Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  February 2013

Nɔ Yehowa Ƒe Ametakpɔbali La Me

Nɔ Yehowa Ƒe Ametakpɔbali La Me

“Yehowa . . . awɔ aʋa kple dukɔ siawo abe gbe si gbe wòwɔ aʋa le aʋakpegbe ene.”—ZAK. 14:3.

1, 2. Aʋa ŋutɔŋutɔ kae gbɔna kpuie, eye nu kae mahiã be Mawu subɔlawo nawɔ le aʋa sia me o?

LE October 30, 1938 dzi la, ame miliɔn geɖe siwo nɔ United States la nɔ to ɖom radio dzi wɔna aɖe. Wotu fefe si wɔm wonɔ fiẽ ma la ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpa aɖe dzi. Eku ɖe ale si nuwɔwɔ aɖewo tso ɣletinyigba si nye Mars dzi ho aʋa ɖe anyigba la ŋu hele amewo tsrɔ̃m le anyigbaa dzi la ŋu. Togbɔ be wogblɔe do ŋgɔ be fefe aɖe koe radio dzi wɔnaa nye hã la, toɖola geɖewo susui be nu ŋutɔŋutɔe wònye nɔ dzɔdzɔm, eya ta wovɔ̃ ŋutɔ. Wo dometɔ aɖewo tso kaba wɔ nu siwo akpɔ wo ta tso nuwɔwɔ siwo wosusu be wotso ɣletinyigba bubu dzi la si me.

2 Gake egbea la, aʋa ŋutɔŋutɔ aɖe gbɔna kpuie. Ke hã, amewo mele dzadzram ɖo ɖe eŋu o. Menye dzɔdzɔmeŋutinunya me nyakpakpagbalẽ aɖe mee woŋlɔ aʋa sia ŋuti nya ɖo o, ke boŋ Biblia si nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la mee woŋlɔ eŋu nya ɖo. Eyae nye Harmagedon, si nye aʋa si Mawu awɔ atsɔ aɖe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ɖa. (Nyaɖ. 16:14-16) Le aʋa sia me la, mahiã be Mawu subɔlawo naʋli wo ɖokuiwo ta o. Ke hã woƒe nu aku le nu dovoɖiname siwo adzɔ kple ale si Mawu aɖe eƒe ŋusẽ gã dziŋɔ afiae la ta.

3. Nyagblɔɖi ka me dzro ge míala, eye nu ka tae wòle vevie na mí ɖo?

3 Biblia me nyagblɔɖi aɖe si dze le Zaxariya ta 14 me la ku ɖe Harmagedon-ʋa ŋu tẽe. Togbɔ be ƒe 2,500 sɔŋ ye nye esia si woŋlɔ nyagblɔɖi ma hã la, nya mawo gakpɔtɔ le vevie ŋutɔ na mí egbea. (Rom. 15:4) Emenya akpa gãtɔ ku ɖe nu siwo me tom Mawu ƒe amewo le tso esime woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me  kple nu wɔnuku siwo adzɔ kpuie la ŋu. Nyagblɔɖi sia ƒe akpa vevi aɖewo ku ɖe ‘bali aɖe si keke ŋutɔ’ kple “tsi gbagbe” aɖe si anɔ sisim la ŋu. (Zak. 14:4, 8) Bali sia wɔa akpa vevi aɖe le Yehowa subɔlawo ta kpɔkpɔ me. Ne míese nu si tsi gbagbe ma fia gɔme la, menye ɖeko míakpɔe be ehiã be míanoe ko o, ke míadi vevie be míanoe hã. Nyagblɔɖi sia me dzodzro tsitotsito aɖe vi na mí ŋutɔ.—2 Pet. 1:19, 20.

‘YEHOWA ƑE ŊKEKE LA’ DZE EGƆME

4. (a) Ɣekaɣie ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ dze egɔme? (b) Nu ka ƒe gbeƒã ɖem Yehowa subɔlawo nɔ ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ na ƒe 1914, eye aleke xexea me ŋgɔnɔlawo wɔ nui?

