Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo To Mawu Ne Eƒe Ŋugbedodo Siwo Dzi Wòka Atam Ðo Naɖe Vi Na Wò

Ðo To Mawu Ne Eƒe Ŋugbedodo Siwo Dzi Wòka Atam Ðo Naɖe Vi Na Wò

“Esi ame aɖeke melolo [wu Mawu] wòatsɔ aka atam o ta la, etsɔ eɖokui ka atam.”​—HEB. 6:13.

1. Aleke Yehowa ƒe ŋugbedodowo to vovo na amegbetɔwo ƒe ŋugbedodowo?

YEHOWA nye ‘Mawu nyateƒetɔ.’ (Ps. 31:6) Womate ŋu aka ɖe amegbetɔ nu vɔ̃ mewo dzi ɣesiaɣi o, gake ‘Mawu ya mate ŋu aka aʋatso o.’ (Heb. 6:18; mixlẽ 4 Mose 23:19.) Tame nyui siwo wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la vaa eme ɣesiaɣi. Le kpɔɖeŋu me, nu sia nu si Mawu gblɔ le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe gɔmedzedze be yeawɔ la ‘va eme nenema.’ Eya ta le nuwɔwɔ ƒe ŋkeke adelia ƒe nuwuwu la, “Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.”—1 Mose 1:6, 7, 30, 31.

2. Nu kae nye Mawu ƒe dzudzɔŋkeke la, eye nu ka tae “wòkɔ eŋuti” ɖo?

2 Esi Yehowa Mawu gblɔ be nu siwo katã yewɔ la nyo ŋutɔ vɔ la, egblɔ be ŋkeke adrelia dze egɔme; esia menye gaƒoƒo 24 ƒe ŋkeke o, ke boŋ enye ɣeyiɣi ƒe didime aɖe si me wòle eɖokui dzudzɔm le, si me megawɔ anyigbadzinu aɖeke le o. (1 Mose 2:2) Mawu ƒe dzudzɔŋkekea mewu enu haɖe o. (Heb. 4:9, 10) Biblia meɖe ɣeyiɣi si tututu ŋkeke sia dze egɔme la fia o. Gake míenya be edze egɔme ɣeaɖeɣi le Adam srɔ̃, Xawa, wɔwɔ vɔ megbe, anɔ abe ƒe 6,000 ene ye nye esi va yi. Eteƒe madidi o, Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua adze egɔme. Dziɖuɖu sia akpɔ egbɔ be tame si Mawu ɖo ɖe anyigba ŋu esime wòwɔe, si nye be wòanye paradiso tegbee eye amegbetɔƒome deblibo nayɔ edzi, la nava eme. (1 Mose 1:27, 28; Nyaɖ. 20:6) Ðe nàte ŋu aka ɖe edzi be etsɔme ma si me dzidzɔ axɔ aƒe ɖo la asu asiwòa? Ɛ̃, àte ŋu aka ɖe edzi! Elabena “Mawu yra ŋkeke adrelia, eye wòkɔ eŋuti.” Esia nye kpeɖodzi be, kuxi ka kee ado mo ɖa le ɣeyiɣi ma me o, kaka Mawu ƒe dzudzɔŋkekea nawu enu la, eƒe tameɖoɖoa ava eme godoo.—1 Mose 2:3.

3. (a) Esi Mawu ƒe dzudzɔŋkekea dze egɔme megbe la, kuxi kae do mo ɖa? (b) Aleke Yehowa ɖe ale si wòɖoe be yeava kpɔ kuxi ma gbɔe la gblɔe?

 3 Gake esi Mawu ƒe dzudzɔŋkekea dze egɔme megbe la, kuxi aɖe do mo ɖa. Satana, Mawu ƒe vi siwo nye mawudɔlawo dometɔ ɖeka, wɔ eɖokui mawu hetsi tsitre ɖe Yehowa ŋu. Eyae ka aʋatso gbãtɔ eye wòble Xawa wògbe toɖoɖo Yehowa. (1 Tim. 2:14) Emegbe Xawa hã na srɔ̃a gbe toɖoɖo Yehowa. (1 Mose 3:1-6) Togbɔ be nu mae nye nu vɔ̃ɖitɔ kekeake si dzɔ tso esime Mawu wɔ dziƒo kple anyigba, si me wotɔ gbe eƒe nyateƒetɔnyenye le hã la, Yehowa mekpɔe be ehiã be yeaka atam atsɔ aɖo kpe edzi be yeƒe tameɖoɖoa ava eme godoo o. Ke boŋ Mawu gblɔ nya aɖe si gɔme woava se le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Ðeko wògblɔ ale si wòava kpɔ kuxia gbɔe kpuie be: “Made adikã [wò, Satana,] kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya [Dzidzimevi si ŋugbe wodo] la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.”—1 Mose 3:15; Nyaɖ. 12:9.

