Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  September 2014

Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða

Woaɖe Ku, Si Nye Futɔ Mamlɛtɔ Ða

“Woaɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa.”—1 KOR. 15:26.

1, 2. Aleke nuwo nɔ na Adam kple Xawa le gɔmedzedzea me, eye biabia kawoe fɔ ɖe te?

ESI wowɔ Adam kple Xawa la, futɔ aɖeke menɔ wo si o. Wode blibo eye wonɔ paradiso me. Ƒomedodo kplikplikpli nɔ wo kple wo Wɔla dome, eye wonɔ abe viŋutsu kple vinyɔnu ene nɛ. (1 Mose 2:7-9; Luka 3:38) Mawu de dɔ vevi aɖe asi na wo. (Mixlẽ 1 Mose 1:28.) Ɣeyiɣi didi kae wòhiã be woatsɔ anɔ agbe hafi ate ŋu awɔ dɔ sia? Mahiã be woanɔ agbe tegbee hafi ate ŋu adzi ‘ayɔ anyigba la dzi ahanye agbo ɖe edzi’ o, gake be woakpɔ “lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi” la, ele be woanɔ agbe tegbee. Anye ne woate ŋu anɔ vivi sem na dɔ sia wɔwɔ yi ɖe mavɔmavɔ me hafi.

2 Ke nu ka tae nuwo trɔ alea gbegbe? Aleke wòdzɔe be ku, si nye nu vevitɔ si gblẽa dzidzɔkpɔkpɔ me na mí, kple futɔ bubuwo va sɔ gbɔ alea? Aleke Mawu ava ɖe futɔ  siawo ɖae? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo le Biblia me, eye míadzro wo me fifi laa.

MAWU XLƆ̃ NU WO LƆLƆ̃TƆE

3, 4. (a) Se kae Mawu de na Adam kple Xawa? (b) Aleke gbegbee wònɔ vevie be woawɔ se ma dzi?

3 Togbɔ be wowɔ Adam kple Xawa be woanɔ agbe tegbee hã la, menye ɖe wòfia be womate ŋu aku o. Be woayi edzi anɔ agbe la, ele be woanɔ ya gbɔm, ano tsi, adɔ alɔ̃ ahaɖu nu. Gake nu si ganɔ vevie wue nye be ƒomedodo nyui nanɔ wo kple Yehowa, si nye Agbedzɔƒe la dome. (5 Mose 8:3) Ne wowɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ko hafi woayi edzi anɔ agbe. Hafi Yehowa nawɔ Xawa la, ede se na Adam eme kɔ nyuie be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, mègaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe, ku ke nàku.”—1 Mose 2:16, 17.

4 “Ati si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la” nye kpeɖodzi be gome le Mawu si be wòaɖo nu si nye nyui kple vɔ̃ na wo. Adam tea ŋu dea vovo nyui kple vɔ̃ dome va se ɖe afi aɖe xoxo, elabena Mawu ƒe nɔnɔme nue wowɔe ɖo eye dzitsinya nɔ esi. Atia ɖoa ŋku edzi na Adam kple Xawa be woahiã na Yehowa ƒe mɔfiafia ɣeawokatãɣi. Gake ne woɖu atia ƒe tsetse la, ke efia be wole gbɔgblɔm na Mawu be, “Míehiã na wò mɔfiamewo o.” Nublanuinya si ado tso esia mee nye be wo kple wo viwo woaku, abe ale si Mawu xlɔ̃ nu wo do ŋgɔe ene.

ALE SI WÒDZƆE BE AMEGBETƆWO VA LE KUKUM

5. Nu ka tae Adam kple Xawa meɖo to Yehowa o?

5 Adam gblɔ Yehowa ƒe sededea na Xawa. Xawa nya sea nyuie eye wòte ŋu va gblɔ emenyawo nya ɖe nya nu kloe. (1 Mose 3:1-3) Egblɔ sea na Satana, si nɔ nu ƒom nɛ to da aɖe dzi. Satana ɖe mɔ didi si ɖo eme be yeaxɔ ŋusẽ ahanɔ ye ɖokui si la nu gasẽ ɖe edzi. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 1:14, 15.) Egblɔ na Xawa be Mawu da alakpa na wo, eye ne egbe toɖoɖo Mawu la, maku o ke boŋ anɔ abe Mawu ene. (1 Mose 3:4, 5) Xawa xɔ Satana ƒe nyawo dzi se, ewɔ nu si eya ŋutɔ di esi wòɖu atikutsetsea, eye wògblɔ na Adam hã be wòawɔ nenema ke. (1 Mose 3:6, 17) Xawa menya be ɖe Satana ble ye o. (Mixlẽ 1 Timoteo 2:14.) Adam se srɔ̃a ƒe gbe togbɔ be enya be esia mesɔ o hã. Togbɔ be Xawa susui be da la nɔ yeƒe nyui dim hã la, Satana Abosam, ame si nɔ nu ƒom to daa dzi la nye futɔ vɔ̃ɖi, eye wònya afɔku gã si ado tso eƒe alakpadadaa me.

