Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  July 2013

“Kpɔ Ða! Meli Kpli Mi Ŋkekeawo Katã”

“Kpɔ Ða! Meli Kpli Mi Ŋkekeawo Katã”

“Kpɔ ɖa! Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.”MAT. 28:20.

1. (a) Gblɔ lu kple gbe wuwluiwo ŋuti kpɔɖeŋua kpuie. (b) Aleke Yesu ɖe kpɔɖeŋua mee?

LE Yesu ƒe kpɔɖeŋu siwo ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu dometɔ ɖeka me la, eƒo nu tso agbledela si wu lu ɖe eƒe agble me eye futɔ aɖe va wu gbe wuwlui ɖe luawo me ŋu. Gbe wuwluiawo tsi hexɔ agblea me keŋ, gake agbledela la gblɔ na eƒe kluviwo be woana “woa kple evea siaa natsi va se ɖe nuŋeɣi.” Le nuŋeɣia la, wotɔ dzo gbe vɔ̃ɖiawo alo gbe wuwluiawo, eye woƒo luawo nu ƒu. Yesu ŋutɔ ɖe kpɔɖeŋua me. (Mixlẽ Mateo 13:24-30, 37-43.) Nu kae lododo sia ɖe fia? (Kpɔ aɖaka si nye “Lu Kple Gbe Wuwluiawo.”)

2. (a) Nu kae lu kple gbe wuwluiwo ŋuti kpɔɖeŋu sia me nudzɔdzɔwo ɖe fia? (b) Lododo sia ƒe akpa ka mee míadzro?

2 Kpɔɖeŋu sia me nudzɔdzɔwo ɖe ale si Yesu aƒo lu ƒe ha la me tɔwo—siwo nye Kristotɔ amesiamina siwo aɖu fia kplii le eƒe Fiaɖuƒea me—nu ƒu tso amegbetɔƒomea me kple ɣeyiɣi si wòawɔ esia fia. Nuku nyuiawo wuwu dze egɔme le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi. Woawu nuku nyuiawo nu ƒoƒoƒu nu ne wotre amesiamina mamlɛ siwo le agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu la nu keŋkeŋ eye wokplɔ wo yi dziƒo. (Mat. 24:31; Nyaɖ. 7:1-4) Abe ale si ko ne ame tsi tsitre ɖe to tame wòtea ŋu kpɔa nuto bliboa keŋ ene la, nenemae lododo sia nana míekpɔa nu siwo adzɔ le ƒe 2,000 aɖewo me la keŋ. Ke nudzɔdzɔ siwo do ƒome kple Fiaɖuƒea kawo gɔmee míeva se? Nudzɔdzɔawoe nye: ɣeyiɣi si me wowu nukuawo, ɣeyiɣi si me nukuawo nɔ tsitsim kple ɣeyiɣi si me woŋe nukuawo. Nuŋeɣia koŋ mee míadzro le nyati sia me. *

YESU LI KPLI WO

3. (a) Nu kae dzɔ le ƒe alafa gbãtɔ megbe? (b) Le Mateo 13:28 la, nya kae wobia agbletɔa, eye ame kawoe bia nya la? (Kpɔ dzesidenyaa hã.)

3 Tso ƒe 100 M.Ŋ. megbe la, ‘gbe vɔ̃ɖiawo do’ esi alakpa Kristotɔwo va dze gaglã le xexea me. (Mat. 13:26) Eye tso ƒe 300 M.Ŋ. megbe la, alakpa Kristotɔ  siwo le abe gbe wuwluiwo ene la va sɔ gbɔ boo wu Kristotɔ amesiaminawo. Ðo ŋku edzi be le lododoa me la, kluviawo bia woƒe aƒetɔa be wòaɖe mɔ na yewo yewoayi aɖaho gbe vɔ̃ɖiawo. * (Mat. 13:28) Aleke aƒetɔ la ɖo eŋu na wo?

4. (a) Nu kae Aƒetɔ Yesu ƒe ŋuɖoɖoa ɖe fia? (b) Ɣekaɣie Kristotɔ siwo le abe luwo ene va nɔ dzedzem?

