Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  February 2014

Kafu Kristo, Fia Si Wodo Ŋutikɔkɔe Na!

Kafu Kristo, Fia Si Wodo Ŋutikɔkɔe Na!

‘Nɔ wò atsyɔ̃ɖoɖo me, nàho ayi aɖaɖu dzi.’PS. 45:5.

1, 2. Nu ka tae wòle be míatsɔ ɖe le Psalmo 45 lia me nyawo me?

FIA si wodo ŋutikɔkɔe na ho be yeaɖaʋli nyateƒe kple ɖokuibɔbɔ kpakple dzɔdzɔenyenye ta, eye be yeaɖu yeƒe futɔwo dzi. Esi wòɖu wo dzi keŋkeŋ vɔ la, eɖe ŋugbetɔ dzetugbe aɖe. Woaɖo ŋku fia sia ƒe ŋkɔ dzi ahakafui tso dzidzime yi dzidzime. Esiawo ŋue Psalmo 45 lia ku ɖo.

2 Gake Psalmo 45 lia me nyawo menye ŋutinya aɖe si wu enu kple dzidzɔ dzro ko o. Ke boŋ gɔmesese vevi aɖe le nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu tsoe la ŋu na mí. Wokpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbe dzi fifia kple etsɔme siaa. Eya ta mina míalé to ɖe nufiame siwo le psalmo sia me ŋu nyuie esi míele eme dzrom.

“NYA NYUIWO LE FIEFIẼM LE NYE DZI ME WLƆWLƆWLƆ”

3, 4. (a) Nu kae nye ‘nya nyui’ si ŋu hakpalaa ƒo nu tsoe, eye aleke wòkpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe dzi dzi? (b) Mɔ ka nue míaƒe “hawo nye fia la tɔ” le, eye aleke míaƒe aɖe va le abe nuŋlɔti ene?

3 Mixlẽ Psalmo 45:2. ‘Nya nyui’ siwo “le fiefiẽm” le hakpalaa ƒe “dzi me wlɔwlɔwlɔ” la, ku ɖe fia aɖe ŋu. Nya nyui sia ʋã hakpalaa ƒe dzi eye dzo ɖo eme ale gbegbe be eƒe aɖe va le abe “ame si bi ɖe nuŋɔŋlɔ me la, ƒe nuŋlɔti” ene.

 4 Nenema kee míawo hã Mesia Fiaɖuƒe ŋuti nya la nye nya nyui si ʋãa dzi na mí. Fiaɖuƒegbedeasia va ‘nyo’ ɖe edzi vevietɔ tso ƒe 1914 me. Elabena tso ɣemaɣi la, gbedeasia megaku ɖe Fiaɖuƒe si ava le etsɔme ŋu o, ke boŋ eva ku ɖe dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si le dzi ɖum le dziƒo fifia ŋu. Esiae nye “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” si míele gbeƒã ɖem “le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã.” (Mat. 24:14) Ðe Fiaɖuƒegbedeasia “le fiefiẽm” le dzi me na mí wlɔwlɔwlɔa? Ðe míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia dzonɔamemetɔea? Abe hakpalaa ene la, míaƒe “hawo nye fia la tɔ”—míaƒe Fia Yesu Kristo. Míeɖea gbeƒãe be woɖoe zi dzi le dziƒo wòzu Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia. Azɔ hã, míekpea amewo katã—xexe sia ƒe dziɖulawo kple wo teviwo siaa—be woabɔbɔ ɖe Kristo ƒe dziɖuɖu te. (Ps. 2:1, 2, 4-12) Eye míaƒe aɖe va le abe “ame si bi ɖe nuŋɔŋlɔ me la, ƒe nuŋlɔti” ene le mɔ sia nu be míezãa Mawu ƒe Nya si woŋlɔ la le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me.

Míeɖea gbeƒã míaƒe Fia Yesu Kristo ŋu nya nyuia kple dzidzɔ

‘AMENUVEVE LE NUYI DZI NA FIA LA’

5. (a) Mɔ ka nue Yesu ‘dze ɖeka’ le? (b) Aleke ‘nya vivi wɔdɔɖeamedziwo’ nɔ nuyi dzi na Fia la, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋua?