6, 7. Aleke Yehowa kpɔ nyawo gbɔe le ʋɔ̃nu si wòdrɔ̃ Adam kple Xawa la me?

6 Adam kple Xawa dze aglã ɖe Yehowa ŋu, evɔ wònye eyae na agbe kple nu nyui siwo katã le wo si la wo hafi. Nu si wowɔ la nɔ nyanya na Yehowa nyuie. (1 Kron. 28:9; mixlẽ Lododowo 15:3.) Gake Mawu ɖe mɔ na Adam, Xawa kple Satana be woaɖee afia ne wodi vavã be yewoawɔ yeƒe lɔlɔ̃nu. Esi wònye wo Fofo ta la, godoo nu si wowɔ la avee ŋutɔ. (Tsɔe sɔ kple 1 Mose 6:6.) Gake esi wònye Ʋɔnudrɔ̃la  ta la, edrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe nu vɔ̃ wɔla mawo.

7 Adam nya nu tso sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe ati la ŋu. Mawu gblɔ nɛ be: “Gbe si gbe nàɖu eƒe ɖe, ku ke nàku.” Adam anya susui be esia fia be yeaku hafi ɣe naɖo to. Gake Yehowa ƒo nu na Adam kple Xawa emegbe le ŋkeke ma ke dzi. (1 Mose 3:8) Esi wònye Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe ta la, eɖo to se nya si woatsɔ aɖe wo ɖokui nu la gbã. (1 Mose 3:9-13) Esia megbe hafi wòtso kufia na Adam kple Xawa. (1 Mose 3:14-19) Ne ɖe wòwu wo enumake la, anye ne eƒe tameɖoɖo na ameƒomea mava eme o. (Yes. 55:11) Togbɔ be woƒe nu vɔ̃a me tsonuwo dze enumake hã la, Yehowa ɖe mɔ na Adam kple Xawa be woanɔ agbe vie ale be woate ŋu adzi vi siwo si etsɔme nyui asu. Tso gbe si gbe Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ la, Mawu bu wo ame kukuwoe. Eye esi wònye be ƒe 1,000 le ko abe ŋkeke ɖeka ene le Yehowa gbɔ ta la, woku ‘gbe ma gbe’ ke.—2 Pet. 3:8.

8, 9. Nu kae Adam ƒe nu vɔ̃a gblẽ le viawo katã ŋu? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

8 Ðe nu si Adam kple Xawa wɔ la agblẽ nu le wo viwo ŋua? Ɛ̃. Romatɔwo 5:12 ɖe eme ale: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.” Apostolo Paulo gagblɔ kpee be: “Ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawo.” (Rom. 5:19) Nuteƒewɔla Habel ye nye ame gbãtɔ si ku. (1 Mose 4:8) Emegbe Adam ƒe viwo kple tɔgbuiayɔviwo hã tsi ku amegã heku. Amegbetɔwo nyi nu vɔ̃ kple ku ƒe dome, eye nu eve siawo nye futɔ siwo nu womate ŋu asi le o. Togbɔ be míenya ale si tututu Adam ƒe dzidzimeviwo nyi nu vɔ̃ kple ku ƒe dome tso egbɔ o hã la, emetsonuawo ya dze ƒãa míele kpɔkpɔm.

9 Eya ta esɔ be Biblia tsɔ nu vɔ̃ kple ku sɔ kple “avɔ, si tsyɔ dukɔwo katã dzi, kple nutsyɔnu, si tsyɔ anyigba dzi dukɔwo katã dzi.” (Yes. 25:7) Amegbetɔ aɖeke mate ŋu asi le nu vɔ̃ kple ku nu o. Ema tae Biblia gblɔ be “amewo katã le kukum le Adam me” ɖo. (1 Kor. 15:22) Eya ta Paulo bia be: “Ame kae aɖem tso ŋutilã sia si ana maku la si me?” Ðe ame aɖe ate ŋu aɖe Pauloa? *Rom. 7:24.

