“Mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ene, be miayi edzi atsri ŋutilã ƒe nudzodzrowo.”—1 PET. 2:11.

1, 2. Ame kawoe Petro yɔ be “ame tiatiawo,” eye nu ka tae wògblɔ be wonye “ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe”?

ƑE 30 aɖewo le Yesu ƒe dziƒoyiyi vɔ megbe la, apostolo Petro ŋlɔ lɛta aɖe na “amedzro siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe, siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia, kple Bitinia, ame siwo nye ame tiatiawo” la. (1 Pet. 1:1) Eme kɔ ƒãa be, esi Petro zã nyagbɔgblɔ “ame tiatiawo” la, enɔ nu ƒom tso ame siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na, siwo “wodzi . . . yeyee hena mɔkpɔkpɔ gbagbe” wo be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo abe eya ŋutɔ ke ene la ŋu. (Mixlẽ 1 Petro 1:3, 4.) Gake nu ka tae wòva yɔ ame tiatia siawo emegbe be “amedzrowo kple ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe”? (1 Pet. 2:11) Eye nu ka tae wòle be mí katã míatsɔ ɖe le nya sia me esi wònye be egbea Ðasefo ʋɛ aɖewo koe gblɔ be amesiaminawo alo ame tiatiawoe yewonye?

2 Esɔ be wozã nyagbɔgblɔ “amedzro siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe” la na amesiamina siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔa me. Womenɔ anyigba dzi ɖaa o; eye ƒuƒoƒo sia me tɔ susɔe siwo le agbe fifia hã manɔ anyigba dzi ɖaa o. Apostolo Paulo si ŋutɔ hã nye “alẽha sue” si me tɔwo nye amesiaminawo dometɔ ɖeka la ɖe eme be: “Ke míawo ya la, míaƒe dumevinyenye ƒe gomenɔamesi le dziƒowo, afi si hã míele ɖela, si nye Aƒetɔ Yesu Kristo la, lalam vevie tso.” (Luka 12:32; Flp. 3:20) Esi amesiaminawo ƒe “dumevinyenye ƒe gomenɔamesi le dziƒowo” ta la, ne woku la, wodzona le anyigba sia si dzi Satana kpɔ ŋusẽ ɖo la dzi, eye woxɔa nane si nyo wu, si nye makumakugbenɔnɔ le dziƒo. (Mixlẽ Filipitɔwo 1:21-23.) Wole anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko, eya ta woate ŋu agblɔ be wonye “ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe” vavã.

3. Nyabiase si ku ɖe ‘alẽ bubuawo’ ŋu kae fɔ ɖe te?

3 Ke ‘alẽ bubuawo’ ya ɖe? (Yoh. 10:16) Ŋɔŋlɔawo gblɔ be woava nɔ anyigba dzi tegbee. Ɛ̃, anyigba la ava  zu woƒe aƒe tegbee! Ke hã le gɔmesese aɖe nu la, woate ŋu abu woawo hã fifia abe ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ene. Le gɔmesese ka nu?

“NUWƆWƆ BLIBO LA KATÃ LE ŊEŊEM ÐEKAE”

4. Nu kae xexemekplɔlawo mete ŋu le mɔ xem na o?

4 Zi ale si Yehowa ɖe mɔ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia kpɔtɔ li la, ame sia ame anɔ fu kpem le nu gbegblẽ siwo do tso aglã si Satana dze ɖe Yehowa ŋu me la si me, Kristotɔwo hã le eme. Biblia gblɔ le Romatɔwo 8:22 be: “Míenyae be nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem ɖekae, eye wòle veve sem ɖekae va se ɖe fifia.” Xexea sia ƒe kplɔlawo, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo, alo gakpekpeɖeŋunalawo mete ŋu le amegbetɔƒomea ƒe fukpekpewo ɖem ɖa o, togbɔ be wodi vevie be yewoaɖe wo ɖa hã.

5. Tso keke ƒe 1914 me ke la, afɔ kae ame miliɔn geɖe ɖe, eye nu ka tae?

5 Esia ta tso keke ƒe 1914 me ke la, ame miliɔn geɖe tiae be yewoanye Fia, Kristo Yesu, si Mawu ɖo zi dzi la, teviwo. Womedi be yewoanye Satana ƒe xexemenuɖoanyia ƒe akpa aɖeke kura o. Wogbe be yewomade Satana ƒe xexea dzi o. Ke boŋ wozãa woƒe agbe kple nunɔamesiwo tsɔ kpea asi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu hedoa eƒe nuwo ɖe ŋgɔ.—Rom. 14:7, 8.

