Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tasiaɖamwo Kple Fiakuku Aɖe Le Tawò Kpɔm

Tasiaɖamwo Kple Fiakuku Aɖe Le Tawò Kpɔm

“Esia ava eme ne mieɖo to Yehowa mia Mawu ƒe gbe.”—ZAK. 6:15.

HADZIDZI: 61, 22

1, 2. Esime Zakariya kpɔ ŋutega adrelia vɔ la, aleke nɔnɔmeawo nɔ na Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem?

ESI nyagblɔɖila Zakariya kpɔ ŋutega adrelia vɔ la, enɔ nu geɖe ŋu bum. Yehowa do ŋugbe be yeahe to na ame mawɔnuteƒewo ɖe woƒe nu vlo wɔwɔ ta. Kakaɖedzitɔe la, ŋugbedodo sia do ŋusẽ Zakariya. Ke hã, nɔnɔmeawo metrɔ o. Anukwaremaɖimaɖi kple nu vlo wɔwɔ gakpɔtɔ nɔ edzi yim, eye womeɖo afi aɖeke na Yehowa ƒe gbedoxɔa si wogbugbɔ nɔ tutum le Yerusalem la o. Nu ka tae Yudatɔwo gblẽ dɔ si Yehowa de wo si la ɖi kaba nenema? Ðe wòanye be ɖe wotrɔ gbɔ va wo denyigba dzi be yewoawɔ nu si ana agbea nadze edzi na yewoa?

2 Zakariya nyae be Yudatɔ siwo trɔ yi Yerusalem la nye ŋutsu kple nyɔnu siwo nye Yehowa subɔlawo. Wonye ame siwo “ƒe dzi Mawu vavã la ʋã” be woagblẽ woƒe aƒewo kple dɔwɔɖuiwo ɖe Babilon atrɔ ayi Yerusalem. (Ezra 1:2, 3, 5) Woʋu dzo le anyigba si wonya nyuie la dzi ale be woayi aɖanɔ anyigba si wo dometɔ akpa gãtɔ mekpɔ kpɔ o la dzi. Ne ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa tutu menɔ vevie na wo o la, anye ne mahiã be woazɔ mɔ legbee ma, si me afɔku le, si anɔ abe kilometa  1,600 sɔŋ ene to nɔnɔme madeamedziwo me o.

3, 4. Kuxi kawoe dze ŋgɔ Yudatɔ siwo trɔ gbɔ la?

3 Aleke mɔzɔzɔ ma anya nɔ na wo? Anɔ eme be esime Yudatɔwo nɔ mɔa dzi yina la, woanya nɔ anyigba si dzi yim wole la ŋu bum enuenu. Wose nu tso ale si Yerusalem nye du dzeani tsã la ŋu. Ame tsitsi siwo nɔ wo dome la kpɔ ale si gbegbe gbedoxɔa nya kpɔe tsã. (Ezra 3:12) Ne ɖe nènɔ mɔa zɔm kpli wo la, aleke nàse le ɖokuiwò me ne èkpɔ Yerusalem, afi si nàva nɔ la le adzɔge zi gbãtɔ? Ðe wòate ɖe dziwò ne èkpɔ ale si dua gbã eye gbewo to ɖe afi sia afi keŋua? Ðe nàtsɔ Babilon ƒe gli sesẽwo asɔ kple Yerusalem ƒe gli gbagbã si ƒe agbowo kple afi si gbetakpɔlawo nɔa te ɖo megale o la? Ke hã, wolé dzi ɖe ƒo. Wokpɔ ale si Yehowa kpe ɖe wo ŋu hekpɔ wo ta le woƒe mɔzɔzɔ bliboa me. Nu gbãtɔ si wowɔ esi woɖo Yerusalem tetie nye be woɖi vɔsamlekpui ɖe afi si gbedoxɔa nɔ tsã, eye wonɔ vɔ sam na Yehowa gbe sia gbe. (Ezra 3:1, 2) Dzidzɔ si nɔ wo me la na wòdze abe naneke mate ŋu aɖe dzi le wo ƒo o ene.