5 Mixlẽ Psalmo 45:3. Ŋɔŋlɔawo meƒo nu boo tso Yesu ƒe dzedzeme ŋu o. Gake esi wòde blibo ta la, anya ‘dze ɖeka’ ŋutɔ. Ke hã nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple fɔmaɖimaɖi me léle ɖe asi koŋ gbɔe eƒe ɖekadzedze ŋutɔŋutɔa tso. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu zã ‘nya vivi wɔdɔɖeamedziwo’ le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒenya la me. (Luka 4:22; Yoh. 7:46) Míawo hã míewɔa mía tɔ sinua be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu le gbeƒãɖeɖedɔa me esi míedzea agbagba be míazã nya siwo ade dzi gbɔ na amewo.Kol. 4:6.

6. Aleke Mawu yra Yesu “tegbee”?

6 Esi Yesu wɔ nuteƒe helɔ̃ Fofoa vevie ta la, Yehowa yrae esi wònɔ subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi eye wòɖo eteƒe nɛ le eƒe vɔsakua megbe. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Esi [Yesu kpɔ] eɖokui le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, eye eɖo to yi ɖase keke ku me ke, ɛ̃, yi ɖase ku me ke le fuwɔameti ŋu. Susu sia tututu hã tae Mawu doe ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la nɛ, bene ame siwo le dziƒo kple ame siwo le anyigba dzi kpakple ame siwo le anyigba te la nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ me, eye aɖe sia aɖe naʋu eme be Yesu Kristoe nye Aƒetɔ la, hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu.” (Flp. 2:8-11) Yehowa yra Yesu “tegbee” esi wòfɔe ɖe tsitre yi makumakugbenɔnɔ me.Rom. 6:9.

WODO FIA LA ÐE DZI WÒƑO ‘EHATIWO’ TA

7. Mɔ kawo nue Mawu si ami na Yesu wòƒo ‘ehatiwo’ ta le?

7 Mixlẽ Psalmo 45:7, 8. Esi Yesu lɔ̃a dzɔdzɔenyenye eye wòléa fu nu sia nu si doa vlo Fofoa ƒe ŋkɔ ta la, Yehowa si ami nɛ wòzu Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia. Wosi “dzidzɔmi na” Yesu wòƒo ‘ehatiwo’ ta, si fia be eƒo Yuda-fia siwo tso David ƒe fiaƒomea me la ta. Le mɔ kawo nu? Gbã la, Yehowa  ŋutɔe si ami na Yesu tẽe. Evelia, Yehowa si ami nɛ wòzu Fia kple Nunɔlagã siaa. (Ps. 2:2; Heb. 5:5, 6) Etɔ̃lia, menye ami ŋutɔŋutɔe wosi na Yesu o, ke boŋ gbɔgbɔ kɔkɔe wotsɔ si ami nɛ. Eye mlɔeba la, eƒe dziɖuɖua mele anyigba dzi o ke boŋ dziƒoe wòle.

8. Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Yesu ƒe fiaɖuɖua le se nu? Eye nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be aɖu dzi le dzɔdzɔenyenye me?

8 Yehowa ɖo Via wòzu Mesia Fia le dziƒo le ƒe 1914 me. Eƒe “fiaɖuƒe ƒe fiatikplɔ enye fiatikplɔ dzɔdzɔe,” eya ta míate ŋu aka ɖe edzi be aɖu dzi le ameŋkumemakpɔmakpɔ kple dzɔdzɔenyenye me. Edze aɖu dzi elabena Mawue nye eƒe fiazikpui, si fia be Yehowae ɖoe Fia. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu ƒe fiazikpuia anɔ anyi “ɖaa tegbee.” Ðe menye dada na wò ŋutɔ be nèle Yehowa subɔm le Fia kalẽtɔ sia si Mawu ɖo la ƒe dziɖuɖu te oa?

FIA LA ‘TA EƑE YI’

9, 10. (a) Ɣekaɣie Kristo ta eƒe yi, eye aleke wòzã yia enumake? (b) Aleke Kristo azã eƒe yia le etsɔme?

