Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Nyɔ!  |  No. 4 2017

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ne Ðeviwo Tsi Eye Woʋu Le Aƒe Me

Ne Ðeviwo Tsi Eye Woʋu Le Aƒe Me

KUXIA

Zi geɖe la, ne ɖeviwo tsi eye woʋu le aƒe mea, srɔ̃tɔwo toa kuxi sesẽwo me. Ne ɖeviawo dzo le aƒea me la, dzilawo zua ame dzrowo le woawo ŋutɔwo ƒe aƒe me. Aƒetɔ M. Gary Neuman si nya nu tso ƒomewo ŋu gblɔ be: “Meɖoa aɖaŋu na ame geɖe siwo menya ale si woawɔ be ɖekawɔwɔ nanɔ wo kple wo srɔ̃ dome o. Fifia si ɖeviawo ʋu le aƒea mea, nu boo aɖeke meli si ŋu [dzilawo] naɖo dze tsoe o.” *

Ðe esia sɔ kple wò srɔ̃ɖeɖea le mɔ aɖe nua? Ne nenemae la, ke àte ŋu aɖɔ nuwo ɖo. Gake gbãa, de ŋugble le nu siwo wɔe be wò kple srɔ̃wò dome va ma ŋu.

NU SI GBƆ WÒTSONA

Mietsi dzi ɖe mia viwo ŋu ƒe geɖe. Dzila geɖe dia nu nyui na wo viwo, eya ta wotsɔ wo viwo ƒe nuhiahiãwo ɖo ŋgɔ na woƒe srɔ̃ɖeɖea. Esia nana be wova tsia dzi ɖe woƒe wɔƒewo abe dzilawo ene ŋu si wɔnɛ be womegakuna ɖe wo nɔewo ŋu abe srɔ̃tɔwo ene o, eye esia va dzena nyuie ne wo viwo tsi dzo le aƒea me. Srɔ̃nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 59 gblɔ be: “Esi mía viwo nɔ mía gbɔ la míewɔa nuwo ɖekae.” Gake egblɔ kpee be esi mía viwo ʋu le aƒea mea, “míeva kpɔe be míegatea ŋu wɔa nuwo ɖekae o.” Gbe ɖeka nyɔnua gblɔ na srɔ̃a be: “Míeva zu nuɖiaɖia na mía nɔewo.”

Menɔa bɔbɔe na srɔ̃tɔ aɖewo be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu o. Agbalẽ aɖe (Empty Nesting) gblɔ be: “Le srɔ̃tɔ geɖe gome la, ewɔna na wo be ɖeko yewoɖe srɔ̃ koe nye ema.” Esi wosena le wo ɖokuiwo me be yewomegaku ɖe yewo nɔewo ŋu o ta la, srɔ̃tɔ geɖewo va wɔa nu le wo ɖokuiwo si, eye wova le abe ame siwo le wo nɔewo gbɔ ko ene.

Dzidzɔnyae nye be, àte ŋu aŋe aɖaba aƒu kuxiawo dzi, eye nàna wò susu nanɔ tɔtrɔ yeye sia ƒe viɖeawo ŋu. Biblia ate ŋu akpe ɖe mia ŋu. Na míakpɔe ɖa.

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Dze agbagba nàtrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Biblia gblɔ le vi tsitsiwo ŋu be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi.” (1 Mose 2:24) Esi mienye dzilawo ta la, miaƒe dɔe wònye be miahe mia viwo le woƒe ɖevime be nɔnɔme siwo ava ɖe vi na wo ne wotsi la nasu wo si. Ne nyaa le alea, ke ele be mia viwo ƒe ʋuʋu le aƒea me nanye dada na mi.—Biblia ƒe mɔfiame: Marko 10:7.

Nyateƒeae nye be, togbɔ be wodzo hã, mia viwo ko woganye. Fifia miezu ame siwo ŋu woate ɖo na aɖaŋuɖoɖowo ke menye wo dzi kpɔlawo o. Ƒomedodo yeye sia akpe ɖe mia ŋu be mia kple mia viwo dome nanɔ kplikplikpli, eye le ɣeyiɣi ma ke me la srɔ̃wò hã nanɔ vevie na wò wu. *Biblia ƒe mɔfiame: Mateo 19:6.

Miƒo nu tso nu siwo ŋu mietsi dzi ɖo ŋu. Gblɔ ale si tɔtrɔ yeye sia le tetem ɖe dziwò la na srɔ̃wò, eye ne srɔ̃wò hã le eƒe seselelãmewo gblɔm la, ɖo toe. Migbɔ dzi ɖi eye mise nu gɔme na mia nɔewo. Ðewohĩ axɔ ɣeyiɣi hafi mía dome naganɔ kplikplikpli abe srɔ̃tɔwo ene, gake esia wɔwɔ aɖe vi.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 13:4.

Midi nu yeyewo miawɔ ɖekae. Miƒo nu tso nu siwo miadi be yewoawɔ ɖekae alo nu siwo me mietsɔ ɖe le si miadi be yewoava wɔ la ŋu. Esi miehe ɖeviwo va yi ta la, nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖe su mia si. Ðe manyo be miazãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu oa?—Biblia ƒe mɔfiame: Hiob 12:12.

Migbugbɔ do ŋusẽ mia nɔewo dome kadodoa. Mibu nɔnɔme siwo te mi ƒo ƒu le gɔmedzedzea me la ŋu. Mide ŋugble le nu siwo me míeto va yi kple ale si miewɔ ɖu kuxiwo dzi la ŋu. Esia ana be nɔnɔme yeye sia si me mieva le la naɖe vi na mi. Le nyateƒe me la, fifia si miele nuwo wɔm ɖekae la, miaƒe srɔ̃ɖeɖea anyo ɖe edzi eye ana miagade dzo yeye lɔlɔ̃ gbãtɔ si te mi ƒo ƒui la me.

^ mm. 4 Nyaawo tso agbalẽ si nye Emotional Infidelity me.

^ mm. 12 Ne mia viwo kpɔtɔ le mia gbɔ la, ɖo ŋku edzi be, wò kple srɔ̃wò mienye “ŋutilã ɖeka.” (Marko 10:8) Ne dzilawo dome le kplikplikpli la, wo viwo kpɔnɛ be yewole dedie.