ATAMKAKA NYE KPEÐODZINU SI LE SE NU

4, 5. Nu si sɔ le se nu ka ŋu dɔe Abraham wɔ ɣeaɖewoɣi?

4 Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze ma la, ɖewohĩ mehiãna kura be ame naka atam atsɔ aɖo kpe edzi be nya si yegblɔ la nye nyateƒe o. Mehiã be nuwɔwɔ deblibo siwo lɔ̃ Mawu eye wosrɔ̃a eyama la nata nu alo aka atam o. Wotoa nyateƒe ɣesiaɣi, eye wokana ɖe wo nɔewo dzi bliboe. Gake tso esime atsu kple asi gbãtɔ wɔ nu vɔ̃ eye wozu ame madeblibowo la, amegbetɔwo va te aʋatsokaka. Eya ta mlɔeba la, eva le vevie be amewo naka atam atsɔ aɖo kpe nya veviwo ƒe nyateƒenyenye dzi.

5 Atamkaka nye kpeɖodzinu aɖe si le se nu, si ŋu dɔ blemafofo Abraham wɔ, ne mede ɖeke o la, zi etɔ̃ ya teti wòɖe vi geɖe. (1 Mose 21:22-24; 24:2-4, 9) Le kpɔɖeŋu me, ewɔ esia ŋu dɔ esi wòyi ɖasi Edom fia la kple dukɔ siwo wɔ ɖeka kplii la vɔ hetrɔ gbɔna. Salem kple Sodom fiawo do yi ɖakpe Abraham le mɔ dzi. Melxizedek ye nye Salem fia la, eye eganye “Mawu dziƒoʋĩtɔ ƒe nunɔla” hã. Eya ta eyra Abraham hekafu Mawu be ekpe ɖe Abraham ŋu wòɖu eƒe futɔwo dzi. (1 Mose 14:17-20) Eyome esi Sodom fia la di be yeaɖo eteƒe na Abraham le esi wòyi ɖaxɔ fia la ƒe amewo tso aʋakɔ siwo va dze wo dzi si me ta la, Abraham kɔ asi dzi ka atam be: “Meta Yehowa, Mawu dziƒoʋĩtɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la bena, nyemaxɔ naneke atso nu siwo katã nye tɔwò la me o, ka loo, alo atokotaka gɔ̃ hã o, bena nàgagblɔ bena, yee wɔ Abram wòzu kesinɔtɔ o!”—1 Mose 14:21-23.

YEHOWA KA ATAM ESI WÒDO ŊUGBE TƆXƐ AÐE NA ABRAHAM

6. (a) Kpɔɖeŋu kae Abraham ɖo ɖi na mí? (b) Aleke Abraham ƒe toɖoɖoa aɖe vi na mí?

6 Le amegbetɔ nu vɔ̃ mewo ƒe nyonyo ta la, Yehowa Mawu hã ka atam esime wògblɔ nya siawo tɔgbi be, “Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe.” (Eze. 17:16) Biblia la ƒo nu tso nudzɔdzɔ 40 kple edzivɔ, siwo me Yehowa Mawu ka atam le, la ŋu. Ðewohĩ esi ame geɖe nya nyuie ye nye atam si Mawu ka na Abraham. Le Abraham ƒe agbenɔɣi katã la, Yehowa bla nu alo do ŋugbe geɖewo nɛ. Nubabla mawo na Abraham kpɔe dze sii be yeƒe dzidzimeviwo mee Dzidzimevi si ŋugbe wodo la adzɔ tso, to ye vi Isak dzi. (1 Mose 12:1-3, 7; 13:14-17; 15:5, 18; 21:12) Emegbe Yehowa wɔ dodokpɔ sesẽ aɖe na Abraham esi wòbia tso esi be wòatsɔ viaŋutsu si gbɔ melɔ̃a nu le o la asa vɔ na ye. Abraham mehe  ɖe megbe o, eɖo to Mawu ƒe gbe, eye esi wòtsɔ hɛ be yeawu Isak atsɔ asa vɔe la, mawudɔla aɖe gblɔ nɛ be megawɔe o. Eyome Mawu ka atam sia na Abraham be: “Meta ɖokuinye, elabena esi nèwɔ nu sia, eye mète wò tenuvi ɖeka lam o la, eya ta mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũu abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene, eye wò dzidzimeviwo atsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee. To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le, elabena èɖo to nye gbe.”—1 Mose 22:1-3, 9-12, 15-18.

