Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  May 2017

Ale Si Míakpe Ðe ‘Amedzrowo’ Ƒe Viwo Ŋu

Ale Si Míakpe Ðe ‘Amedzrowo’ Ƒe Viwo Ŋu

“Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia o: be mase be vinyewo yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.”—3 YOH. 4.

HADZIDZI: 88, 41

1, 2. (a) Nu kae nyea kuxi na ame siwo ʋu yi dukɔ bubu me ƒe viwo? (b) Biabia kawo me míadzro le nyati sia me?

JOSHUA kple edzilawo nye amedzrowo le dukɔ aɖe me. Egblɔ be: “Tso nye ɖevime la, mía degbea ye medona kple dzinyelawo le aƒe me eye eya kee wodona le hamea me. Gake esime meva nɔ suku dem la, meva lɔ̃ gbe si wodona le nutoa me wu mía degbea. Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, gbe si wodona le nutoa me koe meva nɔ dodom. Esia wɔe be nyemetea ŋu sea nu siwo wofiana le kpekpeawo me gɔme o, eye nyemegava bua ɖokuinye ɖe mía detɔwo dome gɔ̃ hã o.” Aleae wòle le amedzro geɖe ƒe viwo gome.

2 Egbea, ame siwo wu miliɔn 240 sɔŋ la ʋu tso wo de ɖale dukɔ bubu me. Ne mia kple mia viwo mienye amedzrowo le dukɔ aɖe me la, aleke miawɔ be mɔnukpɔkpɔ nyuitɔ nasu mia viwo si woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahalɔ̃e eye ‘woayi edzi anɔ zɔzɔm le nyateƒe la me’? (3 Yoh. 4) Eye kpekpeɖeŋu kae ame bubuwo ate ŋu ana?

DZILAWO, MIÐO KPƆÐEŊU NYUI NA MIA VIWO

3, 4. (a) Aleke dzilawo ate ŋu aɖo kpɔɖeŋu nyui na wo viwo? (b) Nu kae mele be dzilawo nanɔ mɔ kpɔm be yewo viwo nawɔ na yewo o?

3 Dzilawo, hafi mia viwo nate ŋu alɔ̃ Yehowa eye woava nɔ agbe mavɔ mɔa dzi la, kpɔɖeŋu si mieɖona awɔ akpa vevi aɖe. Ne mia  viwo kpɔe be ‘miedia Fiaɖuƒea gbã’ la, woava srɔ̃ ale si woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòakpɔ yewoƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ na yewo. (Mat. 6:33, 34) Eya ta, migati nu gãwo yome o. Mina Yehowa subɔsubɔ nanɔ vevie na mi wu ŋutilãmenuwo. Midze agbagba miaƒo asa na fenyinyi. Midi ‘kesinɔnu si le dziƒo,’ si nye Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ, ke menye anyigbadzikesinɔnuwo alo “amewo ƒe kafukafu” o.—Xlẽ Marko 10:21, 22; Yoh. 12:43.

4 Negadzɔ gbeɖe be miaxaxa ale gbegbe be mimakpɔ vovo ɖe mia viwo ŋu o. Ne mia viwo tsɔ Yehowa subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me, ke menye ŋkɔxɔxɔ alo kesinɔnuwo didi na wo ɖokuiwo alo na mi o la, mina woanyae be dzidzɔ gãe wònye na mi. Miƒo asa na xexea me tɔwo ƒe susu si nye be ele be viwo naƒo nuwo nu ƒu na dzilawo ale be woanɔ agbe si me dzidzeme le la. Miɖo ŋku edzi be, “menye viwoe adzra nu ɖo ɖi na wo dzilawo o, ke boŋ dzilawoe adzra nu ɖo ɖi na wo viwo.”—2 Kor. 12:14.

