‘Mitia ame si subɔ ge miala, egbea.’—YOS. 24:15.

1-3. (a) Nu ka tae Yosua nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na mí? (b) Nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne wòva hiã be míawɔ nyametsotso vevi aɖewo?

TIATIA siwo míewɔna la le vevie ŋutɔ. Tiatia ɖe sia ɖe si dze ŋgɔ mí la naa mɔnukpɔkpɔ mí be míatia ale si míedi be míanɔ agbee. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Tsɔe be ame aɖe le mɔ aɖe dzi ɖo ta teƒe aɖe eye wòva ɖo mɔ dzevee aɖe nu. Mɔ kae wòatsɔ? Ðikekemanɔmee la, atia mɔ si ana wòate ɖe afi si yim wòle ŋu, ke menye esi akplɔe atra o.

2 Ame siwo wòva hiã be woawɔ nyametsotso siawo tɔgbi le blema la ƒe kpɔɖeŋu geɖewo le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, eva hiã be Kain natiae nenye be awɔ nu dzikutɔe loo alo aɖu eɖokui dzi. (1 Mose 4:6, 7) Nenema kee wòva hiã be Yosua natiae nenye be asubɔ Mawu vavã la loo alo asubɔ alakpamawuwo. (Yos. 24:15) Yosua ƒe taɖodzinue nye be yeate ɖe Yehowa ŋu; eya ta ewɔ tiatia si akpe ɖe eŋu wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ. Taɖodzinu ma menɔ Kain ya si o, eye esia wɔe be tiatia si wòwɔ la tee ɖa le Yehowa ŋu.

3 Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be míawɔ tiatia vevi aɖewo ale be míakpɔtɔ anɔ mɔ nyuitɔa dzi. Ne èva ɖo nɔnɔme sia tɔgbi me la, ɖo ŋku wò taɖodzinua dzi—eyae nye be nàhe kafukafu avae na Yehowa le nu sia nu si nàwɔ me ahaƒo asa na nu sia nu si ate wò ɖe aga tso eyama gbɔ. (Mixlẽ Hebritɔwo 3:12.) Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro nu adre aɖewo siwo me mele be míaɖe mɔ naneke nate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔ o la me.

DƆWƆÐUIA KPLE AGBEMEDƆ SI NÀWƆ

4. Nu ka tae wòle vevie be míawɔ dɔ?

4 Agba le Kristotɔwo dzi be woakpɔ woawo ŋutɔwo kple woƒe ƒomea ƒe agbemenuhiahiãwo gbɔ. Biblia ɖee fia be ne ame aɖe medi be yeakpɔ yeƒe ƒemetɔa ƒe nuhiahiãwo gbɔ o la, evɔ̃ɖi wu dzimaxɔsetɔ. (2 Tes. 3:10;  1 Tim. 5:8) Eme kɔ ƒãa be dɔwɔɖui wɔa akpa vevi aɖe le ame ƒe agbe me, gake ne mèkpɔ nyuie o la, dɔwɔɖuia alo agbemedɔ si nàwɔ la ate ŋu ate wò ɖa tso Yehowa gbɔ. Aleke esia ate ŋu adzɔe?

5. Nu vevi kawo ŋu wòle be míabu hafi míayi dɔ aɖe si wotsɔ ɖo mía ŋkume la xɔ ge?

5 Tsɔe be èle dɔ dim awɔ. Ne èle dukɔ aɖe si me wòsesẽna le be woakpɔ dɔ awɔ me la, ate ŋu aƒoe ɖe nuwò be nàdi be yeaxɔ dɔ ɖe sia ɖe si wotsɔ ɖo ŋkuwòme. Gake nu kae nàwɔ ne nu siwo dɔa bia la tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu? Ke ne dɔa axɔ ɣeyiɣi geɖe le asiwò ale gbegbe be màte ŋu akpɔ vovo ɖe hamea me dɔwo alo wò ƒomea ŋu o ɖe? Ðe nàlɔ̃ axɔ dɔa le esi wogblɔna be afi aɖe kpɔkpɔ nyo wu yamekpɔkpɔ ta? Ðo ŋku edzi be, ne èwɔ tiatia gbegblẽ la, ate ŋu ate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ. (Heb. 2:1) Èɖale dɔ dim awɔ loo alo èdi be yeaɖe asi le esi wɔm yele fifia ŋu ahawɔ dɔ bubu aɖe o, aleke nàte ŋu awɔ nyametsotso si me nunya le?

6, 7. (a) Taɖodzinu eve kawo tae ame aɖe adi be yeawɔ dɔ ɖo? (b) Taɖodzinu kae ate ŋu ana nàte ɖe Yehowa ŋu, eye nu ka tae?

