Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenu bubu dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Ɖasefowo

Eʋegbe

Gbetakpɔxɔ—Tata Si Míesrɔ̃na  |  December 2017

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe srɔ̃tɔ Kristotɔwo ate ŋu abu nu si wodea vidzidɔ me be wòaxe mɔ ɖe fufɔfɔ nu (IUD) be esɔ le Ŋɔŋlɔawo nua?

Le nya sia me la, ele na srɔ̃tɔ Kristotɔwo be woabu nya siwo katã ku ɖe ezazã ŋu kpakple Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu. Eyome woatso nya me si ana dzitsinya nyui nakpɔtɔ anɔ wo si le Mawu ŋkume.

Le gɔmedzedzea me esime ame eve ko (eye le Tsiɖɔɖɔa megbe ame enyi), nɔ anyigba dzi la, Yehowa de se be: “Midzi ne miasɔ gbɔ.” (1 Mose 1:28; 9:1) Biblia megblɔ be esia nye sedede si wobia tso Kristotɔwo si be woawɔ edzi o. Eya ta srɔ̃tɔwo ŋutɔwoe atso nya me be yewoazã mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu aɖe atsɔ awɔ ɖoɖo ɖe vi ale si nu yewoadzi ŋu loo alo be yewoatsɔe awɔ ɖoɖo ɖe ɣeyiɣi si yewoadzi vi ŋu. Nu kawo ŋue wòle be woalé ŋku ɖo?

Ele be Kristotɔwo nabu Biblia me gɔmeɖosewo ŋu nyuie hafi atso nya me le mɔxexe ɖe fufɔfɔ nu ƒe mɔnu ɖe sia ɖe ŋu. Eya ta Kristotɔwo ƒoa asa na fuɖeɖe atsɔ axe mɔ ɖe vidzidzi nu. Eɖoɖo koŋ aɖe fu tsi tsitre ɖe nu si Biblia gblɔ ku ɖe bubudede agbe ŋu la ŋu. Kristotɔwo matiae be yewoaɖe ame si womekpɔ dzi haɖe o la ƒe agbe ɖa o. (2 Mose 20:13; 21:22, 23; Ps. 139:16; Yer. 1:5) Ke IUD zazã ya ɖe?

Wodzro nya sia me le May 15, 1979 ƒe Gbetakpɔxɔ me, axa 30-31 (ele yevugbe me). Le ƒe mawo me la, IUD si ƒomevi bɔe nye esi wotsɔ aŋe wɔ, si wotsɔ dena vidzidɔ me be wòaxe mɔ ɖe fufɔfɔ nu. Wogblɔ le nyatia me be womenya ale si tututu IUD siawo wɔa dɔe o. Eŋuti nunyala geɖewo gblɔ be IUD mawo nana tɔtrɔwo yia edzi le vidzidɔa me, siwo wɔnɛ be ŋutsu ƒe tsinyenye me lẽvi la meɖoa nyɔnua ƒe azi gbɔ kaka wòahayi vi de ge eme o. Ne lẽvi la mede vi azia me o ko la, ke agbe yeye hã madze egɔme o.

 Ke hã, kpeɖodziwo ɖee fia be ɣeaɖewoɣi la, lẽvi la tea ŋu dea vi azia me. Azi sia si me wode vii azɔ la ate ŋu ava nɔ tsitsim le azigolo ŋu dɔka la me, alo ate ŋu ava tsi le vidzidɔa ŋutɔ me. Le vidzidɔa tɔ gome la, IUD la ate ŋu awɔe be tɔtrɔ aɖewo nayi edzi le vidzidɔa me si awɔe be azi si me lẽvia de vii la mate ŋu atsi le vidzidɔa me o, si ana be fua nagblẽ. Agbe si dze egɔme alea la ɖeɖe ɖa nye fuɖeɖe. Woƒo nyatia ta be: “Ele be Kristotɔ wɔnuteƒe si di be yeanya nenye be IUD zazã sɔ la nadzro nya siwo ku ɖe eŋu la me nyuie atsɔe asɔ kple nya si Biblia gblɔ ku ɖe agbe ƒe nu kɔkɔe nyenye ŋu.”—Ps. 36:9.

Gake tso esime wota nyati ma le ƒe 1979 me va de asi na fifia la, ɖe wowɔ ŋgɔyiyi ɖedzesiwo le dzɔdzɔmeŋutinunya kple atikewɔwɔ me le go sia mea?

IUD ƒomevi eve aɖewo gava le tsia dzi fifia. Esi ƒe akpa aɖewo nye akɔbli la va bɔ le Amerika le ƒe 1988 me. Emegbe IUD siwo ɖea atike siwo wɔa dɔ abe lãmetsi ene ɖe lãme na ame la va tsia dzi le ƒe 2001 me. Nu kae eŋuti nunyalawo gblɔ tso ale si IUD ƒomevi eve siawo wɔa dɔe ŋu?