6. Gɔmesese ka nue woate ŋu ayɔ Yehowa Ðasefowo be amedzrowo le?

6 Ɛ̃, Yehowa Ðasefowo nye dukɔmevi siwo wɔa se dzi le dukɔ siwo wu 200 sɔŋ me, ke hã dukɔ ka ke mee woɖale o, wole abe amedzrowo ene. Womedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe kple aglãdzenuwɔnawo me o. Eye fifia gɔ̃ hã la, wobua wo ɖokuiwo be yewonye xexe yeye aɖe, si Mawu awɔ la, me tɔwo. Edoa dzidzɔ na wo be esusɔ vie ko yewomegale amedzrowo nye ge le xexemenuɖoanyi madeblibo sia me azɔ o.

Míedoa alɔ Satana ƒe xexea le mɔ aɖeke nu o. Míehea amewo ƒe susu yia Mawu ƒe xexe yeyea dzi

7. Aleke wòadzɔe be Mawu subɔlawo nava zu anyigbadzinɔlawo tegbee, eye aleke anyigba dzi anɔ ɣemaɣi?

7 Eteƒe madidi o, Kristo awɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ ahatsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ɖa. Kristo ƒe dziɖuɖu debliboa aɖe nu vɔ̃ kple blanuiléle ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi. Aɖe ame ɖe sia ɖe si dzea aglã ɖe Yehowa  ƒe dziɖulanyenye ŋu la ɖa. Mawu subɔla wɔnuteƒewo ava zu Paradisonyigba la dzi nɔlawo tegbee. (Mixlẽ Nyaɖeɖefia 21:1-5.) Ekema “woaɖe” nuwɔwɔ la “tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la” le gɔmesese deblibo nu.—Rom. 8:21.

NU KAWOE WODI TSO KRISTOTƆ VAVÃWO SI?

8, 9. Esi Petro gblɔ be ‘míatsri ŋutilã ƒe nudzodzrowo’ la, nu kawo tututu wòwɔnɛ?

8 Petro ɖe nu si wodi tso Kristotɔwo si la me esi wòyi edzi gblɔ be: ‘Lɔlɔ̃tɔwo, mele nu xlɔ̃m mi abe amedzrowo kple ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe la ene, be miayi edzi atsri ŋutilã ƒe nudzodzro siwo le avu wɔm kple luʋɔ la.’ (1 Pet. 2:11) Kristotɔ amesiaminawoe wòɖo aɖaŋu ma na, gake ele be Yesu ƒe alẽ bubuawo hã nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi.

9 Ne amegbetɔwo ɖi kɔ na dzodzro aɖewo le ale si Wɔla la ɖoe nu la, naneke megblẽ le wo ŋu o. Ke boŋ wonaa agbea gavivina ɖe edzi. Le kpɔɖeŋu me, dzodzro aɖewo le dzɔdzɔme nu, abe nuɖuɖu viviwo kple nunono dodzidzɔnamewo, modzakaɖeɖe kpakple hadede tuameɖowo ene. Esɔ eye wòle dzɔdzɔme nu hã be srɔ̃tɔ aɖe nadi be ye kple ye srɔ̃ yewoadɔ. (1 Kor. 7:3-5) Gake esɔ nyuie be Petro na eme kɔ ƒãa be “ŋutilã ƒe nudzodzro” siwo ŋu yele nu ƒom tsoe lae nye esiwo “le avu wɔm kple luʋɔ la.” Biblia gɔmeɖeɖe aɖewo ɖe eme be “ŋutilã ƒe dzodzro makɔmakɔwo” (King James Version) alo “dzodzro vɔ̃wo” (New International Version). Eme kɔ ƒãa be, ele be míaɖu dzodzro ɖe sia ɖe si tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo ŋu, si ate ŋu agblẽ mía kple Mawu dome ƒomedodo me la dzi. Ne menye nenema o la, esia ate ŋu akplɔ mí ayi tsɔtsrɔ̃ me.