4 Tsɔ kpe ɖe gbedoxɔa tutu dɔa ŋu la, ehiã be Israel-viawo nagbugbɔ dua atso. Ele be woatu xɔwo, woade agblewo, eye woakpɔ woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. (Ezra 2:70) Edze abe dɔ gã nyadri aɖee nye ema dze ŋgɔ wo ene. Ke hã, eteƒe medidi o, woƒe futɔwo tsi tsitre ɖe wo ŋu vevie. Togbɔ be wonɔ te sesĩe le gɔmedzedzea me hã la, ale si tsitretsiɖeŋua yi edzi ƒe 15 sɔŋ la na dzi va ɖe le wo ƒo. (Ezra 4:1-4) Nu si gagblẽ nyaa ɖe edzie nye be le ƒe 522 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me la, Persia fia de se be woadzudzɔ Yerusalem tsotso. Edze abe womagbugbɔ dua atso gbeɖe o ene.—Ezra 4:21-24.

5. Aleke Yehowa kpe ɖe eƒe amewo ŋu?

5 Yehowa nya nu si eƒe amewo hiã. Mawu na Zakariya kpɔ ŋutega mamlɛa be wòatsɔ aka ɖe edzi na Yudatɔwo be yelɔ̃ wo eye yekpɔa ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedzewo ŋu eye be yeakpɔ wo ta nenye be wotrɔ ɖe yeƒe dɔa ŋu. Le gbedoxɔa tutu gome la, Yehowa do ŋugbe na wo be: “Esia ava eme ne mieɖo to Yehowa mia Mawu ƒe gbe.”—Zak. 6:15.

MAWUDƆLAWO ƑE AƲAKƆ AÐE

6. (a) Aleke ŋutega enyilia si Zakariya kpɔ la dze egɔmee? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka tae sɔawo ƒe amadede le vovovo?

6 Anɔ eme be ŋutega enyilia si nye mamlɛtɔ si Zakariya kpɔ lae do ŋusẽ eƒe xɔse wu. (Xlẽ Zakariya 6:1-3.) Dze agbagba nàkpɔ nu si Zakariya kpɔ la ɖa le susu me. Tasiaɖam ene siwo woanya dzra ɖo ɖe aʋawɔwɔ ŋu la le du dzi ‘tso to eve siwo nye akɔbli dome.’ Sɔ siwo le tasiaɖamawo hem la ƒe amadede le vovovo. Esia ana be woate ŋu ade vovo sɔdolaawo dome. Zakariya bia be: “Nu kawoe nye esiawo?” (Zak. 6:4) Míawo hã míedi be míanya, elabe ŋutega sia ka mí tẽe.

Yehowa zãa eƒe dɔlawo egbea hã be woakpɔ yeƒe amewo ta ahado ŋusẽ wo

7, 8. (a) Nu kae to eveawo le tsitre ɖi na? (b) Nu ka tae toawo nye akɔbli?

7 Le Biblia me la, wozãa nya towo wòtea ŋu nɔa tsitre ɖi na fiaɖuƒewo alo dziɖuɖuwo. To siwo ŋu nya wogblɔ le Zakariya ƒe nuŋlɔɖia me la kee nye to eve siwo ŋu Daniel ƒo nu tsoe le eƒe nyagblɔɖia me. Toawo dometɔ ɖeka le tsitre ɖi na Yehowa ƒe xexea me katã ƒe dziɖulanyenye si li tegbee. Eye to evelia le tsitre ɖi na Mesia Fiaɖuƒe la, si Yesu nye Fia na. (Dan. 2:35, 45) To eveawo nɔ anyi tso esime woɖo Yesu zi dzi le ƒe 1914 me, eye wowɔ akpa vevi aɖe le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me vava me le anyigba dzi.

 8 Nu ka tae toawo nye akɔbli? Akɔbli nye ga xɔasi aɖe si ŋu wodea asixɔxɔ gã abe sika ene. Yehowa bia tso Israel-viwo si be woazã akɔbli le avɔgbadɔa tutu me kple le Yerusalem gbedoxɔ si wova tu emegbe la me. (2 Mose 27:1-3; 1 Fia. 7:13-16) Eya ta, esɔ nyuie be kpɔɖeŋuto eve siwo nye akɔbli la ɖoa ŋku ale si gbegbe Yehowa ƒe dziɖulagãnyenye kple Mesia Fiaɖuƒea, siwo ahe dedienɔnɔ kple yayra mavɔwo avɛ na amegbetɔwo, la nyoe dzi na mí.