4 Wodze Zaxariya ta 14 lia gɔme be: “Ŋkeke li gbɔna na Yehowa.” (Mixlẽ Zaxariya 14:1, 2.) Nu kae nye ŋkeke sia? Eyae nye “Aƒetɔ ƒe ŋkeke” si dze egɔme esime “xexea me fiaɖuƒe la trɔ zu mía Aƒetɔ kple eƒe Kristo ƒe fiaɖuƒe.” (Nyaɖ. 1:10; 11:15) Ŋkeke ma dze egɔme le ƒe 1914 me esime wodzi Mesia Fiaɖuƒea le dziƒo. Yehowa subɔlawo nɔ gbeƒã ɖem na dukɔwo ƒe gbogbo aɖewo do ŋgɔ na ƒe 1914 be “dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo” awu enu le ƒe ma me, eye be xexea age ɖe xaxaɣi aɖe si tɔgbi meva kpɔ o la me. (Luka 21:24) Aleke dukɔwo wɔ nui? Le esi dunyahehaŋgɔnɔlawo kple subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo naɖo to nuxlɔ̃ame siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi teƒe la, ɖe woɖu fewu le nyanyuigblɔla amesiamina veviedola siawo ŋu heti wo yome boŋ. Ŋgɔnɔla siawo to esia wɔwɔ me ɖu fewu le Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ŋutɔ ŋu, elabena “dziƒo Yerusalem”—si nye Mesia Fiaɖuƒe la—me tɔwoe amesiaminawo nye, eye wonye Fiaɖuƒea teƒenɔlawo.—Heb. 12:22, 28.

5, 6. (a) Nu kae wogblɔ ɖi be dukɔwo awɔ ɖe ‘du la’ kple ‘dumeviwo’ ŋu? (b) Ame kawoe nye “dukɔ la ƒe susɔe” la?

5 Zaxariya gblɔ nu si dukɔwo awɔ la ɖi be: “Woaxɔ [Yerusalem] dua.” “Dua” tsi tre ɖi na Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea. Eƒe ‘dumevi’ siwo nye Kristotɔ amesiamina susɔeawoe le eteƒe le anyigba dzi. (Flp. 3:20) Le Xexemeʋa I me la, wolé ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi me la, eye wode wo gaxɔ me le Atlanta, Georgia, U.S.A. ‘Woha xɔwo’ le mɔ sia nu be wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe nuteƒewɔla siawo siwo meɖi fɔ o la ŋu hesẽ ŋuta le wo ŋu. Tsitretsiɖeŋula siawo ha nu xɔasi siwo dzi kpɔm amesiamina susɔeawo nɔ esi woɖo asi woƒe agbalẽwo dzi eye woxe mɔ ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖela siawo ƒe dɔwo nu.

6 Togbɔ be futɔwo sɔ gbɔ wu Mawu ƒe amewo, woka aʋatso ɖe wo si, wotsi tsitre ɖe wo ŋu, eye woti wo yome hã la, womete ŋu tsi tadedeagu vavãtɔ nu o. “Dukɔ la ƒe susɔe” lae nye amesiamina susɔe siwo yi edzi lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eye womelɔ̃ be ‘woatsrɔ̃’ yewo o.

7. Kpɔɖeŋu nyui kae Yehowa ƒe Ðasefo amesiaminawo ɖo na tadeagula vavãwo katã egbea?

7 Ðe nyagblɔɖi sia va eme keŋkeŋ le Xexemeʋa I ƒe nuwuwua? Ao. Dukɔwo agadze amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛ wɔnuteƒe siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le la dzi geɖe wu. (Nyaɖ. 12:17) Xexemeʋa II lia nye esia ƒe kpeɖodzi. Ale si Mawu subɔla amesiamina mawo lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi la ʋãa Mawu subɔla siwo li egbea hã be woado dzi le xaxa ɖe sia ɖe si ava wo dzi me—eɖanye ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo kple dɔwɔhatiwo ƒe tsitretsiɖeŋu loo alo sukuhatiwo ƒe  fewuɖuɖu le wo ŋu ɖe woƒe dzixɔsewo ta o. (1 Pet. 1:6, 7) Tadeagula vavã siwo le afi sia afi la ɖoe kplikpaa fifia wu tsã be ‘yewoanɔ tsitre sesĩe le gbɔgbɔ ɖeka me’ eye yewomavɔ̃ ‘ame siwo le tsitre tsim ɖe yewo ŋu la ƒe ŋɔdzidodo’ o. (Flp. 1:27, 28) Gake afi kae Yehowa ƒe amewo akpɔ dedienɔƒe le le xexe sia si lé fu wo la me?—Yoh. 15:17-19.