DZILAWO, MIDZE AGBAGBA MIASRƆ̃ GBE SI MIA VIWO SE NYUIE

5. Nu ka tae wòle be dzilawo naƒo nu na wo viwo tso Yehowa ŋu?

5 Abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene la, amewo tso “dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me” le zi nyem ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa me. (Zak. 8:23) Gake gbemasemase ate ŋu ana wòasesẽ na mi be miafia nyateƒea mia viwo. Mia viwoe nye miaƒe Biblia nusrɔ̃vi vevitɔwo kekeake, eye agbe mavɔe wòanye na wo ne ‘wonya’ Yehowa. (Yoh. 17:3) Hafi mia viwo nate ŋu anya Yehowa ƒe nudidiwo la, ele be miawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe si sɔ la ŋu dɔ ‘anɔ nu ƒom le’ eƒe nudidiawo ŋu na wo.—Xlẽ 5 Mose 6:6, 7.

6. Vi kae wòaɖe na mia viwo ne wose mia degbea? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

6 Anɔ eme godoo be mia viwo asrɔ̃ gbe si wodona le nutoa me la le suku kple ame siwo dome wole gbɔ, gake ne mieɖoa dze kpli wo edziedzi le mia degbea me ko hafi woate ŋu asee. Mia degbea dodo kple mia viwo ana miaɖo dze kple mia nɔewo faa tso dzi me, eye agaɖe vi na wo le mɔ bubuwo hã nu. Le kpɔɖeŋu me, ne ɖeviawo se gbe vovovowo la, esia dzia woƒe tamebubuŋutete ɖe edzi eye wònana wotea ŋu doa ka kple ame ƒomevi vovovowo. Ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ ɖi na wo hã be woakeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Carolina, si le dukɔ bubu me kple edzilawo la gblɔ be: “Hame si me wodoa mía degbe le me nɔnɔ doa dzidzɔ nam ŋutɔ. Eye kpekpeɖeŋunana le afi si hiahiã geɖe wu le na mele dzidzɔ geɖe kpɔm.”

7. Ne gbemasemase nye kuxi na miaƒe ƒomea la, nu kae miate ŋu awɔ?

7 Nu si gadzɔna ye nye be, ne ɖeviawo va dze ŋku ɖe dukɔ si me miele ƒe dekɔnuwo ŋu hese gbea ko la, wo dometɔ aɖewo magava nɔ didim be yewoado yewo degbea o, eye ʋɛʋɛʋɛ la, wo degbea dodo va sesẽna na wo. Dzilawo, ne aleae nɔnɔmea le na mia viwo la, ɖe wòanya wɔ be miasrɔ̃ nutoa me gbea dodo vie tetia? Ne miesea nya siwo mia viwo gblɔna, woƒe modzakaɖeɖewo kple nu siwo fiam wole wo le suku gɔme eye mietea ŋu ɖoa dze kple woƒe nufialawo la, esia ana wòanɔ bɔbɔe na mi be miahe mia viwo. Enye nyateƒe be gbe bubu sɔsrɔ̃ bia ɣeyiɣi geɖe, kutrikuku kple ɖokuibɔbɔ ya. Gake tsɔe be viwòa zu tokunɔ; ɖe màdze agbagba vevie asrɔ̃ tokunɔgbe ale be wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖo dze kplii oa? Eya ta, ne ɖevi aɖe se gbe bubu hedonɛ nyuie la, ele be woatsɔ ɖe le eme na eya hã nenema ke. Ðe mèlɔ̃ ɖe edzi oa? *