10. Mɔ siwo dzi tom Satana le be yeana Kristotɔ vavãwo nava nye xexe sia ƒe akpa aɖe la dometɔ aɖewo ɖe?

10 Satana ƒe taɖodzinue nye be yeana tame si Kristotɔ vavãwo ɖo kplikpaa be yewoayi edzi anɔ anyi le fifi nuɖoanyi sia me abe “ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe” ene la me nagbɔdzɔ. Ele be míade dzesii be ŋutilãmenuwo yome nɔnɔ ƒe dzodzro sẽŋu la, gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe amebleŋusẽ la, ŋkɔxɔxɔ alo nɔƒe gã nɔnɔ ƒe ameheŋusẽ la, “tɔnye-ko-nenyo” ƒe dzodzro sesẽ la, kple dulɔlɔ̃ ƒe gbɔgbɔ si hea ame la katã nye Satana ƒe mɔ̃tetrewo. Ne míeɖoe kplikpaa ƒoa asa na ŋutilã ƒe nudzodzro manɔsenu siawo la, míeɖenɛ fiana wòdzena ƒãa be míedi be míanye Satana ƒe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa aɖeke o. Míetoa esia me ɖoa kpe edzi be míele agbe nɔm abe ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko ene. Nu si koŋ nye míaƒe didi, si tae míele kutri kum ɖo, ye nye be míava zu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me nɔlawo tegbee.

AGBENƆNƆ NYUI

11, 12. Aleke amewo bua amedzrowo ɣeaɖewoɣi, eye aleke ame aɖewo bua Yehowa Ðasefowoe?

11 Petro yi edzi ɖe nu si wodi tso Kristotɔ siwo le abe “ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe” ene si la me hegblɔ le kpukpui 12 lia me be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ nanyo le dukɔwo dome, bene le nu si me wole nu ƒom tsi tsitre ɖe mia ŋu abe vɔ̃wɔlawo ene le me la, le miaƒe dɔ nyui siwo teƒe wokpɔ ŋuti la, woado Mawu ɖe dzi le kpɔkpɔɖaŋkeke la dzi.” Ɣeaɖewoɣi la, amewo ƒoa nu tsia tsitre ɖe ame siwo nye amedzrowo le dukɔ aɖe me la ŋu, le esi woto vovo na dumeviwo ko ta; eye wobua wo abe vɔ̃wɔlawo ene gɔ̃ hã. Ale si woƒoa nui, woƒe nuwɔnawo, woƒe awudodo, ɖewohĩ woƒe dzedzeme kura gɔ̃ hã ate ŋu ato vovo le mɔ aɖewo nu. Gake ne wowɔa dɔ nyuiwo, si fia be, ne woƒe agbenɔnɔ nyo la, nya vɔ̃ ka kee woɖagblɔ tso wo ŋu o, ame bubuwo kpɔnɛ be menye ame vɔ̃ɖiwoe wonye o.

12 Nenema kee Kristotɔ vavãwo to vovo na ame siwo dome wole la dometɔ  geɖewo le mɔ geɖe nu, abe le dzeɖoɖo alo modzakaɖenuwo tiatia me ene. Zi geɖe la, woƒe awudodo kple dzadzraɖo nana wòɖea dzesi be woto vovo na woƒe nutoa me tɔ akpa gãtɔ. Le vovototo siawo ta la, ame siwo wogblẽ wo ŋu na la tsoa wo nu abe ame vɔ̃ɖiwoe wonye ene. Ke hã ame bubuwo ate ŋu akafu wo ɖe woƒe agbenɔnɔ ta.

13, 14. Nu kae wòfia be nunya “ƒe dɔwɔwɔwo mee eƒe dzɔdzɔenyenye dzena le”? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.

13 Ɛ̃, míaƒe agbenɔnɔ nyui ate ŋu ana amewo nakpɔe be susu aɖeke meli si tae woaƒo nu atsi tre ɖe mía ŋu ɖo o. Wogblɔ alakpanyawo le Yesu, si nye amegbetɔ ɖeka pɛ si wɔ nuteƒe na Mawu bliboe, si nɔ anyigba dzi afi sia kpɔ la gɔ̃ hã ŋu. Ame aɖewo yɔe be “nu tsu ɖula kple wain tsu nola, nudzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo xɔlɔ̃.” Gake nyateƒea ye nye be, eƒe agbenɔnɔ nyui kple Mawu subɔsubɔ na wòdze ƒãa be menye nu vɔ̃ wɔlae wònye o. Yesu gblɔ be: “Nunya ƒe dɔwɔwɔwo mee eƒe dzɔdzɔenyenye dzena le.” (Mat. 11:19) Nenema kee wòle egbea hã. Le kpɔɖeŋu me, mía nɔvi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo subɔna le Betel-ƒe si le Selters, Germany, me la, ƒe aƒelikawo bua wo be woto vovo kura. Gake nutoa dzikpɔla xɔ nya ɖe nɔviawo ta gblɔ be: “Enye nyateƒe be Ðasefo siwo le subɔsubɔm le afi ma la ƒe agbenɔnɔ to vovo ya, gake ema meɖea fu na nutoa me tɔ bubuwo le mɔ aɖeke nu o.”

