Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  March 2014

Ƒometadedeagu—Àte Ŋu Ana Wòagavivi Wua?

Ƒometadedeagu—Àte Ŋu Ana Wòagavivi Wua?

Vifofo aɖe si le Brazil gblɔ be: “Míenɔa vivi sem le míaƒe Ƒometadedeagua fiẽsia me ale gbegbe be, ne nyemeɖo asi nye ƒomea dzi o la, míenɔa edzi ʋuu zã tsina.” Ƒome ƒe ta aɖe si le Japan gblɔ be edze abe ye viŋutsuvi si xɔ ƒe ewo la metsia dzi ɖe gamea ŋu o ene, ɖeko wòdina be yewoanɔ ƒometadedeagua dzi yim. Nu ka tae? Vifofoa gblɔ be: “Esi wònɔa enu vivim eye wòdoa dzidzɔ nɛ tae.”

Ele eme be menye ɖevi ɖe sia ɖee ƒometadedeagu doa dzidzɔ na o ya. Le nyateƒe me la, mevivia wo dometɔ aɖewo nu o. Nu ka tae? Vifofo aɖe si le Togo gblɔ nu si wòde dzesii ale: “Mele be tadedeagu na Yehowa nati ame o.” Ne edzɔ alea la, ɖe wòanye be ale si wole ƒometadedeagua wɔm gbɔe wòtsoa? Ƒome geɖe kpɔe be ƒometadedeagu ate ŋu anɔ abe ale si Yesaya gblɔ tso Dzudzɔgbe la ŋu ene—ate ŋu anye “dzidzɔ” sɔŋ.Yes. 58:13, 14.

Vifofo Kristotɔwo nyae be hafi ƒometadedeagua navivi la, ele be ƒomea me tɔwo katã naɖe dzi ɖi. Ralf, si si vinyɔnu etɔ̃ kple viŋutsu ɖeka le, gblɔ be yewoƒe ƒometadedeagua nɔna abe dzeɖoɖo ko ene; ame sia ame kpɔa gome le eme. Ke hã, menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woana ame sia ame natsɔ ɖe le eme ahakpɔ gome le eme bliboe o. Vidada aɖe gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nyemetea ŋu nana ƒometadedeagua vivina abe ale si medii ene o.” Àte ŋu aɖu kuxi sia dzia?

NESƆ ÐE NƆNƆMEAWO NU, EYE MIWƆ NU VOVOVOWO

Vifofo aɖe si le Germany si si vi eve le gblɔ be: “Ele be míana wòasɔ ɖe nɔnɔmeawo nu.” Natalia nye vidada aɖe si si vi eve le; egblɔ be: “Nu si nɔa vevie na míaƒe ƒomea ye nye be míanɔ nu vovovowo wɔm.”  Ƒome geɖewo maa woƒe tadedeagua ɖe akpa vovovo me. Vifofo aɖe si le Brazil, si si ƒewuivi eve le, si ŋkɔe nye Cleiton gblɔ be: “Esia wɔnɛ be nusɔsrɔ̃a menyea nu ɖeka tɔgbi o eye ƒome bliboa kpɔa gome le eme.” Ne dzilawo ma nusɔsrɔ̃a ɖe akpa vovovowo me la, woate ŋu alé ŋku ɖe ɖevi ɖe sia ɖe ƒe hiahiãwo ŋu ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu. Dzilawo ate ŋu akpɔ ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe ƒe hiahiãwo gbɔ ahatia nyati siwo asɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe nɔnɔme nu.

Nu vovovo kawo wɔm ƒome aɖewo le? Ame aɖewo dzia kafukafuhawo na Yehowa tsɔ dzea egɔmee. Juan si le Mexico gblɔ be: “Enana míeɖea dzi ɖi eye wòdzraa míaƒe susu ɖo ɖe nu siwo míasrɔ̃ ŋu.” Eƒe ƒomea tiaa ha siwo sɔ ɖe nu siwo woasrɔ̃ fiẽ ma dometɔ aɖewo nu.

Sri Lanka

Ƒome geɖe xlẽa Biblia ƒe akpa aɖe ɖekae. Be magati ame o la, wonana ƒomea me tɔ vovovowo xlẽa ame vovovo siwo le Biblia ƒe akpa ma ƒe nyawo. Vifofo aɖe si le Japan gblɔ be, “nuxexlẽ le mɔ ma nu medo dzidzɔ na nam gbã o.” Gake edoa dzidzɔ na via ŋutsuvi eveawo be yewole nu wɔm ɖekae kple yewo dzilawo. Ƒome aɖewo wɔa Biblia ŋutinyawo ƒe dramawo gɔ̃ hã. Vifofo aɖe si le South Africa, si ŋkɔe nye Roger, si si vi eve le gblɔ be: “Zi geɖe la, [ɖeviwo] dea dzesi nanewo le Biblia ŋutinyawo me si mí dzilawo míekpɔna o.”