8. Aleke nàwɔ akpe ɖe viwòwo ŋu ne mète ŋu doa gbe si wose nyuie la o?

8 Ate ŋu asesẽ na dzila siwo nye amedzrowo le dukɔ aɖe me la dometɔ aɖewo be woaɖu tu na gbe yeye si dom wo viwo le. Esia awɔe be manɔ bɔbɔe na dzila siawo  be woakpe ɖe wo viwo ŋu woase “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo” gɔme o. (2 Tim. 3:15) Ne aleae miaƒe nɔnɔmea le gɔ̃ hã la, miate ŋu awɔ miaƒe ŋutete ɖe sia ɖe akpe ɖe mia viwo ŋu woanya Yehowa ahalɔ̃e. Shan, si nye hamemetsitsi fifia la gblɔ be: “Mía nɔ si nye dzilaɖekɛ la mese gbe si míawo míeɖu tu na la nyuie o, eye nye kple nɔvinyenyɔnuwo hã míese mía degbea nyuie o. Gake esi míekpɔ ale si wòsrɔ̃a nui, ale si wòdoa gbe ɖae kple agbagba si wòdzena be míewɔa ƒometadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖa la, míekpɔe be sidzedze Yehowa le vevie ŋutɔ.”

9. Ne ehiã be ɖevi aɖewo nasrɔ̃ Biblia le gbe vovovo eve me la, aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu?

9 Ðewohĩ, ahiã be ɖevi aɖewo nasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu le gbe vovovo eve me—le gbe si wozãna le suku kple wo degbea siaa me. Eya ta, dzila aɖewo wɔa míaƒe agbalẽwo, esiwo woxlẽ lé ɖe mɔ̃ dzi kple video siwo le gbe evea siaa me la ŋu dɔ. Eme kɔ ƒãa be, ele be dzila siwo nye amedzrowo nazã ɣeyiɣi geɖe wu eye woawɔ aɖaŋu geɖe wu ŋu dɔ be woakpe ɖe wo viwo ŋu ƒomedodo nyui nava nɔ woa kple Yehowa dome.

HAME KA MEE MIAƑE ƑOMEA ANƆ?

10. (a) Ame kae wòle na be wòatso nya me le hame si me ƒomea anɔ ŋu? (b) Nu kae wòle be wòawɔ hafi atso nya me?

10 Ne ‘amedzrowo’ le teƒe si didi tso Ðasefo bubu siwo doa wo degbea gbɔ la, ahiã be woanɔ hame si me wodoa nutoa me gbe le la me. (Ps. 146:9) Gake ne hame aɖe si me wodoa mia degbe le tsɔ ɖe mia gbɔ la, biabia lae nye be: Hame ka mee miade kpekpewo le be wòaɖe vi gãtɔ na miaƒe ƒomea? Ne ƒome ƒe ta de ŋugble le biabia sia ŋu nyuie, do gbe ɖa tso eŋu hebia srɔ̃a kple viawo ƒe susu le eŋu la, ekema atso nya me. (1 Kor. 11:3) Nu kawo ŋue wòle be ƒome ƒe ta nabu hafi atso nya me? Biblia ƒe mɔfiame kawo ŋu dɔe wòahiã be wòawɔ? Na míadzro wo dometɔ aɖewo me.

11, 12. (a) Be nu siwo wofiana le kpekpewo me naɖe vi na ɖeviwo la, akpa kae gbegbɔgblɔ wɔna? (b) Nu ka tae ɖevi aɖewo medina be yewoasrɔ̃ yewo degbe o?

11 Ele be dzilawo nada nuwo kpɔ nyuie be woanya nu si tututu wo viwo hiã. Gake gbe ka ke mee woɖadea kpekpewo le o, enye nyateƒe be hafi ɖeviwo nasrɔ̃ nyateƒea ahase egɔme nyuie la, wohiã nu geɖe wu Biblia-sɔsrɔ̃ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko kwasiɖa sia kwasiɖa le kpekpeawo me. Wò ya bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ɖeviawo dea kpekpewo le hame si me wodoa gbe si wose nyuie le me la, anɔ eme be woƒe afi ma nɔnɔ ɖeɖe dza awɔe be woasrɔ̃ nu geɖe wu ale si ɖewohĩ wo dzilawo susui gɔ̃ hã. Gake manɔ alea o ne ɖeviawo mese gbe si wodona le hame ƒe kpekpewo me nyuie o. (Xlẽ 1 Korintotɔwo 14:9, 11.) Eye mia degbea mayi edzi anye gbe si wɔa dɔ ɖe ɖevi aɖe ƒe susu kple dzi dzi kokoko o. Le nyateƒe me la, ɖevi aɖewo ate ŋu asrɔ̃ nyaŋuɖoɖowo, wɔwɔfiawo kple dɔdeasiwo wɔwɔ le wo degbe me evɔ nyawo matso dzi me na wo kokoko o.

