‘Ɣesiaɣi la, míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple agbagba siwo miedzena le lɔlɔ̃ ta la dzi.’—1 TES. 1:3.

1. Aleke Paulo se le eɖokui me tso nɔvi siwo kua kutri le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me ŋui?

APOSTOLO Paulo de asixɔxɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo ku kutri le nya nyui gbɔgblɔ dɔa me la ŋu. Eŋlɔ bena: “Ɣesiaɣi la, míeɖoa ŋku miaƒe xɔse ƒe dɔwɔwɔ kple agbagba siwo miedzena le lɔlɔ̃ ta, kpakple miaƒe dzidodo le mɔkpɔkpɔ, si le mia si le Aƒetɔ Yesu Kristo me, la dzi le mía Mawu kple Fofo la ŋkume.” (1 Tes. 1:3) Yehowa hã ɖoa ŋku nu sia nu si esubɔlawo wɔna le esubɔsubɔ me la dzi, eɖasɔ gbɔ alo le sue o, eye wòdea asixɔxɔ eŋu.—Heb. 6:10.

2. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?

2 Le blema kple egbeŋkekeawo siaa me la, Kristotɔwo tsɔ nu geɖe sa vɔe be yewoadzi yewoƒe subɔsubɔdɔ na Yehowa ɖe edzi. Le nyati sia me la, míadzro ale si ame aɖewo wɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa le ƒe alafa gbãtɔ me la me. Azɔ hã míasrɔ̃ nu tso nu si wɔm ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le egbea kple ale si míate ŋu akpe ɖe wo ŋui la ŋu.

ƑE ALAFA GBÃTƆ ME KRISTOTƆWO

3, 4. (a) Aleke ame aɖewo wɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo kpe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ŋui?

3 Esi wonyrɔ Yesu vɔ megbe teti ko la, edze gbeƒãɖeɖe tso Fiaɖuƒea ŋu gɔme, eye wòfia ame bubuwo hã be woawɔ dɔ sia ke. (Luka 3:21-23; 4:14, 15, 43) Le Yesu ƒe ku megbe la, apostoloawo xɔ  ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, si wɔe be dɔa yi edzi nɔ ta kekem. (Dɔw. 5:42; 6:7) Kristotɔ aɖewo ʋu le wo de yi ɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ. Le kpɔɖeŋu me, Filipo yi ɖaɖe gbeƒã le teƒe vovovowo le Palestina nyigba dzi. (Dɔw. 8:5, 40; 21:8) Paulo, si hã nye dutanyanyuigblɔla la ɖe gbeƒã nya nyuia le anyigba siwo didi tso wo de la dzi. (Dɔw. 13:2-4; 14:26; 2 Kor. 1:19) Ame bubuwo hã, abe Marko, Luka kple Silvano (Sila) ene, nye Biblia ŋlɔlawo alo wonye agbalẽŋlɔlawo na ame siwo ŋlɔ Biblia. (1 Pet. 5:12) Nɔvinyɔnu geɖewo hã wɔ dɔ aduadu kple nɔviŋutsu siawo. (Dɔw. 18:26; Rom. 16:1, 2) Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo ƒe ŋutinya dodzidzɔnamewo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Ŋutinya siawo ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa dea asixɔxɔ dɔ siwo esubɔlawo wɔna la ŋu eye woƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ le vevie nɛ.

4 Aleke ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me wɔ te ŋu kpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔe? Womedi tso nɔviawo si be woakpɔ yewo dzi o, eya ta ɣeaɖewoɣi la wowɔa dɔ siwo mexɔa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ o. (1 Kor. 9:11-15) Gake wolɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu. Nɔviwo kpe wo wova ɖu nu kpli wo, wona dzeƒe wo, alo wokpe ɖe wo ŋu le mɔ bubuwo nu. Ame ɖekaɖekawo kple hamewo hã lɔ̃ faa kpe ɖe wo ŋu.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 16:14, 15; Filipitɔwo 4:15-18.

