“Nu kae ƒe 1918 ahe vɛ?” Biabia siae woŋlɔ tsɔ dze January 1, 1918, ƒe Gbetakpɔxɔa gɔme. Aʋa Gã la gakpɔtɔ nɔ edzi yim le Europa, gake nu siwo dzɔ le ƒe ma ƒe gɔmedzedze la na wòdze abe nuwo ayi edzi nyuie na Biblia Nusrɔ̃viwo kple xexe bliboa ene.

WOƑO NU TSO ŊUTIFAFA ŊU LE XEXEA ME GODOO

Le January 8, 1918 dzi la, Dukplɔla Woodrow Wilson ƒo nuƒo aɖe le Amerika ƒe Sewɔtakpekpe me. Le eƒe nuƒoa me la, edo susu vovovo 14 siwo wòsusu be wohiã vevie ale be xexea nakpɔ “ŋutifafa si anɔ anyi ɖaa” la ɖa. Edo susu ɖa be dukɔwo nalé nyawo akpɔ, woaɖe woƒe aʋawɔnuwo dzi akpɔtɔ, eye woaɖo “dukɔwo ƒe habɔbɔ aɖe” anyi si aɖe vi na “dukɔ gãwo kple sueawo siaa.” “Susu Wuiene” siwo wòdo ɖa la dzie wova zɔ ɖo tsɔ ɖo Dukɔwo ƒe Nubabla la anyi, eye woawo kee wotsɔ kpɔ Versailles ƒe Nubabla ƒe nyawo gbɔ. Aleae wòdzɔe be Aʋa Gã la wu enu.

BIBLIA NUSRƆ̃VIWO ÐU WOƑE TSITRETSIÐEŊULAWO DZI

Togbɔ be ʋunyaʋunyawo yi edzi le ƒe si va yi me hã la, * edze abe ŋutifafa gbɔna na Biblia Nusrɔ̃viawo hã kpuie ene, eye nu siwo yi edzi le Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe dɔwɔnyawo ƒe ƒe sia ƒe ƒe takpekpe si wowɔ me hã na wokpɔ esia ƒe kpeɖodzi.

Le takpekpe sia si wowɔ le January 5, 1918 dzi me la, ŋutsu aɖewo siwo nɔ agbanɔamedzinɔƒewo, siwo wonya le Betel, la dze agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe habɔbɔa dzi. Nɔviŋutsu Richard H. Barber, si nye dzikpɔla mɔzɔla wɔnuteƒe la do gbe ɖa tsɔ dze wɔnaa gɔme. Esi woxlẽ dɔ siwo wowɔ le ƒe si va yi me ŋuti nuŋlɔɖiwo vɔ la, wodze ame siwo anye habɔbɔa ƒe akametiawo tiatia gɔme. Nɔviŋutsu Barber tia Nɔviŋutsu Joseph Rutherford kple nɔvi ade bubuwo. Eyome, senyala aɖe si wɔ ɖeka kple tsitretsiɖeŋulawo la tia nɔviŋutsu adre bubuwo, eye ame siwo wòtia la dometɔ aɖewo nye ame siwo wonya le Betel. Gake woɖu wo dzi. Ame akpa gãtɔ da asi ɖe Nɔviŋutsu Rutherford kple nɔviŋutsu wɔnuteƒe ade bubuawo dzi be woanye habɔbɔa ƒe akametiwo.

Nɔviŋutsu siwo de takpekpe sia la gblɔ be yewokpɔ dzidzɔ ŋutɔ, elabe yewokpɔ Yehowa ƒe asi le takpekpe sia me wu esiwo yewode va yi. Gake dzidzɔ si wokpɔ la menɔ anyi eteƒe didi o.

ALE SI AMEWO WƆ NU ÐE AGBALẼ SI NYE WOÐE NYA ƔAƔLA LA ÐE GO ŊU

Ɣleti geɖee nye ema Biblia Nusrɔ̃viawo nɔ Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go gbalẽa mam na amewo. Dzi nyuitɔ siwo xlẽ agbalẽa la kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia me nyateƒe siwo le eme la ŋu ŋutɔ.

