Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  September 2014

Ðe Nèle Dzikpɔladɔ ‘Minyama’?

Ðe Nèle Dzikpɔladɔ ‘Minyama’?

FERNANDO * tsi dzi vie. Hamemetsitsi eve gblɔ nɛ be yewodi be yewoakpɔe. Le nutome sue dzikpɔlaa ƒe sasrãkpɔ ʋɛ siwo va yi me la, hamemetsitsiwo gblɔ nu siwo wòle be wòawɔ be wòadze na subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ bubuwo le hamea me la nɛ. Emegbe Fernando va nɔ eɖokui biam be ɖe ye hã yeate ŋu ava azu hamemetsitsi gbe ɖeka mahã. Nutome sue dzikpɔlaa gava srã wo kpɔ nyitsɔ laa. Ke nya kae woagagblɔ nɛ fifia?

Fernando nɔ to ɖom esime hamemetsitsiawo dometɔ ɖeka nɔ nu ƒom. Ehe susu yi 1 Timoteo 3:1 me nyawo dzi hegblɔ nɛ be agbalẽ va ka yewo si be woɖoe hamemetsitsi. Nyaa wɔ mo yaa na Fernando ale gbegbe be ebiae be, “Nya kae nègblɔ?” Nɔviŋutsua gagblɔ nya ma ake, eye Fernando ko alɔgbɔnu. Emegbe esi woɖe gbeƒãe le hamea me la, ame sia ame kpɔ dzidzɔ.

Ðe wònye nu gbegblẽ be ame nadi be mɔnukpɔkpɔwo nasu ye si le hamea mea? Kura o. Le 1 Timoteo 3:1 ƒe nya nu la, “ne ame aɖe le dzikpɔladɔ minyam la, ele dɔ nyui dim.” Nɔviŋutsu Kristotɔ geɖewo wɔa dzideƒonya mawo dzi eye wowɔa gbɔgbɔmeŋgɔyiyi be yewoadze na mɔnukpɔkpɔwo le hamea me. Yayra si do tso emee nye be hamemetsitsi kple subɔsubɔdɔwɔla akpe geɖe le Mawu ƒe amewo subɔm fifia. Gake le dzidziɖedzi si le vavam le hamewo me ta la, ehiã be nɔviŋutsu geɖe naminya agbanɔamedziwo. Mɔ kae nye nyuitɔ si dzi wòle be woato awɔ esia? Eye ɖe wòle be ame siwo le didim be yewoawɔ dzikpɔladɔ la natsi dzimaɖi abe ale si wònɔ le Fernando gome enea?

NU KAE WÒFIA BE ‘WOAMINYA’ DZIKPƆLADƆ?

Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘woaminya’ le Biblia me la fia be woadi nane vevie alo adze agbagba be woaɖo nane gbɔ. Ðewohĩ esia ahe míaƒe susu ayi ale si ame ado asi ɖa anɔ agbagba dzem be yeagbe atikutsetse nyui aɖe le ati dzi la dzi. Gake be ame ‘naminya dzikpɔladɔ’ mefia be wòadi mɔnukpɔkpɔ sia ŋukeklẽtɔe o. Nu ka tae? Elabena taɖodzinu si tae wòle be ame nadi  vevie be yeazu hamemetsitsi ye nye be ‘wòadi dɔ nyui,’ ke menye be ɖoƒe nasu ye si o.

Nudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi awɔ dɔ nyui sia la dometɔ geɖe dze le 1 Timoteo 3:2-7 kple Tito1:5-9. Raymond, si nye hamemetsitsi ƒe geɖee nye esia la gblɔ tso nudidi vevi mawo ŋu be: “Mekpɔe be ame si míenye la koŋ ŋue nyaa ku ɖo. Nufiafia kple nuƒoƒo ƒe ŋutetewo le vevie ya, gake womate ŋu axɔ ɖe ale si wòhiã be ame nanye mokakamanɔŋutɔ, ada asɔ le nuwɔna me, anye ame ɖɔŋuɖo, ame si wɔa nu ɖe ɖoɖo nu, amedzrowɔla kple nugɔmesela teƒe o.”

Kpɔ gome le hamea ƒe dɔ vovovowo me nàtsɔ ‘aminya’ dzikpɔladɔ

Nɔviŋutsu si di vavã be yeaminya dzikpɔladɔ la ƒoa asa na anukwaremaɖimaɖi kple makɔmakɔnyenye ƒomevi ɖe sia ɖe tsɔ ɖenɛ fiana be mokaka mele ye ŋu o. Edana sɔna le nuwɔna me, eɖɔa ŋu ɖo, ewɔa nu ɖe ɖoɖo nu, eye wònyea nugɔmesela; eya ta ehati tadeagulawo kana ɖe edzi be ate ŋu ana mɔfiame yewo ahakpe ɖe yewo ŋu le yewoƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me. Esi wòxɔa amewo nyuie ta la, etea ŋu dea dzi ƒo na sɔhɛwo kple ame siwo xɔ nyateƒea eteƒe medidi o. Esi wònye nu nyui lɔ̃la ta la, efaa akɔ na dɔnɔwo kple ame tsitsiwo eye wòkpena ɖe wo ŋu. Etua nɔnɔme nyui siawo ɖo ɖe ame bubuwo ƒe viɖe ta, ke menye le esi wòdi be woaɖo ye dzikpɔla ta o. *