EGBEGBE ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆLAWO

5. Nya kae atsu kple asi aɖe gblɔ tso woƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

5 Egbea, nɔvi geɖe kua kutri le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovowo me. (Kpɔ aɖaka si nye “ Ɣeyiɣiawo Katã Ƒe Subɔsubɔdɔa Ƒe Akpa Vovovowo.”) Aleke wosena le wo ɖokui me tso subɔsubɔdɔa ŋu? Ne èbia nya sia wo la, nya si woagblɔ na wò la ade dzi ƒo na wò ŋutɔ. Nɔviŋutsu aɖe si nye gbesiagbe mɔɖela, hafi va zu mɔɖela vevi, dutanyanyuigblɔla kple Betel-ƒomea me tɔ le dukɔ bubu me la gblɔ be: “Mekpɔe be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ si me meƒo ɖokuinye ɖo la nye nyametsotso nyuitɔ siwo mewɔ le agbe me la dometɔ ɖeka. Esi mexɔ ƒe 18 la, enɔ sesẽm nam be matso nya me le nu si mawɔ ŋu, nenye be made yunivɛsiti, madi ɣeyiɣiawo katã ƒe dɔwɔɖui alo anye mɔɖela. Nu siwo teƒe mekpɔ le agbe me na meka ɖe edzi be Yehowa meŋlɔa nu siwo míetsɔ saa vɔe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ta be gbeɖe o. Mete ŋu zã dzɔdzɔmeŋutete siwo Yehowa nam la le mɔ siwo nu manya wɔ ne ɖe metiae be mawɔ ŋutilãmedɔ o.” Srɔ̃a hã gblɔ be: “Subɔsubɔdɔ ɖe sia ɖe si wode asi na mí la na mewɔ ŋgɔyiyi. Enuenu la, míekpɔ ale si Yehowa kpɔ mía ta hefia mɔ míi. Ne ɖe míetiae be míanɔ nu bubu aɖe si sɔ na mí wɔm la, anye ne míakpɔ nu siawo gbegbe teƒe o. Medaa akpe na Yehowa gbe sia gbe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ sia ta.” Àdi be ye hã yease le ye ɖokui me nenema?

6. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

6 Ele eme be nɔnɔmeawo meɖea mɔ na ame aɖewo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa fifia o, gake wole woƒe ŋutete katã wɔm le Yehowa subɔsubɔ me. Míenya be edea asixɔxɔ woƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Le kpɔɖeŋu me, le Filemon 1-3 la, Paulo ɖo eƒe gbedonamewo ɖe nɔvi siwo katã le Kolose hamea me, eye wòyɔ wo dometɔ aɖewo ŋkɔ. Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe woƒe kutrikukua ŋu, eye Yehowa hã kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. (Mixlẽe.) Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo míawo hã míewɔna le esubɔsubɔ me la ŋu. Gake nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ ado alɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo?

ALE SI MÍATE ŊU ADO ALƆ MƆÐELAWO

7, 8. Nu kae mɔɖeɖedɔa wɔwɔ bia, eye aleke hamea me tɔ bubuwo ate ŋu akpe ɖe mɔɖelawo ŋu?

7 Abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, mɔɖela siwo li egbea hã tua hamewo ɖo ŋutɔ. Wo dometɔ geɖe zãa gaƒoƒo 70 tsɔ ɖea gbeƒãe ɣleti sia ɣleti. Aleke nàte ŋu akpe ɖe wo ŋui?

8 Nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye  Shari gblɔ be: “Edzena abe mɔɖelawo sẽ ŋu le gbɔgbɔ me ene le esi wonɔa gbeadzi gbe sia gbe ta. Gake ehiã be woade dzi ƒo na woawo hã.” (Rom. 1:11, 12) Nɔvinyɔnu bubu aɖe si hã wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe geɖe la gblɔ tso mɔɖela siwo le eƒe hamea me ŋu be: “Wonɔa dɔ dzi vevie madzudzɔmadzudzɔe. Ne ame aɖe zã eƒe ʋu tsɔ kɔ wo yi gbeadzii, ekpe wo wova ɖu nu, edi ga vi aɖe na wo be woatsɔ adze ami ade ʋu me, alo na gakpekpeɖeŋu aɖe wo la, wokpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. Enana wokpɔnɛ be ètsɔ ɖe le eme na yewo vavã.”

9, 10. Nu kawoe nɔvi aɖewo wɔ tsɔ kpe ɖe mɔɖela siwo le woƒe hamewo me ŋui?