7, 8. (a) Taɖodzinu ka tae Mawu ka atam na Abraham ɖo? (b) Aleke Mawu ƒe ŋugbedodo si dzi wòka atam ɖo na Abraham la aɖe vi na Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo’?

7 Nu ka tae Mawu ka atam na Abraham tsɔ ɖo kpe edzi nɛ be yeƒe ŋugbedodowo ava eme ɖo? Ewɔ esia be yeatsɔ ana kakaɖedzi ame siwo ava nye Kristo ƒe hadomenyilawo, siwo nye ‘dzidzimevi’ si ŋugbe wodo la ƒe akpa evelia, eye be yeado ŋusẽ woƒe xɔse. (Mixlẽ Hebritɔwo 6:13-18; Gal. 3:29) Abe ale si apostolo Paulo ɖe eme ene la, Yehowa ‘ka atam tsɔ ɖo kpe edzi, ale be le nu eve siwo metrɔna o, siwo me Mawu mate ŋu aka aʋatso le o [eƒe ŋugbedodo kple eƒe atamkaka] me la, dzideƒo sẽŋu nanɔ mía . . . si, be míalé mɔkpɔkpɔ si woɖo mía ŋkume la me ɖe asi sesĩe.’

Eteƒe madidi o, Abraham akpɔe be Yehowa ƒe ŋugbedodowo va eme

8 Menye Kristotɔ amesiaminawo koe ŋugbe si Mawu do na Abraham heka atam ɖe edzi nɛ la aɖe vi na o. Yehowa ka atam be, to Abraham ƒe ‘dzidzimevia’ dzi la, “woayra anyigba dzi dukɔwo katã.” (1 Mose 22:18) Kristo yomedzela toɖola ‘alẽ bubuawo,’ siwo le mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi la hã le ame yayra mawo dome. (Yoh. 10:16) Eɖanye dziƒomɔkpɔkpɔ alo anyigbadzimɔkpɔkpɔe le asiwò o, yi edzi ‘nàlé eme ɖe asi sesĩe’ to toɖoɖo Mawu le nu sia nu si nèwɔna me la me.—Mixlẽ Hebritɔwo 6:11, 12.

MAWU ƑE ATAMKAKA BUBU SIWO DO ƑOME KPLE ŊUGBE SI WÒDO NA ABRAHAM

9. Atam kae Mawu ka esime Abraham ƒe dzidzimeviwo nɔ kluvinyenye me le Egipte?

9 Le ƒe alafa geɖe megbe la, Yehowa gaka atam aɖe si do ƒome kple eƒe ŋugbedodo siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la esime wòdɔ Mose be wòayi aɖaƒo nu kple Abraham ƒe dzidzimevi siwo nɔ kluvinyenye me le Egipte ɣemaɣi la. (2 Mose 6:6-8) Esi Mawu nɔ susu hem yi nudzɔdzɔ sia dzi emegbe la, egblɔ be: ‘Gbe si gbe  metia Israel la, mekɔ nye asi dzi na wo hegblɔ bena: . . . makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi ayi anyigba, si medi da ɖi na wo la dzi, afi si notsi kple anyitsi bɔ ɖo.’—Eze. 20:5, 6.

10. Esi Mawu ɖe Israel viwo tso Egipte megbe la, ŋugbe kae wòdo na wo?

10 Esi woɖe Israel viwo tso Egipte megbe la, Yehowa gado ŋugbe bubu aɖe na wo be: “Ne miaɖo to nye gbe, eye mialé nye nubabla me ɖe asi la, ekema mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, elabena anyigba blibo la tɔnyee. Eye mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam!” (2 Mose 19:5, 6) Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi Mawu tsɔ ɖo Israel viwo ŋkume! Efia be, ne woɖo to Yehowa la, gbe ɖeka la, atia ame aɖewo tso dukɔ ma dome ahawɔ wo woanye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe si dzi wòato ayra amegbetɔ susɔeawo le anyigba dzi. Esia megbe la, esi Yehowa nɔ eme ɖem be atam wònye yeka na Israel ɣemaɣi la, egblɔ be: “Meka atam na wò, eye mebla nu kpli wò nèzu tɔnye.”—Eze. 16:8.

