Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU 4

Ale Si Wòatsɔ Agbanɔamedzi

Ale Si Wòatsɔ Agbanɔamedzi

NU KAE WÒFIA BE WOATSƆ AGBANƆAMEDZI?

Wotea ŋu kana ɖe ame siwo lɔ̃na tsɔa agbanɔamedzi la dzi. Woléa fɔ ɖe dɔ ŋu eye wowɔnɛ ɖe game dzi.

Ðevi suewo gɔ̃ hã ate ŋu asrɔ̃ ale si woatsɔ agbanɔamedzi tso woƒe ɖevime. Agbalẽ aɖe (Parenting Without Borders) gblɔ be: “Ne ɖevi xɔ ɣleti wuiatɔ̃ la edina be yeawɔ nu si ye dzilawo gblɔ, ne exɔ ɣleti wuienyi la, adi be yeasrɔ̃ ye dzilawo. Le dukɔ geɖe me la, ne ɖevi xɔ tso ƒe atɔ̃ va ɖo ƒe adre la, wo dzilawo dea aƒemedɔ aɖewo asi na wo tsɔ dzea wo mamla gɔme.”

NU KA TAE AGBANƆAMEDZI TSƆTSƆ HIÃ?

Wozãa nya “dzidzime siwo yina ʋuu gatrɔna gbɔna” tsɔ ɖɔa sɔhɛ siwo ʋu le aƒe me be yewoanɔ yewo ɖokui si gake agbea va kpeke wo si na wotrɔna vaa Papa kple Dada gbɔ. Ɣeaɖewoɣi la, nu sia dzɔna elabe womesrɔ̃ ale si woazã ga, akpɔ aƒe dzi alo akpɔ gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ o.

Eya ta anyo be nàfia viwòa ne wòanya agbanɔamedzi siwo wòava tsɔ ne eva tsi. Agbalẽ aɖe (How to Raise an Adult) gblɔ be: “Mèganɔ nu sia nu wɔm na wo va se ɖe esime woxɔ ƒe wuienyi eye nàtutu wo aɖo ɖa be woavae dze agbea gɔme o.”

FIA VIWÒA ALE SI WÒATSƆ AGBANƆAMEDZI

De aƒemedɔwo asi nɛ.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Kutrikuku ɖe dɔwɔwɔ ŋu hea viɖe vanɛ.”—Lododowo 14:23.

Ðevi suewo dina be yewoanɔ yewo dzilawo ŋu awɔ dɔ. Àte ŋu awɔ didi sia si le viwòa me ŋu dɔ ade aƒemedɔ aɖewo asi nɛ.

Gake dzila aɖewo medina be yewoawɔe nenema o. Wogblɔna be sukudɔdeasi gbogbo aɖewo li kɔ ɖe wo dzi gbe sia gbe xoxo, eya ta nu ka tae yewoagatsɔ agba bubu akpee na wo?

Ke hã ɖevi siwo wɔa aƒemedɔwo la kpɔa dzidzedze le suku wu, elabena aƒemedɔwo wɔwɔ nana wosrɔ̃a ale si woaxɔ dɔdeasiwo eye woawɔ wo awu enu. Agbalẽa (Parenting Without Borders) gblɔ kpee be: “Ne míeŋe aɖaba ƒu didi si le ɖeviawo me be yewoakpe asi ɖe aƒemedɔwo ŋu dzi esime wonye ɖeviwo la, wova susuna be mehiã be yewoakpe asi ɖe ame bubuwo ŋu o. . . . Azɔ hã wova nɔa mɔ kpɔm be woawɔ nu sia nu na yewo.”

Abe ale si agbalẽa ƒe nya fia ene la, aƒemedɔwo wɔwɔ kpena ɖe ɖeviwo ŋu be woaganye ɖokuitɔdilawo  o, ke boŋ woasrɔ̃ ale si woakpe ɖe ame bubuwo ŋu. Aƒemedɔwo wɔwɔ kpena ɖe ɖeviwo ŋu wokpɔnɛ be yewowɔa akpa vevi aɖe le ƒomea me eye agba le yewo dzi be yewoawɔe.

Kpe ɖe viwòwo ŋu woalɔ̃ ɖe woƒe vodadawo dzi.

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Se aɖaŋuɖoɖo, eye nàxɔ amehehe, ne nàdze nunya le etsɔ si gbɔna me.”—Lododowo 19:20.

Ne viwò wɔ vodada aɖe—le kpɔɖeŋu me, egblẽ ame aɖe ƒe nane evɔ meɖoe o la, mègaɣla eta o. Na viwòa nakpɔ nu gbegblẽa me tsonu, le go sia me la, kpe ɖe eŋu wòaɖe kuku eye ne anya wɔ la wòaɖo nua teƒe.

Ne ɖevi kpɔe be ye gbɔe vodadaa tso la, asrɔ̃ nu tso eme be

  • yeato nyateƒe alɔ̃ ɖe vodadawo dzi

  • yeaganɔ fɔ bum ame bubuwo o

  • yeaganɔ ye ɖokui nu ɖem o

  • yeaɖe kuku, ne ehiã