12 Gakpe ɖe eŋu la, menye gbegbɔgblɔ dzaa koe kpɔa ŋusẽ ɖe ɖevi ƒe dzi dzi o. Aleae wònɔ le Joshua si ŋu míeƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me la gome. Nɔvia Esther gblɔ be, “le ɖeviwo ƒe susu me la, kadodo kplikplikpli le wo degbea, woƒe dekɔnuwo kple wo dzilawo ƒe mawusubɔsubɔ dome.” Ne ɖeviawo mekpɔa dzidzɔ ɖe woƒe dekɔnuwo ŋu o la, womadi be yewoasrɔ̃ yewo degbea o, eye nenema kee womalɔ̃ wo dzilawo ƒe mawusubɔsubɔ hã o. Nu kae dzila siwo nye amedzrowo la awɔ?

13, 14. (a) Nu ka tae atsu kple asi aɖe siwo nye amedzrowo la kple woƒe ƒomea woʋu yi hame si me wodoa nutoa me gbe le me? (b) Nu kae atsu kple asia wɔ be ƒomedodo si le woa kple Yehowa dome la me megbɔdzɔ o?

13 Dzila Kristotɔwo bua wo viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ be ele vevie wu yewo ŋutɔ yewoƒe didiwo. (1 Kor. 10:24) Samuel, si nye Joshua kple Esther fofo gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míelé ŋku ɖe mía viawo  ŋu be míakpɔe ɖa be gbegbɔgblɔ kae ana nyateƒea nade dzi gbɔ na wo wu hã, eye míedo gbe ɖa bia Mawu ƒe nunya. Míaƒe gbedodoɖa ƒe ŋuɖoɖoa meva nye nu si de mí dzilawo dzi o. Ke hã, esi míekpɔe be kpekpeawo menɔ vi boo aɖeke ɖem na ɖeviawo le hame si me wodoa mía degbea le me o la, míetso nya me be míaʋu ayi hame si me wodoa nutoa me gbe le me. Mí katã míedea kpekpeawo hekpɔa gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖekae edziedzi. Míekpea nɔvi siwo le nutoa me hã wova ɖua nu kpli mí eye míeɖia tsa ɖekae. Esiawo katã kpe ɖe mía viawo ŋu wova nya nɔviawo, eye wonya Yehowa hã, menye abe woƒe Mawu ɖeɖe ko ene o, ke abe wo Fofo kple wo Xɔlɔ̃ hã ene. Míekpɔe be esia le vevie sãsãsã wu be woaɖu tu na mía degbea.”

14 Samuel gblɔ hã be: “Esi míedi be míado ŋusẽ míaƒe xɔse ta la, nye kple srɔ̃nye míedea kpekpeawo le hame si me wodoa mía degbea le hã me. Vovo menɔa mía ŋu o, eye ɖeɖi tea mía ŋu. Ke hã, míeda akpe na Yehowa be eyra ɖe míaƒe agbagbadzedzewo kple nu siwo míetsɔ sa vɔe la dzi. Mía vi etɔ̃awo katã yi edzi le Yehowa subɔm eye wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm.”

NU SI ÐEKAKPUIWO KPLE ÐETUGBUIWO ATE ŊU AWƆ

15. Nu ka tae nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Kristina la se le eɖokui me be yeate ŋu awɔ geɖe wu le hame si me wodoa yevugbe le la me?