11. Aleke Israel viwo wɔ nui esime Mawu kpe wo be woanye yeƒe dukɔ tiatia?

11 Ɣemaɣi la, Yehowa mezi Israel dukɔa dzi be woaka atam na ye be yewoaɖo to ye o; eye Mawu meƒoe ɖe Israel viwo nu hã be woalɔ̃ ɖe mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si yetsɔ ɖo wo ŋkume la dzi o. Ke boŋ woawo ŋutɔwo gblɔ tso dzi me faa be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.” (2 Mose 19:8) Ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yehowa Mawu na Israel viwo nya nu siwo wòdi tso wo si be woawɔ abe yeƒe dukɔ tiatia ene. Gbã la, wosee Yehowa ŋutɔ de Se Ewoawo na wo, eye emegbe Mose va xlẽ se bubu siwo woŋlɔ ɖe 2 Mose 20:22 va se ɖe 2 Mose 23:33 la na wo. Nya kae Israel viwo gblɔ le esia megbe? “Tete dukɔ la katã ɖo ŋu yoo gblɔ bena: Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe!” (2 Mose 24:3) Emegbe Mose ŋlɔ seawo ɖe “agbalẽ, si me nubablanyawo le” la me eye wòkɔ gbe dzi xlẽe na dukɔ blibo la be woagase wo ake. Esi wòxlẽe na wo vɔ la, dukɔ la gaka atam zi etɔ̃lia be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe, eye míalé eme ɖe asi!”—2 Mose 24:4, 7, 8.

12. Esi Yehowa bla nu kple Israel viwo vɔ megbe la, nu kae wòwɔ, gake aleke dukɔa wɔ nu le woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu megbe?

12 Enumake Yehowa dze ŋugbe si wòdo na Israel viwo le nu si wòbla kpli wo me la dzi wɔwɔ gɔme. Etia nunɔla siwo asubɔ le avɔgbadɔ si me wodea ta agu nɛ le me la na wo. Nunɔla mawo akpe ɖe amegbetɔ madeblibowo ŋu be woanɔ ƒomedodo nyui me kple Mawu. Gake Israel viwo ya mewɔ adzɔgbe si woɖe na Mawu la dzi o eye “wodo dziku na Israel ƒe kɔkɔetɔ la.” (Ps. 78:41) Le kpɔɖeŋu me, esime Mose yi Sinai Toa dzi eye eƒe ŋku biã ɖe mɔfiame bubuwo xɔxɔ ŋu la, Israel viwo wɔ nu dzitsitsitɔe eye womegaxɔ Mawu dzi se o eye wosusu be Mose gblẽ yewo ɖi. Eya ta wowɔ sikanyivi aɖe eye wogblɔ na dukɔ la be: “Israel, esia nye wò mawu, si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzi.” (2 Mose 32:1, 4) Tete woɖu ŋkekenyui aɖe si woawo ŋutɔwo yɔ be “ŋkekenyui na Yehowa!” eye wode ta agu hesa vɔ na woƒe legba si nye amegbetɔ ƒe asinudɔwɔwɔ la. Esi Yehowa kpɔ esia la, egblɔ na Mose be: “Wote ɖa enumake le mɔ, si meɖo na wo la dzi.” (2 Mose 32:5, 6, 8) Nublanuitɔe la, tso gbe ma gbe la, nenema koe Israel viwo kaa atam na Mawu hegbea edziwɔwɔ le woƒe ŋutinya katã me.—4 Mose 30:3.

ATAMKAKA EVE BUBUWO

13. Atam kae Mawu ka na Fia David, eye aleke wòdo ƒome kple Dzidzimevi si ŋugbe wodo la?

13 Le Fia David ƒe dziɖuɣi la, Yehowa ka atam eve bubu siwo aɖe vi na ame siwo katã ɖoa to Mawu la. Gbã la, eka  atam na David be eƒe fiazikpuia anɔ anyi tegbee. (Ps. 89:36, 37; 132:11, 12) Esia fia be woayɔ Dzidzimevi si ŋugbe wodo la be “David Vi.” (Mat. 1:1; 21:9) Ðokuibɔbɔtɔe la, David yɔ ame sia si adzɔ tso eƒe ƒomea me la be “Aƒetɔ,” elabena Kristo la ƒe ɖoƒe kɔ wu etɔ.—Mat. 22:42-44.