6 Taɖodzinu si le asiwò le agbe mee afia tiatia si ƒomevi nàwɔ. Bia ɖokuiwò be, ‘Susu ka tae mele dɔ dim ɖo?’ Ne susu vevi si tae nèle dɔ dim ɖoe nye be nàkpɔ wò ŋutɔ kple wò ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ ale be nàte ŋu ayi Yehowa subɔsubɔ dzi la, Yehowa akpe ɖe ŋuwò. (Mat. 6:33) Ne dɔ ge le asiwò alo wò ganyawo tɔtɔ kpata la, nyae be Yehowa ƒe asi meto ɖe eme o. (Yes. 59:1) “Yehowa nya ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.”—2 Pet. 2:9.

7 Gake ne susu vevi si tae nèle dɔ dim ɖoe nye be yeakpɔ ga geɖe ya ɖe? Ðewohĩ àva kpɔ gaa ya. Gake nyae be ne ame aɖe ƒe taɖodzinu koe nye be yeawɔ dɔ ne yeazu gatɔ la, afɔku le eme. (Mixlẽ 1 Timoteo 6:9, 10.) Ne ga alo dɔwɔɖui ye nye nu vevitɔ na wò le agbe me la, ava te wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ godoo.

8, 9. Nya kawoe wòle be dzilawo nabia wo ɖokuiwo ku ɖe woƒe dɔwɔɖui ŋu? Eye nu ka tae?

8 Ne dzilae nènye la, de ŋugble tso ŋusẽ si kpɔɖeŋu si nèɖona kpɔna ɖe viwòwo dzi ŋu kpɔ. Nu kae wokpɔna be eyae nye nu vevitɔ na wò—wò dɔwɔɖui ye loo alo wò xɔlɔ̃dzedze Yehowa yea? Ne wokpɔe be ɖoƒe gã nɔnɔ, ŋkɔxɔxɔ kple ga geɖe kpɔkpɔ ye nye nu vevitɔ na wò le agbe me la, ɖe woawo hã woava wɔ tiatia gbegblẽ ma ne wova tsia? Ðe wòaɖe bubu si wodea wò si nye wo dzila ŋu dzi kpɔtɔa? Ðetugbui Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Nu si dzi mate ŋu aɖo ŋkui ye nye be dɔwɔɖuia ŋu koe fofonye ƒe susu nɔna. Gbã la, edze abe esi medi be naneke nahiã míaƒe ƒomea o tae wòwɔa dɔ sesĩe ɖo ene. Edi be yeakpɔ mía dzi nyuie. Gake le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, nɔnɔmea trɔ. Dɔ dzi ko wònɔna zã kple keli, eye emegbe wòƒlea nu xɔasiwo vaa aƒe me tsɔ wu be wòaƒle nu siwo míehiã la avɛ. Esia wɔe be amewo va nya míaƒe ƒomea be ga geɖe le mía si tsɔ wu be woanya míaƒe ƒomea be míedea dzi ƒo na ame bubuwo be woati gbɔgbɔmenuwo yome. Gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu si fofonye anam la le vevie nam wu eƒe ga kura.”

9 Dzilawo, mikpɔ egbɔ be miagaɖe mɔ miaƒe dɔwɔɖuia nate mi ɖe aga tso Yehowa gbɔ o. Mito kpɔɖeŋu si mieɖona dzi miana mia viwo nakpɔe be mieka ɖe edzi bliboe be gbɔgbɔmenuwoe nye kesinɔnu gãtɔ kekeake si ate ŋu asu ame si, ke menye ŋutilãmenuwoe o.—Mat. 5:3.

10. Ne ɖekakpui alo ɖetugbui aɖe le agbemedɔ si wòawɔ tiam la, nu ka ŋue wòle be wòabu?

10 Ne ɖekakpui alo ɖetugbuie nènye eye nèle agbemedɔ si nàwɔ ŋu bum la, aleke nàwɔ awɔ tiatia nyuitɔa? Abe ale si míesrɔ̃e ene la, ele be nànya nu si nye wò agbemetaɖodzinu. Ðe hehe si xɔm nèle kple dɔ si ŋu bum nèle be yeava wɔ la aɖe mɔ na wò be nàti Fiaɖuƒea ƒe nuwo yome nyuie wua, alo ɖe wòate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔa? (2 Tim. 4:10) Ðe  wò taɖodzinue nye be yeanɔ agbe abe xexea me tɔ siwo kpɔa dzidzɔ ne ga geɖe le gadzraɖoƒe na wo alo xaa nu ne woƒe ganyawo yi to la enea? Alo ɖe nàtiae be yeaɖe kakaɖedzi si nɔ David si esi wòŋlɔ be, “Menɔ ɖevime tsã, eye azɔ metsi, ke nyemekpɔ be, wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi, eye viawo ɖo abologbe kpɔ o” la afia? (Ps. 37:25) Ðo ŋku edzi be, tiatia aɖe ate wò ɖa tso Yehowa gbɔ, gake tiatia bubu ana nànɔ agbe nyuitɔ kekeake. (Mixlẽ Lododowo 10:22; Maleaxi 3:10.) Tiatia kae nàwɔ? *

