Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  March 2014

Mide Bubu Ame Tsitsi Siwo Le Mia Dome Ŋu

Mide Bubu Ame Tsitsi Siwo Le Mia Dome Ŋu

“Bu amegãɖeɖi la.”3 MOSE 19:32.

1. Nɔnɔme wɔnublanui ka mee amegbetɔwo le?

YEHOWA meɖoe be amegbetɔwo natsi, agbɔdzɔ ahakpe fu o. Ke boŋ eƒe tameɖoɖoe nye be ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa nanɔ lãmesẽ nyui me le Paradiso me. Gake fifia ‘nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye wòle veve sem.’ (Rom. 8:22) Aleke nèsusu be Mawu ase le eɖokui me ne ekpɔ ale si nu vɔ̃ me tsonuwo le nu gblẽm le amegbetɔwo ŋui? Nublanuitɔe la, amewo gblẽa ame tsitsi geɖe ɖi le ɣeyiɣi si me wohiã kpekpeɖeŋu le wu.Ps. 39:6; 2 Tim. 3:3.

2. Nu ka ta Kristotɔwo kpɔa dzidzɔ ɖe ame tsitsiwo ŋu etɔxɛe?

2 Yehowa ƒe amewo ya kpɔa dzidzɔ ɖe ame tsitsi siwo le woƒe hameawo me ŋu. Woƒe nunya ɖea vi na mí eye woɖoa xɔse ƒe kpɔɖeŋu ɖi na mí. Le mía dometɔ geɖe gome la, nɔvi tsitsi malɔ̃nugbɔ siawo dometɔ aɖewo nye míaƒe ƒometɔwo. Gake ne womenye míaƒe ƒometɔwo o gɔ̃ hã la, mí katã míate ŋu alé be na wo nyuie. (Gal. 6:10; 1 Pet. 1:22) Ale si Mawu bua ame tsitsiwo me dzodzro aɖe vi na mí katã. Eye míadzro agba si le ame tsitsi siawo ƒe ƒometɔwo kple hamea dzi le beléle na wo me hã me.

‘MÈGAGBEM O’

3, 4. (a) Nu vevi kae Psalmo 71 lia ŋlɔla bia Yehowa? (b) Nu kae hamea me tɔ tsitsiwo ate ŋu ado gbe ɖa abia Mawu?

3 Hakpalaa ƒo koko na Mawu le Psalmo 71:9 be: “Mègagbem  le amegãkuɣi o, eye ne nye ŋusẽ nu yi la, mègagblẽm ɖi o!” Edze abe psalmo sia nye Psalmo 70 lia, si ƒe kpukpui gbãtɔ ɖee fia be enye “David tɔ,” la dzi yiyi ene. Eya ta anɔ eme be David ye bia nu si le Psalmo 71:9 la. Esubɔ Mawu tso ɖevime va se ɖe eƒe tsitsime, eye Yehowa zãe wòwɔ nu gãgãwo. (1 Sam. 17:33-37, 50; 1 Fia. 2:1-3, 10) Ke hã David kpɔe be ehiã be yeabia Yehowa be wòayi edzi ave ye nu.Mixlẽ Psalmo 71:17, 18.

4 Egbea ame geɖe le abe David ene. Woyi edzi le Mawu kafum ale si woate ŋui, togbɔ be wotsi xɔ ƒe geɖe eye wole “ŋkeke vɔ̃wo” me hã. (Nyagb. 12:1-7) Wo dometɔ geɖe magate ŋu awɔ nu siwo katã wowɔna tsã o; ele alea le subɔsubɔdɔa hã gome. Gake woawo hã ate ŋu aƒo koko na Yehowa be wòayi edzi ayra yewo ahalé be na yewo. Nuteƒewɔla tsitsi siawo ate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ase yewoƒe gbedodoɖawo. Elabena woƒe dzimaɖitsitsiwo sɔ kple esiwo gbɔgbɔ ʋã David wòɖe gblɔ.

5. Aleke Yehowa bua nuteƒewɔla tsitsiwoe?

5 Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ be Yehowa dea asixɔxɔ gã esubɔla wɔnuteƒe tsitsiwo ŋu eye wòdi be míade bubu wo ŋu. (Ps. 22:25-27; Lod. 16:31; 20:29) Mawu gblɔ le 3 Mose 19:32 be: “Amegã ta ɣi ŋku me nànɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye nàvɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!” Ɛ̃, bubudede ame tsitsiwo ŋu nye nudidi vevi le blema esime woŋlɔ nya siawo, eye wògale nenema egbea hã. Ke wo dzi kpɔkpɔ ya ɖe? Ame kawo ƒe agbanɔamedzie wònye?