Edzɔa dzi na hamemetsitsiwo be yewoaɖo aɖaŋu na nɔviŋutsu si le dzikpɔladɔ minyam ahade dzi ƒo nɛ, gake eya ŋutɔ dzie agba le be wòaɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidiawo gbɔ. Henry, si nye hamemetsitsi kpɔnuteƒe la gblɔ be: “Ne èle dzikpɔladɔ minyam la, dze agbagba vevie nàɖee afia be yedze nɛ.” Ehe susu yi Nyagblɔla 9:10 me nyawo dzi hegblɔ be: “‘Nu sia nu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ.’ Wɔ dɔ ɖe sia ɖe si hamemetsitsiwo de asiwò la kple wò ŋutete katã. Kɔ dzi me ɖe dɔ si woade asiwò le hamea me la ŋu, ne esia bia be nàkplɔ anyigba gɔ̃ hã. Le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la, wò dɔwɔnawo kple agbagbadzedzewo ava dze ƒãa.” Ne èdi be yeava nye hamemetsitsi gbe ɖeka la, nye kutrikula kple ame si ŋu woate ŋu aɖo ŋu ɖo le wò subɔsubɔdɔ kɔkɔea ƒe akpa sia akpa. Ele be nànye  ɖokuibɔbɔla, ke menye nɔƒe gã dila o.Mat. 23:8-12.

ƑO ASA NA NUŊUBUBU KPLE NUWƆNA SIWO MESƆ O

Ame aɖewo siwo di be mɔnukpɔkpɔwo nasu yewo si le hamea me la tea ŋu toa mɔ aɖewo dzi hea susu yia esia dzi alo wodzea agbagba be yewoana hamemetsitsiwo ƒe ha la nawɔ nyametsotso siwo ade yewo dzi. Etena ɖe ame aɖewo hã dzi ne hamemetsitsiwo ɖo aɖaŋu na wo. Ele be ame siawo nabia wo ɖokuiwo be, ‘Ðokuinye tɔ dim mele loo alo medi be mabɔbɔ ɖokuinye alé be na Yehowa ƒe alẽawo?’

Nudidi bubu aɖe hã li si mele be ame siwo di be yewoazu hamemetsitsiwo la naŋlɔ be o, si nye be ele be ‘woazu kpɔɖeŋu na alẽha la.’ (1 Pet. 5:1-3) Ame si nye kpɔɖeŋu na hamea ƒoa asa na nuŋububu kple nuwɔna siwo mesɔ o. Egbɔa dzi blewu hedoa dzi eɖanye hamemetsitsi alo menye hamemetsitsi o. Hamemetsitsi zuzu menana ame dea blibo nukutɔe o. (4 Mose 12:3; Ps. 106:32, 33) Azɔ hã ɖewohĩ nɔviŋutsu aɖe ƒe ‘dzitsinya mebua fɔe le naneke ta o,’ gake ame bubuwo ya akpɔ gbɔdzɔgbɔdzɔwo le eŋu. (1 Kor. 4:4) Eya ta ne hamemetsitsiwo nɔ te ɖe Biblia dzi ɖo aɖaŋu na wò la, ɖo to wo eye mègana wòate ɖe dziwò o. Dze agbagba nàwɔ woƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi.

KE NE ÈLALA ETEƑE DIDI YA ÐE?

Ewɔna na nɔviŋutsu aɖewo be ɣeyiɣi si yewotsɔ le lalam be woaɖo yewo dzikpɔlawoe la didi akpa. Ne ƒe aɖewoe nye esia nèle “dzikpɔladɔ minyam” la, ɖe nètsia dzimaɖi ɣeaɖewoɣia? Ekema de dzesi Ŋɔŋlɔawo me nya siawo: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wònye.”Lod. 13:12.

Ne edze na ame aɖe be yemete ŋu le taɖodzinu aɖe si wòdi vevie la gbɔ ɖom o la, esia ate ŋu ado dzive nɛ. Abraham se le eɖokui me nenema. Yehowa do ŋugbe nɛ be yeana wòadzi viŋutsu, gake ƒe geɖewo va yi si wo kple Sara womedzi vi o. (1 Mose 12:1-3, 7) Esi Abraham ku amegã la, efa konyi be: ‘Aƒetɔ Yehowa, esi vikoe le wɔyem la, nu ka gɔ̃ nàtsɔ nama? Mèna vim o.’ Yehowa ka ɖe edzi nɛ be ŋugbe si yedo be yeana vii la ava eme. Ke hã ƒe 14 sɔŋ va yi hafi Mawu na ŋugbedodo ma va eme.1 Mose 15:2-4; 16:16; 21:5.

