Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  July 2013

Wonyi Ame Geɖewo To Ame Ʋɛwo Dzi

Wonyi Ame Geɖewo To Ame Ʋɛwo Dzi

“Esi [Yesu ŋe] aboloawo me vɔ la, ema wo na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo hã ma wo na amehaawo.”MAT. 14:19.

1-3. Ƒo nu tso ale si Yesu nyi ameha gã aɖe le Betsaida nutowo me ŋu. (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyatia ƒe gɔmedzedze.)

KPƆ nudzɔdzɔa ɖa le susu me. (Xlẽ Mateo 14:14-21.) Do ŋgɔ teti na ƒe 32 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu ye esia dzɔ. Ameha siwo dome ŋutsu siwo ade 5,000 le, hekpe ɖe nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋu la, dze Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yome yi teƒe tsoabo aɖe si gogo Betsaida, si nye kɔƒedu aɖe si le Galilea-ƒua ƒe dziehe ƒuta.

2 Esi Yesu kpɔ amehaa la, woƒe nu wɔ nublanui nɛ eye wòda gbe le woƒe dɔnɔwo ŋu hefia nu geɖe wo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Esi fiẽsi ɖo la, nusrɔ̃lawo gblɔ na Yesu be wòaɖe asi le ameawo ŋu woayi kɔƒe siwo te ɖe afi ma ŋu me aɖaƒle nuɖuɖu na wo ɖokuiwo. Gake Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mia ŋutɔwo mina nu wo woaɖu.” Eƒe nyawo anya wɔ moya na wo, elabena nuɖuɖu si le wo si le sue ŋutɔ—abolo atɔ̃ kple tɔmelã sue eve koe.

3 Esi Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe ameawo ŋu ta la, ewɔ nukunu aɖe—le nukunu sia gome la, Nyanyuigbalẽ ŋlɔla eneawo katã ƒo nu tso eŋu. (Marko 6:35-44; Luka 9:10-17; Yoh. 6:1-13) Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ na amehaa be woanɔ anyi ɖe gbeawo dzi hatsotso hatsotso, ɖewo 50, ɖewo 100. Esi wòdo gbe ɖa vɔ la, eŋe aboloawo kple tɔmelãwo me. Eyome le esi Yesu ŋutɔ nama nuɖuɖua na ameawo tẽe teƒe la, ema wo na “eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo hã ma wo na amehaawo.” Nukutɔe la, nuɖuɖua su ame sia ame eye ɖe gatsi anyi! Bu eŋu kpɔ ko: Yesu nyi ame akpe geɖewo to ame ʋɛwo dzi—si nye eƒe nusrɔ̃lawo. *

4. (a) Nuɖuɖu ka tɔgbi nana ŋue Yesu tsi dzi ɖo vevie wu, eye nu ka tae? (b) Nu ka mee míadzro le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me?

4 Nu si ŋu Yesu tsi dzi ɖo vevie wue nye gbɔgbɔmenuɖuɖu nana eyomedzelawo. Enyae be gbɔgbɔmenuɖuɖu, si nye nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nya la me,  kplɔa ame yia agbe mavɔ me. (Yoh. 6:26, 27; 17:3) Dɔmetɔtrɔ si ʋã Yesu wòtsɔ abolo kple tɔmelã nyi amehawo la kee ʋãe wòzã gaƒoƒo geɖe tsɔ fia nu eyomedzelawo. (Marko 6:34) Gake enɔ susu me nɛ hã be eteƒe madidi o, yeadzo le anyigba dzi atrɔ ayi dziƒo. (Mat. 16:21; Yoh. 14:12) Aleke Yesu ayi edzi anyi eyomedzelawo le anyigba dzi ne eyi dziƒo? Mɔnu sia dzi kee wòato—anyi ame geɖewo to ame ʋɛwo dzi. Gake ame kawoe anye ame ʋɛ siawo? Mina míakpɔ ale si Yesu zã ame ʋɛ aɖewo tsɔ nyi eyomedzela amesiamina geɖe siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖa. Eyome le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nyabiase vevi si ka mía dometɔ ɖe sia ɖe la me: Aleke míawɔ akpɔ ame ʋɛ siwo dzi Kristo to le mía nyim egbea la adze sii?

Wonyi ame akpe geɖewo to ame ʋɛwo dzi (Kpɔ memama 4)

YESU TIA AME ƲƐAWO

5, 6. (a) Nyametsotso vevi kae Yesu wɔ be eƒe nusrɔ̃lawo nayi edzi akpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo le eƒe ku megbe? (b) Aleke Yesu dzra eƒe apostoloawo ɖo be woawɔ akpa vevi aɖe le eƒe ku megbe?