Biblia me nyateƒea kpe ɖe Russiatɔwo ƒe ƒome sia ŋu wowɔ ɖeka

14 Nenema tɔgbie woƒo nya ta le nya aɖe si fɔ ɖe te ku ɖe Yehowa Ðasefo siwo le Moscow, Russia, ŋu la gome. Wotso wo nu alakpatɔe be wowɔ nu gbegblẽ vovovowo. Gake le June 2010 me la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe, si le Strasbourg, France, la tso afia be: “Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be ale si [Moscow ƒe dziɖuɖumegãwo] tu afɔkpo habɔbɔ si sama wo la me tɔwo ƒe mawusubɔsubɔ kple hadede kple wo nɔewo ƒe gomenɔamesi me la mele se nu o. Woƒe dukɔa me ʋɔnudrɔ̃ƒewo mete ŋu ‘ɖe nu me wòde edeƒe kple kpeɖodzi vavã’ be amesamalawo” da se dzi o; le kpɔɖeŋu me, womete ŋu ɖo kpe edzi be Ðasefowo gbaa ƒomewo, wodea ameɖokuiwuwu ƒe dzi ƒo, alo gbena be woagawɔ atike na yewo le kɔdzi o. Eya ta Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo zã Moscow ƒe se siwo le kpaɖii la le mɔ gbegblẽ nu ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu.

ELE BE MÍABƆBƆ MÍA ÐOKUI ÐE DZIÐUÐUWO TE

15. Biblia me gɔmeɖose ka dzie Kristotɔ vavãwo wɔna ɖo le xexea me katã?

15 Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo siwo le Moscow kple esiwo le xexea me katã la wɔna ɖe nu bubu aɖe si wodi tso Kristotɔwo si, si ŋu Petro ƒo nu tsoe la dzi. Egblɔ be: ‘Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe amegbetɔwo ƒe nuɖoanyiwo katã te le Aƒetɔ la ta: eɖanye fia si le ɖoƒe kɔkɔ, alo nutomefia o.’ (1 Pet. 2:13, 14) Togbɔ be Kristotɔ vavãwo menye xexea ƒe akpa aɖeke o hã la, wolɔ̃na faa bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe dziɖuɖuwo te, le esi wònye be “Mawue ɖe mɔ wole  woƒe nɔƒe, siwo seɖoƒe li na” ta, abe ale si Paulo ɖo aɖaŋu na wo ene.—Mixlẽ Romatɔwo 13:1, 5-7.

16, 17. (a) Nu kae ɖo kpe edzi be míetsia tsitre ɖe dziɖuɖuwo ŋu o? (b) Nu ka dzie dziɖuɖumegã aɖewo lɔ̃ ɖo?

16 Yehowa Ðasefowo le fifi nuɖoanyi sia me abe “ame siwo li hena ɣeyiɣi aɖe” ene, gake menye ɖe wodi be yewoatsi tsitre ɖe dziɖuɖuwo ŋu o; nenema kee wometsia tsitre ɖe ame siwo le woawo ŋutɔwo ƒe dunyahehe alo hadomegbenɔnɔ ŋuti nyametsotsowo wɔm la ŋu o. To vovo na subɔsubɔha bubuwo la, Yehowa Ðasefowo ya medea nu dunyahehe me o. Womedzea agbagba be yewoaɖo ale si dziɖuɖumegãwo akplɔ wo teviwoe la na wo o. Nu si amewo susu be woadi be yewoade tɔtɔ hadomeɖoɖowo me alo woadi be yewoadze aglã ɖe dziɖuɖuwo ŋu la menye nyateƒe o!

