KUXIA

  • Ƒe ewo koe viwòŋutsuvi xɔ, gake ele dadam!

  • Edi be ame sia ame nawɔ nu ɖe ye ŋu etɔxɛe.

Àbia be, ‘Nu ka tae wòle nu wɔm nenema? Medi be dzi nadzɔe, gake menye be wòabu be yenyo wu ame sia ame o ɖe!’

Ðe wòanya wɔ be woafia ɖeviwo be woabɔbɔ wo ɖokuiwo evɔ esia mana woabui be yewomele ɖeke me oa?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Le ƒe siawo me la, wole dzi dem ƒo na dzilawo be woanɔ wo viwo ƒe didiwo dzi wɔm na wo; woanɔ wo kafum ne womewɔ naneke si dze kafukafu o gɔ̃ hã; eye womeganɔ to hem na wo o. Amewo bu be ne wona ɖeviwo kpɔe be ame veviwoe yewonye la ana woase le wo ɖokuiwo me be asixɔxɔ le yewo ŋu ne wotsi. Gake aleke nuwo le fifia? Agbalẽ aɖe (Generation Me) gblɔ be: “Le esi ɖeviwo nanye dzidzɔme siwo wɔa nu ɖe ɖoɖo nu teƒe la, ena boŋ be wova zu ɖokuiŋudzelawo ale gbegbe.”

Ne ɖevi siwo wokafuna wògbɔa eme va tsi eye nuwo meva yi na wo ale si wokpɔ mɔe o alo wohe nya ɖe wo ŋu loo alo wodo kpo nu le nane me la, dzi ɖena le wo ƒo. Esi wofia wo tso ɖevime be woabu woawo ŋutɔ ko ƒe didiwo ŋu ta la, ne wotsi la, esesẽna na wo be woadze xɔ̃ amewo eteƒe nadidi. Esia na be nu tena ɖe wo dometɔ geɖe dzi eye woléa blanui.

Ðeviwo va kpɔnɛ be asixɔxɔ ŋutɔŋutɔ le yewo ŋu menye to ale si wogblɔna na wo enuenu be wole etɔxɛ ta o, ke boŋ to nu siwo woawo ŋutɔwo te ŋu wɔ nyuie la dzi. Esia bia nu geɖe wu be woaka ɖe wo ɖokuiwo dzi ko. Ele be woasrɔ̃ nu siwo woate ŋu awɔ, ate ewɔwɔ kpɔ ahabi ɖe eme. (Lododowo 22:29) Ele be woasrɔ̃ ale si woatsɔ ɖe le ame bubuwo ƒe nuhiahiãwo hã me. (1 Korintotɔwo 10:24) Esiawo katã bia ɖokuibɔbɔ.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Kafu ɖevia ne ehiã. Ne viwònyɔnuvi dze agbagba le sukudodokpɔ aɖe me la, kafui. Ne medze agbagba o la, mègagblɔ be eƒe nufiala gbɔe wòtso o. Esia mana wòasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ o. Ke boŋ kpe ɖe eŋu wòasrɔ̃ nu si wòawɔ be wòawɔ dɔ nyuie ɣebubuɣi lae. Kafui ɖe nu ŋutɔŋutɔ aɖe si wòwɔ ta.

Ðɔe ɖo ne ehiã. Esia mefia be nàhe nya ɖe viwòa ŋu le vodada ɖe sia ɖe si wòwɔ ta o. (Kolosetɔwo 3:21) Gake ne ewɔ vodada gãwo la, ele be nàɖɔe ɖo. Nenema kee nàɖɔe ɖo ne eɖe nɔnɔme gbegblẽ aɖewo hã fia. Ne menye nenema o la, woatsi esi.

Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be viwòŋutsuvi dina be yeaƒo adegbe. Ne mèɖɔe ɖo o la, ava zu dadala eye amewo malɔ̃ be yewoate ɖe eŋu. Eya ta ɖe eme na viwòa be adegbeƒoƒo menyo, ate ŋu ana be ŋu nava kpee gbe ɖeka. (Lododowo 27:2) Ðe eme nɛ hã be, ame si bɔbɔa eɖokui la meléa nu siwo wòate ŋu awɔ ɖe nu nɔa gbɔgblɔm na amewo o. Ne èɖɔe ɖo alea le lɔlɔ̃ me la, ana wòasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ eye maklo bubu le eŋu o.—Biblia ƒe mɔfiame: Mateo 23:12.

Kpe ɖe viwòa ŋu wòakpɔ ale si tututu agbea le. Ne wotsɔa nu sia nu si ɖeviwo bia naa wo la, woabui be yewodze na nu mawo godogodo. Le kpɔɖeŋu me, ne viwò di be nàƒle nane na ye evɔ wò ga made enu o la, ɖe nu si ta wòle be mianɔ agbe ɖe ga si le mía si nu la me nɛ. Ne ehiã be miate fli ɖe teƒe aɖe si míeɖo be yewoayi alo mɔzɔzɔ aɖe me la, ɖe eme nɛ be etea ŋu dzɔna, eye nàgblɔ nu si kpena ɖe ŋuwò nènɔa te ɖe nu mawo tɔgbi nu nɛ. Mèganɔ agbagba dzem be yeakpɔ ye viwo ta tso kuxi ɖe sia ɖe me o, ke boŋ kpe ɖe wo ŋu be woate ŋu anɔ te ɖe kuxiwo nu ne wotsi.—Biblia ƒe mɔfiame: Lododowo 29:21.

De dzi ƒo na wo be woana nu. Na viwòa nakpɔe be “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Le mɔ ka nu? Miate ŋlɔ ame siwo ɖewohĩ miate ŋu aɖi asi na, ame siwo woaɖo ʋu na alo aɖɔ nane si gblẽ ɖo na la ƒe ŋkɔwo ɖi. Kplɔ viwòa ɖe ɖokuiwò ŋu, ne miakpe ɖe ame siawo dometɔ aɖe ŋu. Na viwòa nakpɔ ale si dzi dzɔa eye wò dzi dzea eme ne èle kpekpem ɖe amewo ŋu. Esia ana viwòa nasrɔ̃ ɖokuibɔbɔ ne ele ŋku lém ɖe kpɔɖeŋu si nèɖona la ŋu.—Biblia ƒe mɔfiame: Luka 6:38.