Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Subɔa “Mawu Dzidzɔtɔ La”

Dzidzɔtɔwoe Nye Ame Siwo Subɔa “Mawu Dzidzɔtɔ La”

“Dzidzɔtɔe nye dukɔ si ƒe Mawu Yehowa nye!”—PS. 144:15.

HADZIDZI: 44, 125

1. Nu ka tae Yehowa subɔlawo nye dzidzɔmewo ɖo? (Kpɔ foto siwo le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

YEHOWA ÐASEFOWO nye dzidzɔmewo vavã. Ne wova ƒo ƒu ɖekae le woƒe kpekpewo, takpekpewo kple hadomewɔnawo me la, dzi dzɔa wo woɖoa dze kple wo nɔewo henɔa nukoko dzi. Nu ka tae wokpɔa dzidzɔ alea ɖo? Susu vevi si tae ye nye be wonya Yehowa, “Mawu dzidzɔtɔ la,” wosubɔnɛ eye wodzea agbagba be yewoasrɔ̃ eyama. (1 Tim. 1:11; Ps. 16:11) Esi wònye be Mawue nye dzidzɔ Dzɔtsoƒe ta la, edi be míanɔ dzidzɔ kpɔm, eye ena nu geɖe siwo tae wòle be míakpɔ dzidzɔ ɖo la mí.—5 Mose 12:7; Nyagb. 3:12, 13.

2, 3. (a) Nu kae dzidzɔkpɔkpɔ fia? (b) Nu ka tae wòate ŋu asesẽ be míakpɔ dzidzɔ ɣeaɖewoɣi?

2 Ke wò ya ɖe? Ðe nèle dzidzɔ kpɔma? Ðe nàgate ŋu akpɔ dzidzɔ geɖe wua? Woɖe dzidzɔkpɔkpɔ gɔme be, “enye vivisese ƒe seselelãme si nɔa ame me; etea ŋu nyea dzidzeme si sua ame si le agbe me alo dzidzɔ gbago, kple didi si le ame me be seselelãme sia nanɔ anyi ɖaa. Biblia ɖee fia be ame siwo le ƒomedodo nyui me kple Yehowa la koe ate ŋu akpɔ dzidzɔ vavãtɔ. Gake le xexe sia me la, ate ŋu asesẽ be ame nakpɔ dzidzɔ. Nu ka tae?

3 Ate ŋu asesẽ be míakpɔ dzidzɔ ne míele nɔnɔme sesẽwo me  tom. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ alea ne míaƒe ame vevi aɖe ku alo woɖe míaƒe ƒometɔ aɖe le haa me, ne míaƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ, alo dɔ ge le mía si. Ate ŋu asesẽ be míakpɔ dzidzɔ ne ŋutifafa mele ƒomea me o le esi dzre nɔa aƒea me edziedzi ta. Ne dɔwɔhatiwo alo sukuhatiwo ɖua fewu le mía ŋu, ne amewo ti mía yome alo wode mí gaxɔ me le míaƒe xɔse ta la, ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me. Nenema kee lãmesẽkuxiwo, dɔmavɔleameŋu, alo blanuiléledɔ hã ate ŋu awɔe be míaganɔ dzidzɔ kpɔm o. Ke hã, dzidzɔe wònye na Yesu Kristo, si nye “Ŋusẽtɔ Gã kple dzidzɔtɔ ɖeka kolia la,” be yeafa akɔ na amewo ahana woakpɔ dzidzɔ. (1 Tim. 6:15; Mat. 11:28-30) Le Yesu ƒe Todzimawunyaa me la, eƒo nu tso nɔnɔme nyui vovovo siwo ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ togbɔ be míele kuxi sesẽwo me tom le Satana ƒe xexea me hã la ŋu.

EHIÃ BE MÍA KPLE YEHOWA DOME NANƆ KPLIKPLIKPLI HAFI KO MÍATE ŊU AKPƆ DZIDZƆ

4, 5. Aleke míawɔ akpɔ dzidzɔ eye míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm?

4 Nu gbãtɔ si dzi Yesu he susu yi la le vevie ŋutɔ. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, elabena woawo tɔe nye Dziƒofiaɖuƒe la.” (Mat. 5:3) Aleke míaɖee afia be gbɔgbɔmenuwo hiã mí? Mɔ siwo nu míaɖee afia le ye nye be míalé fɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu, míanɔ Mawu ƒe sewo dzi wɔm eye míana mawusubɔsubɔ nanye nu vevitɔ kekeake na mí le agbe me. Ne míeɖe afɔ siawo la, míakpɔ dzidzɔ geɖe wu. Ana hã be ale si míexɔe se be Mawu ƒe ŋugbedodowo ava eme kpuie la me nagasẽ ɖe edzi. Eye “dzidzɔmɔkpɔkpɔ” si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me.—Tito 2:13.