ƑOMETƆWO ƑE AGBANƆAMEDZI

6. Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi le dzilaa dzi kpɔkpɔ me?

6 Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be: “Bu fofowò kple dawò.” (2 Mose 20:12; Ef. 6:2) Yesu te gbe ɖe sedede sia ƒe nu vevi nyenye dzi esi wòbu fɔ Farisitɔwo kple agbalẽfiala siwo gbe wo dzilawo dzi kpɔkpɔ. (Marko 7:5, 10-13) Yesu ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi. Le kpɔɖeŋu me, esi wòɖo kudo nu le fuwɔametia ŋu la, etsɔ dadaa, si anya zu ahosi ɣemaɣi la, dzi kpɔkpɔ de nusrɔ̃la si wòlɔ̃na si nye Yohanes si.Yoh. 19:26, 27.

7. (a) Mɔfiame kae apostolo Paulo na ku ɖe dzilawo dzi kpɔkpɔ ŋu? (b) Nu ka ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe hafi gblɔ nya mawo?

7 Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ ɖi be, ele be xɔsetɔwo nakpɔ woƒe aƒemetɔwo dzi. (Mixlẽ 1 Timoteo 5:4, 8, 16.) Paulo gblɔ nya sia esime wònɔ nu ƒom tso ame siwo dze be hamea nana gakpekpeɖeŋu wo ŋu. Ena eme kɔ be ame siwo koŋ akpɔ ahosi tsitsiwo dzie nye wo viwo kple mamayɔviwo kpakple ƒometɔ bubu siwo nye xɔsetɔwo. Esia awɔe be womanye agba na hamea madzemadzee o. Nenema kee egbea hã mɔ siwo dzi Kristotɔ ɖea “ɖokuitsɔtsɔ na Mawu” fiana le dometɔ ɖekae nye be wòakpɔ eƒe ƒometɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo.

8. Nu ka tae nunya le eme be Biblia megblɔ ale si tututu viwo akpɔ wo dzila tsitsiwo dzi o?

8 Kpuie ko la, agba le vi tsitsi siwo nye Kristotɔwo dzi be woakpɔ wo dzilawo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ na wo. Togbɔ be ƒometɔ siwo nye xɔsetɔwo ŋue Paulo nɔ nu ƒom tsoe hã la, mele be míagblẽ mía dzila siwo mele Kristo hamea me o la ɖi o. Esi wònye ƒome ɖe sia ɖe kple eƒe nɔnɔmee ta la, ale si tututu viwo akpɔ wo dzilawo dzi la le vovovo. Ame tsitsiwo ƒe nuhiahiãwo, nɔnɔme kple lãmesẽ le vovovo. Vi geɖe le wo dometɔ aɖewo si; gake vi ɖeka koe le bubuwo ya si. Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua doa alɔ ame tsitsiwo, gake mele alea le bubuwo me o. Eye dzila tsitsiawo ŋutɔ hã ƒe didiwo mele ɖeka o. Eya ta manyo be míaƒo nu atsi tre ɖe ale si ame aɖe le  dzilaa tsitsiwo dzi kpɔm ale si wòate ŋui la ŋu o, eye manye lɔlɔ̃ ɖeɖe fia hã o. Yehowa ate ŋu ayra ɖe woƒe nyametsotso ɖe sia ɖe si wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo la dzi ahana wòadze edzi, abe ale si ko wòwɔe na eƒe amewo tso Mose ƒe ŋkekea me ke ene.4 Mose 11:23.