4 Yesu, si nye Aƒetɔ la, gblɔ le luawo kple gbe wuwluiawo ŋu be, “Mina woa kple evea siaa natsi va se ɖe nuŋeɣi” la. Sedede sia ɖee fia be tso ƒe alafa gbãtɔ me va se ɖe fifia la, Kristotɔ amesiamina siwo le abe luwo ene la nɔ anyigba dzi le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me. Nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo emegbe la ɖo kpe nyataƒonya sia dzi, esi wògblɔ be: “Meli kpli mi ŋkekeawo katã va se ɖe nuɖoanyia ƒe nuwuɣi.” (Mat. 28:20) Eya ta Yesu akpɔ Kristotɔ amesiaminawo ta ŋkekeawo katã va se ɖe nuwuɣia. Gake esi wònye be alakpa Kristotɔ siwo le abe gbe wuwluiwo ene sɔ gbɔ wu wo sãsãsã ta la, míate ŋu ayɔ ame ɖekaɖeka siwo nye lu ƒe ha la me tɔwo le ɣeyiɣi didi mawo me kple kakaɖedzi o. Ke hã anɔ abe ƒe 40 ene do ŋgɔ na nuŋeɣia ƒe gɔmedzedze la, lu ƒe ha la me tɔwo va nɔ dzedzem. Aleke wòdzɔe?

DƆLA AÐE ‘TA MƆ’

5. Aleke Maleaxi ƒe nyagblɔɖia va eme le ƒe alafa gbãtɔ me?

 5 Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ hafi Yesu nawɔ lu kple gbe wuwluiwo ƒe kpɔɖeŋua la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Maleaxi wògblɔ nudzɔdzɔ siwo sɔ kple esiwo le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me la dometɔ aɖewo ɖi. (Mixlẽ Maleaxi 3:1-4.) ‘Dɔla si ta mɔ’ lae nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela.  (Mat. 11:10, 11) Esi wòva le ƒe 29 M.Ŋ. me la, ema fia be Israel dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ɣi gogo. Yesu ye nye dɔla evelia la. Ekɔ Yerusalem gbedoxɔa ŋu zi eve—gbã le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze, eye evelia le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe nuwuwu lɔƒo. (Mat. 21:12, 13; Yoh. 2:14-17) Eya ta Yesu ƒe gbedoxɔ ŋu kɔkɔ dɔa lɔ ɣeyiɣi ƒe didime aɖe ɖe eme.

6. (a) Aleke Maleaxi ƒe nyagblɔɖia va eme le mɔ si lolo wu nu? (b) Ɣekaɣie Yesu va lé ŋku ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu? (Kpɔ dzesidenyaa hã.)

 6 Aleke Maleaxi ƒe nyagblɔɖia va eme le mɔ si lolo wu nu? Ƒe geɖe do ŋgɔ na ƒe 1914 la, C. T. Russell kple eƒe zɔhɛ kplikplikpliwo wɔ dɔ si le abe Yohanes Amenyrɔɖetsimela tɔ ene. Dɔ vevi si wowɔe nye be wogaɖo Biblia me nyateƒea te. Biblia Nusrɔ̃viawo fia gɔmesese si ŋutɔŋutɔ le Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu, woklo nu le fuwɔwɔ amewo le dzo mavɔ me ƒe alakpanufiafia la dzi, eye woɖe gbeƒã ɣeyiɣi si me Trɔ̃subɔlawo Ƒe Azã la awu enu. Ke hã ƒuƒoƒo bubu geɖewo nɔ anyi siwo gblɔna be Kristo yomedzelawoe yewonye. Eya ta ehiã be woakpɔ ŋuɖoɖo na biabia vevi sia: Ƒuƒoƒo mawo dometɔ kae lu la tsi tre ɖi na? Be woakpɔ ŋuɖoɖoa la, Yesu dze ŋkuléle ɖe gbɔgbɔmegbedoxɔa ŋu gɔme le ƒe 1914 me. Ŋkuléle ɖe nuwo ŋu kple nuwo ŋu kɔkɔ dɔa yi edzi hena ɣeyiɣi ƒe didime aɖe—tso ƒe 1914 me va se ɖe ƒe 1919 ƒe gɔmedzedze. *