5 Ne míedi be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm nu ka kee ɖadzɔ ɖe mía dzi le agbe me o la, ke ele be míayi edzi ana ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la me nanɔ sesẽm ɖe edzi. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ bena: “Dzi nedzɔ mi le Aƒetɔ [Yehowa] me ɣeawokatãɣi. Megale egblɔm ake be, dzi nedzɔ mi!” (Flp. 4:4) Hafi ƒomedodo xɔasi ma nanɔ mía kple Yehowa dome la, ele be mawumenunya nasu mía si. Mawu ƒe Nyaa gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye ame si ke ɖe nunya ŋu kple ame si si nugɔmesese su. Agbeti wònye na ame siwo lée ɖe asi, eye woayɔ ame siwo vàe goŋgoŋ la be dzidzɔtɔwo.”—Lod. 3:13, 18.

6. Nu bubu kae wòle be míawɔ be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm?

6 Ke hã, hafi míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm la, ele vevie be míawɔ nu siwo míesrɔ̃ le Mawu ƒe Nyaa me dzi, ke menye be míasrɔ̃e ko evɔ o. Yesu te gbe ɖe esia ƒe vevienyenye dzi esi wògblɔ be: “Ne mienya nu siawo la, ekema dzidzɔtɔwoe mianye ne miewɔa wo dzi.” (Yoh. 13:17; xlẽ Yakobo 1:25.) Esia le vevie ŋutɔ hafi míate ŋu akpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ eye míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm. Gake aleke míawɔ ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm esi nu gbogbo aɖewo li siwo ate ŋu agblẽ míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ me? Na míadzro nya siwo Yesu gagblɔ ɖe eyome le Todzimawunyaa me la me.

NƆNƆME NYUI SIWO NANA MÍEKPƆA DZIDZƆ

7. Aleke wòanya wɔ be ame siwo le nu xam la nakpɔ dzidzɔ?

7 “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le nu xam, elabena woafa akɔ na wo.” (Mat. 5:4) Ame aɖewo abia be, ‘Aleke wòanya wɔ be ame nakpɔ dzidzɔ esime wòle nu xam?’ Menye ame sia ame si le nu xam lae Yesu wɔnɛ o. Ame vɔ̃ɖiwo gɔ̃ hã xaa nu le nu gbãdziname siwo me tom wole le ‘ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ’ siawo me la ta. (2 Tim.  3:1) Gake woawo ŋutɔ wo ɖokuiwo ŋu ko wobuna, ke menye Yehowa o, eya ta womele ƒomedodo aɖeke me kplii o, eye womate ŋu akpɔ dzidzɔ hã o. Ame siwo ƒe nu nɔ susu me na Yesue nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo, eye woxaa nu ɖe ale si ame geɖe gbe Mawu eye womenɔa agbe ɖe eƒe nudidiwo nu o la ta. Ale si wonye nu vɔ̃ mewoe kple nɔnɔme wɔnublanui si me ameƒomea le le nu vɔ̃ si ƒe dome wonyi ta la nɔa susu me na wo. Yehowa dea dzesi ame siwo xaa nu le susu siawo ta eye wòfaa akɔ na wo to eƒe Nyaa dzi, eye wòtsɔa dzidzɔ kple agbe mavɔ mɔkpɔkpɔ yraa wo.—Xlẽ Ezekiel 5:11; 9:4.

8. Nu ka tae ame fafawo kpɔa dzidzɔ?

8 “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mat. 5:5) Nu ka tae ame fafawo kpɔa dzidzɔ? Ne nyateƒea ŋuti sidzedze vavãtɔ su amewo si la, wotrɔa woƒe agbenɔnɔ. Ðewohĩ tsã la, woƒe nya me sẽ, wowɔa dzre, eye wowɔa adã. Gake fifia, wodo “amenyenye yeye la” eye wowɔa nu le “dɔmetɔtrɔ, dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔgbɔ blewu” me. (Kol. 3:9-12) Esia wɔe be fifia, woƒe dzi dze eme, wo kple ame bubuwo dome le nyuie, eye wole dzidzɔ kpɔm. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nya la gblɔ be ame siawo tɔgbi “anyi anyigba la dome.”—Ps. 37:8-10, 29.