9-11. (a) Nɔnɔme sesẽ kawoe ate ŋu adze ŋgɔ nɔvi aɖewo? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae mele be vi tsitsiwo natsɔ dzitsitsi aɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu o? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Ne viwo le didiƒe tso wo dzilawo gbɔ la, ate ŋu asesẽ be woana kpekpeɖeŋu si dzilawo hiã la wo. Ne edzɔ be dzilaa ƒe lãme gblẽ kpata, ɖewohĩ edze anyi eye eƒe ƒu aɖe ŋe, alo afɔku bubu aɖe dzɔ ɖe edzi la, ahiã be woayi aɖakpɔ Papa kple Dada ɖa kaba. Esia megbe la, dzilawo ahiã kpekpeɖeŋu ɣeyiɣi kpui aɖe loo, alo ɣeyiɣi didi. *

10 Nyametsotso sesẽwo ate ŋu adze ŋgɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo le subɔsubɔm le teƒe siwo didi tso wo de. Ame siwo le subɔsubɔm le Betel, dutanyanyuigblɔlawo kple dzikpɔla mɔzɔlawo katã dea asixɔxɔ woƒe dɔdeasia ŋu hebunɛ be enye Yehowa ƒe yayra. Ke hã ne wo dzilawo dze dɔ la, ɖewohĩ nu gbãtɔ si ava susu me na woe nye, ‘Ehiã be míaɖe asi le dɔdeasia ŋu ayi aƒe aɖakpɔ mía dzilawo dzi.’ Gake anyo be woado gbe ɖa tso nɔnɔmea ŋu ahakpɔe ɖa be ema tututue wo dzilawo hiã alo di ŋutɔŋutɔ mahã. Mele be ame aɖeke natsɔ dzitsitsi aɖe asi le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔwo ŋu o, eye mehiãna kokoko o. Ðe wòanye be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe lãmesẽkuxi, si gbɔ nɔvi siwo le hame si me dzilaawo le me alɔ̃ faa be yewoakpɔ yea?Lod. 21:5.

11 Bu nɔviŋutsu eve siwo nye dadaviwo, siwo le subɔsubɔm le dukɔ didi aɖe me ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Ðeka nye dutanyanyuigblɔla le Anyiehe Amerika, eye evelia le dɔ wɔm le míaƒe dɔwɔƒe gã le Brooklyn, New York. Nɔviŋutsu siawo dzila tsitsiwo hiã kpekpeɖeŋu. Eya ta wo ame evea kpakple wo srɔ̃wo yi ɖakpɔ wo dzilawo ɖa le keke Japan ke be yewoakpɔ mɔ nyuitɔ si nu yewoakpe ɖe wo ŋu le. Ɣeyiɣi aɖe megbe la, ame si le Anyiehe Amerika la kple srɔ̃a nɔ susu wɔm be yewoaɖe asi le dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu atrɔ ayi aƒe. Ɣemaɣi tututu la, hamemetsitsiwo ƒe ha ƒe ɖoɖowo gbɔ kpɔla si le wo dzilawo ƒe hamea me la ƒo ka na wo. Hamemetsitsiwo dzro nɔnɔmea me eye wodi be atsu kple asia nayi woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi ɣeyiɣi didi si woate ŋui. Hamemetsitsiawo kpɔ ŋudzedze ɖe subɔsubɔdɔ si wɔm nɔviŋutsua kple srɔ̃a le ŋu eye woɖoe kplikpaa be yewoana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si hiã le wo dzilawo dzi kpɔkpɔ me. Ƒome siawo me tɔwo katã kpɔ dzidzɔ ɖe kpekpeɖeŋu si wona wo lɔlɔ̃tɔe la ŋu ale gbegbe.

12. Ne Kristotɔwo ƒe ƒomewo le ɖoɖo wɔm ɖe dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋu la, nu ka ŋue wòle be woatsi dzi ɖo?

12 Ðoɖo ka kee Kristotɔwo ƒe ƒomewo ɖawɔ hena wo dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ o, ele be woakpɔ egbɔ be nyametsotso ɖe sia ɖe si woawɔ la nana woaƒo nu nyui tso Mawu ƒe ŋkɔa ŋu. Míadi gbeɖe be míaɖi subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me o. (Mat. 15:3-6) Míedi be míaƒe nyametsotsowo nakɔ Mawu kple hamea siaa ŋu.2 Kor. 6:3.

HAMEA ƑE AGBANƆAMEDZI

13, 14. Aleke Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ele be hamewo nana kpekpeɖeŋu ame tsitsi siwo le wo dome?