Nɔviŋutsu E. F. Crist, si nye dzikpɔla mɔzɔla le Canada la ƒo nu tso atsu kple asi aɖe siwo xlẽ Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go gbalẽa eye woxɔ nyateƒea le kwasiɖa atɔ̃ ko me la ŋu! Egblɔ be: “Ŋutsua kple srɔ̃a siaa tsɔ wo ɖokuiwo na Yehowa bliboe eye wole ŋgɔyiyi nyui wɔm.”

Ŋutsu aɖe si xɔ agbalẽa hexlẽe la gblɔ emenyawo na exɔlɔ̃wo enumake. Agbalẽa me nyawo wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ. Egblɔ be: “Menɔ zɔzɔm to Third Avenue [eye] nane ge va ƒo nye abɔta sesĩe eye mesusu be kpee, gake sigbeɖe, ‘Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go’ gbalẽ lae. Metsɔe yi aƒe me eye mexlẽ agbalẽ bliboa. . . .  Emegbe meva se be mawunyagblɔla aɖee . . . tsɔ agbalẽa ƒu gbe to eƒe fesre nu le dziku me . . . Meka ɖe edzi be eƒe nuwɔwɔ sia ɖeɖe na ame geɖe va ke ɖe mɔkpɔkpɔ vavãtɔ ŋu wu nu bubu ɖe sia ɖe si wòwɔ kpɔ. . . . Mawunyagblɔla sia ƒe dzikue wɔe be míele Mawu kafum egbea.”

Menye mawunyagblɔla sia ɖeɖe koe agbalẽa me nyawo do dziku na o. Canadatɔwo ƒe dziɖuɖumegãwo ɖo asi agbalẽa dzi le February 12, 1918 dzi be emenyawo de aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu ƒe dzi ƒo eye wòƒo nu tsi tre ɖe aʋawɔwɔ ŋu. Ɣeyiɣi kpui aɖe le esia megbe la, Amerika dziɖuɖumegãwo hã wɔ nenema ke. Dziɖuɖua ƒe amedɔdɔwo yi ɖatsa le Betel-ƒea kple habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe siwo le New York, Pennsylvania, kple California la ƒitsoƒitso henɔ kpeɖodzi siwo woate ŋu atsɔ atso nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm nu la dim. Le March 14, 1918 dzi la, Amerika Dukɔa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ Kpɔƒea ɖo asi Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go gbalẽa dzi, hegblɔ be agbalẽ sia tata kple emama do kplamatsɛ yewoƒe aʋawɔɖoɖowo, eye esia nye Nugbeɖoɖo Ŋuti Se la dzi dada.

WOLÉ NƆVI AÐEWO DE GAXƆ ME!

Le May 7, 1918 dzi la, Amerika Dukɔa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ Kpɔƒea de se be woalé Giovanni DeCecca, George Fisher, Alexander Macmillan, Robert Martin, Frederick Robison, Joseph Rutherford, William Van Amburgh kple Clayton Woodworth. Wotsɔ nya ɖe wo ŋu be “woɖoe koŋ le aglãdzedze ɖe dziɖuɖua ŋu, sedzimawɔmawɔ kple nuteƒemawɔmawɔ dom ɖe ŋgɔ vɔ̃ɖitɔe, eye wole eƒãm ɖe amewo me be woagbe be yewomawɔ asrafodɔ na Amerika dukɔa o.” Le June 3, 1918 dzi la, wodze woƒe nyaa dɔdrɔ̃ gɔme, gake edze ƒãa be woabu fɔ wo. Nu ka tae?