9 Mixlẽ Psalmo 45:4. Yehowa gblɔ na eƒe Fia la be ‘wòata eƒe yi,’ eye eto esia dzi na ŋusẽ Yesu be wòawɔ aʋa kple ame siwo katã tsia tre ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye ŋu eye wòatsrɔ̃ wo. (Ps. 110:2) Esi Kristo nye Aʋafia si dzi womate ŋu aɖu gbeɖe o ta la, woyɔe be, “kalẽtɔ.” Eta eƒe yi la le ƒe 1914 me eye wòɖu Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzi hetsɔ wo ƒu gbe tso dziƒo ɖo ɖe anyigba nutowo me.Nyaɖ. 12:7-9.

10 Esiae nye Fia aʋadziɖula sia ƒe sɔdodoa ƒe gɔmedzedze ko. Ehiã be ‘wòawu eƒe aʋadziɖuɖua nu.’ (Nyaɖ. 6:2) Yehowa ɖoe be woatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia ƒe akpa sia akpa, eye woaɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa keŋkeŋ. Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔwo katã ƒe ƒuƒoƒo lae woatsrɔ̃ gbã. Yehowa ɖo tame be yeazã dunyahedziɖulawo atsɔ atsrɔ̃ “gbolo” vɔ̃ɖi sia. (Nyaɖ. 17:16, 17) Eyome Fia Aʋakalẽtɔ la atsrɔ̃ Satana ƒe xexea me dziɖuɖuwo katã. Emegbe Kristo, si wogayɔ be “mawudɔla si le aʋli la nu” awu eƒe aʋadziɖuɖua nu ne etsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe aʋli me. (Nyaɖ. 9:1, 11; 20:1-3) Mina míakpɔ ale si Psalmo 45 lia gblɔ nudzɔdzɔ siawo ŋu nya ɖii ɖa.

FIA LA ‘HO LE NYATEƑE LA TA’

11. Aleke Kristo ‘ho le nyateƒenya la ta’?

11 Mixlẽ Psalmo 45:5. Menye ɖe Fia Aʋakalẽtɔ la ho kple susu be yeaxɔ anyigbawo ahawɔ dukɔwo kluviwoe o. Susu nyuiwo tae wòho be yeawɔ aʋa dzɔdzɔe ɖo. ‘Eho yi le nyateƒenya la kple nya dzɔdzɔe’ kpakple “ɖokuibɔbɔ ta.” (NW) Nyateƒenya vevitɔ si ta wòle be Fia la naʋli ye nye esi ku ɖe Yehowa ƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ŋu. Satana tsɔ nya ɖe Yehowa ƒe dzedze be wòaɖu dzi ŋu esi wòdze aglã ɖe Eyama ŋu. Tso ɣemaɣi la, gbɔgbɔ vɔ̃wo kple amegbetɔwo tsɔ nya ɖe nyateƒenya vevi sia ŋu. Fifia ɣeyiɣia de be Fia si Yehowa si ami na la naho ayi aɖaʋli nyateƒe si wònye be Yehowa ɖeka koe dze aɖu dzi ta zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu.

12. Mɔ ka nue Fia la ho le ɖokuibɔbɔ ta le?

12 Fia la ho le ɖokuibɔbɔ ta hã. Yesu, si nye Mawu ƒe Tenuvi la, ɖo ɖokuibɔbɔ ɖe Fofoa ƒe dziɖuŋusẽ te kple toɖoɖoe bliboe ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖe ɖi. (Yes. 50:4, 5; Yoh. 5:19) Ele be Fia la tevi wɔnuteƒewo katã nasrɔ̃ eƒe  kpɔɖeŋua eye woabɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Yehowa ƒe dziɖuŋusẽ te le nuwo katã me. Ame siwo wɔa esia koe woaɖe mɔ na be woanɔ agbe le xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me.Zak. 14:16, 17.

13. Aleke Kristo ‘ho le nya dzɔdzɔe ta’?

13 Wogblɔ hã be Kristo ho ‘le nya dzɔdzɔe ta.’ Nya dzɔdzɔe si ta ʋlim Fia la lee nye “Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye,” alo Yehowa ƒe dzidzenu le nyui kple vɔ̃ ŋu. (Rom. 3:21; 5 Mose 32:4) Yesaya gblɔ ɖi le Fia Yesu Kristo ŋu be: “Fia aɖu fia ɖe dzɔdzɔenyenye nu.” (Yes. 32:1) Yesu ƒe dziɖuɖu ahe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” “siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ” si ŋugbe wodo la vɛ. (2 Pet. 3:13) Wobia tso ame siwo katã anɔ xexe yeye ma me si be woawɔ ɖe Yehowa ƒe se kple ɖoɖo dzɔdzɔeawo dzi.Yes. 11:1-5.