17 Kristotɔ vavãwo wɔna ɖe dziɖuɖumegãwo ƒe sededewo dzi, abe ale si Petro ɖo aɖaŋu na wo be ‘woabu fia la’ ene, tsɔ ɖenɛ fiana be yewodea bubu dziɖuɖumegãwo ŋutɔwo kple ɖoƒe siwo wole la ŋu. (1 Pet. 2:17) Ɣeaɖewoɣi la, dziɖuɖumegãwo lɔ̃na ɖe edzi be susu gobi aɖeke meli si tae wòle be yewoatsi dzimaɖi le Yehowa Ðasefowo ta o. Le kpɔɖeŋu me, Germany dunyahela Steffen Reiche, si nye dudɔnunɔla aɖaŋuɖola le Brandenburg nuto gã me tsã, si va zu Germany sewɔtakpekpe me tɔ emegbe la gblɔ be: “Nɔnɔme nyui siwo Yehowa Ðasefowo ɖe fia le gakpɔwo kple gaxɔwo me la le vevie ŋutɔ egbea abe ale si wonɔ vevie le ŋkeke siwo va yi me la ene na demokrasi dukɔwo ƒe anyinɔnɔ: eyae nye be, wonɔ tsitre sesĩe ɖe SS-srafowo nu eye woɖe havilɔlɔ̃ fia gamenɔla bubuwo. Ne míebu ale si gbegbe ŋutasesẽ ɖe amedzrowo kple dunyaheha bubu me tɔwo alo ame siwo ƒe susu to vovo le dunyawo me ŋu le dzidzim ɖe edzii ŋu la, míekpɔe be ele vevie ŋutɔ be míaƒe dukɔa me vi ɖe sia ɖe nasrɔ̃ nɔnɔme nyui siawo.”

ELE BE MÍALƆ̃ MÍA NƆVIAWO KATÃ

18. (a) Nu ka tae mewɔ nuku be míelɔ̃a nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la o? (b) Nu kae ame aɖewo siwo menye Ðasefowo o kpɔ dze sii?

18 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Milɔ̃ nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã, mivɔ̃ Mawu.” (1 Pet. 2:17) Yehowa Ðasefowo vɔ̃a Mawu, si fia be wovɔ̃na na nu si medzea eŋu o la wɔwɔ, eye esia hã ʋãa wo wowɔa eƒe lɔlɔ̃nu. Wokpɔa dzidzɔ be yewonye xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ siwo le Yehowa subɔm la me tɔwo. Eya ta mewɔ nuku o be “[wolɔ̃a] nɔviwo ƒe habɔbɔ blibo la katã.” Nɔvilɔlɔ̃ sia ƒomevi megabɔ le ɖokuitɔdidi ƒe xexe sia me o, eye esia wɔa nuku na ame siwo menye Ðasefowo o. Le kpɔɖeŋu me, esi nyɔnu aɖe si kplɔa modzakaɖetsaɖilawo tsanae, si wɔa dɔ na Amerikatɔwo ƒe mɔzɔdɔwɔƒe aɖe la kpɔ ale si gbegbe Ðasefowo ɖe lɔlɔ̃ fia vavala siwo tso dukɔ vovovowo me va dukɔwo dome takpekpe aɖe si wowɔ le Germany le ƒe 2009 me kple ale si gbegbe wokpe ɖe wo ŋui teƒe la, ewɔ nuku nɛ ale gbegbe. Egblɔ be ƒe gbogbo aɖee nye esia yekplɔa modzakaɖetsaɖilawo tsana, gake yemekpɔ nu sia tɔgbi kpɔ o. Emegbe Ðasefoawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Nya ɖe sia ɖe si nyɔnua gblɔ tso mía ŋu la, egblɔe kple dzidzɔ kple seselelãme aɖe si ɖee fia be ewɔ nuku nɛ ŋutɔ.” Ðe wò ŋutɔ èsee amewo ƒo nu tso Ðasefowo ŋu alea esi wokpɔ woƒe nuwɔwɔ teƒe le nutome gã takpekpe aɖe si nède me kpɔa?

19. Nu kae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ, eye nu ka tae?

19 Le mɔ siawo kple bubuwo nu la, Yehowa Ðasefowo ɖenɛ fiana be yewonye ‘ame siwo le Satana ƒe nuɖoanyi sia me hena ɣeyiɣi kpui aɖe,’ alo amedzrowo, le gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu. Wowɔa esia kple dzidzɔ, eye woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi alea. Kakaɖedzi sẽŋu aɖe le mɔkpɔkpɔ si le wo si be, eteƒe madidi o, yewoava zu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenyexexe yeyea me nɔlawo tegbee la ŋu. Ðe mèle mɔ kpɔm na esia vevie oa?