Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  February 2014

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

Sinima Si Tu Amewo Ƒe Xɔse Ðo La Xɔ Ƒe 100

Sinima Si Tu Amewo Ƒe Xɔse Ðo La Xɔ Ƒe 100

“Esia ya, eɖi Nɔviŋutsu Russell wu ale si wòle ne èkpɔe ŋkume-kple-ŋkume!”—Ame aɖe si kpɔ “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” la le ƒe 1914 me.

ƑE SIA mee “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” ƒe gbãtɔ la xɔ ƒe 100. Enye sinima si ŋu wotrɔ asi le be wòana amewo naxɔe ase be Mawu ƒe Nyae Biblia nye. Le ɣeyiɣi siwo amedzɔtsolãme, ɖeklemiɖeɖe kple ɖikeke gblẽ ame geɖe ƒe xɔse dome me la, “Fotoɖeɖefia” la do Yehowa ɖe dzi be eyae nye Wɔla la.

Nɔviŋutsu Charles T. Russell, si nɔ ŋgɔ xɔm na Biblia Nusrɔ̃viwo, nɔ mɔ nyuitɔ si dzi woato akaka Biblia me nyateƒea kabakaba la dim kutrikukutɔe. Biblia Nusrɔ̃viawo nɔa agbalẽwo zãm tsɔ nɔa gbeƒã ɖem ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwoe nye ema. Azɔ woƒe susu trɔ ɖe mɔnu yeye aɖe ŋu—si nye sinima.

WOTO SINIMA DZI KAKA NYA NYUIA

Le ƒe 1890-awo me la, woto sinima siwo ŋu gbeɖiɖi mekpe ɖo o la wɔwɔ vɛ. Le keke ƒe 1903 me ke la, woɖe sinima aɖe si ku ɖe mawunya ŋu le New York City gbedoxɔ me. Eya ta woto sinima vɛ eteƒe medidi kura hafi Nɔviŋutsu Russell dze “Fotoɖeɖefia” wɔwɔ gɔme le ƒe 1912 me o. Ede dzesii be woate ŋu ato mɔnu sia dzi akaka Biblia me nyateƒea geɖe wu agbalẽwo zazã ɖeɖe ko.

“Fotoɖeɖefia” la xɔa gaƒoƒo enyi, eye woɖenɛ le akpa ene me. Biblia me nuƒo kpui 96 siwo nuƒola aɖe si wonya nyuie eye amewo dzea si eƒe gbe bɔbɔe ɣemaɣi xlẽ wolé ɖe mɔ̃ dzi la kpe ɖe ɖeɖefiaa ŋu. Woƒo ha siwo wotsɔ haƒonu vovovowo ƒo la hã ɖe edzi. Mɔ̃ŋutinunyalawo nɔa nuƒo kple ha siwo wolé ɖe agba dzi ƒom wòsɔna ɖe foto siwo le amadedewo me kple Biblia me ŋutinyawo ƒe filmawo dzi pɛpɛpɛ.

“Sinima la dze egɔme tso ɣletiviwo wɔwɔ dzi va se ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe taƒoƒo le ŋutikɔkɔe me dzi.”—F. Stuart Barnes, si xɔ ƒe 14 le ƒe 1914 me

Woƒle foto kple film siwo wotsɔ wɔ sinimaa la dometɔ geɖe tso fotodɔwɔƒewo gbɔ. Míaƒe nutala bibi siwo le Philadelphia, New York, Paris kple London ta fotoawo ɖe ahuhɔ̃ewo kple filmwo dzi ɖekaɖeka. Wota nu siwo wotsɔ wɔ sinima la dometɔ geɖe le Betel Nutaƒe hã. Eye zi geɖe la, woawoe gbugbɔ taa esiwo gbã. Azɔ hã, wona Betel ƒomea me tɔwo wɔ Abraham, Isak, kple mawudɔla si xe mɔ na Abraham be metsɔ via sa vɔe o la ƒe wɔƒewo  eye woɖe foto wo le teƒe aɖe si te ɖe Yonkers, New York, ŋu.1 Mose 22:9-12.