YEHOWA ƑE ‘BALI SI KEKE ŊUTƆ’

8. (a) Le Biblia me la, nu kawoe towo tea ŋu tsia tre ɖi na? (b) Nu kae “amito” la tsi tre ɖi na?

8 Esi Yerusalem “dua” le tsitre ɖi na dziƒo Yerusalem ta la, “amito, [si dze ŋgɔ] Yerusalem” hã nye kpɔɖeŋu na nane. Nu kae to ma le tsitre ɖi na? Aleke ‘wòafe ɖe titina’ kpla ahazu to eve? Nu ka tae Yehowa yɔ to eveawo be ‘nye towo’? (Mixlẽ Zaxariya 14:3-5.) Le Biblia me la, towo tea ŋu tsia tre ɖi na fiaɖuƒewo, alo dziɖuɖuwo. Nenema kee wòtsɔa Mawu ƒe to doa ƒome kple yayra kple ametakpɔkpɔ. (Ps. 72:3; Yes. 25:6, 7) Eya ta amito si dzi Mawu tsi tre ɖo le anyigba dzi Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la tsi tre ɖi na Yehowa ƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye, si nye eƒe dziɖuɖu si ƒo ɖe sia ɖe ta.

9. Gɔmesese ka nue “amito” la fe ɖe eve le?

9 Nu kae amito la ƒe fefe ɖe eve tsi tre ɖi na? To sia si le Yerusalem ƒe ɣedzeƒe gome la fe ɖe eve le gɔmesese sia nu be Yehowa ɖo dziɖuɖu bubu aɖe si le eƒe ŋusẽ te la anyi. Dziɖuɖu bubu siae nye Mesia Fiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me. Esia tae Yehowa yɔ “amito” si fe heva zu to eve la be “nye towo” ɖo. (Zak. 14:4, NW) Etɔe to eveawo siaa nye.

10. Nu kae ‘bali si keke ŋutɔ’ si le to eveawo dome la tsi tre ɖi na?

10 Esi kpɔɖeŋuto sia fe ɖe eve, afã ɖo ta dziehe, eye afã ɖo ta anyiehe la, Yehowa ƒe afɔwo kpɔtɔ le to eveawo dzi. ‘Bali aɖe si keke ŋutɔ’ va le Yehowa ƒe afɔwo dome. Kpɔɖeŋubali sia tsi tre ɖi na Mawu ƒe ametakpɔkpɔ, si me Yehowa subɔlawo nɔa dedie le le eƒe dziɖulanyenye kple Via ƒe Mesia Fiaɖuƒea te. Yehowa akpɔ egbɔ be womaɖe tadedeagu vavãtɔ ɖa keŋkeŋ gbeɖe o. Gake ɣekaɣie amito la fe ɖe eve? Esia dzɔ esi woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi esime Dukɔwo ƒe Azã la wu enu le ƒe 1914 me. Ke ɣekaɣie tadeagula vavãwo te sisi yi ɖe kpɔɖeŋubali la me?

AMEWO LE SISIM LE BALI LA ME YIM!

11, 12. (a) Ɣekaɣie amewo te sisi le kpɔɖeŋubali la me yim? (b) Nu kae ɖo kpe edzi be Yehowa ƒe alɔ sesẽ la kpɔtɔ li kple eƒe amewo?

