Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mègavɔ̃ O. Makpe Ðe Ŋuwò”

“Mègavɔ̃ O. Makpe Ðe Ŋuwò”

TSƆE BE ètso afi aɖe gbɔna eye zã do ɖe wò. Kasia èse ame aɖe ƒe afɔzi le megbewò. Ne ètɔ la, amea hã tɔna. Ne ède dzo azɔlia me la, amea hã wɔnɛ nenema. Eya ta ède afɔ du me; èsi du yi xɔ̃wò aɖe si le nutoa me ƒe aƒe me. Xɔ̃wòa ʋu ʋɔa na wò kaba be nàge ɖe eme, ale nègbɔ fũu eye wò dzi dze eme.

Ðewohĩ nu ma tututu medzɔ ɖe dziwò kpɔ o, gake agbemekuxiwo ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo wò nenema. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nèle ʋiʋlim be yeaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi gake nèkpɔtɔ le vodada mawo ke wɔma? Ðe dɔ gblẽ na wò ɣeyiɣi didi aɖee nye esia, eye nèdi dɔ ʋuu do kpoea? Ðe nètsi dzimaɖi be yele tsitsim eye be yeƒe lãme ava gblẽa? Alo nyawuame bubu aɖe na nu te ɖe dziwòa?

Kuxi ka kee wòɖanye o, ɖe dzi madzɔ wò ŋutɔ ne èkpɔ xɔlɔ̃ si nàgblɔ wò dzimenyawo na, eye wòle klalo be yeakpe ɖe ŋuwò oa? Ke ɖe xɔlɔ̃ ma tɔgbi le asiwòa? Ɛ̃, ɖe li! Yesaya 41:8-13 gblɔ be Yehowa nye tɔgbui Abraham xɔlɔ̃, eye enye wò hã xɔ̃wò vevi. Yehowa gblɔ na esubɔlawo le kpukpui 10 kple 13 lia me be: “Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Mègatsi dzi o, elabena nyee nye wò Mawu. Mado ŋusẽ wò; makpe ɖe ŋuwò. Matsɔ nye dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi alé wò ɖe te. Elabena nye, Yehowa wò Mawu, melé wò nuɖusi ɖe asi, nye ame si le gbɔgblɔm na wò be: ‘Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.’”

‘MALÉ WÒ ÐE TE’

Ðe nya siawo mede dzi ƒo na wò ŋutɔ oa? Kpɔ nɔnɔme si ŋu Yehowa ƒo nu tsoe ɖa le susu me. Menye ɖe Yehowa le wò axa dzi helé wò asi le zɔzɔm kpli wò o. Ema hã nyo ŋutɔ ya. Ne ɖe wòlé wò asi miele zɔzɔm la, anye ne eƒe nuɖusi alé wò miasi. Gake menye nenemae o, ke boŋ Yehowa tsɔ eƒe “dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi” lé “wò nuɖusi ɖe asi,” abe ɖe wòle hewòm tso nɔnɔme sesẽ aɖe me ene. Eye wòle gbɔgblɔm na wò kakaɖedzitɔe be: “Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò.”

Ðe nèbua Yehowa be enye Fofowò kple Xɔ̃wò si lɔ̃ wò, si axɔ na wò ne èɖo xaxa mea? Ebua ŋuwò, etsɔa ɖe le eme na wò, eye wòdi vevie be yeakpe ɖe ŋuwò. Ne ège ɖe fukpekpe aɖe me la, Yehowa di be nàkpɔe be yele dedie, elabe ele ŋuwò kplikplikpli. Enye “xɔnametɔ si li ɖaa le xaxaɣiwo.”—Ps. 46:1.

NE NU VƆ̃ AÐE SI NÈWƆ VA YI LE FU ÐEM NA WÒ

Ame aɖewo nɔa hũ ɖem henɔa fu wɔm wo ɖokui le nu vɔ̃ aɖe si wowɔ va yi ta eye wòwɔna na  wo be Mawu metsɔe ke yewo o. Ne aleae wòle le gowòme la, ke bu nuteƒewɔla Hiob, ame si ɖo ŋku eƒe “ɖevime vodadawo” dzi la ŋu. (Hiob 13:26) Hakpala David hã to nɔnɔme ma ke me eye wòɖe kuku na Yehowa be: “Mègaɖo ŋku nye ɖevimenuvɔ̃wo kple nye dzidadawo dzi o.” (Ps. 25:7) Amegbetɔ madeblibowo katã “wɔ nu vɔ̃, eye wometea ŋu ɖoa Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la gbɔ o.”—Rom. 3:23.

Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le blema koŋue woŋlɔ Yesaya ta 41 na. Woƒe nu vɔ̃ lolo ale gbegbe be Yehowa ɖoe be yeahe to na wo ale be woaɖe aboyo wo ayi Babilon. (Yes. 39:6, 7) Ke hã Mawu gblɔe ɖi be yeaɖe wo dometɔ siwo atrɔ dzi me ahatrɔ ɖe ye ŋu la! (Yes. 41:8, 9; 49:8) Egbea hã Yehowa ɖea lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ fiaa ame siwo di vevie be wòave yewo nu.—Ps. 51:1.

Bu Takuya, * si nɔ kutri kum be yeaɖu amamaɖeɖe kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔnawo kpɔkpɔ kpakple ɖokuigbɔdɔdɔ dzi ŋu kpɔ. Sẽe kple sẽe ko egage ɖe nɔnɔme ma me. Aleke wòse le eɖokui me? Egblɔ be: “Mebua ɖokuinye be nyemedze kura o, gake ne medo gbe ɖa na Yehowa hebia tsɔtsɔke la, eléam metsona.” Mɔ ka dzie Yehowa tona wɔa esia? Hamemetsitsiwo gblɔ na Takuya be ɣesiaɣi si wògakpɔ gome le nuwɔna gbegblẽ ma me ko la, wòaƒo ka na yewo. Egblɔ be: “Togbɔ be menɔa bɔbɔe nam o hã, ɣesiaɣi si medo dzi yɔ wo la, wodoa ŋusẽm.” Emegbe hamemetsitsiawo wɔ ɖoɖo be nutome sue dzikpɔla nasrã Takuya kpɔ. Nutome sue dzikpɔlaa gblɔ nɛ be: “Menye nye ŋutɔ koe tso ko va afi sia o. Hamemetsitsiwoe di be mava. Gbɔwòe woɖom ɖo.” Takuya gblɔ be: “Nyee nɔ nu vɔ̃ wɔm, gake Yehowa to hamemetsitsiwo dzi do asi ɖa be yeakpe ɖe ŋunye.” Takuya trɔ keŋkeŋ heva zu gbesiagbe mɔɖela, eye fifia ele alɔdzedɔwɔƒea. Ne èdze anyi la, Mawu alé wò nàfɔ abe ale si ko wòkpe ɖe nɔviŋutsu sia ŋu ene.

NE ÈTSI DZI ÐE DƆWƆÐUI ŊU

Dɔmakpɔwɔe zu taɖui na ame geɖe. ‘Xexea me ɖe wòtrɔna,’ eya ta ne edzɔ be dɔ ge le ame si la, avu kple kɔe dɔ bubu kpɔkpɔ nyena. Tsɔe be èyi afii womexɔ wò, èyi afi mɛ womexɔ wò o. Aleke nàse le ɖokuiwò me? Ne edzɔ alea la, ewɔna na ame aɖewo be bubu megale yewo ŋu o. Aleke Yehowa akpe ɖe ŋuwò? Ðewohĩ mana nàkpɔ dɔ nyui aɖe awɔ enumake o, gake ana nàɖo ŋku nya si Fia David gblɔ la dzi be: ‘Menɔ ɖevime tsã, azɔ metsi, ke nyemekpɔ wogblẽ ame dzɔdzɔe ɖi loo, alo be viawo tsɔ agba le nuɖuɖu biam kpɔ o.’ (Ps. 37:25, etenuŋɔŋlɔ) Esia fia be Yehowa bua wò ame vevii, eye atsɔ eƒe “dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi” akpe ɖe ŋuwò be nu si nèhiã be nàyi edzi asubɔe nasu asiwò.

Aleke Yehowa akpe ɖe ŋuwò ne dɔ ge le asiwò?