Akɔbli tɔ: Abe ale si míegblɔe va yi ene la, IUD-wo nana tɔtrɔwo yia edzi le vidzidɔa me si nana wòsesẽna na lẽvia be wòatsi agbe ahayi azia gbɔ ɖo ge. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, edze abe akɔbli si le IUD siawo tɔgbi me la wua tsinyenye me lẽvia ene. * Gawu la, wogblɔ be akɔbli IUD-wo nana tɔtrɔ aɖewo yia edzi le vidzidɔa ŋutɔ hã me.

Esiwo wɔa dɔ abe lãmetsi ene: IUD ƒomevi vovovo aɖewo li siwo me atike aɖe le, si wɔa dɔ abe atikekui siwo wonona be woatsɔ axe mɔ ɖe fufɔfɔ nu la ene. Atike sia si le IUD-a me la ɖena ɖe vidzidɔa me. Edze abe IUD siawo xea mɔ ɖe azi ƒe tsitsi nu le nyɔnu aɖewo me ene. Edze kɔtɛ be ne azia mete ŋu tsi o la, ke manya wɔ be lẽvia hã nade vi eme o. To vovo na esia la, IUD la gawɔnɛ be vidzidɔa me ƒe titrime dzi ɖena kpɔtɔna. * Ewɔnɛ hã be ade si nɔa vidzidɔa nu la gava nɔa kpekẽ wu, eye esia xea mɔ na lẽvia be mete ŋu tona nyɔnua ƒe nyɔnume yia vidzidɔa me o. Tsɔ kpe ɖe esiawo ŋu la, IUD siawo gawɔa dɔ abe esiwo wotsɔ aŋe wɔ la hã ene.

Abe ale si míegblɔ va yi ene la, IUD ƒomevi eveawo siaa nana tɔtrɔ aɖewo yia edzi le vidzidɔa me. Ke ne edzɔ be nyɔnua ƒe azi do go kple ŋutsua ƒe lẽvi eye wòde vi eme ɖe? Ate ŋu age ɖe vidzidɔa me, gake mate ŋu atsi le afi ma o le tɔtrɔ siwo va vidzidɔa me ta. Esia ana fugboea dome nagblẽ. Ke hã, eŋuti nunyalawo gblɔ be ƒãa ŋutɔ hafi esia dzɔna, abe ale si ko wòtea ŋu dzɔna le atikekui siwo wonona tsɔ xea mɔ ɖe vidzidzi nu la hã gome ene.

Eya ta ame aɖeke mate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi be IUD siwo me akɔbli le alo esiwo wɔa dɔ abe lãmetsi ene la maɖe mɔ gbeɖe be lẽvia kple azia nado go o. Ke hã, dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe numekukuwo ɖee fia be, le nu siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi be IUD wɔna ta la, ƒãa hafi wòate ŋu adzɔ be lẽvia kple azia nado go si awɔe be fufɔfɔ nava.

Srɔ̃tɔ Kristotɔ siwo le eŋu bum be yewoazã IUD la ate ŋu adzro eme kple ɖɔkta si nya nu tso eŋu, ale be wòafia wo IUD si tɔgbi le afi si wole kpakple viɖe kple afɔku siwo ate ŋu enɔ ezazã me. Mele be srɔ̃tɔawo nakpɔ mɔ na ame aɖeke, eɖanye ɖɔkta gɔ̃ hã, be wòatso nya me na yewo o, mele be woaɖe mɔ hã be ame aɖe nafia wo nu si woawɔ o. (Rom. 14:12; Gal. 6:4, 5) Ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe. Ele be wòanye srɔ̃tɔawo ƒe taɖodzinu be yewoatso nya me wòadze Mawu ŋu eye dzitsinya dzadzɛ nanɔ wo si le Mawu ŋkume.—Tsɔe sɔ kple 1 Timoteo 1:18, 19; 2 Timoteo 1:3.

^ mm. 4 England Dukɔa Ƒe Lãmesẽdɔwɔƒea ka nya ta be: “Ne woma nyɔnu siwo zãa IUD siwo me akɔbli sɔ gbɔ le wu la me ɖe akpa alafa ɖeka la, esiwo fɔa fu la ƒe xexlẽme mede akpa ɖeka o. Esia fia be le nyɔnu 100 ɖe sia ɖe siwo zãa IUD sia dome la, ƒãa ŋutɔ hafi nyɔnu ɖeka teti hã afɔ fu le ƒe ɖeka me. Manɔ alea le IUD siwo me akɔbli mesɔ gbɔ ɖo o la gome o.”

^ mm. 5 Esi wònye be IUD siawo ɖea vidzidɔa me ƒe titrime dzi kpɔtɔna ta la, ɣeaɖewoɣi la, wokafunɛ na nyɔnu srɔ̃tɔwo alo esiwo nye tre siwo ŋu ʋu geɖe dona le ne woɖo asi anyi.