9. (a) Mɔ ka nue ame fafawo ‘anyi anyigba la dome’ le? (b) Nu ka tae “ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum” la ate ŋu akpɔ dzidzɔ?

9 Mɔ ka nue ame fafawo ‘anyi anyigba la dome’ le? Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la anyi anyigba la dome le gɔmesesea nu be woava nye fiawo kple nunɔlawo ahaɖu anyigba la dzi. (Nyaɖ. 20:6) Gake ame miliɔn bubu geɖe siwo mexɔ dziƒoyɔyɔa o la anyi anyigba la dome le gɔmesese sia nu be woana woade blibo eye woanɔ agbe le anyigba dzi tegbee le ŋutifafa kple dzidzɔ me. Ame siawoe nye ame siwo ŋu Yesu gblɔ le be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ le wuwum.” (Mat. 5:6) Dzɔdzɔenyenye ƒe dɔ kple tsikɔ magawu wo o, elabena woaɖi ƒo na wo le xexe yeyea me. (2 Pet. 3:13) Ne Mawu va ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ɖa la, ame dzɔdzɔewo akpɔ dzidzɔ eye ame vɔ̃ɖiwo magagblẽ woƒe dzidzɔkpɔkpɔ me akpɔ gbeɖe o.—Ps. 37:17.

10. Nu kae wòfia be ame nanye nublanuikpɔla?

10 “Dzidzɔtɔwoe nye nublanuikpɔlawo, elabena woakpɔ nublanui na wo.” (Mat. 5:7) Hebrigbe me dɔwɔnya aɖe si do ƒome kple nublanuikpɔkpɔ la fia “ɖetsɔtsɔ le eme na ame lɔlɔ̃tɔe; [alo] ame ƒe dɔme natrɔ ɖe ame ŋu.” Eye Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be nublanuikpɔkpɔ la kuna ɖe vevesese ɖe ame nu hã ŋu. Ke hã, nublanuikpɔkpɔ de ŋgɔ wu seselelãme dzro ko. Le Biblia me la, efiana hã be woawɔ nane atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu.

11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nublanuikpɔkpɔ na amewo ŋu tso Samariatɔ havilɔ̃laa ƒe kpɔɖeŋua me?

11 Xlẽ Luka 10:30-37. Kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe Samariatɔ havilɔ̃laa ŋu la ɖe nu si wòfia be woakpɔ nublanui na ame la fia eme kɔ nyuie. Samariatɔ la ƒe dɔme trɔ ɖe ŋutsu si nu vevi wɔ la ŋu ale gbegbe be ekpɔ nublanui nɛ, eye wòkpe ɖe eŋu. Esi Yesu wɔ kpɔɖeŋua vɔ la, egblɔ be: “Heyi, eye wò hã nàwɔ nenema ke.” Eya ta, míate ŋu abia mía ɖokuiwo be: ‘Ðe nye hã mele ewɔm nenema kea? Ðe mewɔa nu si Samariatɔ nublanuikpɔlaa wɔa? Ne amewo le fu kpem la, ɖe mekpɔa nublanui na woa? Ðe mate ŋu awɔ geɖe wu atsɔ akpe ɖe wo ŋua? Le kpɔɖeŋu me, ɖe mate ŋu awɔ nane atsɔ akpe ɖe hati Kristotɔ tsitsiwo, ahosiwo kple ɖevi siwo dzilawo mele nyateƒea me o la ŋua? Ðe mate ŋu agblɔ nya aɖe atsɔ afa “akɔ na ame siwo lé [blanuia]”?’—1 Tes. 5:14; Yak. 1:27.

Kpɔ nublanui na amewo nàkpe ɖe wo ŋu, eye àkpɔ dzidzɔ si gbegbe dona tso eme (Kpɔ memama 12 lia)

12. Nu ka tae dzi dzɔa mí ne míekpɔ nublanui na amewo?

 12 Nu ka tae míekpɔa dzidzɔ ne míekpɔ nublanui na amewo? Ne míekpɔ nublanui na amewo hekpe ɖe wo ŋu la, dzidzɔ si dona tso nunana me la sua mía si. Míekpɔa dzidzɔ hã le esi míele Yehowa ŋu dzem ta. (Dɔw. 20:35; xlẽ Hebritɔwo 13:16.) Fia David gblɔ tso ame si kpɔa nublanui na ame ŋu be: “Yehowa adzɔ eŋu, eye wòaxɔe ɖe agbe. Woabui dzidzɔtɔe le anyigba dzi.” (Ps. 41:1, 2) Ne nublanuikpɔkpɔ ʋãa mí míekpena ɖe amewo ŋu la, Yehowa hã akpɔ nublanui na mí, eye esia ahe dzidzɔ mavɔ vɛ na mí.—Yak. 2:13.