WOAVA ÐE NU VƆ̃ KPLE KU ÐA

10. (a) Mawunyakpukpui kawoe ɖee fia be Yehowa ava ɖe ku ɖa? (b) Nu kae kpukpui mawo ɖe fia mí tso Yehowa kple Via ŋu?

10 Ɛ̃, Yehowa ate ŋu aɖe Paulo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Biblia gblɔ be: “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.” (Yes. 25:8) Abe ale si ko vifofo ana gbɔdzɔe via tso nu si na wòle fu kpem si me eye wòatutu eƒe aɖatsiwo ene la, nenema kee wònye dzidzɔ gã na Yehowa be yeava ɖe ku ɖa keŋkeŋ! Yesu le asi kpem ɖe Fofoa ŋu be esia nava eme. Wogblɔ le 1 Korintotɔwo 15:22 be: “Woagbɔ agbe wo katã hã  le Kristo me.” Paulo ŋutɔ hã ɖo nya si wòbia be “Ame kae aɖem?” la ŋu esi wògblɔ be: “Akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!” (Rom. 7:25) Eme kɔ ƒãa be lɔlɔ̃ si le Yehowa si na ameƒomea nu metsi esi Adam kple Xawa wɔ nu vɔ̃ o. Eye Yesu, si kpe asi ɖe Fofoa ŋu wòwɔ Adam kple Xawa la hã galɔ̃ ameƒomea kokoko. (Lod. 8:30, 31) Gake aleke woawɔ aɖe ameƒomea tso nu vɔ̃ kple ku si me?

11. Nu kae Yehowa wɔ tsɔ xɔ na ameƒomea?

11 Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, Yehowa tso kufia nɛ. Le esia ta la, amegbetɔwo katã nyi blibomademade kple ku ƒe dome. (Rom. 5:12, 16) Romatɔwo 5:18 gblɔ be: “Vodada ɖekae he fɔbubu vae na ame ƒomeviwo katã.” Nu kae Yehowa awɔ atsɔ axɔ na amegbetɔwo evɔ maŋe aɖaba aƒu eya ŋutɔ ƒe dzidzenuwo dzi o? Yesu ɖo nya sia ŋu esi wògblɔ be yeva be yeatsɔ ‘ye ɖokui ana wòanye tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta.’ (Mat. 20:28) Esi Yesu de blibo ta la, ate ŋu atsɔ eƒe agbe ana wòanye tafe. Aleke tafe sia sɔ ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe nudidiwo nu?—1 Tim. 2:5, 6.

12. Nu kae nye tafe si sɔ ɖe dzɔdzɔenyenye ƒe nudidiwo nu la?

12 Esi Yesu nye ame deblibo ta la, ate ŋu anɔ agbe tegbee hafi. Nu sia tututu dim Yehowa nɔ na Adam. Le lɔlɔ̃ gã si le Yesu si na Fofoa kple Adam ƒe dzidzimeviwo ta la, etsɔ eƒe agbe sa vɔe wònye fexexeɖeta si sɔ ɖe nu si Adam bu la nu. Emegbe Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ le dziƒo. (1 Pet. 3:18) Tafea sɔ ɖe Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe nudidiwo nu, elabena wotsɔ agbe deblibo na ɖe agbe deblibo teƒe. Yesu ʋu mɔ ɖi na Adam ƒe dzidzimeviwo be woakpɔ agbe mavɔ. Esia tae Paulo yɔ Yesu be “Adam mamlɛtɔ” si zu gbɔgbɔ si naa agbe ɖo.1 Kor. 15:45.

Yesu ƒe tafea aɖe vi na Habel, si nye ame gbãtɔ si ku (Kpɔ memama 13)

13. Nu kae “Adam mamlɛtɔ” la awɔ na ame siwo ku?

13 Madidi o, “Adam mamlɛtɔ” la ana agbe mavɔ Adam gbãtɔ ƒe dzidzimeviwo. Ame siwo ku va yi la dometɔ akpa gãtɔ hã le eme. Woafɔ wo ɖe tsitre be woava nɔ agbe le anyigba dzi.—Yoh. 5:28, 29.

14. Aleke wòanya wɔ be amegbetɔwo nava de blibo?

14 Aleke wòanya wɔ be amegbetɔwo nava de blibo? Yehowa ɖo Fiaɖuƒe aɖe anyi le dziƒo be wòakpɔ esia gbɔ. Dziɖulaawoe nye Yesu kple ame 144,000 siwo wotia tso ameƒomea me. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 5:9, 10.) Esi ame 144,000-awo nye ame madeblibowo kpɔ ta la, woate ŋu ase nu gɔme na wo teviwo. Le ƒe 1,000 me la, Yesu kple ame siwo le dzi ɖum kplii la akpe ɖe amegbetɔwo ŋu be woava de blibo.Nyaɖ. 20:6.