MODZAKAÐEÐE KPLE DZIDZƆDONAMENUWO

11. Nya kae Biblia gblɔ tso modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonameɖokui ŋu, gake nu kae wòle be wòanɔ susu me na mí?

11 Biblia metsi tre ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu o, eye nenema kee megblɔ be modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonameɖokui nye ɣeyiɣi gbegblẽ o. Paulo ŋlɔ na Timoteo be: “Ŋutilã me kamedede nyo na nu vi aɖe.” (1 Tim. 4:8) Biblia gblɔ gɔ̃ hã be “nukoɣi li” eye “ɣeɖuɣi li,” eye wòde dzi ƒo be ame nagbɔ ɖe eme ale si dze. (Nyagb. 3:4; 4:6) Gake ne mèkpɔ nyuie o la, modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo ate ŋu ate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ. Aleke wòate ŋu adzɔe? Nu eve aɖewo koŋ gbɔe afɔkua tsona—woawoe nye modzakaɖenu si ƒomevi nètia kple ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèzã ɖe eŋu.

Modzakaɖeɖe si sɔ kple ɣeyiɣi si sɔ zazã ɖe eŋu nana wokpɔa dzidzɔ

12. Nu vevi kawo ŋu wòle be nàde ŋugble le ne èle modzakaɖeɖe alo dzidzɔdonamenu aɖe tiam?

12 Gbã la, bu esiwo ƒomevi nàtia ŋu. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be àte ŋu ake ɖe modzakaɖenu ɖɔʋuwo kple dzidzɔdonamenu nyuiwo ŋu. Gake nyateƒea ye nye be nu siwo le modzakaɖenu akpa gãtɔ me la nye nu siwo Mawu lé fui, siwo dometɔ aɖewoe nye ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔgbɔyɔyɔ kple gbɔdɔnuwɔna manɔsenuwo. Eya ta ele be nàlé ŋku ɖe esiwo ƒomevi doa dzidzɔ na wò la ŋu nyuie. Ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe dziwò? Ðe wòƒãa ŋutasẽnuwɔwɔ, hoʋiʋli sẽŋu alo dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ ɖe mewòa? (Lod. 3:31) Ðe wònaa ga vɔna le kotoku me na wòa? Ðe wòate ŋu aɖia ame bubuwo nua? (Rom. 14:21) Ame kawo ƒomevie nèdea ha kplii le wò modzakaɖeɖea me? (Lod. 13:20) Ðe wòƒãa nu gbegblẽ wɔwɔ ƒe dzodzro ɖe mewòa?—Yak. 1:14, 15.

13, 14. Nu ka ŋu wòle be nàde ŋugble le ku ɖe ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si wòle be nàzã ɖe modzakaɖeɖe ŋu ŋuti?

 13 Azɔ bu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si nèzãna ɖe modzakaɖeɖea ŋuti ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe mezãa ɣeyiɣi geɖe akpa ɖe modzakaɖeɖe ŋu ale gbegbe be ɣeyiɣi ʋɛ aɖe koe susɔna nam matsɔ akpɔ gome le gbɔgbɔmedɔwo mea?’ Ne ètiae be yeazã ɣeyiɣi geɖe fũu akpa ɖe modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo ŋu la, àkpɔe be wò gbɔɖemeɣia mado dzidzɔ na wò ale si dze o. Le nyateƒe me la, ame siwo mezãa ɣeyiɣi fũu akpa ɖe modzakaɖeɖe ŋu o lae sea vivi nɛ wu. Nu ka tae? Nu si tae nye be wonyae be yewowɔ “nu siwo le vevie wu la” do ŋgɔ na modzakaɖeɖea, eya ta ne wole modzaka ɖem la, woƒe dzi dzea eme bɔkɔɔ.—Mixlẽ Filipitɔwo 1:10, 11.