Amerikatɔwo ƒe senyalagã gblɔ tso se si dzi wobe nɔviawo da, si nye Nugbeɖoɖo Ŋuti Sea ŋu be enye “aʋawɔnu nyui aɖe si ate ŋu atsi ameflunya siwo wogblɔ ɖe dziɖuɖua ŋu la nu.” Le May 16, 1918 dzi la, Sewɔtakpekpea me tɔwo gbe be yewomagbugbɔ ato Se la me ahatrɔ asi le eŋu o. Anye ne esia akpɔ ame siwo “kaka nyateƒenyawo le susu nyuiwo ta” la ta hafi. Le woƒe numedzodzroa me la, Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go gbalẽa ye nye nu si koŋ ŋu woƒo nu tsoe. Amerika Sewɔtakpekpea gblɔ tso eŋu be: “Alakpanya siwo vɔ̃ɖi wu la ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye agbalẽ sia si woyɔna be ‘Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go’ . . . Dɔ si ko agbalẽ sia awɔ ɖe asrafowo dzie nye be ana woase le wo ɖokuiwo me be yewoƒe dɔa mesɔ o eye wòana . . . amewo natsi tsitre ɖe ɖoɖo si le dukɔa me be amewo nawɔ asrafodɔ la ŋu.”

Le June 20, 1918 me la, ʋɔnudrɔ̃haa tso nya me be nɔviŋutsu enyiawo ɖi fɔ le nya siwo wotsɔ ɖe wo ŋu la katã me. Le ŋufɔke la, ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ tohehe si woana wo. Egblɔ be: “Mawusubɔsubɔ me alakpanya si kakam ame siawo le ŋkubiãtɔe la . .  ate ŋu agblẽ nu wu Germanytɔwo ƒe aʋalɔgo ɖeka gɔ̃ hã. . . . Ele be woahe to na wo vevie.” Le kwasiɖa eve megbe la, wokplɔ nɔviŋutsu enyi siawo yi dziɖuɖua ƒe gakpɔ si le Atlanta, le Georgia, la me be woanɔ gaxɔ me tso ƒe 10 va ɖo ƒe 20.

 GBEƑÃÐEÐEDƆA YI EDZI

Le ɣeyiɣi siawo me la, amewo tsi tsitre ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo ŋu vevie. Dukɔa Ƒe Hlɔ̃nyamekuƒe la ku nɔviawo ƒe dɔwɔnawo me tsitotsito, eye nu siwo woŋlɔ ɖe agbalẽ me tso nɔviawo ŋu la le axa akpe geɖe. Nuŋlɔɖi siawo ɖo kpe edzi be nɔviawo ɖoe kplikpaa be yewoayi gbeƒãɖeɖedɔa dzi.

Le lɛta aɖe si Orlando, Florida ƒe posudzikpɔlaa ŋlɔ ɖo ɖe Hlɔ̃nyamekuƒea me la, egblɔ be: “[Biblia Nusrɔ̃viwo] le tso aƒe me yi aƒe me dɔ aɖe wɔm le nuto bliboa me, eye wowɔa esia, vevietɔ, le zã me. . . . Woɖoe kplikpaa be yewoayi edzi aɖe gbeƒã, togbɔ be wotsi tsitre ɖe wo ŋu le goawo katã me hã.”

Asrafomegã aɖe si nɔ Aʋawɔnyawo Dzi Kpɔƒea la ŋlɔ agbalẽ tso Nɔviŋutsu Frederick W. Franz, si va zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ emegbe, la ŋu ɖo ɖe hlɔ̃nyamekuƒea. Eŋlɔ bena: “F. W. Franz . . . le ‘Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go’ gbalẽa ƒe babla akpeakpewo dzram veviedodotɔe.”

Nɔviŋutsu Charles Fekel, si hã va zu Dɔdzikpɔhaa me tɔ emegbe la do go yometiti sesẽwo. Dziɖuɖua na wolée ɖe Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go gbalẽa mama ta, eye wokea ŋku ɖe lɛta siwo wòŋlɔna na nɔviwo, ƒometɔwo kple ame nyanyɛwo kpakple esiwo wòxɔna tso wo gbɔ esime wònɔ gaxɔ me la me. Wodee gaxɔ me le Baltimore, le Maryland, ɣleti ɖeka, eye woyɔe be “futɔ Austriatɔ ame tutɔ.” Esi wòɖi ɖase dzinɔameƒotɔe na ame siwo nɔ gbe biamee la, eɖo ŋku Paulo ƒe nya siwo le 1 Korintotɔwo 9:16 dzi. Afi ma gblɔ be: “Ne nyemegblɔ nya nyui la o la, baba nam!” *