South Africa

Nu vovovo siwo miagate ŋu awɔ ƒe ɖee nye nuwo ƒe nɔnɔmewo wɔwɔ, abe Noa ƒe aɖakaʋua kpakpa alo Salomo ƒe gbedoxɔa ƒe nɔnɔme wɔwɔ ene. Esiawo bia numekuku, si hã doa dzidzɔ na ame. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnuvi ƒe-atɔ̃-vi aɖe kple dzilaawo kpakple mamaa wota du vovovo siwo me Paulo ɖi tsa yi le eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la ɖe ʋuƒo dzi tsɔ wɔ modzakaɖenu si me nufiame le. Ƒome bubu aɖewo zã ŋutinya siwo le Mose Ƒe Agbalẽ Evelia me tsɔ wɔ esia. Donald, si le Togo, si xɔ ƒe 19 la gblɔ be: “Nu vovovowo wɔwɔ na agbe yeye ɖo míaƒe ƒometadedeagua kple ƒomegbenɔnɔ me.” Ðe wò susu yi nane ƒe nɔnɔme si wɔwɔ ana miaƒe ƒometadedeagua nagavivi ɖe edzi wu la dzia?

Amerika

DZADZRAÐO LE VEVIE ŊUTƆ

Togbɔ be nu siwo sɔ ɖe miaƒe nɔnɔmewo nu kple nu vovovowo wɔwɔ nana ƒometadedeagu vivina hã, ele vevie be ame sia ame nadzra ɖo ɖe eŋu hafi wòatu ame ɖo ŋutɔŋutɔ. Ɣeaɖewoɣi la, ɖeɖi tea ɖeviwo ŋu, eya ta ele be vifofowo nade ŋugble le nu si woasrɔ̃ ŋu ahadzra ɖo ɖe eŋu nyuie do ŋgɔ. Vifofo aɖe gblɔ be: “Ne medzra ɖo nyuie do ŋgɔ la, ame sia ame sea vivi na nusɔsrɔ̃a.” Vifofo aɖe si hã le Germany gblɔa nu siwo me woadzro la na eƒe ƒomea kwasiɖa geɖe do ŋgɔ. Nu si vifofo aɖe si le Benin, si si vi 6 siwo xɔ tso ƒe 2 va ɖo ƒe 12 le la wɔna ne woakpɔ video le woƒe ƒometadedeagu me lae nye be, enana ƒomea nyaa nyabiase siwo me woadzro la do ŋgɔ. Vavãe, dzadzraɖo do ŋgɔ wɔa akpa vevi aɖe le ƒometadedeagu ƒe nyonyome ŋu.

Ne ƒomea nya nu si me miadzro do ŋgɔ la, woate ŋu anɔ dze ɖom tso eŋu le kwasiɖaa me, si ana woanɔ mɔ kpɔm nɛ vevie. Eye ne wode dɔ asi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe la, ame sia ame ase le ɖokui me be enye yeƒe ƒometadedeagu.

MIDZE AGBAGBA MIAWƆE EDZIEDZI

Esesẽna na ƒome geɖe be woawɔ ƒometadedeagua edziedzi.

Vifofo geɖe wɔa dɔ gaƒoƒo geɖe be woate ŋu akpɔ ƒomea dzi. Le kpɔɖeŋu me, vifofo aɖe si le Mexico dzona le aƒe me ŋdi ga ade, eye zã ga enyi ƒona hafi wògbɔna. Ɣeaɖewoɣi la, etea ŋu va hiãna be woada Ƒometadedeagu ɖoɖoa ɖe ŋkeke bubu dzi le kwasiɖaa me le teokrasiɖoɖo bubu aɖe ta.

Ke hã ele be míaɖoe kplikpaa be míanɔ ƒometadedeagua wɔm edziedzi. Ƒe-11-vi Loïs si le Togo gblɔ tso eƒe ƒomea ŋu be: “Togbɔ be ɣeaɖewoɣi la, ŋkekea me nudzɔdzɔ aɖe tea ŋu wɔnɛ be zã dona vie hafi míedzea míaƒe ƒometadedeagua gɔme hã la, míekpɔa egbɔ be míewɔnɛ kokoko.” Esia tae ƒome aɖewo tia ŋkeke aɖe le kwasiɖaa ƒe gɔmedzedze na woƒe ƒometadedeagua, ale be ne nane si womele mɔ kpɔm na o dzɔ la, woate ŋu adae ɖe ŋkeke bubu dzi le kwasiɖa ma ke me.

Abe ale si ŋkɔ “ƒometadedeagu” ɖee fia ene la, enye miaƒe tadedeagu na Yehowa ƒe akpa aɖe. Neva eme be wò ƒomea me tɔwo katã natsɔ ‘woƒe nuyiwo ƒe kafukafuvɔsa’ anɔ Yehowa nam kwasiɖa sia kwasiɖa. (Hos. 14:3) Mina ƒometadedeagua nanye dzidzɔɣi na ƒomea me tɔ ɖe sia ɖe, “elabena dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu enye miaƒe mɔ́ sesẽ.”Neh. 8:9, 10.