ŊKULÉLE ÐE AMESIAMINAWO ŊU KPLE WO ŊU KƆKƆ

7. Esi Yesu dze ŋkuléle ɖe nuwo ŋu gɔme le ƒe 1914 me la, nu kae wòkpɔ?

7 Nu kae Yesu kpɔ esi wòdze ŋkuléle ɖe nuwo ŋu gɔme? Ekpɔ be Biblia Nusrɔ̃vi dovevienuwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe nɔ  woƒe ŋusẽ kple nunɔamesiwo zãm ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu kutrikukutɔe ƒe 30 kple edzivɔe nye ema. * Aleke gbegbe dzi adzɔ Yesu kple mawudɔlawoe nye esi be woakpɔe be lu ƒe ha la me tɔ ʋɛ mawo kpɔtɔ li ke sesĩe eye Satana ƒe gbe wuwluiawo mevu tsyɔ wo dzi o! Ke hã, egahiã kokoko be ‘woakɔ Lewi-vi’ amesiaminawo ŋu. (Mal. 3:2, 3; 1 Pet. 4:17) Nu ka tae?

8. Nu kae dzɔ le ƒe 1914 megbe?

8 Le ƒe 1914 ƒe nuwuwu lɔƒo la, dzi ɖe le Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ aɖewo ƒo le esi womeyi dziƒo o ta. Le ƒe 1915 kple 1916 me la, egodotɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu na gbeƒãɖeɖedɔa yi to. Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be, le Nɔviŋutsu Russell ƒe ku le October 1916 megbe la, tsitretsiɖeŋulawo do ta ɖa le habɔbɔa ŋutɔ me. Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe ŋgɔnɔla adreawo dometɔ ene tsi tre ɖe nyametsotso si nɔviawo wɔ be Nɔviŋutsu Rutherford naxɔ ŋgɔ la ŋu. Wodze agbagba be yewoade mama nɔviawo dome, gake le August 1917 me la, wodzo le Betel—ɛ̃, esia nye mɔ aɖe si dzi woto kɔ habɔbɔa ŋu! Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo hã na ta le amegbetɔvɔvɔ̃ ta. Ke hã, Biblia Nusrɔ̃viawo dometɔ geɖe ɖe mɔ Yesu kɔ wo ŋu, eye wolɔ̃ faa wɔ tɔtrɔ siwo hiã. Eya ta Yesu tso afia na wo be wonye Kristotɔ akuakua siwo le abe luwo ene. Gake egbe alakpa Kristotɔ siwo va be ɖe habɔbɔa me kple Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me tɔwo katã. (Mal. 3:5; 2 Tim. 2:19) Nu kae dzɔ kplɔe ɖo? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míagalé ŋku ɖe lu kple gbe wuwluiawo ƒe kpɔɖeŋua ŋu ake.

NU KAE DZƆ ESI NUŊEƔIA DZE EGƆME?

9, 10. (a) Nu ka mee míadzro azɔ? (b) Nu kae dzɔ gbã le nuŋeɣia?

9 Yesu gblɔ be: “Nuŋeɣi lae nye nuɖoanyi aɖe ƒe nuwuɣi.” (Mat. 13:39) Nuŋeɣi ma dze egɔme le ƒe 1914 me. Azɔ míadzro nudzɔdzɔ atɔ̃ siwo Yesu gblɔ be woayi edzi le nuŋeɣia me la me.

10 Gbã, gbe wuwluiawo hoho. Yesu gblɔ be, “Ne nuŋeɣia ɖo la, magblɔ na nuŋelawo be: Miho gbe vɔ̃ɖiawo [alo, gbe wuwluiawo] gbã, eye miabla wo tatata.” Le ƒe 1914 megbe la, mawudɔlawo dze alakpa Kristotɔ siwo le abe gbe wuwluiwo ene la ‘hoho’ esi woɖe wo ɖe vovo tso amesiamina siwo nye “fiaɖuƒe la ƒe viwo” gbɔ.Mat. 13:30, 38, 41.