13 Menye mí katãe ate ŋu akpe ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ŋu abe ale si  nɔvi siwo ŋu míeƒo nu tsoe wɔe ene o. Ke hã, nɔnɔme aɖe si do mo ɖa le ƒe alafa gbãtɔ me na wòdze ƒãa be hamewo tsɔa ɖe le nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsi siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui la ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ me vevie. Biblia gblɔ le Yerusalem hamea ŋu be, “naneke mehiã wo dometɔ aɖeke o.” Esia mefia be nuwo de wo katã dzi o. Edze ƒãa be wo dometɔ aɖewo da ahe, gake “[womaa nuwo] na ame sia ame, le eƒe hiahiã nu.” (Dɔw. 4:34, 35) Emegbe la, kuxi aɖe do mo ɖa le hame ma me. Woka nya ta be wonɔ “ahosi [aɖewo] gblẽm ɖi le gbe sia gbe nuɖuɖu la mama me.” Eya ta apostoloawo na woɖo ŋutsu siwo dze be woawɔ ɖoɖo siwo sɔ atsɔ akpɔ egbɔ be wokpɔ ahosiwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ nyuie ale si dze ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. (Dɔw. 6:1-5) Enye nyateƒe be ɖeko wowɔ ɖoɖo ɖe gbe sia gbe nuɖuɖu mama la ŋu be woatsɔ akpɔ ame siwo va zu Kristotɔwo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi, siwo tsi Yerusalem hena ɣeyiɣi aɖe be woatu woƒe xɔse ɖo la, ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ke hã, ale si apostoloawo wɔ nui ɖee fia be hamewo ate ŋu ado alɔ nuteƒewɔla tsitsi siwo hiã kpekpeɖeŋu.

14 Abe ale si míede dzesii ene la, Paulo na mɔfiame Timoteo ku ɖe nɔnɔme siwo me wòasɔ le be hamea nana ŋutilãmekpekpeɖeŋu ahosi Kristotɔ aɖe la ŋu. (1 Tim. 5:3-16) Nenema kee gbɔgbɔ ʋã Yakobo wògblɔ be wobia tso Kristotɔwo si be woakpe ɖe tsyɔ̃eviwo, ahosiwo kple ame bubu siwo ɖo xaxa alo hiã me la ŋu. (Yak. 1:27; 2:15-17) Apostolo Yohanes hã bia be: “Ame sia ame si si xexe sia me nunɔamesiwo le, eye wòkpɔ nɔvia le hiã me, gake wògbe nublanuikpɔkpɔ nɛ la, mɔ ka nue Mawu ƒe lɔlɔ̃ nɔa eme le?” (1 Yoh. 3:17) Ne agba le Kristotɔ ɖekaɖekawo dzi be woakpe ɖe ame siwo hiã tu ŋu la, ɖe manɔ alea le hamea gome geɖe wu oa?

Ne nɔvi tsitsi aɖe dze afɔku la, kpekpeɖeŋu kae hamea ate ŋu ana? (Kpɔ memama 15, 16)

15. Nu kawoe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe kpekpeɖeŋu si míana ame tsitsiwo dzi?

15 Le dukɔ aɖewo me la, dziɖuɖua wɔ ɖoɖo ɖe dzudzɔxɔledɔmega, ame tsitsiwo dzikpɔƒewo kple kpekpeɖeŋu bubuwo ŋu na dumevi tsitsiwo. (Rom. 13:6) Gake ɖoɖo siawo mele dukɔ aɖewo me o. Eya ta ŋutilãmekpekpeɖeŋu si ƒometɔwo kple hamea ana nɔvi tsitsiwo la nɔa te ɖe nɔnɔmeawo dzi. Ne vi tsitsi xɔsetɔwo le didiƒe tso wo dzilawo gbɔ la, esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe kpekpeɖeŋu si woate ŋu ana dzi. Anyo be vi tsitsiawo nanɔ dze ɖom kple wo dzilawo ƒe hamemetsitsiwo edziedzi be akpa kple evea nase ƒomea ƒe nɔnɔmewo gɔme nyuie.  Le kpɔɖeŋu me, hamemetsitsiwo ate ŋu akpe ɖe dzila tsitsiawo ŋu woanya dziɖuɖua ƒe ɖoɖo siwo ŋu dɔ woate ŋu awɔ le wo gbɔ. Hamemetsitsiawo ate ŋu ade dzesi nanewo siwo wòle be ɖeviawo nanya, abe lɛta siwo dzilawo xɔ gake womeʋu wo o alo atike siwo womeno o ene. Dzeɖoɖo edziedzi alea be woanya ale si nɔnɔmeawo le ate ŋu ana woakpɔ kuxi aɖewo gbɔ kaba hafi ɖewohĩ woava do gã ɖe edzi. Ne ame aɖewo li siwo te ɖe dzilawo ŋu, siwo anɔ kpekpeɖeŋu alo aɖaŋuɖoɖo nam vi siwo le didiƒe la, esia ate ŋu aɖe woƒe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ.