9. Ame kawoe le tasiaɖamawo dom, eye dɔ kae wode wo si?

9 Fifia na míatrɔ susu ɖe tasiaɖamawo ŋu. Nu kae tasiaɖamawo kple wo dolawo le tsitre ɖi na? Tasiaɖamawo dolawo nye mawudɔlawo, siwo anya nɔ hatsotso vovovowo me. (Xlẽ Zakariya 6:5-8.) Wotsi tre ɖe “anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ la ŋkume” hafi do yina dɔdeasi vevi aɖe wɔ ge. Dɔ kae wode wo si? Wodɔ tasiaɖamawo kple wo dolawo ɖe anyigbamama aɖewo koŋ me be woaɖakpɔ dɔ aɖewo gbɔ. Woƒe agbanɔamedzie nye be woakpɔ Yehowa ƒe amewo ta, vevietɔ tso “dziehenyigba,” si nye Babilon si me. Yehowa akpɔ egbɔ be Babilon magaɖe aboyo yeƒe amewo azɔ o. Aleke gbegbee esia anya fa akɔ na gbedoxɔa tulawo le Zakariya ƒe ŋkekea mee nye esi! Mele be woatsi dzimaɖi kura le woƒe futɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu la ta o.

10. Aleke ŋutega si Zakariya kpɔ ku ɖe tasiaɖamwo kple wo dolawo ŋu la akpe ɖe mía ŋu egbea?

10 Abe ale si wònɔ le Zakariya ƒe ɣeyiɣiawo me ene la, Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, zãa eƒe dɔlawo egbea hã be woakpɔ yeƒe amewo ta ahado ŋusẽ wo. (Mal. 3:6; Heb. 1:7, 14) Tso esime woɖe gbɔgbɔ me Israel tso Babilon Gã la ƒe aboyo me le ƒe 1919 me la, subɔsubɔ vavãtɔ le ta kekem togbɔ be wotsi tsitre ɖe eŋu atraɖii gɔ̃ hã. (Nyaɖ. 18:4) Esi wònye be mawudɔlawo le mía ta kpɔm ta la, mele be míavɔ̃ be Yehowa ƒe amewo agava zu kluvi na alakpasubɔsubɔ ake o. (Ps. 34:7) Ke boŋ míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Mawu subɔla siwo le xexea me godoo adzi ɖe edzi eye woakpɔ dzidzɔ. Ŋutega si Zakariya kpɔ la na míekpɔe be míele dedie le to eveawo ƒe vɔvɔli te.

11. Nu ka tae mele be míavɔ̃ amedzidzedze si ava Mawu ƒe amewo dzi le xaxa gã me la o?

11 Eteƒe madidi o, Satana ƒe xexe sia me dunyaheŋusẽwo awɔ ɖeka be yewoatsrɔ̃ Mawu ƒe amewo. (Eze. 38:2, 10-12; Dan. 11:40, 44, 45; Nyaɖ. 19:19) Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ɖɔ aʋakɔ sia be etsyɔ anyigba dzi abe alilikpo ene, eye wole sɔwo dzi ho ɖe mía ŋu kple dziku. (Eze. 38:15, 16) * Ðe wòle be vɔvɔ̃ naɖo mía? Kura o! Yehowa ƒe aʋakɔ le megbe na mí. Le xaxa gãa me la, Yehowa ƒe dɔla sẽŋuawo awɔ ɖeka akpɔ Mawu ƒe amewo ta, eye woatsrɔ̃ ame siwo tsi tsitre ɖe eƒe dziɖulanyenye ŋu. (2 Tes. 1:7, 8) Ŋkeke ɖedzesi aɖee wòanye! Ke hã, ame kae le ŋgɔ na Yehowa ƒe dziƒoʋakɔa?

YEHOWA ÐƆ FIAKUKU NA FIA KPLE NUNƆLA SI WÒTIA

12, 13. (a) Nu kae wogblɔ na Zakariya be wòawɔ azɔ? (b) Aleke míewɔ nya be ŋutsu si woyɔ be Dzedze lae nye Yesu Kristo?