9 Mɔ bubu si nu míate ŋu akpe ɖe mɔɖelawo ŋu lee nye be míazɔ kpli wo le gbeadzi. Nɔvinyɔnu mɔɖela eve aɖewo gblɔ be yewohiã na nɔviwo be woazɔ kpli yewo le gbeadzi le ŋdɔ mewo kple kwasiɖa domedomeewo. Nɔvinyɔnu aɖe si le dɔ wɔm fifia le Betel si le Brooklyn la ɖoa ŋku ale si wokpe ɖe eŋu esime wònye mɔɖela la dzi. Egblɔ be: “Nɔvinyɔnu aɖe si si ʋu le la gblɔ nam be, ‘Ɣesiaɣi si mèkpɔ ame aɖeke azɔ kplii o la, wò ya yɔm ko ale be mava ne míayi gbeadzi.’ Eyae kpe ɖe ŋunye mete ŋu wɔ mɔɖeɖedɔa.” Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Shari gblɔ be: “Mɔɖela siwo nye trewo la tsia akogo zi geɖe ne wokpã le gbeadzi vɔ megbe. Àte ŋu akpe nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu trewo woava kpɔ gome le miaƒe ƒometadedeagua me ɣeaɖewoɣi. Wo kpekpe be woakpɔ gome le wɔna bubuwo hã me kpena ɖe wo ŋu be wonɔa te sesĩe.”

10 Nɔvinyɔnu aɖe si le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm ƒe 50 kloe nye esia la gblɔ tso ale si wokpe ɖe eya kple nɔvinyɔnu tre bubuwo ŋu la ale: “Anɔ abe ɣleti eve sia ɣleti eve ene la, hamemetsitsiawo va srãa mɔɖelawo kpɔna. Wobiaa nya mí ku ɖe míaƒe lãmesẽnyawo kple dɔwɔɖuiwo ŋu hebiana nenye be nane le fu ɖem na mí. Wotsɔ ɖe le eme na mí ŋutɔŋutɔ. Wova srãa mí kpɔna le aƒe me be yewoanya nenye be míehiã na kpekpeɖeŋu aɖe.” Hamemetsitsi siawo kple nɔvi bubu siwo le abe woawo ene la srɔ̃a Onesiforo ƒe kpɔɖeŋu. Ehiã be wòakpɔ eƒe ƒomea dzi, gake egana kpekpeɖeŋu Paulo hã.—2 Tim. 1:18.

11. Nu kae mɔɖela vevi ƒe dɔa wɔwɔ bia?

11 Mɔɖela vevi ƒe dɔa hã nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa bubu. Mɔɖela vevi geɖewo zãna abe gaƒoƒo 130 ene le gbeadzi ɣleti sia ɣleti. Wokpɔa gome le  hame ƒe dɔ bubu geɖewo hã me. Alɔdzedɔwɔƒea naa gakpekpeɖeŋu vi aɖe wo ɣleti sia ɣleti le esi woƒe dɔa mana woakpɔ vovo awɔ ŋutilãmedɔ o ta. Kpekpeɖeŋu sia wɔnɛ be mɔɖelawo tea ŋu kpɔa woƒe nuhiahiã veviwo gbɔ hezãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ŋu.

12. Aleke hamemetsitsiwo kple nɔvi bubuwo ate ŋu akpe ɖe mɔɖela veviwo ŋui?

12 Aleke míate ŋu akpe ɖe mɔɖela veviwo ŋui? Hamemetsitsi aɖe si wɔa dɔ le alɔdzedɔwɔƒe aɖe eye wòɖo dze kple mɔɖela vevi geɖewo la gblɔ be: “Ehiã be hamemetsitsiwo naɖo dze kpli wo be woanya nu siwo me tom wole ale be woate ŋu ana kpekpeɖeŋu si wohiã la wo. Nɔvi aɖewo susui be naneke mehiãa mɔɖela veviwo o le esi alɔdzedɔwɔƒea naa gakpekpeɖeŋu wo ta, gake nɔvi siwo le hameawo me la ate ŋu akpe ɖe wo ŋu le mɔ vovovowo nu.” Abe ale si wòle le gbesiagbe mɔɖelawo gome ene la, edzɔa dzi na mɔɖela veviwo hã ne nɔviwo zɔna kpli wo le gbeadzi. Ðe nàte ŋu azɔ kpli woa?

ALE SI MÍAKPE ÐE DZIKPƆLA MƆZƆLAWO ŊUI

13, 14. (a) Nu kae mele be míaŋlɔ be ku ɖe nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo ŋu o? (b) Aleke nàte ŋu akpe ɖe ame siwo le mɔzɔzɔdɔa wɔm la ŋui?

