Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Johannes Rauthe le gbeƒã ɖem, le ƒe 1920-awo me lɔƒo

 NU NYUI SIWO LE MÍAƑE NUDZRAÐOƑE

“Mele Nuŋeŋedɔ Wɔm Hena Yehowa Ƒe Kafukafu”

“Mele Nuŋeŋedɔ Wɔm Hena Yehowa Ƒe Kafukafu”

“AƲA siwo katã wowɔ va yi . . . meɖi naneke o ne míetsɔe sɔ kple aʋa gã si fe ati le Europa.” Aleae September 1, 1915 ƒe Gbetakpɔxɔ ɖɔ xexemeʋa gbãtɔ, si me dukɔ 30 kloe kpɔ gome le lae. Le yometiti sesẽ si va nɔviawo dzi ta la, Gbetakpɔxɔ la gblɔ be: “[Fiaɖuƒedɔa] tsi akpo dzi keŋkeŋ kloe, vevietɔ le Germania kple France.”

Le aʋaŋɔli ma la, Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo mese Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade gɔme tututu o, eya ta wowɔ asrafodɔ. Gake woɖoe be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia. Nɔviŋutsu Wilhelm Hildebrandt dɔ Biblia Nusrɔ̃viwo Ƒe Agbalẽ, Fransegbe me tɔ, gbogbo aɖewo be yeazã le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa me le France. Menye ɖe wòyi France abe nya nyui kakala ene o, ke boŋ abe Dzaman-srafo ene. Futɔ sia le asrafowu me hele ŋutifafanya nyui gblɔm na Fransetɔwo le ablɔ dzi, eye esia wɔ nuku na amewo ale gbegbe.

Lɛta siwo wota ɖe Gbetakpɔxɔ me ɖee fia be Biblia Nusrɔ̃vi Dzamantɔ siwo le asrafodɔ wɔm dometɔ geɖe kpɔe be ehiã be yewoagblɔ Fiaɖuƒenya nyuia. Nɔviŋutsu Lemke, si nye ƒudzisrafo, ka nya ta be ye hati asrafo atɔ̃ sɔŋ tsɔ ɖe le nyateƒea me. Egblɔ be: “Mele nuŋeŋedɔ wɔm hena Yehowa ƒe kafukafu le aʋawɔtɔdziʋu sia gɔ̃ hã me.”

Georg Kayser yi aʋagbedzi abe asrafo ene gake ezu Mawu vavã la subɔla hafi trɔ gbɔ va aƒe. Aleke wòdzɔe? Eƒe asi su Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe agbalẽ aɖe dzi, exɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea kple dzi blibo, eye wòɖe asi le eƒe lãnuwo ŋu. Ewɔ asrafodɔ si mebia be wòazã aʋawɔnuwo o. Esi aʋaa ke la, ewɔ mɔɖeɖedɔa kple dzo ƒe geɖe.

Togbɔ be Biblia Nusrɔ̃vi mawo mese akpaɖekedzimademade ƒe nyaa gɔme nyuie o hã la, woƒe nuwɔna kple agbenɔnɔ to vovo kura na ame siwo da asi ɖe aʋa gã ma dzi la tɔ. Dunyahelawo kple subɔsubɔhakplɔlawo de aʋaa dzi vevie, gake  Biblia Nusrɔ̃viwo ya ku ɖe “Ŋutifafafia” la ŋu goŋgoŋ. (Yes. 9:6) Togbɔ be Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo de akpa aɖe dzi vie le mɔ aɖe nu hã la, woƒe susu wɔ ɖeka kple nya si Nɔviŋutsu Konrad Mörtter gblɔ, be: “Mekpɔe dze sii le Mawu ƒe Nya la me be, mele be Kristotɔ nawu ame o.”—2 Mose 20:13. *

Hans Hölterhoff le kekevi sia zãm tsɔ le boblo dom Nyɔ!

Germania ƒe sea meda asi ɖe edzi be amewo nagbe asrafodɔ le dzitsinya ta o, ke hã Biblia Nusrɔ̃vi 20 kple edzivɔ gbe be yewomawɔ asrafodɔ aɖeke o. Wobu wo dometɔ aɖewo be woƒe tagbɔ gblẽ; le kpɔɖeŋu me, woɖo Gustav Kujath ɖe tagbɔdɔlélawo ƒe kɔdzi hedae ɖe atike dzi. Nɔviŋutsu Hans Hölterhoff hã yi mɔ́ le esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ alo dɔ sia dɔ si do ƒome kple aʋawɔwɔ o ta. Gaxɔdzikpɔlawo blae sesĩe ɖe awu me va se ɖe esime eƒe abɔwo kple afɔwo ku ɖe eŋu. Esi ema mena wòna ta o la, wokplɔe yi amewuƒe be yewoatsɔ ado vɔvɔ̃dzi nɛ. Gake Hans lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le aʋawɔɣia katã.

Nɔvi bubu siwo wokplɔ de asrafodɔ me sesẽe gbe be yewomatsɔ aʋawɔnuwo o, eye wobia be yewoawɔ dɔ bubuwo boŋ. * Nɔviŋutsu Johannes Rauthe wɔ esia, eye woɖoe ɖa be wòawɔ dɔ le ketekegakpo dzi. Wode dɔ asi na Konrad Mörtter be wòana kpekpeɖeŋu kɔdzidɔwɔlawo, eye Reinhold Weber hã nye dɔnɔdzikpɔla. Nɔviŋutsu August Krafzig kpɔ dzidzɔ be yeƒe dɔ mebia be yeayi aʋagbedzi o. Biblia Nusrɔ̃vi siawo kple wo nɔvi bubuwo tɔ afɔ to sesĩe be yewoasubɔ Yehowa le lɔlɔ̃ kple nuteƒewɔwɔ me.

Le nu siwo yi edzi le xexemeʋaa wɔɣi ta la, dziɖuɖumegãwo ɖe ŋku tɔ Biblia Nusrɔ̃viawo. Eya ta le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, wokplɔ Biblia Nusrɔ̃vi siwo le Germania dometɔ akpe geɖe yi ʋɔnu le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. Esia na Germania alɔdzedɔwɔƒea ɖo senyadzikpɔƒe le Betel le Magdeburg, be wòakpe ɖe nɔvi siawo ŋu.

Emegbe Yehowa Ðasefowo va se Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade gɔme nyuie wu. Eya ta esi xexemeʋa evelia dze egɔme la, womede akpa aɖeke dzi kura alo wɔ asrafodɔ aɖeke o. Esia na wobu wo be wonye Germania Dua ƒe futɔwo eye woti wo yome kutɔkutɔe. Míaƒo nu tso esia ŋu le “Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe” ƒe nyati bubu me.—Nu nyui siwo le míaƒe nudzraɖoƒe le Titina Europa.

^ mm. 7 Kpɔ Biblia Nusrɔ̃vi siwo nɔ Britania le Xexemeʋa I wɔɣi ƒe ŋutinya, le nyati si nye “Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe—Wonɔ Te Sesĩe Le ‘Tetekpɔ Ƒe Gaƒoƒo’ Me,” le May 15, 2013 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

^ mm. 9 Woɖo aɖaŋu sia na wo le Millennial Dawn (L’Aurore du Millénium) ƒe Babla Adelia (1904) kple Dzamangbe me Gbetakpɔxɔ, August 1906 me. September 1915 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ɖɔ susu ma ɖo, eye wòɖo aɖaŋu na Biblia Nusrɔ̃viwo be woagaɖo asrafoha me kura o. Gake nyati ma medze le Dzamangbe me tɔa me o.