Tsɔ kpe ɖe gbeƒãɖeɖedɔ si Biblia Nusrɔ̃viawo wɔ dzonɔamemetɔe ŋu la, woŋlɔ lɛta aɖe tsɔ bia be woaɖe asi le nɔvi siwo wolé de gaxɔ me le Atlanta la ŋu eye wona amewo de asi ete. Nɔvinyɔnu Anna K. Gardner gblɔ be: “Míenɔ dɔ dzi ɣesiaɣi. Esime nɔviŋutsuawo nɔ gaxɔ me la, dɔ si va dze ŋgɔ mí ye nye be míadi ame siwo ade asi agbalẽa te. Míeyi tso aƒe me yi aƒe me. Ame akpewo de asi ete! Míegblɔ na ame siwo míeɖo dze kpli la be ŋutsu siawo nye Kristotɔ vavãwo eye wolé wo de ga madzemadzee.”

TAKPEKPEWO

Le ɣeyiɣi sesẽ mawo me la, wowɔ takpekpewo edziedzi tsɔ do ŋusẽ nɔviawo ƒe xɔse. Gbetakpɔxɔa gblɔ be: “Takpekpe vovovo siwo wowɔ . . . le ƒea me la wu blaene . . . Míexɔ nyatakaka nyuiwo tso takpekpe siawo katã me. Tsã la, wowɔa takpekpewo le dzomeŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo alo le kele ƒe gɔmedzedze; gake fifia, wowɔa takpekpewo ɣleti sia ɣleti le ƒea me.”

Dzi anukwaretɔwo nɔ to ɖom nya nyuia. Le takpekpe aɖe si wowɔ le Cleveland, le Ohio, me la, ame siwo ade 1,200 sɔŋ ye de eye ame 42 xɔ nyɔnyrɔ. Nyɔnyrɔxɔlawo dometɔ ɖeka nye ŋutsuvi aɖe si “ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ŋu kple ɖokuitsɔtsɔna ado ŋukpe ame tsitsi siwo melɔ̃ Mawu o.”

ALEKE NUWO VA YII?

Esi ƒe 1918 nɔ nu wum la, Biblia Nusrɔ̃viawo menya ale si nuwo ava yi o. Wodzra xɔ aɖewo le Brooklyn, eye woɖe alɔdzedɔwɔƒea yi Pittsburgh, le Pennsylvania. Esime nɔviŋutsu siwo nɔ ŋgɔ xɔm gakpɔtɔ nɔ gaxɔ me la, nɔviawo ɖoe be yewoawɔ Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe ƒe sia ƒe takpekpea le January 4, 1919 dzi. Aleke nuwo ava yii?

Mía nɔviwo yi woƒe dɔa dzi. Woka ɖe emetsonua dzi ale gbegbe be ƒea ƒe mawunyakpukpui si wotia na ƒe 1919 ye nye: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.” (Yes. 54:17, Eʋegbe Biblia) Wonɔ dzadzraɖoɖi na tɔtrɔ ɖedzesi si le vava ge, si ado ŋusẽ woƒe xɔse ahade dzo wo me ɖe dɔ gã si dze ŋgɔ wo la ŋu.

^ mm. 6 Kpɔ tanya si nye “Ƒe Alafa Ðekae Nye Esi Va Yi—Ƒe 1917,” si dze le Yehowa Ðasefowo Ƒe 2017 ƒe Ƒegbalẽa me, axa 172-176 (ele yevugbe me).

^ mm. 22 Kpɔ Charles Fekel ƒe agbemeŋutinya si ƒe tanyae nye, “Kutrikuku Le Dɔ Nyuiwo Wɔwɔ Me Na Mekpɔ Dzidzɔ,” si dze le March 1, 1969, ƒe Gbetakpɔxɔ me (ele yevugbe me).