14. Atam kae Yehowa ka ku ɖe Dzidzimevi si ŋugbe wòdo la ŋu, eye aleke esia le vi ɖem na mí?

14 Evelia, Yehowa tsɔ gbɔgbɔ ʋã David wògblɔ ɖi be Fia tɔxɛ sia asubɔ abe amegbetɔƒomea ƒe Nunɔlagã ene. Ðoɖo sia le etɔxɛ. Le Se ƒe ɖoɖo si Mawu na Israel dukɔa nu la, nunɔlawo dona tso Lewi toa me, eye fiawo dona tso Yuda toa me. Gake David gblɔ nya ɖi le eƒe domenyila tɔxɛ sia ŋu be: “Yehowa gblɔ na nye Aƒetɔ be: Bɔbɔ nɔ nye ɖusime, va se ɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui! Yehowa ka atam, eye mavee akpɔ o be: Wòe nye nunɔla tegbee le Melxizedek ƒe kɔa nu.” (Ps. 110:1, 4) Le nyagblɔɖi ma me vava me la, Yesu Kristo, Dzidzimevi si ŋugbe wodo la, le dzi ɖum fifia tso dziƒo. Gakpe ɖe eŋu la, ele subɔsubɔm abe amegbetɔƒomea ƒe Nunɔlagã ene le kpekpem ɖe dzimetrɔlawo ŋu be ƒomedodo nyui aɖe nanɔ woa kple Mawu dome.—Mixlẽ Hebritɔwo 7:21, 25, 26.

MAWU ƑE ISRAEL, DUKƆ YEYE LA

15, 16. (a) Israel eve kawo ŋue woƒo nu tsoe le Biblia me, eye Israel ka dzie Mawu ƒe yayra le egbea? (b) Se kae Yesu de na eyomedzelawo ku ɖe nutàta ŋu?

15 Esi Israel dukɔa gbe Yesu Kristo la, Mawu hã va gbe wo mlɔeba, eye mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ si wòtsɔ ɖo wo ŋkume be woazu “nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe” la mesu wo si o. Abe ale si Yesu gblɔe na Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ene be: “Woaxɔ Mawu fiaɖuƒe la le mia si, eye woatsɔe ana dukɔ si tsea eƒe ku la.” (Mat. 21:43) Woɖo dukɔ yeye ma anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi esime wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo anɔ abe ame 120 ene, siwo ƒo ƒu ɖe Yerusalem, la dzi. Woawoe nye “dukɔ” yeye la, eye woyɔ wo be “Mawu ƒe Israel.” Eye eteƒe medidi o, ame akpe geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me la va zu dukɔ ma me tɔwo.—Gal. 6:16.

16 Mawu ƒe gbɔgbɔmedukɔ la mewɔ nu abe dzɔdzɔme Israel dukɔa ene o, ke boŋ wole ku nyuiwo tsem le esi woyi edzi le to ɖom Mawu ta. Dukɔ ma ƒe se aɖe si dzi emetɔwo wɔna ɖo la ku ɖe atamkaka ŋu. Gake esime Yesu nɔ anyigba dzi la, amewo wɔa atamkaka ŋu dɔ le mɔ gbegblẽ nu, wokaa atam alo taa nu alakpatɔe, wotaa nu ɖe nya siwo menye nya veviwo o la dzi. (Mat. 23:16-22) Yesu fia nu eyomedzelawo be: “Migata nu kura o . . . Mina miaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃ ko, eye miaƒe Ao nanye Ao ko, elabena nu si wu esiawo la, vɔ̃ɖitɔ la gbɔe wòtso.”—Mat. 5:34, 37.

Yehowa ƒe ŋugbedodowo vaa eme godoo

17. Nyabiase kawo mee míadzro le nusɔsrɔ̃nyati si kplɔe ɖo me?

17 Ðe esia fia be mesɔ kura be woata nu alo aka atam ɣeaɖekeɣi oa? Biabia si gale vevie wue nye be, nu kae wòfia be míana míaƒe Ɛ̃ nanye Ɛ̃? Míadzro biabia siawo me le nusɔsrɔ̃nyati si kplɔe ɖo me. Ne míeyi edzi le Mawu ƒe Nya srɔ̃m la, ate ŋu aʋã mí be míayi edzi anɔ to ɖom Yehowa. Eye esia awɔe be anye dzidzɔ na Yehowa be yeayra mí tegbee abe ale si wòdo ŋugbe heka atam ɖe edzi ene.