11. Va se ɖe egbea la, nu kae na Kristotɔ vavãwo to vovo tso alakpa Kristotɔwo gbɔ?

11 Esi woyi edzi nɔ gbe wuwluiawo hom la, vovototo si le ƒuƒoƒo eveawo dome la va nɔ dzedzem nyuie wu. (Nyaɖ. 18:1, 4) Kaka ƒe 1919 naɖo la, eva dze ƒãa be Babilon Gã la mu. Nu ka koŋue na Kristotɔ vavãwo to vovo kura tso alakpa Kristotɔwo gbɔ? Gbeƒãɖeɖedɔa ye. Ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le Biblia Nusrɔ̃viawo dome la va nɔ gbe tem ɖe ale si wòle vevie be Kristotɔ vavã ɖe sia ɖe nakpɔ gome le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me dzi. Le kpɔɖeŋu me, agbalẽvi aɖe (To Whom the Work Is Entrusted) si wota le ƒe 1919 me la de dzi ƒo na Kristotɔ amesiaminawo katã be woaɖe gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me. Egblɔ be: “Edze abe dɔ sia lolo wu gbɔgblɔ ene, gake Aƒetɔ la ƒe dɔ ye, eye míawɔe hã le eƒe ŋusẽ me. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mi be miakpɔ gome le eme.” Aleke Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ nui? Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ si wota le ƒe 1922 me la ka nya ta be, tso ɣemaɣi la, wodzi woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi geɖe wu. Eteƒe medidi o, gbeƒãɖeɖe tso aƒe me yi aƒe me va nye nu si ɖe dzesi le Kristotɔ wɔnuteƒe mawo ŋu—eye wògale nenema va se ɖe egbe.

12. Tso ɣekaɣie wole lu ƒe ha la me tɔwo nu ƒom ƒu?

12 Evelia, luawo nu ƒoƒoƒu. Yesu gblɔ na eƒe dɔlawo be: ‘Miƒo lu la nu ƒu ɖe nye nudzraɖoƒe.’ (Mat. 13:30) Tso ƒe 1919 me la, wole amesiaminawo nu ƒom ƒu ɖe  Kristo hame si ŋu wokɔ la me. Le Kristotɔ amesiamina siwo anɔ agbe va se ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu gome la, wo nu ƒoƒoƒu mamlɛa ava eme nenye be woxɔ woƒe dziƒofetu la.Dan. 7:18, 22, 27.

13. Nu kae Nyaɖeɖefia 18:7 gblɔ tso nɔnɔme si le gbolo la alo Kristodukɔa kple Babilon Gã la ƒe akpa susɔea si fifia ŋu?

13 Etɔ̃lia, avifafa kple aɖukliɖuɖu. Nu kae adzɔ ne mawudɔlawo bla gbe wuwluiawo tatata vɔ? Yesu gblɔ le nu si adzɔ ɖe gbe wuwluiawo dzi ŋu be: “Afi mae woƒe avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.” (Mat. 13:42) Ðe esia le dzɔdzɔm fifia? Ao. Egbea, Kristodukɔa, si hã nye gboloa ƒe akpa aɖe la, kpɔtɔ le gbɔgblɔm be: “Mebɔbɔ nɔ anyi abe fianyɔnu ene, eye nyemenye ahosi o, eye nyemaxa nu akpɔ o.” (Nyaɖ. 18:7) Nyateƒee, Kristodukɔa kpɔtɔ le asi ƒum akɔ be yee le tsia dzi, eye wòdzea agbagba gɔ̃ hã be yeakpɔ ŋusẽ ɖe dukplɔlawo dzi ‘abe fianyɔnu ene.’ Egbea, menye avi fam ame siwo gbe wuwluiawo tsi tre ɖi na la le o, ke adegbe boŋ ƒom wole. Gake woƒe adegbeƒoƒoa nu atso kpuie.

Eteƒe madidi o, Kristodukɔa ƒe hadede kplikplikpli kple dukplɔlawo nu atso (Kpɔ memama 13)

14. (a) Ɣekaɣie alakpa Kristotɔwo ‘aɖu aɖukli,’ eye nu ka tae? (b) Aleke gɔmesese yeye si su mía si le Mateo 13:42 ŋu la wɔ ɖeka kple Psalmo 112:10 me nyawo? (Kpɔ dzesidenyaa.)