14 Togbɔ be ate ŋu adzro wò vevie be yeazã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe modzakaɖeɖe ŋu hã la, ne èwɔ tiatia ma la, ate ŋu ate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ. Nu si me nɔvinyɔnu aɖe si xɔ ƒe 20, si ŋkɔe nye Kim, to la na wòkpɔ esia dze sii. Egblɔ be: “Tsã la, medea kplɔ̃ɖoƒe ɖe sia ɖe. Kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe la, nu tɔxɛ aɖe yia edzi godoo—Fiɖa, Memleɖa kple Kwasiɖagbe siaa. Gake fifia, mekpɔe be, nu geɖe siwo le vevie wu la li mawɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi menye mɔɖela ta la, mefɔna ŋdi ga 6:00 yia gbeadzi, eya ta nyemate ŋu aganɔ kplɔ̃ɖoƒe ʋuu wòaƒo zã ga ɖeka alo zã ga eve o. Menyae be kplɔ̃ɖoƒewo yiyi menye nu gbegblẽ o, gake woate ŋu anye susuhenu siwo doa kplamatsɛ ame ŋutɔ. Ele be woatsɔ wo aɖo nɔƒe si dze, abe ale si wòle le nu bubu ɖe sia ɖe gome ene.”

15. Aleke dzilawo ate ŋu ana wo viwo nase vivi le modzakaɖeɖe tuameɖowo me?

15 Agba le dzilawo dzi be woakpɔ woawo ŋutɔwo kple wo viwo ƒe ŋutilãme, gbɔgbɔme kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ. Esia bia be woawɔ ɖoɖo ɖe modzakaɖeɖe tuameɖowo ŋu. Ne dzilae nènye la, mègabui be modzakaɖeɖe ɖe sia ɖee gblẽ o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be nànɔ ŋudzɔ ɖe modzakaɖeɖe siwo kpɔa ŋusẽ gbegblẽ ɖe ame dzi ŋu. (1 Kor. 5:6) Ne èbu nuwo ŋu nyuie do ŋgɔ la, àte ŋu awɔ ɖoɖo ɖe modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenu tuameɖowo ŋu na wò ƒomea. * Ne èwɔe alea la, awɔe be wò ŋutɔ kple viwòwo miatia mɔ si ate mi ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli.

ƑOMEKADODOWO

16, 17. Nɔnɔme gbãdziname ka mee dzila geɖewo le, eye aleke míewɔ nya be Yehowa sea woƒe vevesesea gɔme?

16 Le dzɔdzɔme nu la, ƒomedodo si nɔa dzila kple via dome sẽna ŋutɔ, esia tae Yehowa zã ƒomedodo ma tsɔ wɔ kpɔɖeŋu na lɔlɔ̃ si le esi na eƒe dukɔa. (Yes. 49:15) Eya ta ne ƒomea me tɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ la, esɔ le dzɔdzɔme nu be dzilawo naxa nu le eta. Nɔvinyɔnu aɖe si vinyɔnu woɖe le hamea me la gblɔ be: “Nye dzi lólo ɖe dɔ me nam. Mebia ɖokuinye be, ‘Nu ka tae wòdzo le Yehowa gbɔ?’ Ete ɖe dzinye ale gbegbe, eye mebu fɔ ɖokuinye.”

17 Yehowa sea wò vevesesea gɔme. ‘Eɖu dzi na’ eya ŋutɔ hã esime eƒe ƒomea me tɔ siwo nye amegbetɔwo la dometɔ gbãtɔ dze aglã ɖe eŋu; nenema kee wòse le eɖokui me esime amegbetɔwo dze aglã do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa. (1 Mose 6:5, 6) Ate ŋu asesẽ na ame siwo dzi nu sia medzɔ ɖo kpɔ o be woase ale si gbegbe nɔnɔme sia doa nuxaxa na amee la gɔme. Ke hã nunya manɔ eme be nàɖe mɔ agbe maɖɔʋu si nɔm viwò si woɖe le hamea me le la nate wò ɖa tso Yehowa gbɔ o. Ke aleke nàwɔ ado dzi ne wò ƒomea me tɔ aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ?

18. Nu ka tae mele be dzilawo nabu fɔ wo ɖokuiwo ne wo vi aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ o?

18 Mègabu fɔ ɖokuiwò ɖe nu si dzɔ la ta o. Yehowa tsɔ tiatia aɖe ɖo amegbetɔwo ŋkume, eye ƒomea me tɔ ɖeadzɔgbe  xɔnyɔnyrɔ ɖe sia ɖe ‘atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.’ (Gal. 6:5) Nu vɔ̃ wɔla lae Yehowa abia akɔntae le tiatia si wòwɔ ta, ke menye wòe wòabia akɔntae o. (Eze. 18:20) Gakpe ɖe eŋu la, mègabu fɔ ame bubuwo o. De bubu amehehe ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la ŋu. Ele be nànɔ tsitre sesĩe ɖe Abosam ŋu—ke menye ɖe alẽkplɔla siwo ɖea afɔ tsɔ kpɔa hamea ta la ŋu o.—1 Pet. 5:8, 9.