11 Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “Dukɔwo katã alé fu mi le nye ŋkɔ la ta.” (Mat. 24:9) Fuléle ma nu va sẽ ɖe edzi, vevietɔ tso ƒe 1914 me, esime ŋkeke mamlɛawo dze egɔme. Togbɔ be futɔwo dze amesiamina susɔeawo dzi kutɔkutɔe le Xexemeʋa I me hã la, womete ŋu tsrɔ̃ nuteƒewɔlawo ƒe ƒuƒoƒo sia ɖa o. Le ƒe 1919 me la, woɖe wo tso Babilon Gã, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la, ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te. (Nyaɖ. 11:11, 12) * Ɣemaɣie amewo te sisi le Yehowa ƒe to la ƒe bali la me yim.

12 Tso ƒe 1919 me la, Mawu yi edzi le tadeagula vavã siwo le xexea me katã la ta kpɔm le eƒe bali la me. Ƒe geɖee nye esia la, woɖo asi Yehowa  Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple woƒe Biblia srɔ̃gbalẽwo dzi le dukɔ geɖe me. Nɔnɔmea kpɔtɔ le nenema le dukɔ aɖewo me va se ɖe fifia. Gake agbagba ka kee dukɔwo ɖadze o, womate ŋu abu mo na tadedeagu vavãtɔ gbeɖe o! Yehowa ƒe alɔ sesẽ la akpɔtɔ anɔ kple eƒe amewo.—5 Mose 11:2.

13. Aleke míawɔ akpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe ametakpɔbali la me, eye nu ka tae esia wɔwɔ le vevie fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe?

13 Ne míeku ɖe Yehowa ŋu eye míenɔ te sesĩe le nyateƒea me la, eya ŋutɔ kple Via Yesu Kristo hã awɔ woƒe akpa dzi, eye Mawu maɖe mɔ ame aɖeke alo naneke ‘naxɔ mí le esi sesẽe o.’ (Yoh. 10:28, 29) Yehowa le klalo be yeana kpekpeŋu ɖe sia ɖe si míehiã be míayi edzi aɖo to eya, ame si nye Xexea Me Katã Dziɖulagã la, eye míakpɔtɔ anye Mesia Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo. Ele vevie ŋutɔ be míakpɔtɔ anɔ eƒe ametakpɔbali la me, elabena takpɔkpɔ ma ava hiã mí vevie ŋutɔ le xaxa gã si le du dzi gbɔna la me.

“AƲAKPEGBE” LA ÐO

14, 15. Aleke wòanɔ na ame siwo mele ametakpɔbali la me o le Mawu ƒe “aʋakpegbe” la?

14 Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, Satana hã ana Yehowa ƒe amewo dzi dzedze nu nanɔ sesẽm ɖe edzi wu. Ekema ‘gbe si gbe Mawu awɔ aʋa’ kple eƒe futɔwo la hã aɖo. Yehowa akpɔ egbɔ be Satana ƒe amedzidzedzeawo nu natso. Le ŋkeke ma dzi la, xexea me katã ƒe Dziɖulagã la ŋutɔ aɖee afia be yenye Aʋakalẽtɔ ɣemaɣi wu “aʋakpegbe” bubu ɖe sia ɖe.—Zak. 14:3.

15 Aleke wòanɔ na ame siwo mele ‘ametakpɔbali gã’ la me o le Mawu ƒe aʋakpegbe la? “Kekeli” vavã aɖeke maklẽ na wo o, si fia be Mawu mave wo nu o. Le aʋakpegbe si gbɔna la, woagblẽ nu le “sɔwo kple tedzisɔwo, kposɔwo kple tedziwo kpakple lã, siwo katã le asaɖa me”—siwo nye dukɔwo ƒe aʋawɔnuwo—la ŋu. Aʋawɔnu mawo azu “tsi babla,” si fia be woagbe dɔwɔwɔ abe fafae lé wo wobla zu tsikpe ene. Yehowa azã dɔvɔ̃ kple “hiãkame” hã. Míenya ne dɔvɔ̃ kple hiãkame ŋutɔŋutɔe wòanye ya o, gake míenya be nu siawo axe mɔ na dukɔwo be womawɔ vɔ̃ mí o, elabena nyagblɔɖia gblɔ be, gbe ma gbe la, woƒe “ŋku aƒaƒã ɖe to me na wo, eye aɖe aƒaƒã ɖe nu me na wo,” si fia be woatsi vlodoamenya siwo le woƒe aɖe dzi la nu keŋkeŋ. (Zak. 14:6, 7, 12, 15) Aʋakɔ gã nyadri aɖee anɔ Satana ƒe akpa dzi. Gake anyigba ƒe afi ka kee woɖale o, wo katã woatsrɔ̃ gbidii. (Nyaɖ. 19:19-21) ‘Ame siwo Yehowa wu le ŋkeke ma dzi la anɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu ɖase ɖe anyigba ƒe mlɔenu.’—Yer. 25:32, 33.