14 Ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo katã le xaxa gã la me vɔ la, woƒe hameviwo asi anɔ bebeƒe dim, gake womakpɔ sitsoƒe aɖeke o. (Luka 23:30; Nyaɖ. 6:15-17) Azɔ ne wokpɔe be yewomate ŋu asi le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna nu o la, woafa avi hehehe le mɔkpɔkpɔbuɖeame ta, eye ‘woaɖu aɖukli’ vevie le dziku me. Abe ale si Yesu gblɔe le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe xaxa gã la ŋu me ene la, ɣeyiɣi doblukɔ ma mee ‘woaƒo akɔta le nuxaxa ta.’ *Mat. 24:30; Nyaɖ. 1:7.

15. Nu kae adzɔ ɖe gbe wuwluiawo dzi, eye ɣekaɣie wòadzɔ?

15 Enelia, wo tsɔtsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo la me. Nu kae adzɔ ɖe gbe wuwlui siwo wobla tatata la dzi? Mawudɔlawo atsɔ wo ‘aƒu gbe ɖe kpodzo bibi la me.’ (Mat. 13:42) Esia fia tsɔtsrɔ̃ ɖikaa. Eya ta xaxa gã la ƒe akpa mamlɛa mee woatsrɔ̃ ame siwo nɔ alakpasubɔsubɔha mawo me la le, le Harmagedon me.—Mal. 3:19.

16, 17. (a) Nu kae nye nudzɔdzɔ mamlɛtɔ si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe kpɔɖeŋua me? (b) Nu ka tae míaƒo nya ta be nudzɔdzɔ sia ava eme le etsɔme?

16 Atɔ̃lia, keklẽ abe ɣe ene. Yesu wu eƒe nyagblɔɖia nu be: “Ɣemaɣi la, ame dzɔdzɔewo aklẽ nyuie abe ɣe ene le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me.” (Mat. 13:43) Ɣekaɣie ema adzɔ, eye le afi ka? Nya siawo ava eme le etsɔme. Eye dziƒoe Yesu ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia ava eme le, ke menye le anyigba dzi o. *  Mina míade ŋugble le susu eve siwo ta míeƒo nya ta alea ŋu.

17 Gbã, ɣekaɣie? Yesu gblɔ be: “Ɣemaɣi la, ame dzɔdzɔewo aklẽ.” Edze ƒãa be nya “ɣemaɣi” ku ɖe nudzɔdzɔ siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe teti koe nye ema la ŋu, si nye ‘gbe wuwluiawo tsɔtsɔ ƒu gbe ɖe kpodzo bibi’ la me. Ema ava eme le xaxa gã la ƒe akpa mamlɛtɔ me. Esia fia be etsɔme ɣeyiɣi ma ke mee amesiaminawo ‘aklẽ nyuie’ le. Evelia, le afi ka? Yesu gblɔ be ame dzɔdzɔewo ‘aklẽ le fiaɖuƒe la me.’ Nu kae nya sia fia? Kaka xaxa gã la ƒe akpa gbãtɔ nava yi la, wotre amesiamina wɔnuteƒe siwo katã kpɔtɔ le anyigba dzi la nu keŋkeŋ xoxo. Ekema abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene la, woaƒo wo nu ƒu ɖe dziƒo. (Mat. 24:31) Afi mae woaklẽ le, “le wo Fofo ƒe fiaɖuƒe la me,” eye le Harmagedon-ʋaa megbe kpuie la, woakpɔ gome le “Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe” la me abe Yesu ƒe ŋugbetɔ kpɔdzidzɔwo ene.Nyaɖ. 19:6-9.

ALE SI WÒÐEA VI NA MÍ

18, 19. Aleke Yesu ƒe lododo si ku ɖe lu kple gbe wuwluiwo ŋu la gɔme sese ɖea vi na míi?