13 Nutome sue dzikpɔlawo kple wo srɔ̃wo nye nɔvi kpɔnuteƒe siwo si xɔse sẽŋu le siwo dea dzi ƒo na mí. Gake mele be míaŋlɔ be be woawo hã wohiã na dzideƒo o. Wohiã na nɔvi siwo azɔ kpli wo le gbeadzi. Edzɔa dzi na wo ne nɔviwo kpe wo be woakpɔ gome le modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo me kpli yewo. Ne woxɔ dzikpɔla mɔzɔlawo alo wo srɔ̃wo ɖe kɔdzi alo woƒe lãme gblẽ la, míate ŋu akpe ɖe wo ŋu to ale si míayi aɖasrã wo kpɔ ahakpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔ me. Luka, si nye “atikewɔla lɔlɔ̃tɔ” la kpɔ Paulo kple eƒe mɔzɔhati siwo yi ɖasrã hamewo kpɔ la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.—Kol. 4:14; Dɔw. 20:5–21:18.

14 Dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo hiã na xɔlɔ̃ vevi siwo alɔ̃ wo ahade dzi ƒo na wo. Nutome sue dzikpɔla aɖe ŋlɔ bena: “Edze abe xɔ̃nyewo nyana ɣeyiɣi si me mehiã na dzideƒo ene. Wobiaa nya siwo fia be wotsɔ ɖe le eme nam, si wɔnɛ be metea ŋu gblɔa nye dzimenyawo na wo. Ale si woɖoa tom nyuie la ɖeɖe gɔ̃ hã tuam ɖo ŋutɔ.” Ne nɔviwo tsɔ ɖe le eme na nutome sue dzikpɔlawo tso dzi me hezu wo xɔlɔ̃ vavãwo la, edzɔa dzi na wo ŋutɔ.

KPE ÐE BETEL-ƑOMEA ME TƆWO ŊU

15, 16. Nu ka tae dɔ si wɔm nɔviwo le le Takpexɔwo kple Betel-ƒewo me la le vevie, eye aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋui?

15 Nɔvi siwo le dɔ wɔm le Takpexɔwo kple Betel-ƒewo me la wɔa dɔ veviwo tsɔ kpea asi ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu. Ne Betel-ƒomea me tɔwo le miaƒe hamea alo nutome suea me la, aleke nàte ŋu aɖo ŋku wo dzi?

16 Ne nɔviwo va Betel teti la, wotea ŋu sena le wo ɖokui me be yewotsi akogo le esi wonɔa woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo susum ta. Ne nɔvi bubu siwo le Betel kple hamea me tɔwo dze xɔlɔ̃ wo la, edzɔa dzi na wo. (Marko 10:29, 30) Zi geɖe la, Betel dɔwɔlawo ƒe dɔa ɖea mɔ na wo be woade kpekpeawo kple gbeadzi kwasiɖa sia kwasiɖa. Gake ɣeaɖewoɣi la, wogawɔa dɔ bubuwo kpea woƒe gbe sia gbe dɔwo. Eɖea vi ŋutɔ ne hamea me tɔwo se esia gɔme na wo hedea asixɔxɔ dɔ si wɔm wole la ŋu.—Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 2:9.

KPEKPE ÐE ƔEYIƔIAWO KATÃ ƑE SUBƆLA SIWO LE DUTA ŊU

17, 18. Dɔ kawoe nɔvi siwo le subɔsubɔm le duta la wɔna?

17 Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖewo lɔ̃na faa yi ɖasubɔna le duta. Eva hiãna be woatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu le afi ma le nuɖuɖu, gbegbɔgblɔ kple dekɔnu yeyewo ta. Dɔ kawoe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo le duta la wɔna?