15 Ðewohĩ vi tsitsiwo ava de dzesii be yewoate ŋu asubɔ Yehowa nyuie wu le hame si me wodoa gbe si yewose nyuie le la me. Ne nenemae la, mele be wòawɔ na wo dzilawo be ɖe wo viwo le wo gbem o. Kristina gblɔ be: “Mese mía degbea vie ya, gake ne wole ezãm tsɔ le nu fiam le kpekpeawo me la, esesẽna nam be mase nya si gblɔm wole gɔme. Esi mexɔ ƒe 12 la, mede takpekpe aɖe si wowɔ le gbe si míezãna le suku la me. Eye emae nye zi gbãtɔ si meva nyae be nyateƒeae nye ema sem menɔ! Nu bubu si gawɔ dɔ ɖe dzinyee nye ale si mese le ɖokuinye me esime meva te gbedodoɖa le yevugbe me. Mekpɔe be meƒoa nu na Yehowa tso dzi me ke!” (Dɔw. 2:11, 41) Esi Kristina zu ɖetugbui la, eya kple edzilawo ɖo dze tso nyaa ŋu eye wotso nya me be wòaʋu ayi hame si me wodoa yevugbe le la me. Kristina gblɔ be: “Ne mele nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu le yevugbe me la, eʋãam be mawɔ ɖe nu si srɔ̃m mele dzi.” Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Kristina va zu mɔɖela si le dzidzɔ kpɔm.

16. Nu ka tae wòdzɔ dzi na nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Nadia be wòkpɔtɔ nɔ hame si me wodoa wo degbe le la me?

16 Ne ɖekakpui alo ɖetugbui ye nènye la, ɖe nèkpɔe be hame si me wodoa yevugbe le me nɔnɔ aɖe vi na wò wua? Ne nenemae la, bia ɖokuiwò be, Nu ka tae? Ðe hame ma me nɔnɔ ana nàgate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wua? (Yak. 4:8) Alo ɖewohĩ esi mèdi be dziwòlawo ƒe ŋkuwo nanɔ ŋuwò o alo èdi be dɔdeasiwo dzi naɖe akpɔtɔ taea? Nadia, si le subɔsubɔm le Betel fifia la, gblɔ be: “Esi nye kple nɔvinyewo míezu ƒewuiviwo la, míedi be míaʋu aɖanɔ yevugbe hame me.” Gake edzilawo de dzesii be esia made wo dzi le gbɔgbɔ me o. Nadia gblɔ be: “Fifia, edzɔa dzi na mí be mía dzilawo ku kutri vevie fia mía degbea mí eye wona míekpɔtɔ nɔ hame si me wodoa mía degbe le la me. Esia ɖe vi na mí le mɔ geɖe nu eye wòna mɔnukpɔkpɔ geɖe mí be míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woanya Yehowa.”

KPEKPEÐEŊU SI AME BUBUWO ATE ŊU ANA

17. (a) Ame kawo ƒe agbae vihehe nye le Yehowa ŋkume? (b) Aleke dzilawo awɔ be ame bubuwo nakpe ɖe wo ŋu woafia nyateƒea wo viwo?

17 Dzilawoe Yehowa de dɔ asi na be woahe wo viwo le nyateƒea me, ke menye ɖeviawo tɔgbuiwo alo wo mamawo alo ame bubu aɖe o. (Xlẽ Lododowo 1:8; 31:10, 27, 28.) Ke hã, ahiã be woakpe ɖe dzila siwo mese nutoa me gbe o la ŋu be woafia nu wo viwo  wòade woƒe dzi gbɔ. Gake ɖoɖowɔwɔ ɖe kpekpeɖeŋu sia ŋu mefia be dzila siawo naɖe asi le agba si le wo dzi le Mawu ŋkume la ŋu na ame bubu o; ke boŋ ɖoɖo sia hã awɔ akpa aɖe be woate ŋu ahe wo viwo “le Yehowa ƒe amehehe kple nuxɔxlɔ̃ me.” (Ef. 6:4) Le kpɔɖeŋu me, dzilawo ate ŋu abia hamemetsitsiwo ƒe aɖaŋuɖoɖo le ale si woawɔ ƒometadedeagu ŋu, eye woate ŋu abia wo hã be woakpe ɖe yewo ŋu yewoawɔ ɖoɖo ɖe hadede nyuiwo ŋu na yewo viwo.