5 Ƒome ƒe ta nyui wɔa ɖoɖo siwo hiã ale be eƒe ƒomea nate ŋu ayi edzi akpɔ woƒe nuhiahiãwo le eƒe ku megbe. Nenema ke Yesu, si ava zu Kristo hamea ƒe Ta la, wɔ ɖoɖowo be yeƒe nusrɔ̃lawo nayi edzi akpɔ woƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo le yeƒe ku megbe. (Ef. 1:22) Le kpɔɖeŋu me, anɔ ƒe eve do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ewɔ nyametsotso vevi aɖe. Etia ame ʋɛ siwo dzi wòato anyi ame geɖewo la dometɔ gbãtɔwo. Mina míakpɔ nu si dzɔ ɖa.

6 Esi Yesu do gbe ɖa zã bliboa katã vɔ la, etia apostolo 12 tso eƒe nusrɔ̃lawo dome. (Luka 6:12-16) Le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, enɔ ŋutsu 12 siawo ŋu kplikplikpli eye wòfia nu wo to nya kple kpɔɖeŋuwo dzi. Enyae be nu geɖe li wòle be woasrɔ̃; le nyateƒe me la, esia tae woyi edzi yɔ wo be ‘nusrɔ̃lawo’ ɖo. (Mat. 11:1; 20:17) Eɖo aɖaŋu na wo ku ɖe woawo ŋutɔwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖewo koŋ ŋu, eye wòna hehe geɖe wo le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mat. 10:1-42; 20:20-23; Luka 8:1; 9:52-55) Edze ƒãa be enɔ wo dzram ɖo be woawɔ akpa vevi aɖe le eƒe ku kple dziƒoyiyi megbe.

7. Aleke Yesu na míenya nu si koŋ ŋu apostoloawo atsi dzi ɖo?

7 Akpa kae apostoloawo awɔ? Esi ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste la nɔ ɖoɖom la, eva dze ƒãa be apostoloawo awɔ “dzikpɔkpɔdɔ.” (Dɔw. 1:20) Gake nu ka ŋue woatsi dzi ɖo wu? Míekpɔ esia le dze si Yesu ɖo kple apostolo Petro le eƒe tsitretsitsi megbe la me. (Mixlẽ Yohanes 21:1, 2, 15-17.) Yesu gblɔ na Petro le apostolo bubu aɖewo ŋkume be: “Nyi nye alẽ sueawo.” Yesu to ema dzi ɖee fia be yeƒe apostolowo anɔ ame ʋɛ siwo dzi yeato ana gbɔgbɔmenuɖuɖu ame geɖewo la dome. Aleke gbegbe nya siawo ɖe ale si Yesu lɔ̃a eƒe “alẽ sueawo” la fiae nye esi! *

ALE SI WONYI AME GEÐEWO TSO PENTEKOSTE DZI

8. Le Pentekoste-ŋkekea dzi la, aleke xɔsetɔ yeyeawo ɖee fia be yewokpɔ ame siwo zãm Kristo nɔ la dze sii kɔtɛ?

8 Tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la, apostoloawo dzie Kristo si wofɔ ɖe tsitre la to na gbɔgbɔmenuɖuɖu eƒe nusrɔ̃la amesiamina bubuawo. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 2:41, 42.) Yudatɔwo kple ame siwo trɔ dzi me zu Yudatɔwo, siwo va zu Kristotɔ amesiaminawo gbe ma gbe la, kpɔ ame siwo zãm Kristo nɔ la dze sii kɔtɛ. Womehe ɖe megbe kura o, “woyi edzi lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie.” Le agbalẽnyala aɖe ƒe nya nu la, Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be “woyi edzi lé fɔ ɖe . . . ŋu” la fia “nuwɔna aɖe me léle ɖe asi sesĩe nuteƒewɔwɔtɔe kple susu katã tsɔtsɔ ɖo eŋu.” Xɔsetɔ yeyeawo  di vevie be yewoasrɔ̃ Mawu ƒe Nya la me nyateƒea, eye wonya ame siwo tututu gbɔ woakpɔe le. Wokpɔ apostoloawo si nu nuteƒewɔwɔtɔe be woaɖe Yesu ƒe nyawo kple nuwɔnawo kpakple ŋɔŋlɔ siwo ku ɖe eŋuti la me na yewo. *Dɔw. 2:22-36.