 18 Wo dometɔ aɖewo nye dutanyanyuigblɔlawo eye wozãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Wonye gbeƒãɖela kple nufiala bibi siwo fiaa nu siwo wosrɔ̃ la hamea me tɔwo. Alɔdzedɔwɔƒea naa dzeƒe si sɔ la dutanyanyuigblɔlawo kple gakpekpeɖeŋu si woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiã veviwo gbɔe. Woɖoa ame bubuwo hã ɖe duta be woaɖasubɔ le alɔdzedɔwɔƒewo alo akpe asi ɖe gbegɔmeɖeƒewo, Takpexɔwo, Fiaɖuƒe Akpatawo kple alɔdzedɔwɔƒewo tutu ŋu. Alɔdzedɔwɔƒea alo nɔvi siwo le nutoa me la kpɔa woƒe nuhiahiãwo abe nuɖuɖu kple dzeƒe ene gbɔ na wo. Abe ale si wòle le Betel-ƒomea gome ene la, xɔtudɔwɔla siawo hã dea kpekpeawo hekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi. Nɔvi siawo ƒe kpekpeɖeŋu ɖea vi na hameawo ŋutɔ.

19. Aleke nàte ŋu akpe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo va le dɔ wɔm le miaƒe dukɔa me la ŋui?

19 Aleke nàte ŋu akpe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo va le dɔ wɔm le miaƒe dukɔa me la ŋui? Ðo ŋku edzi be ne wova teti la, womenya nu siwo woɖuna le miaƒe nutoa me la ɖuɖu haɖe o. Eya ta ne èkpe wo be woava ɖu nu kpli ye la, bia wo nenye be woadi be yewoaɖu nane si womeɖu kpɔ o, alo be nane li si womeɖuna o hã. Axɔ ɣeyiɣi hafi woasrɔ̃ mia degbea kple miaƒe dekɔnuwo. Eya ta gbɔ dzi ɖi na wo eye nàkpe ɖe wo ŋu lɔlɔ̃tɔe. Didia le wo me be yewoasrɔ̃ nu!

20. Aleke míate ŋu akpe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo kple wo dzilawo ŋui?

20 Eva hiãna be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo le duta la natso nya me le ale si woawɔ akpɔ wo dzila tsitsiwo dzii ŋu. Ne wo dzilawo nye Ðasefowo la, woadi vevie be yewo viwo nayi woƒe subɔsubɔdɔa dzi. (3 Yoh. 4) Ele eme be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo adze agbagba ɖe sia ɖe be yewoakpɔ yewo dzilawo dzi ahanɔ wo srãm kpɔ ya. Gake nɔvi siwo te ɖe dzila mawo ŋu hã ate ŋu akpe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ŋu. Woate ŋu atsɔ wo ɖokuiwo ana be yewoakpe ɖe wo dzila tsitsiawo ŋu. Mele be míaŋlɔ be be ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le dɔ geɖe wɔm tsɔ le asi kpem ɖe gbeƒãɖeɖedɔa, si nye dɔ vevitɔ kekeake le anyigba dzi fifia la ŋu o. (Mat. 28:19, 20) Ðe nàte ŋu akpe ɖe wo dzilawo ŋu atsɔ aɖee afia be yeɖoa ŋku wo dzia?

21. Aleke ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo sena le wo ɖokui me ne wokpe ɖe wo ŋu alo wode dzi ƒo na wo?

21 Ame geɖe wɔa dɔ kutrikukutɔe kple susu be yewoazu kesinɔtɔwo. Gake ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ya wɔa dɔ sesĩe le esi wodi be yewoatsɔ yewoƒe nu nyuitɔ ana Yehowa ahakpe ɖe amewo ŋu ta. Eya ta wokpɔa ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si amewo naa wo la ŋu. Nɔvinyɔnu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si ʋu yi duta la gblɔ be, “Ne ame aɖe ŋlɔ ŋudzedzekpɔkpɔɖenuŋu ƒe nya kpui aɖe na wò gɔ̃ hã la, eɖenɛ fiana be amewo bua ŋuwò hekpɔa dzidzɔ ɖe dɔ si wɔm nèle ŋu.”

22. Aleke nèsusu tso ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu?

22 Agbemedɔ si wɔm ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le la nana wokpɔa dzidzɔ kple dzidzeme geɖe. Eyae nye dɔ nyuitɔ kekeake egbea. Viɖe le nu siwo srɔ̃m ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le kple nɔnɔme siwo tum wole ɖo la ŋu fifia kple xexe yeyea siaa me. Eteƒe madidi o, Yehowa subɔlawo katã ava nɔ dɔ siwo me dzidzeme geɖe le la wɔm gbe sia gbe. Mina míayi edzi aɖo ŋku “xɔse ƒe dɔwɔwɔ” kple “agbagba” siwo dzem ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo le la dzi.—1 Tes. 1:3.