16. Esi Mawu ƒe aʋakpegbea le aƒe tum la, biabia kawo ŋue wòle be míade ŋugble le, eye aleke wòle be míawɔ nui?

16 Aʋawɔwɔ hea fukpekpe vanɛ zi geɖe, eye ame siwo va ɖu dzi mlɔeba hã toa fukpekpewo me. Nuɖuɖu ate ŋu avɔ. Amewo ƒe nunɔamesiwo dome ate ŋu agblẽ. Agbenɔnɔ ate ŋu asesẽ. Ablɔɖe maganɔ amewo si ale si dze o. Ne míeɖo nɔnɔme sesẽ mawo tɔgbi me la, aleke míawɔ nui? Ðe vɔvɔ̃ aɖo mía? Ðe míagbe nu le míaƒe xɔse gbɔ le xaxaɣia? Ðe dzi aɖe le mía ƒo eye míabu mɔkpɔkpɔa? Aleke gbegbe wòle vevie be le xaxa gã la me la, míayi edzi aka ɖe Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ dzi eye míakpɔtɔ anɔ Yehowa ƒe ametakpɔbali la mee nye esi!—Mixlẽ Xabakuk 3:17, 18.

 “TSI GBAGBE ASI” BABABA

Ðoe kplikpaa be nàyi edzi anɔ Yehowa ƒe ametakpɔbali la me

17, 18. (a) Nu kae nye “tsi gbagbe” la? (b) Nu kawoe “ɣedzeƒeƒu la” kple “ɣetoɖoƒeƒu la” le tsitre ɖi na? (d) Esi nèle mɔ kpɔm na nu siwo ava dzɔ le etsɔme la, nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ?

17 Le Harmagedon megbe la, “tsi gbagbe” asi bababa tso Mesia Fiaɖuƒea ƒe fiazikpuia gbɔ. “Tsi gbagbe” siawoe nye ɖoɖo siwo Yehowa wɔ hena míaƒe agbe mavɔ nɔnɔ. “Ɣedzeƒeƒu” si woyɔ le nyagblɔɖia me lae nye Ƒu Kuku la, eye “ɣetoɖoƒeƒu” lae nye Mediterranea Ƒu la. Wo katã wotsi tre ɖi na amewo. Eya ta Ƒu Kukua le tsitre ɖi na ame siwo katã le tsiẽƒe. Esi wònye be ƒumelãwo bɔ ɖe Mediterranea Ƒua me ta la, edze ƒãa be eya le tsitre ɖi na “ameha gã” siwo atsi agbe le Harmagedon me. (Mixlẽ Zaxariya 14:8, 9; Nyaɖ. 7:9-15) Esia fia be ƒuƒoƒo evea siaa avo tso ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la si me esi woyi edzi le kpɔɖeŋutsi gbagbe, alo “agbetsitɔsisi,” la me tsia nom.—Nyaɖ. 22:1, 2.

Ðoe kplikpaa be nàyi edzi anɔ Yehowa ƒe ametakpɔbali la me

18 Yehowa akpɔ mía ta míatsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ayi Mawu ƒe xexe yeye si me dzɔdzɔenyenye anɔ la me. Togbɔ be dukɔwo katã lé fu mí hã la, mina míaɖoe kplikpaa be míayi edzi anye Mawu Fiaɖuƒea tevi wɔnuteƒewo, eye míanɔ Yehowa ƒe ametakpɔbali la me ɖaa.

^ mm. 11 Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 169-170.