FIA LA WƆ “NU DZIŊƆWO”

14. Aleke Kristo ƒe nuɖusi awɔ “nu dziŋɔwo”? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

14 Fia la ta eƒe yi hafi ho. (Ps. 45:4) Gake ɣeyiɣia de azɔ be wòaɖe yia kple eƒe nuɖusi ahazãe. Hakpalaa gblɔ ɖi be: “Wò nuɖusi afia nu dziŋɔwo wɔwɔ wò!” (Ps. 45:5) Ne Yehowa ɖe gbe na Yesu Kristo be wòaho aɖatsrɔ̃ Satana ƒe xexea le Harmagedon me la, awɔ “nu dziŋɔwo” ɖe eƒe futɔwo ŋu. Míenya nu siwo tututu wòatsɔ atsrɔ̃ Satana ƒe xexea o. Gake nu ka kee wòɖazã o, vɔvɔ̃ alé anyigbadzitɔ siwo gbe nuxlɔ̃ame si wona wo be woabɔbɔ ɖe Fia la ƒe dziɖuɖu te la dzi wɔwɔ, eye woadzo nyanyanya. (Mixlẽ Psalmo 2:11, 12.) Le nya siwo Yesu gblɔ ɖi ku ɖe nuwuɣia ŋu me la, egblɔ be, “amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna anyigba dzi la ta; elabena woaʋuʋu dziƒowo ƒe ŋusẽwo.” Egblɔ kpee be: “Eye ekema woakpɔ Amegbetɔvi la le alilikpo me gbɔna kple ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã.”Luka 21:26, 27.

15, 16. Ame kawoe nye “aʋakɔ” siwo akplɔ Kristo ɖo yi aʋa?

15 Esi Nyaɖeɖefia-gbalẽa nɔ Fia la ƒe vava le “ŋusẽ kpakple ŋutikɔkɔe gã” me ɖɔm la, egblɔ be: “Eye mekpɔ dziƒo wònɔ ʋuʋu, eye kpɔ ɖa, sɔ ɣi aɖe! Eye woyɔ ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi la be Nyateƒetɔ kple Anukwareɖila, eye wòdrɔ̃a ʋɔnu hewɔa aʋa le dzɔdzɔenyenye me. Eye aʋakɔ siwo le dziƒo la nɔ sɔ ɣiwo dzi dze eyome, eye wodo [aklalawu] ɣi nyui dzadzɛwo. Eye yi ɖaɖɛ legbe aɖe do tso eƒe nu me, bene wòatsɔe adza dukɔwo, eye wòatsɔ gatikplɔ akplɔ wo. Efanyaa nu si le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe dɔmedzoedziku ƒe wainfiãnu la me hã.”Nyaɖ. 19:11, 14, 15.

16 Ame kawoe nye ‘dziƒoʋakɔ’ siwo akplɔ Kristo ɖo yi aʋa la? Yesu ‘ƒe dɔlawoe’ nɔ eŋu esi wòta eƒe yi zi gbãtɔ henya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tso dziƒo. (Nyaɖ. 12:7-9) Eya ta susu le eme be míaƒo nya ta be, mawudɔla kɔkɔewo akpe ɖe Kristo ŋu le Harmagedon-ʋa la wɔwɔ me. Ke ɖe ame bubuwo hã anɔ eƒe aʋakɔa mea? Yesu do ŋugbe na nɔvia amesiaminawo be: “Ame si ɖu dzi, eye wòlé nye dɔwɔwɔwo me ɖe asi va se ɖe nuwuwu la, mana ŋusẽe ɖe dukɔwo dzi, eye wòatsɔ gatikplɔ akplɔ ameawo, bene woagbã wo gudugudu abe anyinuwo ene, abe ale si mexɔ tso Fofonye gbɔ ene.” (Nyaɖ. 2:26, 27) Eya ta Kristo nɔvi amesiaminawo, siwo kaka ɣemaɣi naɖo la, woxɔ woƒe dziƒofetua, hã anɔ eƒe dziƒoʋakɔ la me. Kristo ƒe hatidziɖulawo  anɔ eŋu esime wòle “nu dziŋɔwo” wɔm hetsɔ gatikplɔ le dukɔwo gbãm nyanyanya.