NU SI TAE “AME SIWO DZA LE DZI ME” LA KPƆA DZIDZƆ

13, 14. Nu ka tae “ame siwo dza le dzi me” la kpɔa dzidzɔ?

13 Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo dza le dzi me, elabena woakpɔ Mawu.” (Mat. 5:8) Hafi míate ŋu adza le dzi me la, ele be míana míaƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo nanɔ dzadzɛ. Esia le vevie ŋutɔ hafi míaƒe subɔsubɔ nadze Yehowa ŋu.—Xlẽ 2 Korintotɔwo 4:2; 1 Tim. 1:5.

14 Tenɔnɔ dzadzɛ asu ame siwo dza le dzi me la si le Yehowa ŋkume, elabena eya ŋutɔ gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nya woƒe awu ʋlayawo.” (Nyaɖ. 22:14) Gɔmesese ka nue ‘wonya woƒe awu ʋlayawo’ le? Kristotɔ amesiaminawo “nya woƒe awu ʋlayawo” le mɔ sia nu be wodza le Yehowa ŋkume eye ana makumakunyenye wo, eye woakpɔ dzidzɔ tegbee le wo nɔƒe le dziƒo. Tenɔnɔ dzɔdzɔe ate ŋu asu ameha gã si le mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le anyigba dzi la hã si le Mawu ŋkume eye woate ŋu azu Mawu xɔlɔ̃wo. Fifia gɔ̃ hã la, ‘wole woƒe awu ʋlayawo nyam hele wo wɔm ɣie le Alẽvi la ƒe ʋu la me.’—Nyaɖ. 7:9, 13, 14.

15, 16. Aleke ame siwo dza le dzi me la ‘akpɔ Mawui’?

15 Gake esi wònye be ‘ame aɖeke mate ŋu akpɔ Mawu aganɔ agbe o’ ɖe, aleke ame siwo dza le dzi me la ate ŋu ‘akpɔ Mawu’? (2 Mose 33:20) Helagbe me nya si gɔme woɖe be ‘kpɔ’ ate ŋu afia be “woase nu gɔme, woakpɔ nu le susu me, alo woanya nane.” Ame siwo kpɔa Mawu kple woƒe “dzi me ŋkuwo” la nye ame siwo nya eyama nyuie, eye wodea asixɔxɔ eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu. (Ef. 1:18) Yesu ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo fia le mɔ deblibo nu, si wɔe be ete ŋu gblɔ be: “Ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã.”—Yoh. 14:7-9.

16 Tsɔ kpe ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo nyanya ŋu la, Mawu subɔla vavãwo ate ŋu ‘akpɔ Mawu’ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu ne wokpɔ ale si wòkpena ɖe wo ŋu. (Hiob 42:5) Wotsɔa woƒe “dzi me ŋkuwo” ɖoa yayra wɔnuku siwo ƒe ŋugbe Mawu do na ame siwo dzea agbagba vevie be yewoakpɔtɔ anɔ dzadzɛ hewɔa nuteƒe nɛ la ŋu. Gake ne wofɔ amesiaminawo ɖe tsitre la, woakpɔ Yehowa ŋkume kple ŋkume ne woxɔ woƒe dziƒofetua.—1 Yoh. 3:2.

 MÍATE ŊU AKPƆ DZIDZƆ NE MÍELE KUXIWO ME TOM GƆ̃ HÃ

17. Nu ka tae ŋutifafawɔlawo kpɔa dzidzɔ?

17 Yesu gagblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo wɔa ŋutifafa.” (Mat. 5:9) Ame siwo dzea agbagba wɔa ŋutifafa la kpɔa dzidzɔ le susu vovovowo ta. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena: “Woƒãa dzɔdzɔenyenyekutsetse ƒe ku le ŋutifafa me ɖe ame siwo wɔa ŋutifafa dome.” (Yak. 3:18) Ne wò kple hamea me tɔ aɖe alo wò ƒometɔ aɖe dome mele vivim o la, àte ŋu aƒo koko na Mawu be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ ŋutifafa kplii. Ekema, Yehowa ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò, si awɔe be nàɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo afia, eye àkpɔ dzidzɔ geɖe wu. Yesu te gbe ɖe ale si wòle vevie be míate ɖe ame kemɛa ŋu awɔ ŋutifafa la dzi esi wògblɔ be: “Eya ta ne ètsɔ wò nunana va vɔsamlekpuia gbɔ, eye nèɖo ŋku edzi le afi ma be nya aɖe le nɔviwò si ɖe ŋuwò la, gblẽ wò nunana la ɖe afi ma le vɔsamlekpuia ŋgɔ, eye nàdzo ayi. Wɔ ŋutifafa kple nɔviwòa gbã, eye ne ètrɔ gbɔ la, nàtsɔ wò nunana la ana.”—Mat. 5:23, 24.