15, 16. (a) Le Biblia ƒe nya nu la, nu kae nye “futɔ mamlɛtɔ”? Ɣekaɣie woava ɖee ɖa? (b) Nu kae 1 Korintotɔwo 15:28 gblɔ be Yesu ava wɔ?

15 Le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwu la, amegbetɔ toɖolawo avo tso nu vɔ̃ kple ku si me. Paulo ɖe eme be: “Ale si ko amewo katã le kukum le Adam me la, nenema kee woagbɔ agbe wo katã hã le Kristo la me. Gake ame sia ame le eƒe ɖoɖo nu: Kristoe nye gbãtɔ, emegbe la, ame siwo nye Kristo la tɔ [ame siwo le dzi ɖum kplii] le eƒe anyinɔɣi la. Azɔ, nuwuwua, esime wòatsɔ fiaɖuƒe la ade asi na Mawu, si nye Fofoa, ne eɖe dziɖuɖu katã kple amegãnyenye katã kpakple ŋusẽ ɖa vɔ. Elabena ele be wòaɖu fia va se ɖe esime  Mawu natsɔ futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Woaɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ, la ɖa.” (1 Kor. 15:22-26) Woaɖe ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la ɖa mlɔeba. “Nutsyɔnu” sia si tsyɔ ameƒomea dzi la nu ayi tegbee.Yes. 25:7, 8.

16 Paulo yi edzi be: “Ne wotsɔ nuwo katã de ete vɔ la, ekema Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade Ame si tsɔ nuwo katã de ete la te, bene Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.” (1 Kor. 15:28) Kaka ɣemaɣi naɖo la, Yesu ɖo taɖodzinu si ta wòle dzi ɖum ɖo la gbɔ. Eya ta anye dzidzɔ nɛ be wòatrɔ eƒe dziɖuŋusẽa ana Yehowa esi wòkpe ɖe ameƒomea ŋu wode blibo vɔ megbe.

17. Nu kae adzɔ ɖe Satana dzi?

17 Nu kae adzɔ ɖe Satana, ame si gbɔ ameƒomea ƒe xaxawo katã tso la dzi? Ŋuɖoɖoa dze le Nyaɖeɖefia 20:7-15. Le ƒe 1,000 la ƒe nuwuwu la, woaɖe mɔ na Satana be wòatee kpɔ be yeable amegbetɔ deblibowo le dodokpɔ mamlɛtɔ me. Eyome woatsrɔ̃ Satana kple ame siwo katã tiae be yewoadze eyome la ɖa keŋkeŋ. Biblia yɔ esia be “ku evelia.” (Nyaɖ. 21:8) Ame siwo aku “ku evelia” la nu ayi tegbee, womaganɔ agbe akpɔ o. Ne míewɔ nuteƒe na Yehowa la, mele be míavɔ̃ be “ku evelia” agblẽ nu le mía ŋu o.

18. Aleke woawɔ dɔ si Mawu de asi na Adam la ade goe mlɔeba?

18 Amegbetɔwo katã ade blibo eye Yehowa abu wo be wodze bliboe hena agbe mavɔ kpɔkpɔ. Nu siwo katã gblẽa dzidzɔkpɔkpɔ me na amegbetɔwo la nu ayi. Woawɔ dɔ si Mawu de asi na Adam la ade goe eya ŋutɔ manɔmee. Eƒe dzidzimeviwo alé be na anyigba la ahakpɔ lãwo dzi kple dzidzɔ. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be Yehowa ava ɖe ku, si nye futɔ mamlɛtɔ ɖa kpuie!

^ mm. 9 Agbalẽ si nye Insight on the Scriptures (Étude perspicace des Écritures) gblɔ be, ne numekulawo le agbagba dzem be yewoato dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe mɔnuwo dzi anya nu si tae míetsina kua amegã hekuna la, woŋea aɖaba ƒua nyateƒenya vevi aɖe dzi. Woŋlɔna be be Wɔla lae tso kufia na amegbetɔ gbãtɔwo. Esia tae womate ŋu ase nyaa gɔme bliboe gbeɖe o.—Babla 2, axa 247 (Fransegbe, Babla 2, axa 1147).