Le ɣeyiɣi siwo me Abraham nɔ lalam la, ɖe Yehowa subɔsubɔ va tiia? Ao. Meke ɖi Mawu ƒe ŋugbedodoa gbeɖe o. Eyi edzi nɔ mɔ kpɔm na etsɔme nyui. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Esi Abraham gbɔ dzi ɖi la, eƒe asi su ŋugbedodo la dzi.” (Heb. 6:15) Mlɔeba la, Mawu Ŋusẽkatãtɔ la yra nuteƒewɔla sia wu ale si eya ŋutɔ kpɔ mɔ nɛ. Nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Abraham gbɔ?

Ne ƒe geɖewoe nye esia nèle didim be yeazu hamemetsitsi gake meva eme haɖe o la, yi edzi nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Dzi megaɖe le ƒowò le esubɔsubɔ me o. Warren, si kpe ɖe nɔviŋutsu geɖe ŋu wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi la ɖe nu si tae la me ale: “Exɔa ɣeyiɣi hafi wòva dzena ƒãa be nɔviŋutsu aɖe dze awɔ dzikpɔladɔ. Nɔviŋutsua ƒe ŋutetewo kple  nɔnɔmewo va nɔa dzedzem vivivi le eƒe nuwɔnawo kpakple ale si wòtsɔa dɔ siwo wode esi la me. Ame aɖewo sena le wo ɖokui me be ne agbanɔamedzi alo mɔnukpɔkpɔ aɖe su yewo si la, ekema efia be yewokpɔ dzidzedze. Nuŋububu sia mesɔ o eye wòate ŋu ana ame natsi dzimaɖi. Ne èsubɔa Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe metsɔ le eme afi si nèle alo nu si wɔm nèle o la, ke efia be èkpɔ dzidzedze.”

Nɔviŋutsu aɖe lala ƒe ewo kple edzivɔ hafi wova ɖoe hamemetsitsi. Ehe susu yi nya nyanyɛ aɖe si le Xezekiel ta 1 me dzi hegblɔ tso nu si wòsrɔ̃ tso eme ŋu ale: “Yehowa ye fiaa mɔ ale si wòle be eƒe tasiaɖam, si le tsitre ɖi na eƒe habɔbɔa la naɖe zɔe. Yehowa ƒe ɣeyiɣie le vevie, ke menye mía tɔ o. Be ame nazu hamemetsitsi la, menye nu si medi, alo ame si medi be mazu ye nye nu vevitɔ o. Ðewohĩ le Yehowa gbɔ la, menye nu si dim mele lae hiãm ŋutɔŋutɔ o.”

Ne èle mɔ kpɔm be yeava zu Kristotɔ dzikpɔla gbe ɖeka la, kpe asi ɖe hamea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu nàtsɔ aminya dɔ siae. Ne edze abe mele tsɔtsɔm o ene la, mègatsi dzi o, ke boŋ gbɔ dzi ɖi. Raymond, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Nɔƒe gã didi menana ame kpɔa dzidzɔ o. Dzidzɔ gã si le Yehowa subɔsubɔ me la toa ame siwo tsia dzi ɣesiaɣi la ŋu.” Tu Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ɖo geɖe wu, vevietɔ dzigbɔgbɔ blewu. Nɔ Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ dzi be nàyi edzi atsi le gbɔgbɔ me. Wɔ geɖe le gbeƒãɖeɖe nya nyuia kpakple Biblia sɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔwo me. Xɔ ŋgɔ le ƒometadedeagu kple teokrasidɔ bubuwo me. Wɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si aʋu ɖi la ŋu dɔ nàtsɔ ade ha kple nɔviwo. Esia awɔe be nànɔ dzidzɔ kpɔm esime nèle agbagba dzem be yeaɖo yeƒe taɖodzinua gbɔ.

Mɔnukpɔkpɔ si asu ame si le hamea me be wòanye dzikpɔla la nye yayra si tso Yehowa gbɔ; Yehowa medi be nu nate ɖe ame siwo le dzikpɔladɔ minyam la dzi alo dzi naɖe le wo ƒo o, eye eƒe habɔbɔa hã medii nenema o. Mawu kpena ɖe ame siwo katã subɔnɛ kple susu nyui la ŋu eye wòyraa wo. “Metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o,” abe ale si wòle le eƒe yayra bubuawo katã gome ene.Lod. 10:22, NW.

Ne ɣeyiɣi didi aɖee nye esia nèle dzikpɔladɔ minyam hã la, àte ŋu ayi edzi awɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyuie. Ne èyi edzi le nɔnɔme nyuiwo tum ɖo hele vevie dom nu le hamea me eye mèŋe aɖaba ƒu wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ dzi o la, Yehowa maŋlɔ agbagba siwo katã nèdze le esubɔsubɔ me la be o. Neva eme be Yehowa ƒe nu nayi edzi anyo ŋuwò le dɔ ɖe sia ɖe si wode asiwò la wɔwɔ me.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 8 Mɔfiame siwo le nyati sia me la yi na ame siwo di be yewoazu subɔsubɔdɔwɔlawo hã. Nudidi siwo gbɔ wòle be woaɖo la dze le 1 Timoteo 3:8-10, 12, 13.