Hadede kple hamea ɖea vi na ɖeviwo kple wo dzilawo siaa (Kpɔ memama 18, 19)

18, 19. (a) Aleke nɔvi siwo léa fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ƒe kpekpeɖeŋu ate ŋu aɖe vi na sɔhɛwo? (b) Nu kae wòle be dzilawo nayi edzi anɔ wɔwɔm?

18 Le kpɔɖeŋu me, dzilawo ate ŋu akpe ƒome bubuwo be woava yewoawɔ ƒometadedeagu ɖekae. Gakpe ɖe eŋu la, sɔhɛ geɖe tsina le xɔse me nyuie ne wodea ha kple nɔvi siwo léa fɔ ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu ayi gbeadzi ɖekae ahakpɔ gome le modzakaɖeɖe tuameɖowo me ɖekae. (Lod. 27:17) Shan, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la gblɔ be: “Meɖoa ŋku nɔviŋutsu siwo tsɔ ɖe le eme nam vevie la dzi. Ɣesiaɣi si wokpe ɖe ŋunye medzra ɖo ɖe dɔ siwo wode asi nam be mava wɔ le kplɔ̃ta ŋu la, mesrɔ̃a nu geɖe tso wo gbɔ. Eye mesea vivi na modzaka siwo míeɖena ɖekae la ŋutɔ.”

19 Gake ele be ame siwo dzilawo tia be woakpe ɖe yewo viwo ŋu la nakpe ɖe ɖeviawo ŋu ɣesiaɣi be woade bubu wo dzilawo ŋu; ele be woaƒo nu nyui tso dzilawo ŋu na ɖeviawo, ke menye be woava xɔ ɖe dzilawo teƒe o. Azɔ hã, ele be ame siwo le kpekpeɖeŋu nam la naƒo asa na nuwɔna ɖe sia ɖe si ate ŋu ana hamea me tɔwo alo ame siwo menye hamea me tɔwo o nasusu be wole agbe si mesɔ o nɔm. (1 Pet. 2:12) Mele be dzilawo nagblẽ ɖeviawo hehe le nyateƒea me ɖe ame bubuwo si me o. Ele be woanɔ ŋku lém ɖe kpekpeɖeŋu si nam ameawo le ŋu eye woawo ŋutɔwo hã woayi edzi anɔ nu fiam wo viwo.

20. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woava zu Yehowa subɔla dovevienuwo?

20 Dzilawo, mido gbe ɖa miabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu, eye midze agbagba miawɔ miaƒe ŋutete katã. (Xlẽ 2 Kronika 15:7.) Mina ƒomedodo si anɔ mia via kple Yehowa dome nanɔ vevie na mi wu miawo ŋutɔwo miaƒe dzidzedzekpɔkpɔ. Miwɔ nu sia nu si miate ŋui be miana Mawu ƒe Nya la naɖo mia via ƒe dzi gbɔ. Migasusui gbeɖe be mia via mate ŋu ava zu Yehowa subɔla dovevienu o. Ne mia viwo wɔ ɖe Mawu ƒe Nyaa ƒe mɔfiafia dzi hesrɔ̃ miaƒe kpɔɖeŋu nyuiwo la, miava se le mia ɖokuiwo me abe apostolo Yohanes ene esi wògblɔ tso eƒe gbɔgbɔmeviwo ŋu be: “Nyemekpɔ dzidzɔ gã wu esia o: be mase be vinyewo yi edzi le zɔzɔm le nyateƒe la me.”—3 Yoh. 4.

^ mm. 7 Kpɔ nyati si nye “Àte Ŋu Asrɔ̃ Gbe Bubu!” si dze le April 2007, ƒe Nyɔ! me, axa 10-12.