12 Zakariya ɖeka koe kpɔ ŋutega enyi mawo. Fifia ya ewɔ nane si ame bubuwo  hã akpɔ, si ado ŋusẽ ame siwo le Mawu ƒe gbedoxɔa tum. (Xlẽ Zakariya 6:9-12.) Wogblɔ na Zakariya be wòaxɔ akɔbli kple sika tso Heldai, Tobiya kple Yedaya, siwo tso Babilon va la gbɔ, eye wòatsɔ wo awɔ “atsyɔ̃fiakuku.” (Zak. 6:11, etenuŋɔŋlɔ) Ðe Yehowa gblɔ na Zakariya be wòaɖɔ fiakukua na Nutodziɖula Zerubabel si tso Yuda eye wònye David ƒe dzidzimevia? Ao. Anya wɔ moyaa na eteƒekpɔlawo esime wòɖɔ fiakukua na Nunɔlagã Yosua boŋ.

13 Ðe fiakuku si woɖɔ na Nunɔlagã Yosua la na wòzu fia? Ao, elabe menye David ƒe fiaƒomea ƒe dzidzimevie wònye o, eye esia ta medze anye fia o. Fiakuku si woɖɔ nɛ la nye nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu si ku ɖe ame aɖe si ava zu fia kple nunɔla tegbee le etsɔme la ŋu. Woyɔ nunɔlagã si woɖo fiae la be Dzedze. Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be Yesu Kristoe nye ame si woyɔ be Dzedze la.—Yes. 11:1; Mat. 2:23, etenuŋɔŋlɔ.

14. Abe Fia kple Nunɔlagã ene la, dɔ ka wɔm Yesu le fifia?

14 Yesu si nye Fia kple Nunɔlagã lae nye Yehowa ƒe dziƒoʋakɔa ƒe ŋgɔnɔla. Eya ta, ele dɔ dzi moveviɖoɖotɔe ale be Mawu ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa nanɔ dedie togbɔ be wole xexe gblẽku sia me hã. (Yer. 23:5, 6) Le etsɔ si gbɔna kpuie me la, Kristo aɖu dukɔwo dzi atsɔ ade Mawu ƒe dziɖulanyenye dzi eye wòaʋli Yehowa ƒe amewo ta. (Nyaɖ. 17:12-14; 19:11, 14, 15) Gake hafi Kristo alo Dzedze la nadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo la, dɔ gã aɖe li wòle be wòawɔ.

ATU GBEDOXƆ LA

15, 16. (a) Aleke wogbugbɔ Mawu ƒe amewo ɖo anyi hekɔ wo ŋu egbea, eye ame kae wɔe? (b) Kaka Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nawu enu la, aleke nuwo anɔ le anyigba dzi?

15 Tsɔ kpe ɖe Fianyenye kple Nunɔlagã ƒe dɔ si wode Yesu si ŋu la, wogade dɔ asi nɛ be ‘wòatu Yehowa ƒe gbedoxɔ la.’ (Xlẽ Zakariya 6:13.) Le míaƒe ɣeyiɣia me la, xɔtudɔ si wɔm Yesu le la lɔ Mawu ƒe amewo ɖeɖe tso Babilon Gã la ƒe aboyo me kple Kristo hamea gbugbɔɖoanyi le ƒe 1919 me, ɖe eme. Eɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la hã be wòaxɔ ŋgɔ le dɔ si le edzi yim le gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi la me eye wòafia mɔ dɔa. (Mat. 24:45) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yesu le dɔ dzi vevie hele asi trɔm le Mawu ƒe amewo ŋu eye wòle kpekpem ɖe wo ŋu be woatsɔ subɔsubɔ dzadzɛ ana Mawu.—Mal. 3:1-3.

16 Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Yesu kple eƒe hati 144,000 siwo nye fiawo kple nunɔlawo la akpe ɖe amegbetɔ siwo nye nuteƒewɔlawo ŋu woade blibo. Ne wowu dɔ sia nu la, Mawu subɔla vavãwo ɖeɖe koe asusɔ ɖe anyigba si ŋu wokɔ la dzi. Mlɔeba la, subɔsubɔ vavãtɔ axɔ aƒe ɖi bliboe!

KPƆ GOME LE XƆTUDƆA ME

17. Kakaɖedzinya kae Yehowa gblɔ na Yudatɔwo, eye aleke gbedeasi sia kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi?