Sara, si le Colombia, kpɔ Yehowa ƒe ameɖeŋusẽ. Enɔ dɔ nyui aɖe wɔm le dɔwɔƒe gã aɖe, evɔ dɔa xɔa eƒe ɣeyiɣi katã. Esi wòdi be yeakpɔ vovo ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ta la, eɖe asi le dɔa ŋu hedze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme. Gake mekpɔ  dɔ si wòawɔ ŋkeke aɖewo ko la kaba o. Ema mewɔe be wònɔ anyi dra afɔ ɖi o; eɖo numeɖenu fafɛ dzraƒe sue aɖe. Gake eteƒe medidi hafi eƒe asitsaga vɔ o. Sara gblɔ be: “Ƒe ɖekaɖeka etɔ̃ gbegbe va yi, gake le Yehowa ƒe amenuveve me la, mete ŋu do dzi.” Eva srɔ̃e be, ‘agbavitɔ meɖua tòto nyanya o,’ eye mele be yeatsi dzi ɖe etsɔ si gbɔna ŋu o. (Mat. 6:33, 34) Mlɔeba eƒe dɔtɔ xoxoa yɔe be wòatrɔ ava dɔa me, eye yeagatsɔ ɖoƒe si wònɔ tsã la anɛ. Nɔvinyɔnua ɖo eŋu nɛ be yealɔ̃ ava nenye be ŋkeke aɖewo koe yeawɔ dɔ, eye wòaɖe mɔ na ye yeayi kpekpewo kple takpekpewo. Sara ƒe fetu megade tsãtɔ nu o, gake ekpe ɖe eŋu wòkpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm. Le wo katã me la, egblɔ be: “Mekpɔ Yehowa ƒe asi le nye agbe me.”

NE TSITSI NA NÈTSI DZIMAÐI

Nu bubu si zu dzivee na amewoe nye amegã alo nyagã kuku. Ame geɖe siwo tsi eye esusɔ vie woaxɔ dzudzɔ le dɔ me la tsia dzi nenye be yewoakpɔ ga si nu yewoanɔ agbe ɖo. Wotsia dzodzodzoe ɖe lãmegbegblẽ si ɖewohĩ ava ɖe fu na wo hã ŋu. Anɔ eme be David ye ɖe kuku na Yehowa be: “Mègatsɔm ƒu gbe le nye amegãkuɣi o; mègagblẽm ɖi ne ŋusẽ vɔ le ŋunye o.”—Ps. 71:9, 18.

Nu kae ana Yehowa subɔla naɖe dzi ɖi le eƒe tsitsime? Ele be wòayi edzi anɔ eƒe Mawu dzixɔse tum ɖo ahaka ɖe edzi be akpɔ ye dzi. Ne ga nɔ asiwò eye nèɖu agbe ƒe geɖe va yi la, ke ahiã be nànɔ agbe tsɛ eye nu ʋɛ siwo le asiwò nadze ŋuwò. Anyo be nàde dzesii be “ama agba ɖeka” ɖuɖu “nyo wu nyitsu dami,” elabe esia ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ eye ɖewohĩ nànɔ lãmesẽ me hã wu. (Lod. 15:17) Ne wò susu le nuteƒewɔwɔ na Yehowa ŋu la, akpɔ dziwò le wo tsitsime ke hã.

José and Rose with Tony and Wendy

Na míakpɔ José kple Rose ƒe kpɔɖeŋu ɖa. Wole Yehowa subɔm ɣeyiɣiawo katã ƒe 65 sɔŋ. Azɔ hã wonɔ Rose tɔ dzi kpɔm zã kple keli. Eye wokpɔ kansadɔ le José ŋu, wowɔ dɔ nɛ henɔ kansa-tike sesẽwo wɔm nɛ. Ðe Yehowa do asi ɖa lé atsu kple asi wɔnuteƒe sia ƒe asia? Ɛ̃, gake le mɔ ka nu? Ewɔe to atsu kple asi aɖe si le woƒe hamea me, siwo ŋkɔe nye Tony kple Wendy dzi. Wona xɔ José kple Rose ɖe woƒe aƒe me. Tony kple Wendy ɖoe be yewoatsɔ xɔ sia ana ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo woanɔ eme femaxee. Ƒe geɖe do ŋgɔ na ema la, Tony nɔa sukuxɔ me kpɔa José kple Rose to fesre nu wova yia gbeadzi edziedzi. Dzo si nɔ wo me wɔ dɔ ɖe edzi si na wòva lɔ̃ wo vevie. Esi Tony kple Wendy kpɔe be atsu kple asi tsitsi sia tsɔ woƒe agbe katã ɖo anyi ɖe Yehowa subɔsubɔ ŋu ta la, eʋã wo woxɔ wo ɖe wo ɖokuiwo gbɔ. Ƒe 15 sɔŋ ye nye esia wole be lém na José kple Rose siwo xɔ abe ƒe 85 ene fifia. Atsu kple asi tsitsi sia bua kpekpeɖeŋu si wo xɔlɔ̃ siawo naa wo la be enye nunana tso Yehowa gbɔ.

Nyateƒee, Mawu do eƒe “dzɔdzɔenyenye ƒe nuɖusi” la ɖa be yealé wò. Ðe wò hã nàdo wò asi ɖa alé Eya ame si do ŋugbe be, “Mègavɔ̃ o. Makpe ɖe ŋuwò” la ƒe asia?

^ mm. 11 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.