16. Aleke Kristotɔ aɖewo le kpekpem ɖe hamea me tɔ tsitsiwo ŋui?

16 Lɔlɔ̃ si le Kristotɔwo si na nɔvi tsitsi siawo ʋãa wo dometɔ aɖewo wozãa woƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ kpena ɖe wo ŋu ale si woate ŋui. Wotsɔa ɖe le eme na hamea me tɔ tsitsiwo etɔxɛe. Nɔvi aɖewo siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la maa agbaa kple nɔvi bubuwo henɔa wo nɔewo ɖɔlim le ame tsitsiawo dzi kpɔkpɔ me. Togbɔ be ɖewohĩ woawo ŋutɔ womate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o hã la, enyea dzidzɔ na wo be woakpe ɖe nɔvi tsitsi siawo ƒe viwo ŋu woayi woƒe dɔdeasia dzi ɣeyiɣi didi si woate ŋui. Gbɔgbɔ nyui ka gbegbee nye esi nɔvi siawo le ɖeɖem fia! Ke hã, dɔmenyonuwɔna siawo meɖe agba si le viwo dzi be woakpɔ wo dzilawo dzi ale si woate ŋui la le wo dzi o.

MIDE BUBU AME TSITSIWO ŊU EYE MIADE DZI ƑO NA WO

17, 18. Akpa kae nɔnɔme si le ame si wɔna le ame tsitsiwo dzi kpɔkpɔ me?

17 Ame tsitsiwo kple ame siwo le wo dzi kpɔm siaa ate ŋu ana tenɔnɔ ɖe kuxi siwo wodoa goe nu nanɔ bɔbɔe na wo, ne nɔnɔme nyui le wo si. Ɣeaɖewoɣi la, tsitsi nana dzi ɖena le ame ƒo alo ame léa blanui gɔ̃ hã. Eya ta ahiã be nàdze agbagba ɖe sia ɖe ade bubu nɔvi tsitsiwo ŋu ahade dzi ƒo na wo. Àte ŋu awɔ esia ne èɖoa dze tuameɖowo kpli wo. Ele be míanɔ nɔvi siwo subɔ nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe la kafum. Yehowa meŋlɔ nu siwo katã wowɔ le esubɔsubɔ me la be o, eye wo nɔvi Kristotɔwo hã meŋlɔ wo be o.Mixlẽ Maleaxi 3:16; Hebritɔwo 6:10.

18 Gakpe ɖe eŋu la, gbe sia gbe gbanɔamedziwo tsɔtsɔ ate ŋu anɔ wodzoe wu ne ame tsitsiawo kple wo dzikpɔlawo siaa doa nukokoe na wo nɔewo. (Nyagb. 3:1, 4) Ame tsitsi geɖe medina be yewoanɔ nu geɖe fũu biam tso amewo si o. Wonya be ale si yewowɔa nui ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe beléle si amewo ana yewo kple zi ale si woava di yewo kpɔ la dzi. Eya ta etea ŋu dzɔna zi geɖe be nɔvi aɖe nagblɔ be, “Ðe meyi be made dzi ƒo na nɔvi tsitsi la, gake afi ma yiyi de dzi ƒo na nye ŋutɔ hã.”Lod. 15:13; 17:22.

19. Nu kae ate ŋu alé mí katã ɖe te le xaxawo me?

19 Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si fukpekpe kple blibomademade me tsonuwo nu ayi keŋkeŋ. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ele be Mawu subɔlawo katã nana woƒe susu nanɔ agbe mavɔ mɔkpɔkpɔa ŋu. Míenyae be Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se ye nye seke si léa mí ɖe te le xaxawo me. Le esia ta “míenaa ta o; ke boŋ ne ame si míenye le gotagome le gbegblẽm hã la, kakaɖedzi li be, wole ame si míenye le ememe ya wɔm yeyee tso ŋkeke yi ŋkeke.” (2 Kor. 4:16-18; Heb. 6:18, 19) Gake tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi xɔxɔ se vevie ŋu la, nu ka hãe ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ me? Míadzro esia ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyui aɖewo me le nyati si kplɔe ɖo me.

^ mm. 9 Dzila tsitsiwo dzi kpɔkpɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖo aɖewo le nyati si kplɔe ɖo me na dzilawo kple wo viwo.