Megblẽ be nànɔ mɔ kpɔm be viwòa atrɔ va Yehowa gbɔ o

19, 20. (a) Nu kae dzila siwo ƒe viwo woɖe le ha me la ate ŋu awɔ be woado dzi le vevesese si esia dona na ame la me? (b) Nu kae wòsɔ be dzila siawo nanɔ mɔ kpɔm na?

19 Gake ne viwò dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ eye nèdo dziku ɖe Yehowa ŋu la, nu kae adzɔ? Esia ate ŋu ate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ. Le nyateƒe me la, ehiã be viwò lɔlɔ̃a nakpɔe be èlɔ̃ Yehowa wu nu sia nu—ele be wòakpɔe be èlɔ̃e wu wò ƒometɔ kplikplikpli gɔ̃ hã. Eya ta be nàte ŋu ado dzi le nɔnɔme sia me la, ele be nàna mia kple Yehowa dome ƒomedodoa me nasẽ. Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga tso nɔviwò Kristotɔwo gbɔ o. (Lod. 18:1) Ðe wò seselelãmewo gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me. (Ps. 62:8, 9) Mèganɔ naneke dim be nàtsɔ ado taflatsɛ be nàde ha kple wò ƒomea me tɔ si woɖe le ha me la o, eɖanye to telefon dzi loo alo to e-mail dzi o. (1 Kor. 5:11) Ƒo ɖokuiwò ɖe gbɔgbɔmedɔwo me bliboe. (1 Kor. 15:58) Nɔvinyɔnu si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be, “Menyae be ele be malé fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu eye mana mía kplii dome ƒomedodoa me nasẽ ale be ne vinyenyɔnua trɔ gbɔ va Yehowa gbɔ la, masu te nyuie akpe ɖe eŋu.”

20 Biblia gblɔ be lɔlɔ̃ ‘kpɔa mɔ na nuwo katã.’ (1 Kor. 13:4, 7) Menye nu gbegblẽe wònye be nànɔ mɔ kpɔm be viwò lɔlɔ̃a atrɔ agbɔ va Yehowa gbɔ o. Ƒe sia ƒe la, nu gbegblẽ wɔla geɖewo trɔa dzi me eye wotrɔna vaa Yehowa ƒe habɔbɔa me. Yehowa menɔa dziku dom ɖe wo ŋu ɖaa le woƒe dzimetɔtrɔ vɔ megbe o. Ke boŋ ‘elɔ̃a tsɔtsɔke.’—Ps. 86:5.

WƆ TIATIA SIWO ME NUNYA LE

21, 22. Aleke nèɖoe be yeawɔ tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe si le asiwò la ŋu dɔe?

21 Yehowa na ablɔɖe eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo be woawɔ tiatia. (Mixlẽ 5 Mose 30:19, 20.) Gake agbanɔamedzi vevi aɖe kpe ɖe ablɔɖe ma ŋu. Ele be Kristotɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Mɔ ka dzi mele? Ðe meɖe mɔ nye dɔwɔɖuia alo agbemedɔ si medi be mawɔ, modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo, alo ƒomekadodowo le teyem ɖa tso Yehowa gbɔa?’

22 Lɔlɔ̃ si le Yehowa si na eƒe amewo la nu metsina gbeɖe o. Nu si ko ate ŋu ate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔe nye ne míawo ŋutɔwo míetia mɔ gbegblẽ aɖe. (Rom. 8:38, 39) Gake mele be esia nadzɔ kura o! Ðoe kplikpaa be màɖe mɔ naneke nate wò ɖe aga tso Yehowa gbɔ o. Nyati si kplɔe ɖo la adzro nu ene bubu siwo hã me wòle be nàwɔ esia le la me.

^ mm. 10 Ne èdi nyatakaka bubuwo ku ɖe agbemedɔ si nàtia ŋu la, kpɔ Questions Young People Ask—Answers That Work (Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques), Babla 2, ta 38.

^ mm. 15 Kpɔ November 2011 ƒe yevugbe me Nyɔ!, axa 17-19 hena aɖaŋuɖoɖo bubuwo.