18, 19. Nu ka tae Kristotɔwo ate ŋu akpɔ dzidzɔ ne wole wo yome tim gɔ̃ hã?

18 “Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo doa vlo mi, tia mia yome, eye wokaa aʋatso gblɔa nya vɔ̃ ɖe sia ɖe ƒomevi ɖe mia ŋu le tanye.” Nu ka tae Yesu gblɔ nya mawo ɖo? Eyi edzi gblɔ be: “Mitso aseye, eye migli kple dzidzɔ, elabena miaƒe fetu lolo le dziƒo, elabena nenema kee woti nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ na mi hã yome.” (Mat. 5:11, 12) Esi woƒo apostoloawo hede se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe la, “wodzo le Sanhedrin la ŋkume, eye wonɔ dzidzɔ kpɔm.” Gake menye ɖe esia fia be ƒoƒoa vivi wo nu o. Ke boŋ, ɖe wonɔ dzidzɔ kpɔm be “wobu yewo be yewodze woado vlo yewo le [Yesu ƒe] ŋkɔ la ta.”—Dɔw. 5:41.

19 Egbea hã, Yehowa ƒe amewo doa dzi kple dzidzɔ ne wole fu kpem le Yesu ƒe ŋkɔ la ta alo ne wole tetekpɔ sesẽwo me tom. (Xlẽ Yakobo 1:2-4.) Abe ale si wònɔ le apostoloawo gome ene la, míawo hã fukpekpe aɖeke mevivia mía nu o. Ke hã, ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa Mawu le tetekpɔwo me la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míado dzi vɔvɔ̃manɔmee. Le kpɔɖeŋu me, le August 1944 me la, ŋutasẽdziɖuɖu aɖe ƒe amegãwo na wolé nɔviŋutsu Henryk Dornik kple nɔviaŋutsu yi fuwɔamesaɖa aɖe me. Ke hã, tsitretsiɖeŋulawo ʋu eme be: “Ame aɖeke mate ŋu aƒoe ɖe wo nu be woawɔ nu siwo womedi o. Dzidzɔe wònyena na wo be yewoaku xɔsetaku.” Nɔviŋutsu Dornik ɖe eme be: “Togbɔ be menye nye didie wònye be maku xɔsetaku o hã la, esi melé dzi ɖe ƒo hekpe fu le fɔmaɖimaɖi me ale be mawɔ nuteƒe na Yehowa la, esia na mekpɔ dzidzɔ. . . . Gbedodoɖa vevie na mete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, eye eɖee fia be yenye Kpeɖeŋutɔ si dzi mate ŋu aka ɖo.”

20. Nu ka tae dzi dzɔa mí be míele “Mawu dzidzɔtɔ la” subɔm?

20 Ne míede dzesii be “Mawu dzidzɔtɔ la” kpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, míate ŋu ayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne wole mía yome tim le míaƒe xɔse ta, ne míaƒe ƒometɔwo tsi tsitre ɖe mía ŋu, ne míele dɔ lém alo tsitsimekuxiwo le fu ɖem na mí gɔ̃ hã. (1 Tim. 1:11) Nu bubu si nana míekpɔa dzidzɔe nye mía Mawu “si mate ŋu aka aʋatso o” la ƒe ŋugbedodo wɔnukuawo. (Tito 1:2) Ne Yehowa ƒe ŋugbedodoawo va eme la, woawɔ nuku na mí ale gbegbe be xaxa kple tetekpɔ siwo me tom míele egbea la magava susu me na mí gɔ̃ hã o. Le Paradiso si gbɔna me la, yayra siwo Yehowa adudu ɖe mía dzi la awu gbɔgblɔ. Le nyateƒe me la, míakpɔ dzidzɔ si tɔgbi míekpɔ kpɔ o. Ɛ̃, “dzi adzɔ [mí] geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Ps. 37:11.