TSO gbe aɖe gbe ke la, vɔsawo wɔa akpa vevi aɖe le subɔsubɔ vavãtɔ me. Tsã la, Israel-viwo tsɔa lãwo saa vɔe, eye Kristotɔwo hã tsɔa ‘kafukafuvɔsawo’ naa Mawu tso ɣeaɖeɣi ke. Ke hã, vɔsa bubu aɖewo gali siwo dzea Mawu ŋu ŋutɔ. (Heb. 13:15, 16) Vɔsa siawo hea dzidzɔ kple yayrawo vanɛ, abe ale si míakpɔe le kpɔɖeŋu siwo gbɔna me ene.

Mawu subɔla wɔnuteƒe Hana si nɔ anyi le blema la di vevie be yeadzi ŋutsuvi, ke hã etsi ko. Eya ta, edo gbe ɖa na Yehowa heɖe adzɔgbe nɛ be ne ena yedzi ŋutsuvi la, yeatsɔe “ana Yehowa le eƒe agbemeŋkekewo katã me.” (1 Sam. 1:10, 11) Emegbe Hana fɔ fu dzi ŋutsuvi hetsɔ ŋkɔ nɛ be Samuel. Esi Hana tso no na Samuel la, ekplɔe yi avɔgbadɔa me, abe ale si wòɖe adzɔgbe be yeawɔe ene. Yehowa yra Hana ɖe eƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔa ta. Ena wòdzi vi atɔ̃ bubu, eye Samuel hã va zu nyagblɔɖila kple Biblia ŋlɔlawo dometɔ ɖeka.—1 Sam. 2:21.

Abe ale si wònɔ le Hana kple Samuel gome ene la, mɔnukpɔkpɔ li na Kristotɔ siwo li egbea hã be woatsɔ wo ɖokuiwo ana wo Wɔla la ahasubɔe bliboe. Yesu do ŋugbe be woaɖo nu sia nu si míetsɔ sa vɔe ɖe Yehowa subɔsubɔ ta la teƒe wòagba go.—Marko 10:28-30.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, wonya nɔvinyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Dorkas la nyuie ɖe eƒe “dɔ nyui geɖewo” kple ale si “wònaa nu amewo dɔmenyotɔe” ta—eƒe vɔsa siawo ɖe vi na ame bubuwo. Gake nublanuitɔe la, eva ‘dze dɔ, eye wòku,’ si wɔe be hamea me tɔwo xa nu ŋutɔ. Esi nusrɔ̃lawo se be Petro nɔ nutoa me la, woɖe kuku nɛ be wòava yewo gbɔ kaba. Bu dzidzɔ si gbegbe wokpɔ esi Petro va fɔ Dorkas ɖe tsitre la ŋu kpɔ ko—le Biblia me la, emae nye zi gbãtɔ si apostolo aɖe fɔ ame ɖe tsitre! (Dɔw. 9:36-41) Ɛ̃, Mawu meŋlɔ Dorkas ƒe vɔsawo be o. (Heb. 6:10) Woŋlɔ nu tso ale si wònyo dɔme na amewoe la ŋu ɖe Mawu ƒe Nyaa me be wòanye kpɔɖeŋu nyui na mí míasrɔ̃.

Apostolo Paulo hã nye ame siwo tsɔ wo ɖokuiwo kple woƒe ɣeyiɣi na faa la ƒe kpɔɖeŋu nyui bubu. Egblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe nɔvi siwo nɔ Korinto la me be: “Ke nye la, adzɔ dzi nam be mazã nye nuwo katã, eye woazãm bliboe, ɖe mia ta.” (2 Kor. 12:15) Nu siwo me Paulo to na wòkpɔe be ne ame aɖe tsɔ eɖokui na hekpe ɖe ame bubuwo ŋu la, amea ŋutɔ akpɔ dzidzeme, eye vevietɔ wu la, eƒe nu adze Yehowa ŋu eye ayrae hã.—Dɔw. 20:24, 35.

Edze ƒãa be dzi dzɔa Yehowa ne míezã míaƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ tsɔ do Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ eye míekpe ɖe mía nɔvi haxɔsetɔwo ŋu. Gake ɖe mɔ bubuwo gali siwo dzi míato ado alɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa? Ɛ̃! Tsɔ kpe ɖe dɔ siwo lɔlɔ̃ ʋãa mí míewɔna ŋu la, míedea bubu Mawu ŋu to lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo hã me. Wotsɔa nudzɔdzɔ siawo doa alɔ xexea me godoo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa, eye esia lɔ asikpekpe ɖe dutanyanyuigblɔlawo kple nɔvi bubu siwo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la ŋu ɖe eme. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, lɔlɔ̃nu faa nudzɔdzɔwo kee wotsɔ kpɔa dɔwo abe míaƒe agbalẽwo gɔme ɖeɖe kple wo tata, videowo wɔwɔ, kpekpeɖeŋunana ame siwo dzi afɔku dzɔ ɖo kple Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu ene gbɔ. Míate ŋu aka ɖe edzi be “woayra ame si nyoa dɔme.” Gawu la, ne míetsɔ míaƒe nunɔamesi veviwo na Yehowa la, ke efia be míele bubu dem eya amea ŋu.—Lod. 3:9; 22:9.