9. Aleke apostoloawo tsɔ agba si le wo dzi be woanyi Yesu ƒe alẽawo la nu vevii?

9 Apostoloawo tsɔ agba si le wo dzi be woanyi Yesu ƒe alẽawo la nu vevii. Esia ƒe kpɔɖeŋue nye ale si wokpɔ nya sesẽ aɖe si fɔ ɖe te si ate ŋu ade mama hame yeye si woɖo me la gbɔe. Nukutɔe la, nya si fɔ ɖe te la ku ɖe ŋutilãmenuɖuɖu ŋu. Wonɔ ahosi Helagbedolawo gblẽm ɖi le gbe sia gbe nuɖuɖu mama me, gake wonɔ nuɖuɖu nam ahosi Hebrigbedolawo ya. Aleke apostoloawo kpɔ nya sesẽ ma gbɔe? “Ame wuieveawo” tia nɔviŋutsu adre siwo dze be woakpɔ nuɖuɖumama ƒe “dɔ vevi” la dzi. Ðikeke mele eme o be apostoloawo dometɔ akpa gãtɔ kpɔ gome le nuɖuɖumama na ameha siwo Yesu nyi nukutɔe la me. Gake wokpɔe be nu si hiã vevie wu fifiae nye be yewoatsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖunana aɖo nɔƒe vevitɔ. Eya ta wolé fɔ ɖe “nya la ƒe subɔsubɔdɔ” ŋu.—Dɔw. 6:1-6.

10. Aleke Kristo zã apostoloawo kple hamemetsitsi siwo nɔ Yerusalem lae?

10 Kaka ƒe 49 M.Ŋ. naɖo la, woɖo hamemetsitsi bubu siwo dze la be woakpe ɖe apostoloawo dometɔ siwo kpɔtɔ nɔ agbe la ŋu. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 15:1, 2.) ‘Apostoloawo kple hamemetsitsi’ siawo siwo nɔ Yerusalem lae nye dɔdzikpɔha ɣemaɣi. Kristo, si nye hamea ƒe Ta, zã ŋutsu siwo dze ƒe ƒuƒoƒo sue sia be woakpɔ nya siwo fɔ ɖe te ku ɖe Kristotɔwo ƒe dzixɔsewo ŋu la gbɔ, eye woakpɔ gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒenyanyuia kple nufiafiadɔa dzi ahana eŋuti mɔfiamewo.—Dɔw. 15:6-29; 21:17-19; Kol. 1:18.

11, 12. (a) Nu kae ɖee fia be Yehowa yra ɖe mɔnu si dzi Via to nɔ hameawo nyim le ƒe alafa gbãtɔ me la dzi? (b) Aleke amewo wɔ nya ame siwo dzi Kristo to nɔ hameawo nyim le gbɔgbɔ me?

11 Ðe Yehowa yra ɖe mɔnu si dzi Via to nɔ hameawo nyim le ƒe alafa gbãtɔ me la dzia? Ðikeke mele eme o be eyra ɖe edzi! Aleke míewɔ nya? Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ka nya ta be: “Esi [apostolo Paulo kple eƒe mɔzɔhatiwo nɔ] duawo me tom la, wotsɔa nyametsotso siwo apostoloawo kple hamemetsitsi siwo le Yerusalem wɔ la ŋuti ɖoɖoawo naa wo, be woalé wo me ɖe asi. Ale, le nyateƒe  me la, hameawo yi edzi sẽ ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi tso ŋkeke yi ŋkeke.” (Dɔw. 16:4, 5) De dzesii be nuwo dze edzi na hameawo esi wowɔ nu aduadu kple dɔdzikpɔha si nɔ Yerusalem. Ðe esia meɖo kpe edzi be Yehowa yra ɖe mɔnu si dzi Via to nɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam hameawo la dzi oa? Mina míaɖo ŋku edzi be Yehowa ƒe yayra koe hea gbɔgbɔmenudzedziname vanɛ.—Lod. 10:22; 1 Kor. 3:6, 7.

12 Va se ɖe fifia la, míeva kpɔe be Yesu zã mɔnu aɖe koŋ le eyomedzelawo nyinyi me: Eyae nye be enyi ame geɖewo to ame ʋɛwo dzi. Ɣemaɣi la, ame siwo dzi wòto nyi amewo le gbɔgbɔ me la dze ƒãa. Apostoloawo, siwo nye dɔdzikpɔha la me tɔ gbãtɔwo, nɔ nu siwo ɖee fia kɔtɛ be Mawu nɔ megbe na wo la wɔm. Dɔwɔwɔwo 5:12 gblɔ be: “Dzesi kple nukunu geɖewo nɔ eme vam le dukɔ la dome to apostoloawo ƒe asi dzi.” * Eya ta susu aɖeke meli si tae ame siwo va zu Kristotɔwo nabia be, ‘Ame kawo tututu dzi tom Kristo le le eƒe alẽawo nyim?’ mahã o. Gake kaka ƒe alafa gbãtɔ nawu enu la, nuwo trɔ kura.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame siwo dzi Yesu to nɔ hameawo nyim la dze kɔtɛ (Kpɔ memama 12)

