Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Ðee Fia Be Yekpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu

Ðee Fia Be Yekpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu

KUXIA

Nya siwo aɖee afia be ame kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu gbɔgblɔ le vevie be srɔ̃ɖeɖea nadze edzi. Gake srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu geɖe megadea dzesi wo srɔ̃wo ƒe nyuiƒewo ʋuu keke ahayi ŋudzedze kpɔ ge ɖe wo ŋu o. Srɔ̃ɖeɖeŋutiɖaŋuɖola aɖe gblɔ le agbalẽ si nye Emotional Infidelity me be, srɔ̃tɔ geɖe siwo vaa gbɔnye la “tsia dzi ɖe nu si mele dzɔdzɔm [le woƒe srɔ̃ɖeɖe me] o ŋu wu nu siwo le dzɔdzɔm. Wovaa gbɔnye le nye dɔwɔƒe be yewoagblɔ nu siwo wòle be woaɖɔ ɖo, ke menye nu siwo akpɔtɔ anɔ abe ale si wole la ene o nam. Vodada si atsu kple asi siawo dometɔ ɖe sia ɖe wɔnae nye be womeɖea lɔlɔ̃ fiaa wo nɔewo to nya siwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana gbɔgblɔ na nɔewo me o.

Aleke wò kple srɔ̃wò míawɔ aƒo asa na vodada sia?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Kafukafunyawo gbɔgblɔ ɖea dzimaɖitsitsi le srɔ̃ɖeɖe me dzi kpɔtɔ na. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a ɖoe be yewoade dzesi yewo nɔewo ƒe nɔnɔme nyuiwo la, wo dome va vivina wu. Atsu kple asi ate ŋu alé masɔmasɔ sesẽwo gɔ̃ hã nu ne wokpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔewo ƒe nuwɔnawo ŋu.

Na srɔ̃nyɔnuwo. Agbalẽ si míeyɔ va yi gblɔ be: “Nyɔnu geɖe ŋea aɖaba ƒua agbagba siwo gbegbe ŋutsuwo dzena be woakpɔ woƒe ƒomewo dzi la dzi.” Le nuto aɖewo me la, kuxi sia nɔa anyi nenye be ŋutsua kple nyɔnua sia wɔa dɔ tsɔ kpɔa ƒomea dzi gɔ̃ hã.

Na srɔ̃ŋutsuwo. Zi geɖe la ŋutsuwo ŋea aɖaba ƒua agbagba siwo nyɔnuwo dzena be yewoakpe ɖe yewoƒe ƒomea ŋu eɖanye to dɔwɔwɔ, ɖeviawo hehe, alo aƒemedɔwo wɔwɔ me o dzi. Fiona, * si ɖe srɔ̃ ƒe etɔ̃ kloe nye esia gblɔ be: “Mí katã míedaa vo, eye ne meda vo la, etena ɖe dzinye ŋutɔ. Eya ta ne srɔ̃nye kafum ɖe dɔ aɖe si mewɔ le aƒea me ta la, mekpɔnɛ be èlɔ̃m togbɔ be medaa vo ɣeaɖewoɣi hã. Mekpɔnɛ be ame aɖe de dzinye eye dzi dzɔam!”

Gake ne srɔ̃tɔ aɖe kpɔe be ye srɔ̃ medea asixɔxɔ ye ŋu o la, ate ŋu agblẽ ale si wokana ɖe wo nɔewo dzii la me. Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Valerie, gblɔ be: “Ne ènya be ye srɔ̃ mekpɔa ŋudzedze ɖe yeƒe agbagbadzedzewo ŋu o la, anɔ bɔbɔe be ame bubu si kpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwò la ƒe nu nava lé dzi na wò.”

 NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Le ŋku ɖe nu ŋu. Le kwasiɖa si gbɔna me la, lé ŋku ɖe nu nyui siwo srɔ̃wò wɔ la ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, lé ŋku ɖe nu siwo dzi ɖewohĩ nèŋe aɖaba ƒui siwo srɔ̃wò wɔna si na nuwo zɔna nyuie le aƒea me la ŋu. Ne kwasiɖaa wu enu la, ŋlɔ (1) nu siwo srɔ̃wò wɔ siwo ŋu nèkpɔ ŋudzedze ɖo kple (2) nu siwo srɔ̃wò wɔ si ɖe vi na ƒomea la ɖi.—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 4:8.

Nu ka tae wòle vevie be nàlé ŋku ɖe nu ŋu? Srɔ̃nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Erika gblɔ be: “Ne èɖe srɔ̃ eye ƒeawo va le yiyim la, ate ŋu adzɔ be màgava tsɔ ɖeke le eme na srɔ̃wò o. Àdzudzɔ dzesi dede nu nyui siwo wɔm wòle la eye àtsɔ susu aɖo nu siwo wɔm mele o la ŋu.”

Bia nya sia ɖokuiwò: ‘Ðe meŋea aɖaba ƒua srɔ̃nye ƒe dɔ sesẽwo dzia?’ Le kpɔɖeŋu me, ne srɔ̃wò ŋutsu dzra nane ɖo le aƒea me la, ɖe wòsesẽna na wò be nàda akpe nɛ ɖe nu si wòwɔ la ta loo alo ɖe nèbunɛ be eƒe dɔe wònye be wòawɔea? Ne srɔ̃ŋutsue nènye la, ɖe nèbunɛ be mehiã be yeakafu ye srɔ̃ ɖe agbagba siwo wòdzena be yeahe ɖeviawo ta o loo alo ɖe nèbunɛ be nu si wòle be wòawɔ koe nye ma wɔm wòlea? Ðoe wò taɖodzinu be yeade dzesi agbagba siwo katã ye srɔ̃ dzena be yeana miaƒe ƒomea nakpɔ dzidzedze la, sueawo kple gãwo siaa, eye nàkpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Biblia ƒe mɔfiame: Romatɔwo 12:10.

Nɔ srɔ̃wò kafum edziedzi. Menye ɖeko Biblia de dzi ƒo be míada akpe ko evɔ o, ke boŋ egblɔ be: ‘Míanye akpedalawo’ hã. (Kolosetɔwo 3:15) Eya ta nenye numame na wò be nànɔ srɔ̃wò kafum. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye James gblɔ be, “Ne srɔ̃nye gblɔ be yekpɔ ŋudzedze ɖe nu siwo mewɔ ŋu la, enana megadoa vevie nu wu be manye srɔ̃ŋutsu nyui eye madzi nu siwo mewɔna le srɔ̃ɖeɖea me ɖe edzi.”—Biblia ƒe mɔfiame: Kolosetɔwo 4:6.

Srɔ̃tɔ siwo kpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔewo ƒe agbagbadzedzewo ŋu la doa ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖea. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Michael gblɔ be, “Meka ɖe edzi be, ne srɔ̃tɔwo tsɔa nu siwo doa dzidzɔ na wo le wo nɔewo ŋu ɖoa ŋgɔ la akpɔ srɔ̃ɖeɖe geɖe ta. Esia awɔe be ne kuxiwo do mo ɖa la asesẽ be woagbe wo nɔewo elabena wokpɔa ŋudzedze ɖe wo nɔewo ƒe agbagbadzedzewo ŋu.”

^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.