FIA LA WU EƑE AƲADZIÐUÐU NU

17. (a) Nu kae sɔ ɣi si dom Kristo le la tsi tre ɖi na? (b) Nu kae yi la kple dati la tsi tre ɖi na?

17 Mixlẽ Psalmo 45:6. Fia la le sɔ ɣi dom, eye esia tsi tre ɖi na aʋa si le dzadzɛ hele dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume. (Nyaɖ. 6:2; 19:11) Hekpe ɖe yia ŋu la, dati hã le fia la si. Biblia gblɔ be: “Mekpɔ, eye kpɔ ɖa, sɔ ɣi aɖe! Eye dati nɔ ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe edzi la si; eye wotsɔ fiakuku . . . nɛ, eye wòdo go yi ɖale aʋa dzi ɖum, bene yeawu yeƒe aʋadziɖuɖu la nu.” Yi la kple dati la siaa tsi tre ɖi na nu siwo Kristo azã atsɔ atsrɔ̃ eƒe futɔwo.

Woakpe xeviwo be woava ɖu ame kukuwo ƒe lã le anyigba dzi (Kpɔ memama 18)

18. Ne Kristo zã eƒe “aŋutrɔ ɖaɖɛwo” la, nu kae ado tso eme?

18 Hakpalaa gblɔ be, Fia la ƒe ‘aŋutrɔ la ɖa, eye wòƒo ɖe fia ƒe futɔwo ƒe dzi me,’ hena ‘dukɔwo dze anyi ɖe ete.’ Tsɔtsrɔ̃a aɖo anyigba ƒe akpa sia akpa. Yeremiya gblɔ ɖi be: “Yehowa ƒe ame siwo wòwu le ŋkeke ma me la, woanɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖase ɖe anyigba ƒe mlɔenu.” (Yer. 25:33) Nyagblɔɖi bubu si hã ku ɖe nudzɔdzɔ sia ke ŋuti la gblɔ be: “Mekpɔ mawudɔla aɖe hã wònɔ tsitre ɖe ɣe me, eye wòtsɔ gbe gã aɖe do ɣli ɖo ɖe xe siwo katã dzona le dziƒo titina la be: ‘Miva afii, miva ƒo ƒu ɖe Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu gã la ŋu, bene miaɖu fiawo ƒe lã kple aʋafiagãwo ƒe lã kple ame sesẽwo ƒe lã kple sɔwo ƒe lã kple ame siwo bɔbɔ nɔ wo dzi la tɔ, kple amewo katã ƒe lã, ablɔɖemewo kpakple kluviwo kple ame tsɛwo kpakple ame ŋkutawo tɔ.’”Nyaɖ. 19:17, 18.

19. Aleke Kristo aho aɖaɖu dzi eye wòawu eƒe aʋadziɖuɖua nu?

19 Ne Kristo tsrɔ̃ Satana ƒe xexe vɔ̃ɖia vɔ la, ‘anɔ atsyɔ̃ɖoɖo me’ ayi aɖaɖu dzi. (Ps. 45:5) Awu eƒe aʋadziɖuɖua nu ne etsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒu gbe ɖe aʋli me le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu bliboa katã me. (Nyaɖ. 20:2, 3) Ne Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo le dɔmawɔmawɔ ƒe nɔnɔme sia si sɔ kple ku me la, anyigbadzitɔwo avo tso Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me keŋkeŋ eye woate ŋu azu woƒe Fia aʋadziɖula si wodo ŋutikɔkɔe na la teviwo bliboe. Hafi woakpɔ eteƒe anyigba la nazu paradiso vivivi la, nu bubu aɖe ana woakpɔ dzidzɔ kple Fia la kple eƒe ŋugbetɔ la. Míadzro nudzɔdzɔ dodzidzɔname ma me le nyati si kplɔe ɖo me.