Ne wotsiã film-kawo ɖe enu la, ade kilometa 3.2. Wozã nutata abe 500 ene siwo le ahuhɔ̃ewo dzi. Wona hehe nɔviwo be woana nuƒo siwo wolé ɖe agba 26 dzi la nasɔ ɖe ɖeɖefiawo nu pɛpɛpɛ

Nɔviŋutsu Russell ƒe zɔhɛ aɖe gblɔ na nyadzɔdzɔgblɔlawo be, nyakakamɔnu sia “ana ame akpe geɖewo natsɔ ɖe le Ŋɔŋlɔawo me wu nu sia nu si wowɔ [kpɔ] hena mawusubɔsubɔ dodo ɖe ŋgɔ.” Ðe hakplɔlawo kpɔ ŋudzedze ɖe agbagba si nɔviwo dze be woato mɔnu sia dzi akpe ɖe ameha siwo gbɔgbɔmedɔ le wuwum la ŋua? Kura o. Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo ƒo nu tsi tre ɖe “Fotoɖeɖefia” la ŋu, eye wo dometɔ aɖewo to ayemɔwo dzi xe mɔ na amewo be woagakpɔe o, alo wowɔ esia gaglãa gɔ̃ hã. Le teƒe aɖe la, nunɔlawo ƒe habɔbɔ aɖe na wotsi akaɖi le nutoa me.

Nɔvinyɔnu siwo naa zikpui vavalawo ma agbalẽvi siwo me “Fotoɖeɖefia” ƒe nutatawo le la miliɔn geɖe femaxee

Woma akɔtadzesi aɖe si dzi ɖevi Yesu ƒe nɔnɔmetata le la na vavalawo. Esia ɖoa ŋku edzi na amewo be woanye “ŋutifafaviwo”

Togbɔ be wowɔ esiawo katã hã la, nukpɔlawo yɔa sinimaɖeƒewo tititi be yewoakpɔ “Fotoɖeɖefia” la femaxee. Le Amerika la, woɖea “Fotoɖeɖefia” la le dugã 80 sɔŋ me gbe sia gbe. Ewɔa nuku na nukpɔla geɖewo be yewole amewo ƒe nuƒowo sem le sinima la me! Woto foto siwo woɖe kabakaba tsiã ɖe enu dzi na amewo kpɔ ale si koklozi ƒona, tso esime koklovia tɔ adɔ azia va se ɖe esime wòdo go, eye wokpɔ ale si seƒoƒo kena vivivi hã. Ðeɖefia siwo ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu la gana amewo kpɔ ale si Yehowa ƒe nunya gogloe la geɖe wu. Abe ale si míegblɔe le gɔmedzedzea ene la, esi nukpɔla aɖe kpɔ Nɔviŋutsu Russell le sinimaa me wòle “Fotoɖeɖefia” la ƒe ŋgɔdonyawo gblɔm la, egblɔ be “esia ya, eɖi Nɔviŋutsu Russell wu ale si wòle ne èkpɔe ŋkume-kple-ŋkume!”

ŊGƆYIYI ÐEDZESI AÐE LE BIBLIA FIAFIA ME

January 11, 1914, dzie woɖe “Fotoɖeɖefia” la amewo kpɔ zi gbãtɔ, le New York City sinimaɖeƒe dzeani sia, si nye Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo tɔ ɣemaɣi

Agbalẽŋlɔla kple sinima ŋutinyaŋlɔla Tim Dirks ɖɔ “Fotoɖeɖefia” la be enye “sinima vevi gbãtɔ si me wozã nuƒo (si wolé ɖe mɔ̃ dzi), film siwo me nuwo ʋãna le, kple foto siwo le amedede me la siaa le.” Sinima siwo amewo wɔ do ŋgɔ na “Fotoɖeɖefia” la zã mɔnu siawo dometɔ aɖewo, gake ɖeke mezã wo katã le sinima ɖeka, vevietɔ esi ku ɖe Biblia me nyawo ŋu, me o. Eye ɖeke ƒe nukpɔlawo mede “Fotoɖeɖefia” la tɔ nu o. Ame abe miliɔn asieke ene ye kpɔe le Dziehe Amerika, Europa, Australia kple New Zealand le ewɔwɔ ƒe ƒe gbãtɔ ko me!

January 11, 1914, dzie woɖe “Fotoɖeɖefia” la amewo kpɔ zi gbãtɔ le New York City. Ɣleti adre megbe la, afɔku gã si wova yɔ emegbe be Xexemeʋa I dzɔ. Ke hã, ame gbogbowo ƒoa ƒu le xexea ƒe akpa vovovowo hekpɔa “Fotoɖeɖefia” la, eye yayra siwo Fiaɖuƒea ahe vɛ kpuie siwo woɖe fia nyuie le eme la kpɔkpɔ fa akɔ na wo ale gbegbe. Le nu siwo katã woto vɛ le ƒe 1914 me dome la, “Fotoɖeɖefia” la nye sinima ɖedzesi aɖe vavã.

Wowɔ “Fotoɖeɖefia” la ɖekaɖeka 20 eye nɔviwo ƒe ƒuƒoƒo vovovowo zã wo le Dziehe Amerika katã