TSÃA, wosusu be ƒudzixe sia ƒe ʋuʋu tso Artik nutoa me yi Antaktika kple tɔtrɔ gbɔ nyea kilometa 35,200. Ke hã, nyitsɔ laa ƒe numekuku aɖe fia be mɔ si xe siawo zɔna didi wu ale si wosusui.

Xe siawo mezɔa mɔ tẽe o, abe ale si wòdze le fotoa me ene

Wotsi mɔ̃ suesuesue aɖewo (geolocators) ɖe xe siawo dometɔ aɖewo ŋu. Mɔ̃ siwo wotsi ɖe wo ŋu siwo ƒe kpekpeme le abe abui tɔ ene la na wokpɔe be xe siawo dometɔ aɖewo zɔ mɔ kilometa 90,000 kloe yiyi kple gbɔgbɔ, woawoe nye lã siwo zɔ mɔ didi wu si wonya. Wo dometɔ ɖeka dzo yi didiƒe abe kilometa 96,000 sɔŋ ene! Nu ka tae akɔntabubua trɔ?

Afi ka kee wodze woƒe mɔa zɔzɔ gɔme tsoe o, womezɔa mɔa tẽe o. Abe ale si wòdze le fotoa me ene la, ne woto Atlantik ƒua dzi la, mɔzɔzɔa glɔ̃na abe ŋɔŋlɔdzesi si nye S ene. Nu ka tae? Elabena wowɔa afi si yaa trɔ ɖo la ŋu dɔ.

Le woƒe agbenɔƒe si nye ƒe 30 me la, ƒudzixe siawo zɔa mɔ si ƒe didime wu kilometa 2,400,000. Esia asɔ kple mɔzɔzɔ yi dzinu dzi yiyi kple gbɔgbɔ zi etɔ̃ alo ene! Numekula aɖe gblɔ be: “Xe sia si ƒe kpekpeme wu gram 100 vie ko la ƒe nuwɔna wɔ nuku ŋutɔ.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, agbalẽ aɖe (Life on Earth: A Natural History) gblɔ be esi xe siawo nɔa Artik kple Antaktika nutoawo me le dzomeŋɔli ta la, “wokpɔa kekeli wu lã bubu ɖe sia ɖe ƒe sia ƒe.”