—Mixlẽ 1 Korintotɔwo 15:3-8.

GBLƆ NYATEƑEA ŊU NYA NA AMEWO

19, 20. (a) Le agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Roma hamea me la, agba kae wògblɔ na wo be ele wo dzi? (b) Nu kae wòle be Yehowa subɔlawo katã nawɔ?

19 Kristotɔ vavãwo lɔ̃ wo haviwo. Ema tae míegblɔa nyateƒe si míesrɔ̃ la ŋu nya na amewo ɖo. Paulo gblɔ na hame si nɔ Roma la be agba le Yesu yomedzela vavãwo dzi be woaɖe gbeƒã. Eŋlɔ bena: “Ne èɖea gbeƒã ‘nya ma si le wò ŋutɔ wò nu me’ la le dutoƒo be Yesu nye Aƒetɔ, eye nèɖenɛ fiana tso wò dzi me be yexɔe se be Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, ekema woaɖe wò. Elabena dzie wotsɔna ɖenɛ fiana be woxɔe se hena dzɔdzɔenyenye, gake nue wotsɔna ʋua eme le dutoƒo hena ɖeɖekpɔkpɔ.”—Rom. 10:9, 10.

20 Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be yewoke ɖe nyateƒea ŋu eye wonyae be bubue wònye na yewo be yewoagblɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋu nya na amewo. Eya ta ɖoe wò taɖodzinu be nàfia Biblia amewo, eye menye ema ɖeɖe ko o, ke boŋ nàto ale si nènɔa agbee hã dzi aɖee afia be yeka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia.

^ mm. 3 Kpɔ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom, axa 191-198, 448-454 (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu, axa 191-198, 447-454).