ƔEYIƔI SI ME GBE WUWLUIAWO SƆ GBƆ WU LUAWO

13, 14. (a) Tsitretsiɖeŋu ka ŋue Yesu xlɔ̃ nu tsoe, eye ɣekaɣie eƒe nyawo te emevava? (b) Teƒe eve kawoe tsitretsiɖeŋua atso ava? (Kpɔ dzesidenyaa.)

13 Yesu gblɔe ɖi be Kristo hamea ado go tsitretsiɖeŋu. Ðo ŋku edzi be le Yesu ƒe nyagblɔɖikpɔɖeŋu si ku ɖe luawo kple gbe wuwluiawo ŋu me la, exlɔ̃ nu be woawu gbe wuwlui (siwo nye alakpa Kristotɔwo) ɖe luawo (siwo nye Kristotɔ amesiaminawo) dome. Egblɔ be woaɖe asi le ƒuƒoƒo evea siaa ŋu woatsi va se ɖe nuŋeɣi, si anye “nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi.” (Mat. 13:24-30, 36-43) Eteƒe medidi hafi Yesu ƒe nyawo te emevava o. *

14 Xɔsegbegbe dze egɔme ɣemaɣi le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dome. Gake Yesu ƒe apostolo wɔnuteƒewo nɔ abe “mɔxenu” ene, si na be aʋatsonufiafiawo megblẽ nu le hamea ŋu o. (2 Tes. 2:3, 6, 7) Ke hã le apostolo mamlɛtɔ ƒe ku megbe teti la, xɔsegbegbe va xɔ anyi nɔ koŋ, eye wònɔ dzidzim ɖe edzi le ƒe alafa geɖe siwo me nukuawo nɔ tsitsim la me. Le ɣeyiɣi mawo me la, gbe wuwluiawo, alo gbe vɔ̃ɖiawo, va sɔ gbɔ evɔ luawo ya nɔ ʋɛe. Ƒuƒoƒo aɖeke menɔ anyi si nɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nam amewo ɖe ɖoɖo nu o. Ke hã nɔnɔmeawo ava trɔ mlɔeba. Gake nyabiaseae nye be, Ɣekaɣie?

NUŊEƔI LA—AME KAE ANYI AMEWO?

15, 16. Nu nyui kawoe do tso Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe Ŋɔŋlɔawo me dzodzro moveviɖoɖotɔe me, eye nyabiase kae fɔ ɖe te?

15 Esi ɣeyiɣi si me nukuawo nɔ tsitsim la gogo eƒe nuwuwu la, ame geɖe va nɔ ɖe tsɔm le Biblia me nyateƒea me vevie. Ðo ŋku edzi be le ƒe 1870-awo me la, nyateƒea dila anukwaretɔwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe wɔ ɖeka heɖo Biblia klasswo. Woɖe wo ɖokui ɖa tso gbe wuwluiawo, siwo nye alakpa Kristotɔ siwo le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo kple woƒe kɔmamawo me la, ŋu. Biblia Nusrɔ̃vi anukwaretɔ siawo tsɔ ɖokuibɔbɔ dzro Ŋɔŋlɔawo me veviedodotɔe, eye womelé woawo ŋutɔwo ƒe susuwo me ɖe asi kpaɖii o.—Mat. 11:25.

16 Nu nyuiwo do tso Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe Ŋɔŋlɔawo me dzodzro moveviɖoɖotɔe alea me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu wɔnuteƒe mawo klo nu le alakpadzixɔsewo ŋu eye wokaka gbɔgbɔmenyateƒea, wota Biblia srɔ̃gbalẽwo hema wo yi didiƒe ke. Ame siwo gbɔgbɔmenyateƒea ƒe dɔ kple tsikɔ nɔ wuwum  la kpɔ dzidzɔ ɖe woƒe agbalẽwo ŋu eye kakaɖedzi su wo si be yewoke ɖe nyateƒea ŋu. Eya ta nyabiase vevi aɖe fɔ ɖe te: Biblia Nusrɔ̃vi siwo nɔ anyi do ŋgɔ na ƒe 1914 lae nye ƒuƒoƒo si Kristo gblɔ ɖi be woanyi yeƒe alẽwoa? Ao. Ɣeyiɣi mawo gakpɔtɔ nye ɣeyiɣi si me nukuawo nɔ tsitsim, eye Kristo kpɔtɔ nɔ asi trɔm le ƒuƒoƒo si dzi wòato ana gbɔgbɔmenuɖuɖu amewo la ŋu. Ɣeyiɣia mede ɣemaɣi be woama alakpa Kristotɔ siwo le abe gbe wuwluiwo ene ɖa tso Kristotɔ vavã siwo nye luawo gbɔ o.