17 Ŋusẽ kae Zakariya ƒe gbedeasia kpɔ ɖe Yudatɔ siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me la dzi? Yehowa ka ɖe edzi na wo be yeana woanɔ dedie eye yeakpɔ wo ta ale be woawu gbedoxɔa tutu nu. Kakaɖedzinya siawo na dzi gaɖo wo ƒo. Gake aleke gɔ̃ ame ʋɛ aɖewo awɔ awu dɔ gã ma nu? Zakariya ƒe nya siwo kplɔe ɖo la ɖe vɔvɔ̃ alo ɖikeke ɖe sia ɖe si anya nɔ wo me la ɖa keŋkeŋ. Tsɔ kpe ɖe kpekpeɖeŋu si nuteƒewɔla siwo nye Heldai, Tobiya kple Yedaya na ŋu la, Mawu ƒo nu tso ame gbogbo aɖewo siwo “ava kpe asi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu ŋu” hã ŋu. (Xlẽ Zakariya 6:15.) Esi Yudatɔwo va ka ɖe edzi be Mawu le megbe na yewo la, esia kpe ɖe  wo ŋu wotso kpla ɖe dɔa ŋu, eye woyi dɔa dzi togbɔ be woɖo asi dɔa dzi hã. Eteƒe medidi o, Yehowa ɖe mɔxenu ma, si le abe to ene la ɖa, eye wowu xɔtudɔa nu le ƒe 515 Do Ŋgɔ Na Yesu (D.Y.) me. (Ezra 6:22; Zak. 4:6, 7) Ke hã, nya siwo Yehowa gblɔ la ku ɖe nu siwo de ŋgɔ boo wu, siwo le eme vam le míaƒe ŋkekea me ŋu.

Yehowa maŋlɔ lɔlɔ̃ si míeɖe fiae la be gbeɖe o! (Kpɔ memama 18, 19)

18. Aleke Zakariya 6:15 me nyawo le eme vam egbeae?

18 Egbea, ame miliɔn geɖewo le Yehowa subɔm, eye wotsɔa woƒe “nunɔamesi veviwo,” siwo nye woƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple bubuawo nana faa tsɔ kpea asi ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa ƒe dɔwo ŋu. (Lod. 3:9) Aleke míawɔ aka ɖe edzi bliboe be Yehowa dea asixɔxɔ ale si míedoa alɔ dɔa nuteƒewɔwɔtɔe ŋu? Ðo ŋku edzi be Heldai, Tobiya kple Yedaya ye tsɔ nu siwo Zakariya tsɔ wɔ fiakuku la na. Fiakuku ma va zu nu si wotsɔ ‘ɖoa ŋku’ akpa si ŋutsu etɔ̃ siawo wɔ le subɔsubɔ vavãtɔ dodo ɖe ŋgɔ me la dzi. (Zak. 6:14) Le mɔ ma ke nu la, Yehowa maŋlɔ dɔ siwo míewɔ kple lɔlɔ̃ si míeɖe fiae la be gbeɖe o. (Heb. 6:10) Aɖo ŋku wo dzi ahade asixɔxɔ wo ŋu ɖaa.

19. Dɔ kae wòle be ŋutega siwo Zakariya kpɔ la nawɔ ɖe mía dzi egbea?

19 Nu siwo katã Yehowa ƒe amewo te ŋu wɔ tsɔ do subɔsubɔ vavãtɔ ɖe ŋgɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me la nye kpeɖodzi sẽŋu be Yehowa le dɔa yram, eye be Kristoe nye míaƒe Kplɔla. Míenye habɔbɔ si li ke, si le dedie, si anɔ anyi tegbee la me tɔwo. Tame si Yehowa ɖo ɖe subɔsubɔ dzadzɛa ŋu la “ava eme.” De asixɔxɔ akpa si wɔm nèle le Yehowa ƒe amewo dome la ŋu, eye ‘nàɖo to Yehowa wò Mawu ƒe gbe.’ Ekema, àyi edzi anɔ míaƒe Fia kple Nunɔlagã la kple dziƒotasiaɖamdolawo ƒe takpɔkpɔ te. Wɔ wò ŋutete katã nàdo alɔ subɔsubɔ vavãtɔ. Ne èyi edzi wɔe alea la, àte ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa, aʋakɔwo ƒe Mawu la, akpɔ tawò nànɔ dedie le ɣeyiɣi siwo susɔ na nuɖoanyi sia hafi wòawu enu la me yi ɖe mavɔmavɔ me!

^ mm. 11 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le nyati si nye “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le May 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 29-30.