18 Aleke nu siwo ava dzɔ le etsɔme siwo lododo sia na míekpɔ keŋ alea la ɖea vi na míi? Bu mɔ etɔ̃ siawo ŋu kpɔ. Gbã la, enana míaƒe gɔmesese gadea to ɖe edzi. Ena míekpɔ susu vevi si ta Yehowa ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu va se ɖe fifia la dze sii. ‘Eɖe mɔ ɖe dziku ƒe zewo ŋu’ kple susu be yeadzra “nublanuikpɔkpɔ ƒe ze,” siwo nye lu ƒe ha la me tɔwo ɖo. * (Rom. 9:22-24) Evelia, enana míaƒe kakaɖedzi me gasẽna ɖe edzi. Esi nuwuwua le aƒe tum la, aʋa si wɔm míaƒe futɔwo le kpli mí la nu aganɔ sesẽm ɖe edzi, ‘gake woado kpo nu.’ (Mixlẽ Yeremiya 1:19.) Abe ale si Yehowa kpɔ lu ƒe ha la me tɔwo ta va de asi na egbea ene la, mía Fofo si le dziƒo kple Yesu kpakple mawudɔlawo ayi edzi anɔ kpli mí “ŋkekeawo katã” va se ɖe nuwuwu.Mat. 28:20.

19 Etɔ̃lia, lododoa nana míedea dzesi ame siwo nye lu ƒe ha la me tɔwo. Nu ka tae esia le vevie? Kristotɔ siwo luawo le tsitre ɖi na la nyanya le vevie be míakpɔ ŋuɖoɖo na nya vevi aɖe si Yesu bia le eƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋu la me. Ebia be, ‘Ame ka tututue nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela’ la? (Mat. 24:45) Nyati eve siwo kplɔe ɖo ana míakpɔ biabia sia ƒe ŋuɖoɖo si me kɔ.

 

^ mm. 2 Memama 2: Be nàɖo ŋku gɔmesese si le lododoa ƒe akpa bubuawo ŋu dzi nyuie la, míede dzi ƒo na wò be nàxlẽ nyati si nye “Ame Dzɔdzɔewo Aklẽ Nyuie Abe Ɣe Ene,” le March 15, 2010 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 3 Memama 3: Yesu ƒe apostoloawo ku, eye le kpɔɖeŋua me la, wotsɔ amesiamina siwo susɔ ɖe anyigba dzi la sɔ kple lu. Womeɖɔ wo be wonye kluviwo o. Eya ta esɔ be míagblɔ be kluviawo tsi tre ɖi na mawudɔlawo. Emegbe le kpɔɖeŋua me la, wogblɔ be ame siwo ho gbe wuwluiawoe nye mawudɔlawo.Mat. 13:39.

^ mm. 6 Memama 6: Esia nye gɔmesese yeye si su mía si. Tsã la, míesusui be Yesu va lé ŋku ɖe nuwo ŋu le ƒe 1918 me.

^ mm. 7 Memama 7: Tso ƒe 1910 va se ɖe ƒe 1914 me la, Biblia Nusrɔ̃viawo ma agbalẽ 4,000,000 kloe kple trakt kpakple agbalẽvi siwo wu 200,000,000 sɔŋ.

^ mm. 14 Memama 14: Esia nye Mateo 13:42 ƒe gɔmesese yeye si su mía si. Tsã la, míegblɔe le míaƒe agbalẽwo me be alakpa Kristotɔwo ‘le avi fam hele aɖukli ɖum’ ƒe geɖee nye esia, eye wole konyi fam be “fiaɖuƒe la ƒe viwo” klo nu le yewo dzi be yewonye “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo.” (Mat. 13:38) Gake ele be míade dzesii be wo tsrɔ̃ɣi ye woaɖu aɖuklia ŋutɔŋutɔ.Ps. 112:10.

^ mm. 16 Memama 16: Daniel 12:3 gblɔ be: “Nunyalawo [Kristotɔ amesiaminawo] aklẽ abe dziŋgɔli ƒe keklẽ ene.” Esi wokpɔtɔ le anyigba dzi la, wowɔa esia to gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. Gake Mateo 13:43 me nyawo le asi fiam ɣeyiɣi si me woaklẽ nyuie le Dziƒofiaɖuƒe la me. Tsã la, míesusui be mawunyakpukpui evea siaa ku ɖe dɔ ɖeka ma ke—si nye gbeƒãɖeɖedɔa—ŋu.

^ mm. 18 Memama 18: Kpɔ agbalẽ si nye Te Ðe Yehowa Ŋu, axa 288-289.