17. Nu vevi kawoe te dzɔdzɔ tso ƒe 1914 me?

17 Abe ale si míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me ene la, nuŋeɣia dze egɔme le ƒe 1914 me. Tso ƒe ma me la, nu ɖedzesi geɖewo te dzɔdzɔ. Woɖo Yesu zi dzi wòzu Fia, eye ŋkeke mamlɛawo dze egɔme. (Nyaɖ. 11:15) Tso ƒe 1914 va ɖo ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze la, Yesu kple Fofoa wova lé ŋku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu hekɔ eŋu. * (Mal. 3:1-4) Eyome tso ƒe 1919 me la, wodze luawo nu ƒoƒoƒu gɔme. Ðe ɣeyiɣia de mlɔeba be Kristo natia ƒuƒoƒo aɖe si ana gbɔgbɔmenuɖuɖu amewoa? Ɛ̃!

18. Ame kae Yesu gblɔ ɖi be yeaɖo, eye nyabiase vevi kae fɔ ɖe tso esime ŋkeke mamlɛawo dze egɔme?

18 Le Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe nuwuɣia ŋu me la, egblɔe ɖi be yeaɖo kluvi aɖe si dzi yeato ana gbɔgbɔ me “nuɖuɖu . . . le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi.” (Mat. 24:45-47) Ame kae anye kluvi ma? Abe ale si Yesu wɔe le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, aganyi ame geɖewo to ame ʋɛwo dzi. Gake tso esime ŋkeke mamlɛawo dze egɔme la, nyabiase vevi si fɔ ɖe tee nye, Ame kawoe anye ame ʋɛ mawo? Nyati si kplɔe ɖo adzro nyabiase sia kple biabia bubu siwo ku ɖe Yesu ƒe nyagblɔɖia ŋu me.

 

^ mm. 3 Memama 3: Ɣebubuɣi la, Yesu nyi ŋutsu 4,000 nukutɔe hekpe ɖe nyɔnuwo kple ɖeviwo ŋu; le esia hã gome la, ema nuɖuɖua “na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nusrɔ̃lawo hã ma wo na amehaawo.”—Mat. 15:32-38.

^ mm. 7 Memama 7: Le Petro ƒe agbenɔɣi la, dziƒomɔkpɔkpɔe nɔ ‘alẽ sue’ siwo wòle be woanyi la katã si.

^ mm. 8 Memama 8: Esi wogblɔ be xɔsetɔ yeyeawo “[yi] edzi lé fɔ ɖe apostoloawo ƒe nufiafiawo ŋu vevie” la, esia ɖee fia be apostoloawo nɔ nu fiam wo edziedzi. Woŋlɔ apostoloawo ƒe nufiafia siawo dometɔ aɖewo ɖe agbalẽ siwo tso gbɔgbɔ me siwo le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me egbea la me.

^ mm. 12 Memama 12: Togbɔ be nusrɔ̃la bubuwo hã xɔ gbɔgbɔa ƒe nukununanawo hã la, edze ƒãa be zi geɖe la, apostolo aɖee daa asi ɖe wo dzi alo nɔa eteƒe hafi woxɔa nunana mawo.—Dɔw. 8:14-18; 10:44, 45.

^ mm. 13 Memama 13: Apostolo Paulo ƒe nya siwo le Dɔwɔwɔwo 20:29, 30 ɖee fia be teƒe evee tsitretsiɖeŋu si ava hamea dzi la atso. Gbã la, alakpa Kristotɔwo (‘gbe wuwluiawo’) “age ɖe” Kristotɔ vavãwo dome. Evelia, “le [Kristotɔ vavãwo] ŋutɔwo dome la” ame aɖewo azu xɔsegbelawo ahanɔ “nya totrowo” gblɔm.

^ mm. 17 Memama 17: Kpɔ nyati si nye, “Kpɔ Ða! Meli Kpli Mi Ŋkekeawo Katã,” le magazine sia ƒe axa 11, memama 6.